Menye Nu Gbegblẽ Dzro Koe O!
LE FIÐAGBE, March 24, 1989 la, amitsɔtɔdziʋu si nye Exxon Valdez si kpo le Alaska ƒe Prince William Sound. Le ema ta la, mɔ̃memi lita miliɔn 42 kɔ ɖe tsia me. Afɔku la do ŋɔdzi na nutoa me tɔƒodelawo ƒe agbe eye wòƒo ɖi ƒuta kilometa geɖe hetsrɔ̃ xevi kple tɔmelã akpe geɖe.
Exxon Valdez ƒe nudzɔdzɔ la yi edzi le amesiwo tsia dzi ɖe nutowo me ŋu la ƒe seselelãmewo nyɔm. Gake “amikɔkɔ ɖe ƒu me” ƒomevi aɖe si menya kpɔna dzea sii o dzɔna gbesiagbe. Eye ɖewohĩ esia le dzɔdzɔm le wò ŋutɔ wò nutoa me!
Le Consumer Reports ƒe nya nu la, amesiwo ɖɔa li woƒe ʋu ƒe mɔ̃memi tsɔa ami gbegblẽ lita miliɔn 750 vaseɖe biliɔn 1.5 ƒua gbe ƒe sia ƒe. Woka nya ta be “ami ma ƒe akpa 10 vaseɖe 14 le alafa me koe wotsɔna ƒua gbe le mɔ nyui nu.” Wogbugbɔ trɔa asi le ami gbegblẽ agbɔsɔsɔme sia ŋu, elabena wote ŋu wɔa viɖenu bubuwo tsoa eme. Ðewohĩ ɖeko ʋutɔwo tsɔnɛ ƒua gbe abe nu gbegblẽ dzro ko ene.
Ƒe sia ƒe la, ami gbegblẽ lita tukpa miliɔn geɖe sina yia tome, tɔsisiwo alo tɔʋuwo me. Abia be ami naɖuɖu le Exxon Valdez 25 ya teti me hafi woakpɔ ami agbɔsɔsɔ ma! Gake ami ƒoɖi, kple ʋu ƒe mɔ̃memi gbegblẽ bubuwo abe ami si lóloa tsi ƒe babla, ʋutɔnu ƒe ami, kple ʋu ƒe nu si nana wòƒua du ƒe ami ene menye gbeɖuɖɔ dzro ko o. Eya gblẽ kura.
Consumer Reports de dzesii be ne ami la kɔ ɖe “tsinono me la, nusiwo ado tso eme la asesẽ ŋutɔ: ami ƒoɖi tukpa ɖeka ate ŋu ana tsi nyui tukpa miliɔn ɖeka nazu tsi si womagate ŋu ano o, eye ami lobovi ɖeka ate ŋu ana ami nakaka ɖe tsi dzi si ade agbleka ɖeka.”