Míaƒe Anyigba si Gblẽm Wole Afɔkuawo Le Dzɔdzɔm le Teƒe Geɖe
LE ƑE si va ƒe June me la, wowɔ Anyigbadzinutowo Ŋuti Takpekpe le Rio de Janeiro, Brazil. Abe nusi do go ɖe enu ene la, le ɣleti ma ke me la, wota nuŋɔŋlɔmetola ƒe kpeɖeŋutɔ si ŋkɔe nye Raj Chengappa ƒe nyawo ɖe India Today me. Eƒe tanyae nye: “Anyigba si Wogblẽ.” Eƒe memamã gbãtɔwo ƒo nu tso nɔnɔme aɖe ŋu eme kɔ nyuie:
“Le ƒe 1971 me esime Edgar Mitchell nɔ yamenutomeyiʋu si nye Apollo 14 me yi dzinua dzi la, anyigba si wòkpɔ zi gbãtɔ tso yamenutome na wòkpɔ dzidzɔ ŋutɔ. ‘Ele abe kpe xɔasi ɣi kple blɔ si le dzo dam ene . . . Wotsɔ nudzitsyɔnu ɣi ɖo atsyɔ̃ nɛ . . . Abe dzonu sue aɖe si le ƒu si le yibɔ me ene.’ Eƒo nu le radio dzi ɖo ɖe Houston kple dzidzɔ.
“Le ƒe 21 megbe, ne woagaɖo Mitchell ɖe yamenutome, fifia ya kple gaŋkui tɔxɛwo si ana wòakpɔ ya siwo womekpɔna o siwo ƒo xlã anyigba la, akpɔ nusi to vovo sãa la boŋ. Akpɔ do gã siwo ŋɔ ɖe ya si xea mɔ ɖe ɣe ƒe keklẽ wuame nu ŋu siwo le Antarktika kple Anyiehe Amerika tame la. Le kpe xɔasi si le ɣie kple blɔ hele dzo dam teƒe la, akpɔ anyigba ƒoɖi si dzi yɔ fũ kple aɖiya kple dzokpe ƒe alilikpo yibɔ siwo le totrom le eŋu.
“Ne Mitchell tsɔ eƒe fotoɖemɔ̃ eye wòɖe foto anyigbadzivewo hetsɔ wo sɔ kple esiwo wòɖe le ƒe 1971 me la, agbɔsɔsɔ si wotsrɔ̃ awɔ nuku nɛ ŋutɔ. Eye ne eʋu eƒe didiƒekpɔmɔ̃ be wòana wòakpɔ ɖi siwo le anyigba dzi tsiwo me la, akpɔ aɖinu siwo kaka ɖe anyigbagãwo dzi kple aŋɔ yibɔ gbogbo siwo le ƒu akpa gãtɔ gɔme la. Anye ne eƒo nu to radio dzi ɖo ɖa be, ‘Houston, nuka gbegbee nye si míewɔ?’
“Le nyateƒe me la, mehiã be míadzo yi yame kilometa 36,000 [agbadroƒe 22,000] be míanya nusi míewɔ la o. Egbea la, míate ŋu ano ɖiƒoƒo, agbɔe, aʋẽe ahakpɔe. Le ƒe 100 siwo va yi me, vevietɔ le 30 siwo va yi me la, amegbetɔwo he anyigba la de afɔku me. To ya siwo léa dzɔxɔxɔ ɖi gbogbowo tútu ɖe yame me la, míele yamenutome ƒe tɔtrɔ siwo gblẽa nu le ame ŋu la hem vɛ. Ya siwo míaƒe fridziwo kple yafafɛƒomɔ̃wo zãna ye le nu gblẽm le ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ wuamewo ŋu fifia, eye wòana míalé ŋutigbalẽdɔdzẽ eye wòle ʋumenuwo ƒe wɔwɔme siwo le lãwo me la trɔm. Le ɣeyiɣi ma ke ma la, míegblẽ anyigba geɖewo, míetsrɔ̃ avewo ŋɔdzitɔe, míekɔ aɖi tɔn geɖe ɖe tɔsisiwo me yakayaka eye míekɔ aɖitikewo ɖe míaƒe ƒuwo me.
“Azɔ nusi le ŋɔdzi dom na amegbetɔƒomea wu nu bubu ɖesiaɖee nye anyigbadzinutowo gbegblẽ. Eye ehiã be woawɔ tɔtrɔwo le nuwɔnawo kple nɔnɔmewo ŋu le xexeame katã be woatsɔ akpɔ afɔku la gbɔe.”
Esi Raj Chengappa yɔ nutowo me kuxi geɖe siwo gbɔ wòle be dukɔwo nakpɔ vɔ la, etsɔ nya siawo ƒo eƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me nyawo tae be: “Ele be woatso ɖe nusiawo katã wɔwɔ ŋu bla. Elabena menye mía viwo ƒe etsɔ mee ŋɔdzia le o. Fifiae. Eye mía gbɔe wòle.”
Eyata nutowo me ŋuti nunyalawo ƒoa takpli. Wowɔa takpekpewo, woɖoa aɖaŋuwo, gake womelɔ̃na ɖe nu ɖeka dzi o. Woʋlia nya. Wo dometɔ aɖewo gblɔna be, ‘Meɖo afɔku me ŋutɔŋutɔ o.’ Ame bubuwo doa ɣli be ‘Egblẽ vɔ!’ Nyaʋiʋlia dzi ɖe edzi, aɖaŋuɖoɖoawo sɔ gbɔ ɖe edzi, nutowo me ŋuti nunyalawo le hehem ɖe megbe esime nu le gbegblẽ le anyigba la ŋu wu. Womele naneke wɔm tso eŋu o. Ehiã be woagaku nu me ayi ŋgɔe. Woŋlɔa mɔfiafia siwo ŋudɔ womewɔna o ɖi. Nublanuitɔe la, ɖeko esiawo dometɔ akpa gãtɔ nye heheɖemegbe ƒe nuwɔnawo be woatsɔ ana ɖiƒoƒo la nayi edzi eye viɖe siwo woakpɔ la nadzi ɖe edzi. Womele naneke wɔm tso anyigba la ŋu o, fu siwo wole ewɔm la le dzidzim ɖe edzi, xaxa si me wòɖo la le ta kekem, eye woyi edzi le anyigba la gblẽm.
Anyigba la kple agbe si le edzi la wɔ nuku ŋutɔ, eye wonye nusiwo do ƒome kple wo nɔewo nukutɔe. Woyɔ nugbagbe miliɔn geɖe siwo do ƒome kple wo nɔewo la be ka siwo léa agbe ɖe te. Ne èlã ka ɖeka la, ka bliboa adze tutu gɔme. Ne èmu nusiwo le wo nɔewo dzi la dometɔ ɖeka la, bubu geɖewo hã amu kpe ɖe eŋu. Avewo ƒoƒo na teƒewo zu dzogbe.
To nusi woyɔna be photosynthesis me la, avewo gbɔa ya ʋeʋẽ si woyɔna be carbon dioxide tso yame eye wonaa ya nyui ɖe eteƒe. Enoa tsidzadza gbogbo geɖe gake ezãa ʋee aɖe ko tsɔna wɔa nuɖuɖui. Eƒe akpa gãtɔ gbugbɔna yia yame zua afu. Egaɖona le afima le alilikpowo me henaa tsidzadza geɖe siwo avewo kple ati kple lã miliɔn geɖe siwo wònyina le eƒe aŋgba damawo te hiã la.
Emegbe woƒoa ave la. Ya si nye carbon dioxide la yia edzi nɔa avewo tame abe kuntru ene be wòaxɔ ɣea ƒe dzoxɔxɔ la. Ya nyui vi aɖe kpena ɖe ya si le yame la ŋu be lãwo nagbɔ. Tsidzadza vi aɖe gazua afu le yame be wòagadza. Gake le ema teƒe la, tsi ɖesiaɖe si dza la tsrana le anyigba hesina yia tɔsisiwo me, eye wòkplɔa ke si le anyigba la ŋkume hena atiwo ƒe tsitsi la kɔna ɖe wo me. Tɔsisiwo kple tawo zua ba eye tɔmelãwo kuna. Ba sina ɖe atsiaƒuwo me eye wòxea anyigba xɔdzo dzi adzakpowo dzi, eye adzawo kuna. Numiemie kple lã miliɔn geɖe siwo tsina le ave damawo me la buna, tsidzadza siwo dea tsi anyigba tsã la dzi ɖena kpɔtɔ eye avewo dzea dzogbe zuzu gɔme vivivi. Ðo ŋku edzi be Afrika ƒe Dzogbe gã la nye afisi ave damawo nɔ tsã, gake fifia anyigba ƒe dzogbe gãtɔ kekeake sia le kekem ɖe nu le Europa-nutowo me ɖom.
Le Anyigba Ŋuti Takpekpea me la, United States kple kesinɔdukɔ bubuwo zã dzizizi be yewoatsɔ aƒoe ɖe Brazil kple dukɔ bubu siwo le ŋgɔ yim nu be woadzudzɔ woƒe avewo ƒoƒo. New York Times nyadzɔdzɔgbalẽ gblɔ be: “United States ʋli nya vevie be wole avewo, vevietɔ anyigba xɔdzo dzi vewo tsrɔ̃m ŋɔdzitɔe le dukɔ madeŋgɔwo me eye be anyigba bliboa katã ŋue wòagblẽ nu le. United States ʋli nya be avewo nye xexeame katã ƒe nunɔamesi si trɔa asi le yame ƒe nɔnɔmewo ŋu to ya si nye carbon dioxide si léa dzoxɔxɔ ɖi la xɔxɔ me eye wonye xexeame ƒe nugbagbewo ƒe akpa gãtɔ nɔƒe.”
Dukɔ siwo le ŋgɔ yim la mehe ɖe megbe le United States nu tsotso be ele alakpanu wɔm la ŋu o. Le The New York Times ƒe nya nu la, ‘nusi wobu be enye dukɔ siwo tsrɔ̃ woa ŋutɔwo ƒe avewo ɖe viɖe ta tso gbaɖegbe ke gake fifia wodi be yewoatsɔ xexeame katã ƒe avewo ta kpɔkpɔ ƒe agba gã la aɖo dukɔ siwo le agbagba dzem be yewoƒe ganyawo nanyo la dzi ƒe agbagbadzedze be yewoaɖe yewoƒe dziɖuɖu dzi akpɔtɔ la kua dzi na wo.’ Malaysia-dziɖuɖuɖaŋunyala gblɔe kã be: “Le nyateƒe me la, míele míaƒe avewo ta kpɔm dedie tso amesiwo tsrɔ̃ woa ŋutɔwo ƒe avewo la si me o, eye wole agbagba dzem fifia be yewoaxɔ mía tɔ abe esi ameƒomea tsɔ nyi domee ƒe akpa aɖe ene.” Ave siwo tsi ŋutɔ ƒe akpa ewolia koe susɔ na United States le Pasifik ƒe Anyieheɣetoɖoƒe gome, eye wokpɔtɔ le wo ƒom, gake edi be Brazil si si Amazon-vetsu 90 le alafa me le la nadzudzɔ eƒe avewo ƒoƒo.
Amesiwo gblɔna na ame bubuwo be, ‘Mègatsrɔ̃ wò avewo o,’ evɔ wole woa ŋutɔwo ƒe ave tsrɔ̃m la ɖi amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le Romatɔwo 2:21-23 me be: “Ekem wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mèfia nu ɖokuiwò oa? Wò amesi ɖe gbeƒã bena, womegafi fi o la, wòe fi fia? Wò amesi gblɔ bena, womegawɔ ahasi o la, wòe wɔ ahasia? Wò amesi nyɔ ŋu trɔ̃wo la, wòe ha trɔ̃subɔƒenuwo maha?” Wò amesi ƒo adegbe le se la ŋuti la, wòe doa vlo Mawu to sea dzi dada mea?” Alo ne woagblɔe atsɔ aku ɖe nutowo me ŋu la, ‘wò amesi le gbeƒã ɖem be, “Kpɔ wò avewo ta” la, ɖe nèƒoa tɔwòa?’
Nusi do ƒome kplikplikpli kple avewo tsɔtsrɔ̃ enye xexeame godoo ƒe dzoxɔxɔ ŋuti dzimaɖitsitsiwo. Atiketsiwo kple dzoxɔxɔ ƒe ŋusẽwo nu sẽ ale gbegbe, gake ya aɖe si le yame si woyɔna be carbon dioxide ŋu koŋ ye wole nu xam ɖo. Eya koŋ ye na anyigba la le dzo xɔm. Numekula siwo le Byrd ƒe Anyigbaseƒe Numekuƒe la ka nya ta le ƒe si va yi me be “to dzi tsikpe siwo katã ƒe kɔkɔme se ɖe domedome kple esiwo bɔbɔ ɖe anyi le lólom eye wole kakam—wo dometɔ aɖewo le lólom kabakaba—eye be tsikpe ƒe agbɔsɔsɔ si le tsibabla siawo me la ɖee fia be ƒe 50 siwo va yi la nye esiwo me dzoxɔxɔ nɔ ŋutɔ wu ƒe 50 ƒe ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Ya si woyɔna be carbon dioxide vi aɖe ƒe anyinɔnɔ ate ŋu ana yame nafa; eƒe agbɔsɔsɔ akpa ate ŋu ana anyigbaseƒe ƒe tsikpewo nalólo eye woazu tsi aɖe du siwo le ƒugowo ŋu la.
India Today gblɔ le ya si nye carbon dioxide ma ŋu be:
“Anye ya siwo le yamenutowo me ƒe memamã sue aɖe ko: esi nye eƒe agbɔsɔsɔ bliboa ƒe akpa 0.03 le alafa me. Gake ya si nye carbon dioxide sia manɔmee la, míaƒe anyigba la dzi afa miamiamia abe ɣletia dzi ene. To asiɖoɖo dzoxɔxɔ si tsoa anyigba ŋkume dzi me la, etrɔa asi le xexeame katã ƒe dzoxɔxɔ ŋu wòzua esi ƒe dzoxɔxɔ nyea 15 ° C si léa agbe ɖe te. Gake ne esɔ gbɔ ɖe edzi la, anyigba la azu tsi gbana xɔdzo aɖe.
“Ne xexeame katã ƒe yame ƒe nɔnɔmewo dzi kpɔdɔwɔƒewo le nyatakaka siwo ŋu woaɖo ŋu ɖo nam la, ekema dzimatsitsi si li be woawɔ nane tso eŋu hã le dzidzim ɖe edzi. Dzomeŋɔli xɔdzotɔ kekeake adre dometɔ ade va le ƒe 1980 ƒe ƒeawo me tso esime wodze yame ƒe nɔnɔmewo ŋɔŋlɔ ɖi gɔme abe ƒe 150 ene enye sia. Xexlẽmea dzi ɖe edzi wu ɖesiaɖe: ya si woyɔna be carbon dioxide dzi ɖe edzi 26 le alafa me le yamenuto me wu alesi wònɔ do ŋgɔ na mɔ̃ɖaŋudɔwɔwɔ ƒe vava.
Wobui be etso ya si nye carbon dioxide sia tɔn biliɔn 1.8 si wokakana ɖe yamenutome ƒe sia ƒe to dzotɔtɔ nuwo la gbɔ. Woŋe aɖaba ƒu nubabla si wonɔ mɔ kpɔm na be woatsɔ akpɔ ŋusẽ geɖe ɖe ya si nye carbon dioxide sia ƒe kaka ɖe yame dzi la dzi le Anyigba Ŋuti Takpekpe si wowɔ nyitsɔ laa la me ale gbegbe be woka nya ta be “edzi” yamenutomeŋutinunyala siwo va takpekpeawo ƒe “dzodzodzoetsitsi ɖe edzi.” Wo dometɔ ɖeka do dziku ale gbegbe be wògblɔ be: “Míate ŋu ayi edzi anɔ nu wɔm abe ɖe naneke medzɔ o ene o. Enye nyateƒe si ŋu womake ɖi le o be ya xɔdzo ƒe agbɔsɔsɔ si li la meda sɔ o. Ele be woawɔ nane tso eŋu, ne menye nenema o la, eteƒe madidi hafi nutowo me sitsoƒedila miliɔn geɖe akɔ ɖe mía dzi o.” Amesiwo asi tso wo denyigba siwo tsi ɖe lae wòwɔnɛ.
Nya vevi bubu si hiã na nuwɔwɔ kpata la ku ɖe nusiwo woyɔna be do siwo ŋɔ ɖe ozone layer si kpɔa anyigba la ta tso ɣe ƒe keklẽ wuame siwo hea dɔdzẽ vɛ ŋu la ŋuti. Eƒe gãtɔ kekeake enye esi woyɔna be CFC (chlorofluorocarbons). Wozãnɛ le fridzi kple mɔ̃ si ƒoa ya fafɛ ɖe xɔ me la wɔwɔ me, kpakple le tsidzalẽ siwo wozãna tsɔ klɔa nuwoe wɔwɔ me kple abe yagbɔnuwo ene le aŋe siwo woyɔna be foam la wɔwɔ me. Le dukɔ geɖe me la, nusiwo nye aɖiyawo kpɔtɔ kakaa wo ɖe yame. Ne woɖo yame ʋĩ la, ɣe ƒe keklẽ siwo nu sẽ la kakaa wo ɖe anyi, eye ya si woyɔna be chlorine si naneke metsakae o dona tsoa eme eye ɖesiaɖe ƒe atom si le eme la ate ŋu atsrɔ̃ ya si xea mɔ na keklẽ wuame ƒe nu vevi 100,000 ya teti. Do ŋɔ ɖe ya si xea mɔ na keklẽ wuame ƒe akpa aɖewo ŋu, eye ya sia ƒe akpa aɖewo dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ le Antarktika kple Xexeame ƒe Anyiehenutowo me, esia fia be ɣe ƒe keklẽ geɖe siwo nu sẽ le anyigba dzi ɖom.
Keklẽ siawo wua numiemie suesue siwo le abe adru ene le tsi me kple lãvi suesue siwo le ƒua gɔme siwo nyea nuɖuɖu na ƒumelã bubuwo la. Wohea tɔtrɔwo vɛ le “DNA” ƒe nu vevi siwo me agbe ƒe domenyinɔnɔme ŋu sewo le la me. Wogblẽa nu le nukuwo ŋu. Keklẽawo nana wotsia ŋku eye wòna dɔdzẽ wɔa ŋuti na ame. Esi NASA ƒe numekulawo kpɔ ya si woyɔna be chlorine monoxide geɖe le United States, Kanada, Europa, kple Russia ƒe anyiehenutowo tame la, wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ele be esia natso dzika ƒo na amesiame. Egblẽ kurakura wu alesi míesusui.” Lester Brown, si nye Dɔwɔha si Léa Ŋku Ðe Xexeame Ŋu ƒe ŋgɔnɔla gblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu akɔnta be ya si xea mɔ na keklẽ wuame si le vɔvɔm kabakaba le xexeame ƒe anyiehenutowo me awu ame 200 000 bubuwo le United States ɖeɖe dzaa tso ŋutigbalẽdɔdzẽ me le ƒe 50 siwo gbɔna la me. Ame miliɔn geɖe ƒe agbe ɖo afɔku me le xexeame katã.”
Le lã kple numiemie vovovowo ŋuti nunya gome la, numiemie kple lã geɖe siwo le wo nɔƒewo dzi kpɔkpɔ alesi woate ŋui nye kuxi si le mo dom ɖa le ŋkeke siawo me si ŋu wole dzi tsim ɖo. Wota nya aɖewo siwo woyɔ tso nugbagbewo ŋuti nunyala Edward O. Wilson ƒe agbalẽ si wòta nyitsɔ laa si nye The Diversity of Life me ɖe Discover magazine me, esi me wòyɔ xevi, tɔmelã, kple nudzodzoevi ƒe ha vovovo akpe geɖe siwo wotsrɔ̃ kpakple lã ƒomevi vovovo siwo wobuna zi geɖe be womele vevie o ƒe ŋkɔwo ɖe eme be: “Numiemiewo ƒe ha vovovo geɖe siwo tsrɔ̃ woe nye hlo ƒomevi siwo ƒe ke de nu ati bubuwo ƒe kewo me, esiwo nana atiwo ƒe ke te ŋu kpɔa nunyiame. Tso gbaɖegbe ke la, nugbagbeviwo kple wo nɔƒewo ŋuti nunyalawo bia wo ɖokui be nukae adzɔ ɖe anyigba dzi lã kple numiemiewo dzi ne wotsrɔ̃ hlo siawo ƒomevi ɖa hã, eye míele ekpɔ ge kpuie.”
Le agbalẽ ma me la, Wilson bia nya hã heɖo eŋu le alesi wòhiã be woakpɔ atiwo tae la ŋuti be:
“Nukae wòagblẽ ne wotsrɔ̃ lã aɖewo, ne lã siwo katã le Anyigba dzi ƒe afã megali o? Magblɔ mɔnu vovovoawo. Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nyatakakatsoƒe yeyewo abu. Nugbagbevi gbogbo siwo anɔ anyi la atsrɔ̃. Vaseɖe fifia la womake ɖe atikewo, nukuwo, xɔtutiwo, kawo, kutsetsewo, numiemie siwo dzraa anyigba ɖo, nusiwo wotsɔna ɖoa mɔ̃memiwo teƒe, kple nuhiahiã bubuwo ŋu o. Enye nusi wowɔna le teƒe aɖewo be wobua nu suewo kple nu nyaŋuiwo, tredzɔwo kple gbe wuwluiwo be womele vevie o, eye woŋlɔ be be agbagblaʋui nyaŋui siwo tso Latin Amerika kpɔ Australia ƒe lãwo ƒe gbeɖuƒe ta be srẽwo metsi vu tsyɔe o, eye be gbe dama si woyɔna be periwinkle daa Hodgkin ƒe dɔléle kple ʋumenugbagbevi dzĩ ƒe agbɔsɔsɔ ɖe lãme na ame le ɖevime ƒe dɔ, be Pasifik-ti ƒomevi aɖe ƒe tsro nyea dɔdada na nyɔnu siwo ƒe vidzigolo kple no ŋu dɔdzẽ wɔ ɖo la, be aguwo ƒe tá me tsi aɖe lóloa ʋu siwo sa kɔ le amekoko me, eye nusiwo míayi edzi anɔ yɔyɔm la sɔ gbɔ fũ xoxo togbɔ be numekuku vi aɖe koe míewɔ le eŋu gake.
“Le susu ƒe nuŋɔŋlɔbe gome la, ele bɔbɔe hã be woaŋe aɖaba aƒu dɔ siwo lãwo kple numiemiewo wɔna na amegbetɔƒomea la dzi. Wodea ɖu anyigba la me hewɔa ya si míegbɔna. Nuhiahiã siawo manɔmee la, amegbetɔƒomea ƒe anyigba dzi nɔnɔ susɔea anɔ kpuie eye wòasesẽ.”
Togbɔ be nyagbɔgblɔ si nye “nya la ƒe akpa sue aɖe koe nye ma” la zu nya si ti to hã la, esɔ nyuie ɖe nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la nu. Ɣekaɣie anyigba la gbegblẽ awu enu? Eye amekae atsi enu? Nyati si gbɔna la aɖo wo ŋu.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]
Afrika-dzogbe gã la nye afisi ave damawo nɔ tsã
[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]
‘Wò amesi ɖea gbeƒã be, “Kpɔ wò avewo ta” la, wòe ƒoa wò avewoa?’
[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]
Ya si nye carbon dioxide vi aɖe ko ƒe anyinɔnɔ ana yame nafa miamiamia
Eƒe agbɔsɔsɔ fũ akpa alólo tsikpewo
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
“Nukae wòagblẽ ne wotsrɔ̃ lã aɖewo?”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]
Nugbagbeviwo manɔmee la, amegbetɔƒomea ƒe anyigba dzi nɔnɔ anɔ kpuie eye wòasesẽ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Amazon-vetsu la ƒe atsyɔ̃ nyuitɔ kekeake
Alesi avetsuwo zu esi amegbetɔ gblẽ wo vɔ megbe
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Abril Imagens/João Ramid
F4/R. Azoury/Sipa
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Alesi wotsrɔ̃a aɖinuwoe le ɖi ƒom ya, tsi kple anyigba la
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Feig/Sipa