Ne Mete Ŋu Ðe Nye Lolo Dzi Kpɔtɔ la, Ke Amesiame Ate Ŋui!
ÐE NÈLÉ FU nudanu si le wò tsileƒea? Melé fui kpɔ. Meɖo ŋku edzi be le ƒe si va yi me la, melé fui esi mekpɔ be nye kpekpeme gadzi ɖe edzi va ɖo kilogram 110 kloe le nudanua dzi. Megblɔ na ɖokuinye be ‘Mekpe wu xexeame katã ƒe kɔdala gãtɔ kple Amerika-bɔlƒola geɖe siwo tsɔ bɔlƒoƒo wɔ woƒe dɔwɔɖui. Esia vlo wu fewuɖuɖu. Ezu afɔku vɔ!’
Ðewohĩ ènya ame aɖe abe nye ene—ŋutsu ɔfisdɔwɔla aɖe si gogo ƒe 50 xɔxɔ si wɔ ŋusẽdɔ le eƒe sɔhɛme, gake fifia la ezãa ɣeyiɣi siwo mele nyadzɔdzɔgbalẽ xlẽm o la tsɔ nɔa eƒe lãmekawo dem ɣeaɖewoɣi. Nye ʋu sɔ gbɔ wu alesi dze, nye lãmetsi si nye serum cholesterol yi dzi “vie,” mekpe kilogram 20 wu alesi wòle be wòanɔ gake megaxɔe se kokoko be menye kuxi nenema gbegbe o.
Gake kuxi gã aɖee wònye. Dzidɔ wua amesiwo le abe nye ene la gbesiagbe—ame geɖewo léa dzidɔ. Mate ŋu agblɔ afɔku siwo le kilogram ɖeka ɖesiaɖe si woatsɔ akpe wu alesi dzee me ƒe akɔntabubu, gake menye xexlẽmea yɔyɔe nye nyaa o. Be magblɔe kã la, ahosiwo kple tsyɔ̃eviwoe nye kuxia. Kuxiae nye ɖeviwo abe vinyenyɔnuvi eve siwo atsi evɔ wo fofo meli o ene.
Mi vifofowo, mibu eŋu.
Esi meɖoe be maɖe nye lolo dzi akpɔtɔ la, meɖo ŋku nyatakaka nyui siwo le May 22, 1989 ƒe Awake! ƒe nyati siwo nye “Ðe Lolo Dzi Ðeɖe Akpɔtɔ Nye Aʋa si Madze Edzi Oa?” la dzi—vevietɔ “Mɔ Ene Siwo dzi Woato Aɖu” lolo fũ ƒe aʋa la “Dzi.” Mɔ ene siwo ƒe aɖaŋu woɖoe nye: (1) nuɖuɖu nyuitɔ, (2) le ɣeyiɣi si sɔ dzi, (3) le agbɔsɔsɔ si sɔ me, kple (4) kamedede si sɔ.
Aɖaŋuɖoɖo siawo wɔ dɔ! Nye lolo dzi ɖe kpɔtɔ kilogram 30 esi mewɔ ɖe wo dzi eye wò hã àte ŋu aɖe wò lolo dzi akpɔtɔ. Le esia wɔwɔ me la, mesrɔ̃ nu ʋee aɖewo siwo aɖe vi na wò hã.
Lolo Dzi Ðeɖe Akpɔtɔ Dzea Egɔme tso Tamebubu Dzi
Mía dometɔ akpa gãtɔ siwo lolo gbɔ eme la míezu ame lolowo ʋeʋeʋe, kilogram ʋee aɖewo ƒe sia ƒe tso míaƒe ƒe 30 kple edzivɔ xɔxɔ me. Ɣeaɖewoɣi la, míeɖea míaƒe nuɖuɖu dzi kpɔtɔna vie eye míaƒe lolo ɖiɖina kilogram aɖewo eye emegbe mígalolona wua alesi míenɔ tsã. Esi esia dzɔ ɖe dzinye la, ena metsi dzodzodzoe—mese le ɖokuinye me be naneke mate ŋu adze edzi o, ke nukatae màtee kpɔ ɖo?
Menye mɔ si dzi nàto atsi dzodzodzoetsitsi nue nye be nàtso wò nuɖuɖu dzi, to ŋkuléle ɖe wò alime ƒe lolo ŋu me o, ke boŋ to alesi nèbua tamee me; nàtrɔ wò susu le alesi nèbua nuɖuɖui ŋu. Esia ahiã anukwareɖiɖi na ame ɖokui blibo, gake ne mèwɔe o la, vodada anɔ wò nuɖuɖudzitsotsoa ŋu eye agblẽ tso gɔmedzedzea me ke.
Le gonyeme la, ŋku léle ɖe nye nuɖuɖu kple nunono ɖesiaɖe ŋu le kwasiɖa ɖeka me na mede dzesi nu geɖe. Vavãe, nu vi aɖe koe meɖuna le nuɖuɣiwo, gake numeɖenuwo ɖuɖu madzudzɔmadzudzɔe le fiẽ me la gblẽ nu nyui siwo nye ɖokuidziɖuɖu te ŋu wɔ le ŋkekea me la me. Esi metsɔ nunyiameŋusẽ (calory) si le notsibabla, azitutu, kple numeɖenu siwo meɖu le fiẽnuɖuɖu vɔ megbe me ƒo ƒu la, ewɔ nuku nam ŋutɔ. Nusi gavlo wue nye be ami kple sukli ɖeɖe sɔŋ yɔa numeɖenu mawo me. Ne nyemedzudzɔ numeɖenuwo ɖuɖu le fiẽ me o la, nye agbagbadzedze be maɖe nye nuɖuɖu dzi akpɔtɔ madze edzi o. Kuxi sia kee le wò hã ŋua?
Nu bubu si mekpɔ le gonyeme si nye vevesese nam enye be nye lolo maɖiɖi eye wòayi edzi anɔ nenema o negbe ɖe meɖe aha sesẽwo nono le nye nuɖuɖu me hafi. Menye ɖeko calory sɔ gbɔ ɖe aha me eye wòtrɔna zua ami kaba o, ke boŋ wein kɔŋkɔ ɖeka dzaa ko nono le fiẽ me gbɔdzɔa nye ɖokuidziɖuɖu kple tame si meɖo kplikpaa be madzudzɔ numeɖenu mawo ɖuɖu la me. Le gonyeme la, wein kɔŋkɔ ɖeka nono mele sue o. Meɖua numeɖenuwo kpe ɖe wein kɔŋkɔ ɖeka nono ŋu! Mekpɔe dze sii be tiigbe ɖaɖawo ate ŋu anye nu nyui siwo matsɔ aɖo wo teƒe. Fifia esi nye lolo ɖiɖi ɖo alesi medi gɔ̃ hã la, aha sesẽ vi aɖe koe menona si mede tsãtɔ nu o.
Nye numekuku anukwaretɔe siawo na mekpɔ asixɔxɔ si le mɔfiame sẽŋu eve siawo ŋu le ɣeyiɣi si me meɖe nye nuɖuɖu dzi kpɔtɔ be nye lolo naɖiɖi la dze sii.
1. Tsri numeɖenu ɖesiaɖe ɖuɖu le fiẽ me.
2. Tsri aha sesẽwo katã.
Nya Nuɖuɖu Siwo Agblẽ Wò Nuɖuɖudzitsotsoa Me
Franseawo doa lo be, En mangeant, l’appetit vient, esi gɔmee nye be zi geɖe alesi nèɖua nui la, zi geɖe nenemae dɔ awu wò ɖe edzii. Nya sia nye nyateƒe ŋutɔŋutɔ le mía dometɔ aɖewo gome. Ðewohĩ dɔa mewua mí ne míenɔ anyi be míaɖu nuɖuɖu si vivia mía nu la o, gake nane le mía me trɔna kpata ne míedze eɖuɖu gɔme eye míesena be dɔ le mía wum. Ale míeɖua nutsu vaseɖe esime nuɖuɖua katã vɔna alo ne ƒodo va le mía vem hafi míedzudzɔna. Nukae dzɔ?
Yevuboloe nye kuxia nam le gonyeme, vevietɔ yevubolo si womèna le aƒeme. Eva hiã be srɔ̃nye dzidola si mèa yevubolo vivi la nadzudzɔ emème hena ɣeyiɣi aɖe. Ehiã ŋkumesesẽ be nàdo esia ƒe dzi! Ðewohĩ tɔfi anye wò kuxia alo nu bubu aɖe. Nya lae nye be nànya wò futɔ. Ŋlɔ nuɖuɖu siwo katã wua dɔ wò kaba ne eɖu wo la ɖi eye natsri wo. Nuɖuɖu bubu geɖewo li natia. Mekpɔe be salada kple amagbe siwo woɖa la vivina heɖia ƒo nam ne meɖu sue aɖe ko eye wòsua eme nam.
Dodo le Nɔnɔme Sesẽa Me
Nuɖuɖudzitsotso si woyɔna be “yo-yo,” si ana wò lolo dzi naɖe akpɔtɔ sẽ eye nàgalolo ake la anye ɖokuiwò beble si mate ŋu awɔ naneke wu be wòana nuɖuɖu dzi ɖeɖe akpɔtɔ ƒe ɖoɖowɔla siwo le dzidzim ɖe edzi le ɣetoɖoƒedukɔ deŋgɔwo me ƒe akpa gãtɔ nazu kesinɔtɔwo o. Esi esia dzɔ ɖe dzinye vɔ megbe la, meɖoe be fifia ya nɔnɔmea atrɔ. Gake to mɔ ka dzi?
Kpekpeɖeŋu biabia megakpe ŋu na wò o. Gblɔe na wò ɖɔkta. Di amesiwo akafu wò ahado ŋusẽ wò le kwasiɖa ɖesiaɖe si me wò kpekpemea aɖiɖi la me. Ate ŋu anye xɔ̃wò si hã le asi trɔm le eƒe nuɖuɖu ŋu be wòagalolo o, ƒowòmetɔ aɖe alo amesiwo le dɔ wɔm le dɔdaƒe deŋgɔ aɖe si kpɔa lolodziɖeɖe akpɔtɔ gbɔ la dometɔ aɖe. Nuwɔwɔ ɖekae kple ŋusẽdoame si tso ame bubuwo gbɔ akpe ɖe ŋuwò nàɖu nɔnɔme sesẽa dzi—le afisi wò agbagbadzedze be yeaɖe yeƒe lolo dzi kpɔtɔ tsia akpo dzi le. Àse le ɖokuiwò me azɔ be yeƒe lãme sẽ eye amewo anɔ kafuwòm le wò dzedzeme ta. Tso esia dzi la, nusiwo ŋu nèbuna aɖe vi na wò tsɔ wu be woagblẽ nu le ŋuwò.
Nu bubu si akpe ɖe ŋuwò naɖu nɔnɔme sesẽa dzi enye be nàɖu nuɖuɖu si su si ana dɔ mawu wò o eye màse le ɖokuiwò me be nane tsi ye ŋu o. Mekpɔe be nyati vevi siwo wogblɔ le May 22, 1989 ƒe Awake! me le nusi wòle be woaɖu be woagalolo o ŋu me koe nuɖuɖu ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake si mete ŋu kpɔ la ɖe yi ŋgɔe. Nusiwo meɖu be nye lolo dzi naɖe akpɔtɔe nye blinu alo muffin si me ami mesɔ gbɔ ɖo o kple grape afã hena ŋdinuɖuɖu, salada sɔgbɔ si me ami mesɔ gbɔ ɖo o na ŋdɔnuɖuɖu, kple amagbe ɖaɖa kple lã si me ami mesɔ gbɔ ɖo o si ŋu yevubolo alo numeɖenu aɖeke mekpe ɖo o hena fiẽnuɖuɖu. Nuɖuɖu si me calory 1,200 vaseɖe 1,500 le ɖuɖu gbesiagbe nye nuɖuɖu ƒe ɖoɖo sesẽ, gake magblẽ naneke le ame ŋu o. Atikutsetse si nye apple nye ŋdɔ me numeɖenu nyui aɖe eye le ɣeyiɣi mawo siwo me màte ŋu aŋe aɖaba aƒu dɔwuame dzi o la, mezãa nye kpekpeɖeŋunu siwo matsɔ akpɔ egbɔe la dometɔ ɖeka, si nye amesi le eƒe nuɖuɖu me tiam ƒe aʋawɔnu si wòle be wò hã nanya.
Egbɔkpɔnu Siwo Mele Nyanya O
Nukae nye egbɔkpɔnu ma? Nane si nyo na wò, ɖia kɔ na wò enumake eye calory ƒomevi aɖeke mele eme o eye mexɔa asi hã o lae! Eyae nye tsi. Kpekpeɖeŋu si tsi kplu ade vaseɖe enyi nono gbesiagbe ana wò le agbagbadzedze me be yeaɖe yeƒe nuɖuɖu dzi akpɔtɔ be yeagalolo o la wɔ nuku ŋutɔ. Ne ŋutilã nya be tsi kplu ɖekae nye nusi nèɖo kplikpaa be yeatsɔ atsi yeƒe dɔwuame nui la, dɔa dzudzɔa ame wuwu. Tsi kpe ɖe ŋunye meɖu numeɖenuwo ɖuɖu le fiẽ me ƒe numãme si nɔ nye agbe me katã la dzi wu nusianu.
Kamedede edziedzi nye nu bubu si hã ana woaɖu lolo fũ dzi. Enye nyateƒe be amesiame nya be kamedede naa ame ƒe lolo dzi ɖena kpɔtɔna, gake nukae nye nya ɣaɣla le eŋu? Le go sia me la egbɔkpɔnu lae nye susu me kɔdzeanyi si tsoa ŋusẽ si nàkpɔ ahanya kpɔ nyuie la gbɔ. Viɖe ma de ŋgɔ sãa wu nuɖuɖu aɖewo siwo nètsri la. Ado ŋusẽ wò eye ne ame bubuwo le tɔfi vivi ɖum esi wò ya nèle aŋuti fafa nyim hã la madzro wò o.
Nuɖuɖudzitsotso kple kamedede zɔna aduadu nyuie. Be nàɖe wò lolo dzi akpɔtɔ mefia be nadze abe dɔnɔ ene o. Kamedede edziedzi ana wò mo nazrɔ̃ eye wò lãmekawo nasesẽ. Nye dzedzeme si nyo ɖe edzi wu na amewo bui be nye lolo dzi le ɖiɖim kabakaba wu tsã! Mekpɔe be mehiã na lãmesẽfefe si mate ŋu awɔ kple ame aɖe abe tennis ƒoƒo ene kple kamedede si nye ɖeka mate ŋu awɔ ɣesiaɣi abe nu kpekpe kɔkɔwo ene. Alesi kamedede na nu ʋee si nèɖu la ƒe dɔwɔwɔ dzena nyuie la, nenema ke nuɖuɖu si le ɖoɖo nu hã na kamedede ƒe dɔwɔwɔ dzena nyuie esime wòɖea lãmeka siwo bu ɖe wò lãme ƒe ewo sɔŋ la ɖe go. Esi nye kpekpeme ɖiɖi tso kilogram 110 va 80 la, mekpɔ be mayi kamededea dzi kple sɔhɛ siwo le míaƒe nutoa me la be woate ŋu awɔe ade nunye hã!
Ne èlolo wu alesi dze ɣeyiɣi didi abe nye ene la, ekema ɖewohĩ alesi wòle abe agba gã aɖee nètsɔ ene, ɖeɖiteameŋu sese le ɖokuiwò me ne èdi be yeafɔ le ŋdi, zɔzɔ blewu ŋkekea katã, akɔlɔ̃e dɔdɔ le akpasa me le zã me mã wò xoxo. Ne wò kpekpeme nye kilogram 20 alo 30 gbɔ eme la, ele abe zu gã aɖe wotsi ɖe afɔ na wò ene! Nyemete ŋu ɖo ŋku alesi wònɔna be woafɔ kpla le aba dzi le ŋdi eye woanɔ didim vevie be yeatso eye ŋusẽ geɖe wu nanɔ ame ŋu le ŋkekea me dzi o. Gake azɔ ya menya.
Aʋa si Mekena O
Lolo si nèdi gbɔ ɖoɖo le ko abe aʋa si xɔ ɣeyiɣi didi dzi ɖuɖu ene. Gake togbɔ be aʋa ƒe akpa gbãtɔ awu nu hã la, ɣemaɣie aʋa la ŋutɔ dzea egɔme. Ele na mí amesiwo xɔ ƒe blaene vaseɖe blaade eye míewɔa anyinɔƒedɔ la be míalé ŋku ɖe nusiwo míeɖuna la ŋu ɣesiaɣi ne míedi be míaɖe míaƒe lolo dzi akpɔtɔ. Nusi akpe ɖe ame ŋue nye be nàbu wò nuɖuɖudzitsotsoa be enye agbe me ŋkekewo katã ƒe dɔ. Ate ŋu aka ɖe eme gbɔ ya gake mevɔna keŋkeŋ o. Ne ègaɖua nu abe alesi nèɖunɛ tsã ene la, àgalolo abe tsã ene.
Nukatae màkpɔ dzidzɔ adi awu yeye aɖewo esi wò lolo dzi ɖe kpɔtɔ ɖo afisi nèdi o? Ekema bu alesi nàɖe asi le awu xoxoawo ŋu la ŋuti. Awu gã mawo dzadzra ɖo kple susu be ɖewohĩ yeagalolo adoe la le abe dzadzra ɖo ɖe kpododonu ŋu ene. Do awu siwo melolo wu wò fũ o siwo ana nyanya wò ne ègadze lolo si mèdi o la gɔme. Togbɔ be àɖu nuɖuɖu hamehame siwo ana nanɔ lãmesẽ me wu esiwo ana naɖi ku hã la, kpɔ egbɔ be yeɖu nusi me ami kple sukli mesɔ gbɔ le fũ o le wò agbe me ŋkekewo katã me. Mègadzudzɔ kamedede edziedzi hã o. Ana wò lãme nasẽ nyuie.—Ame aɖee ŋlɔe míeta.