Barcelona ƒe Olimpik-Fefewo—Ðe Ŋutikɔkɔe si Wonɔ Mɔ Kpɔm na Va Emea?
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Spania gbɔ
LE JULY 25, 1992 dzi la, akplɔdala aɖe si keklẽ si nu sẽ ƒo xlãe la ɖe eƒe dati ɖe go. Eda eƒe akplɔ si ƒe nugbɔ dzo nɔ xɔxɔm le wòyi yame ʋĩ le zã me. Esi akplɔ la yina anyi tɔ ge la, edze kakati si wotsi ɖe fefewɔƒea tame la dzi. Olimpik ƒe akaɖia lé dzo vla. Barcelona ƒe Olimpik-fefea dze egɔme.
Lãmesẽfefewɔla 11,000 tso dukɔ 172 me va ho ʋli ge hena Olimpik ƒe akɔtadzesi 1,691 xɔxɔ. Be wòasɔ ɖe tameɖoɖo si le Olimpik-fefea ŋu nu la, fefewɔlaawo katã ʋli vevie be ‘yewoawɔ nu kabakaba wu, ayi ŋgɔ wu, eye yewoawɔe kple ŋusẽ’ wu tsã—eye wo dometɔ aɖewo kpɔ dzidzedze hã. Television kpɔla siwo wobu akɔnta be woade 3,500,000,000 la kpɔ gome kpli wo le woƒe dziɖuɖuwo kple kpododonuwo me.
Togbɔ be amewo ƒe ŋku menɔ lãmesẽfefewɔlawo ŋu didi o hã la, ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo ƒe ŋugbedodo nɔ dziɖuɖu le Olimpik-fefewɔwɔ me ŋu. Barcelona ƒe Olimpik-fefe hã le eme. Hoʋlila xɔŋkɔ aɖewo gɔ̃ hã dze dɔlar miliɔn geɖe kpɔkpɔ gɔme to woƒe ŋkɔ zazã hena lãmesẽfefewɔwuwo, duƒufɔkpawo, ŋdɔxegaŋkuiwo kple elektrikmɔ̃wo gɔ̃ hã wɔwɔ me xoxo.
Ðokuitsɔtsɔke—Nusi Dzi Wotona Xɔa Olimpik ƒe Ŋutikɔkɔe La
Togbɔ be lãmesẽfefewɔla geɖe—vevietɔ esiwo wɔa atsyã vovovowo kple amesiwo doa ɖi ɖe tsi gɔme—wɔ woƒe fefea wòdze nu bɔbɔe hã la, hehe sesẽ ŋutɔe wònye woxɔ ƒe geɖe hafi wɔe. Wo dometɔ aɖewo dze hehexɔxɔa gɔme esime woxɔ ƒe atɔ̃ ko. Eye ne lãmesẽfefewɔla aɖe di be yeakpɔ dzidzedze la, ele be lãmesẽfefea wɔwɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ nɛ le eƒe agbe me.
Spaniatɔwo ƒe tsiƒula Martín López Zubero, amesi ɖu dzi le meta 200 ƒe megbemegbeetsiƒuƒu me la gblɔ—ɖewohĩ egbɔ eme vie—be: “Mezã nye agbemeŋkekewo ƒe akpa etɔ̃lia le tsi me.” Eƒe hehexɔxɔ ƒe ɖoɖoa dzea egɔme le ŋdi ga atɔ̃ me eye wògblɔ be yeƒu tsi anɔ kilometa 8,000 le ƒe ɖeka ko me.
Menye nu gbegbe le ame ɖokui gbɔ koe hehexɔxɔ nye o, ke fukpekpe hãe. Jackie Joyner-Kersee si xɔ sikakɔtadzesi le Seoul kple Barcelona le heptathlon (lãmesẽfefewɔwɔ si me woʋlia ho le wɔna vovovo adre me le) ɖe nu me be: “Hoʋiʋli dzɔa dzi na ame. Hehexɔxɔ ya medzɔa dzi na ame o. . . . Bia lãmesẽfefewɔla ɖesiaɖe: mí katã míesea veve ɣesiaɣi. Menɔ eƒom ɖe nye ŋutilã nu be wòato wɔna vovovo adre me. Anye nusi gbɔ eme akpa be màdi be yease veve o.” Vevietɔ ele na lãmesẽfefewɔla siwo trɔa wo ɖokui ɖe nɔnɔme vovovowo me be woanye dzidolawo. Aleke kee woase veve le alɔnu alo drika me, lãmeka kple kpeƒe siwo ade ga ame kple ƒu si aɖɔ li gɔ̃ hã o, ele na wo be woalé woƒe hehexɔxɔ zi eve gbeɖeka ƒe ɖoɖoa me ɖe asi vevie. Gake le wo katã me la, ɖokuitsɔtsɔke sia ƒomevi mee wotona zua dziɖulawo eye wòzua nukpɔkpɔ na amewo.
Olimpik ƒe Atsyɔ̃ Kple Eƒe Bubu
Ðikeke aɖeke mele eme o be Olimpik ƒe nukpɔkpɔ la ate ŋu awɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Enyea dzidzɔkpɔɣi na amehawo eye wònye teƒe si woɖea lãmesẽfefe ɖedzesiwo ƒe aɖaŋuwo fiana le. Barcelona meto le eme o.
Vitali Scherbo, si nye Belorussiatɔwo ƒe lãmesẽfefewɔla si trɔa eɖokui ɖe nɔnɔme vovovowo me la xɔ sikakɔtadzesi ade si nye agbagbadzedze ƒo ɖesiaɖe ta le akɔtadzesi enyi si li le ŋutsuwo ƒe lãmesẽfefewɔwɔ si me wotrɔa ame ɖokui ɖe nɔnɔme vovovowo me la me. Chinatɔ Xiaosahuang Li, si nye lãmesẽfefewɔla si trɔa eɖokui ɖe nɔnɔme vovovowo me la trɔ to eme zi etɔ̃ nukutɔe le tɔtrɔtomefefewɔƒea. Womaŋlɔ Carl Lewis be le dzi si wòɖu zi etɔ̃ tsiã ɖe enu le kpodzodzo aɖadze adzɔge me o. Hekpe ɖe eŋu la, wokafu Japantɔ Yuko Arimori si xɔ klosalokɔtadzesi le nyɔnuwo ƒe du legbe ƒuƒu me la le eƒe bubudeameŋu ta. Togbɔ be ɖeɖi te eŋu ŋutɔ hã la, eƒo xlã fefewɔƒea hebɔbɔ ta, abe alesi Japantɔwo wɔna ene, na amehawo eye emegbe na dziɖula la hã.
Dukɔwo ƒe asitsahawo meŋe aɖaba ƒu asitsamɔnu siwo Olimpik-fefewɔwɔa ʋu ɖi na wo la dzi o. Woxe ga home gbogbo aɖe be woatsɔ ado alɔ Olimpik-fefeawo alo be woatsɔ ado alɔ dukɔ si me wole ƒe Olimpik-fefewɔha be yewoaɖe vi tso Olimpik ƒe ŋutikɔkɔe la me.
Atike Muamewo Zazã Be Woatsɔ Akpɔ Dzidzedzee
Hehexɔxɔ madzudzɔmadzudzɔe kple dzɔdzɔmeŋutete—togbɔ be wole vevie hã—menye mɔ siwo ko dzi woato akpɔ dzidzedze le Olimpik-fefewɔwɔa me o. Lãmesẽfefewɔla geɖewo zãa atike muamewo be woate ŋu aʋli ho nyuie wu. Atike muamewo ate ŋu anye esiwo naa lãmekawo trina hesesẽna hena ɣeyiɣi kpui aɖe esi woyɔna be anabolic steroids (vevietɔ wozãnɛ le nu kpekpe kɔkɔ kple gakpo nogowo dada me); atike si naa ɖeɖi metea ame ƒe dzi ŋu kaba o, si wozãna (tsɔ daa akplɔ kple tue nyuie); alo esi woyɔna be erythropoietin be wòadzi ame ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo ɖe edzi (hena gasɔdodo kple du legbe ƒuƒu).
Togbɔ be lãmesẽfefewɔlawo nya afɔku siwo le eme hã la, nyaƒoɖeamenu be woazã atike muame siwo mele se nu o la nu sẽ ŋutɔ.Germaniatɔ lãsẽfefewɔla Gaby Bussmann si nɔ fefewɔha ɖeka me kple Birgit Dressel si ku le ƒe 1987 me le esi wòno atike muame vovovo 20 ta la ɖe nu me be: “Lãmesẽfefewɔwɔ aɖewo li siwo me wòsesẽ le be woadze hena Olimpik-fefewɔwɔ atike muame manɔmee.”
Lãmesẽfefewɔlawo ƒe hehenalawo hã kpea asi ɖe atike siawo zazã ŋu; ɖewohĩ woawo gɔ̃ hãe dea ezazã ƒe dzi ƒo. Ɣedzeƒe Germania si nɔ anyi tsã ƒe hehenala Winfried Heinicke lɔ̃ ɖe edzi be: “Megblɔ na wo be ne wodi be yewoayi Olimpik-fefewɔƒea la, ele be woawɔ esia [woano atike muame].” Edze ƒã be hoʋlila geɖe dea asixɔxɔ dziɖuɖu ŋu wu anukwareɖiɖi—wua woƒe lãmesẽ gɔ̃ hã. Numekuku si wowɔ nyitsɔ laa le lãmesẽfefewɔla gãwo ŋu la ɖee fia be wo dometɔ 52 le alafa ɖesiaɖe me zãa atike si doa ŋusẽ ame eye wòtrɔa ame ƒe seselelãme si wobu be ana yewoaɖu dzi godoo ne awu wo le ŋutikɔkɔe ƒe ƒe atɔ̃ siwo me woanye dziɖulawo le megbe gɔ̃ hã.
Wonyã Britaniatɔwo ƒe dusesẽƒula Jason Livingston le Barcelona ɖo ɖe aƒe kple ŋukpe esi wodoe kpɔ hekpɔ be ezã atike sinye anabolic steroids. Amerikatɔ Harry Reynolds si nye xexeame katã ƒe dziɖula le meta 400 ƒe duɖimekeke me la meƒu du le fefea me o. Esi wòdo kpo nu le dodokpɔ si wowɔ nɛ me le ƒe 1990 me be ɖe wòzã atike muame hã ta la, woɖo asi edzi ƒe eve, si menye Olimpik ƒe akɔtadzesi si wòate ŋu axɔ koe tsi eŋu o, ke dɔlar miliɔn geɖe si wòakpɔ le edodo ɖe ŋgɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo me hãe tsi eŋu.
Gake asi mesu atikemuamezãla geɖewo dzi o. Togbɔ be wodo amesiwo ade akpe eve kloe kpɔ tsɔ tsi tre ɖe atike muame zazã ŋu le Barcelona ƒe fefewɔwɔa me hã la, lãmesẽfefewɔla maɖianukwarewo te ŋu gatrɔ ɖe atike muame siwo medzena ne wodo aɖuɖɔ kpɔ o la ŋu kokoko. Spaniatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El País gblɔ be: “Ŋukeklẽ ɖe dziɖuɖu kple ga ŋu la ɖe xexe si me wòsesẽ le be woade vovototo agbenyuinɔnɔsewo kple anukwareɖiɖi dome le la do blukɔe fia.”
Ele eme be akɔtadzesixɔla geɖewo kpɔ dzidzedze, menye le atike muame zazã ta o, ke boŋ le ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe geɖe la ta. Ðe viɖe le woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ŋua?
Ŋutikɔkɔe Mavɔ Aɖe
Gail Devers si ɖu dzi nukutɔe le nyɔnuwo ƒe meta 100 ƒe duɖimekekea me la kpɔ dzidzɔ le eƒe dziɖuɖu vɔ megbe gblɔ be: “Ne ame aɖe axɔe ase be drɔ̃ewo vaa eme la, ke nyee.” Anye ƒe eve do ŋgɔ la, megate ŋu zɔa azɔli o, eye woɖoe be woalã eƒe afɔ evea le dɔléle ta. Pablo Morales, amesi dzudzɔ hoʋiʋli le tsiƒuƒu me gake wògadze hehexɔxɔ gɔme ƒe ɖeka ko do ŋgɔ na Olimpik-fefewɔwɔa heɖu dzi le ŋutsuwo ƒe meta 100 ƒe tsiƒuƒu me la gblɔ be: “Nye ɣeyiɣia de mlɔeba, drɔ̃ea va eme.”
Enye nusi mate ŋu atrɔ o be lãmesẽfefewɔla geɖewo mazu dziɖulawo akpɔ o. Vavãe, ame aɖewo sena le wo ɖokui me be “menye dziɖuɖue nye nu vevietɔ le Olimpik-fefewɔwɔa me o, ke boŋ gome kpɔkpɔ le emee.” Gake lãmesẽfefewɔla bubu siwo bu be yewoanye dziɖulawo la yi aƒe kple mɔkpɔkpɔ si meva eme o. Nukpekpekɔla Ibragim Samadov ƒe didi vevie nye be yeaxɔ sikakɔtadzesi—gake teƒe etɔ̃lia koe wòxɔ le woƒe wɔna la me. Exa nu be: “Ne ɖe mexɔ sikatɔtadzesi la, ne mafia mɔ nye agbenɔnɔ, asrɔ̃ dɔ aɖe, akpe ɖe nye ƒomea ŋu. Nyemenya nusi mawɔ fifia o.” Amesiwo ɖu dzi gɔ̃ hã toa ɣeyiɣi sesẽwo me ne woƒe ŋutetea dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.
Anna Dmitrieva, si nye tennisbɔlƒola si tso dukɔ si nye Soviet tsã me la gblɔ be: “[Soviet] lãmesẽfefewɔhabɔbɔ metsɔa ɖeke le eme na amewo o. Wobunɛ ko be: ‘Ne èdzo la, yewoagakpɔ ame ewo bubu siwo le abe wò ene.’” Nenema ke Henry Carr si xɔ sikakɔtadzesi eve le Tokyo le ƒe 1964 me la hã gblɔ be: “Ameblenu gɔ̃ hãe wònye be nàzu dziɖula. Nukatae? Elabena manɔ anyi ɖaa o eye mana dzidzeme ŋutɔŋutɔ hã wò o. Ame bubuwo xɔa dziɖulawo teƒe eye woŋlɔa wo be.”
Womate ŋu atsɔ Olimpik ƒe ŋutikɔkɔe si nu yina la asɔ kple agbe mavɔ si ŋugbe Mawu do na amesiwo subɔnɛ la o. Menye lãmesẽfefewɔwɔ ƒe hehexɔxɔe teƒeɖoɖo sia bia o, ebia gbɔgbɔ me tɔ boŋ. Eyata Paulo ŋlɔe na Timoteo be: “Ŋutilã me veviedodo [ne woagblɔe ŋutɔŋutɔ la, [hehexɔxɔ abe lãmesẽfefewɔla siwo trɔa wo ɖokui ɖe nɔnɔme vovowo me ene] nyo na nu vi aɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.”—Timoteo I, 4:8.
Olimpik ƒe Fefewɔwɔwo doa ŋutilãmehehexɔxɔ ƒe viɖewo ɖe ŋgɔ. Woɖea nusi lãmesẽfefe ate ŋu awɔ to ɖokuitsɔtsɔke kple nu gbegbe le ame ɖokui gbɔ me la fia xexeame katã. Nɔnɔme siawo hã hiã be míaɖu dzi le Kristotɔwo ƒe duɖimekekea me. Abe nusi to vovo na Olimpik-fefewɔwɔ ɖesiaɖe ene la, duɖimekeke sia ahe viɖe mavɔwo vɛ na amesiwo awu enu la. Eyata anyo be Kristotɔwo nasrɔ̃ Yesu Kristo le ‘hehexɔxɔ nu wuwu me’ eye ‘woatsɔ dzidodo ake duɖimee,’ ke menye lãmesẽfefewɔlawo o.—Petro I, 5:10; Hebritɔwo 12:1.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]
Ðidolawo le ho ʋlim le Olimpik-fefewo me. Barcelonae ma le dzedzem ɖaa
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Photos: Sipa Sport
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Ele ho ʋlim le ati eve siwo le akasanu dzi
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Photos: Sipa Sport
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Le meta 100 ƒe duɖimekeke mamlea me la, duƒula si le kɔto le miame la ɖu dzi xɔ sikakɔtadzesia
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Photos: Sipa Sport