Ðe Wòhiã Be Nàde Aɖua?
TOGBƆ BE wokoa aɖuwɔwɔe delawo hã la, woawo ya mebunɛ fefenyae o. Aɖuwɔwɔe madze nu vevi na wò ne wò dzɔdzɔmeɖu aɖeke metu o. Gake ne esia madzɔ ɖe dziwò akpɔ o hã la, nya si míegblɔ le nyati sia me la akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ ŋudzedze ɖe aɖu nyui sesẽ ƒe amesinɔnɔ ƒe nunana ŋu eye ana nàɖoe be yealé be na wo nyuie—alesi nàte ŋui.
Gake nukata amesiwo susu be yewoléa be na yewoƒe aɖuwo vevie la kpɔnɛ gbeɖeka be yewoƒe aɖuwo le ʋuʋum? Aɖutikewɔlawo katã agblɔ nya si gbɔna la na wò. Ne ame xɔ ƒe 30 kple edzivɔ ko la, nusi koŋ nana aɖu tunae nye nyèŋudɔ. Gake afɔku alo aɖu si xɔ dɔ ƒe vovo hã ate ŋu ana ame ƒe aɖu natu.
Gake ɖe wòhiã ŋutɔŋutɔ be nàde aɖu ne wò aɖu aɖe alo wo katã tua?a Nukatae ame aɖewo medenɛ o gake wonɔa anyi? Alo adzɔnu aɖe koe aɖuwɔwɔe nye wolɔ kɔ ɖe amewo dzia?
Nukatae Wòhiã Be Woade Aɖu?
Be míaɖo biabia siawo ŋu la, na míakpɔ alesi míaƒe aɖuwo wɔa dɔe la ɖa. Menye ɖeko wonaa míaƒe mo nya kpɔna ko o, ke wowɔa dɔ bubuwo hã. Ne míele nu ɖum la, wogbãnɛ ale be lãmetsi siwo tua nuɖuɖua la tsakana kple nuɖuɖua si wɔnɛ be ŋutilãa te ŋu ɖea nunyiamewo le eme. Gake ne míaƒe aɖu aɖe alo wo katã tu la, nuɖuɖua metuna ɖe nume na mí nyuie o. Aɖulã sesẽ kpakoo siwo kpɔtɔ gɔ̃ hã mate ŋu atu nua nyuie o. Ema tae amesiwo ƒe nu me aɖu aɖeke mele o evɔ wonoa kɔfi, tii alo noa nu bubuwo ɖe nuɖuɖu dzi la ƒe nuɖuɖu mete ŋu tuna nyuie o eye woɖea fu na woƒe dɔme. Ne aɖu ʋee aɖewo koe tu gɔ̃ hã la, menye nusianue aganya ɖu na wò o elabena ele be nàtsri nuɖuɖu sesẽ alo nuɖuɖu wɔka siwo ahiã be woaɖu woame nyuie la.
Aɖu nye nu nyui aɖe si kpena ɖe mía ŋu hã míeƒoa nu, gake míebunɛ o vaseɖe esime míaƒe aɖu aɖe tu hafi. Wokpena ɖe aɖe kple nuyi ŋu be wote ŋu wɔa gbeɖiɖi si naa míesea nuƒo me nyuie. Le kpɔɖeŋu me, womate ŋu ana gbeɖiɖi siwo le nya siwo wu enu kple ŋɔŋlɔdzesi siwo meɖina sesĩe o la naɖi nyuie ne aɖu mele nume na ame o. Ðewohĩ ànya de dzesi esia ne èse aɖutututɔ aɖe ƒe nu ƒo kpɔ. Eyata ele na amesi de aɖuwɔwɔe be wòatrɔ aɖe ɖe aɖuwɔwɔea ŋu be wòate ŋu aƒo nu woaɖi nyuie. Togbɔ be esia axɔ ɣeyiɣi hã la, enyona wu be aɖu manɔ nume na wò o.
Ke aleke amesi de aɖuwɔwɔe la ate ŋu adzi ha alo azã haƒonuwo atsɔ ƒo hae? Woate ŋu awɔ nusiawo nyuie ne wode aɖuawo na wò ɖe mɔ vovovowo nu. Asesẽ ŋutɔ alo manya wɔ gɔ̃ hã na hadzilawo, fefewɔla aɖewo, kpẽkulawo, osɔfowo, kple ame aɖewo siwo ƒe foto wodea magazinewo dzi alo amesiwo wozãna le boblododo me be woawɔ woƒe dɔ ne aɖu mele nume na wo o.
Nu gblẽna le ame ƒe dzedzeme hã ŋu ne aɖu mele nume nɛ o. Esia wɔnɛ be ka bɔbɔe siwo le míaƒe nume, ŋɔti kple glã te me gbɔdzɔna esi nana be ame dzena ame tsitsii. Esia te ŋu ɖea dzi le ame ƒo henaa ame aɖewo ƒe susu medzea akɔ anyi le ame dome o.
Ne aɖu ɖeka tu le ame ƒe nume la, ate ŋu agblẽ nu le alesi ame ƒe aɖuwo sɔe le nume na ame la ŋu. Míaƒe aɖuwo le wo nɔewo ŋu abe kpe siwo blema Romatɔwo tsɔ tu xɔ si tame xa gobaa ene. Eyata ne aɖu aɖe tu ko la, esi le exa megasẽna tututu o. Aɖua ƒe tutu naa mɔ ɖoa aɖu siwo susɔ la dome eye wònaa nuɖuɖu kuiwo tsia aɖu ta me na ame eye wònaa nyèa toa ʋu. Aɖua ƒe tutu wɔnɛ hã be aɖu meganɔa ɖoɖo nu ɖe nume na ame nyuie o si ana nu manya ɖu na ame tututu o.
Vovototo si Le Dzɔdzɔmeɖu Kple Aɖuwɔwɔe Dome
Vovototo si koŋ le dzɔdzɔmeɖu kple aɖuwɔwɔe domee nye be dzɔdzɔmeɖuawo sẽ ɖe glãƒua me. Esia wɔnɛ be wote ŋu kaa míaƒe nuɖuɖu hegbãnɛ wòmena nyuie. Aɖu etetɔawo doa go dziƒotɔawo hegbãa nua memie.
Gake Aɖulã ŋu koe wokua aɖuwɔwɔe si wode nume katã la ɖo. Aɖe, alɔgo, kple woawo ŋutɔ ƒe léleɖenuŋu si mesesẽ tututu o la koe léna wo ɖe te. Eyata esi wònye aɖuwɔwɔeawo melia ke ɖe nyèa me abe dzɔdzɔmetɔwo ene o ta la, woate ŋu age bɔbɔe.
Eyata aɖuwɔwɔea mewɔa dɔ na amesiame sɔsɔe o. Aɖuwɔwɔe aɖeke mewɔa dɔ dea dzɔdzɔmetɔwo nu o. Hafi aɖuwɔwɔe nawɔ dɔ nyuie la, etsoa ame ƒe glã ƒe nɔnɔme kple eƒe lolome, numekawo, kple alesi edela bua eŋui hekpe ɖe alesi wòdzea agbagba srɔ̃a ezazãe la gbɔ. Nusi koŋ gblẽ le wo ŋu koe nye woƒe kemalimali. Gake vovototo gobi aɖeke mele dzɔdzɔmeɖu kple aɖuwɔwɔe ƒe dzedzeme dome o.
Ewɔ nublanui ŋutɔ be ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo mekpɔa nunya si wotsɔ wɔ dzɔdzɔmeɖuwoe, woƒe wɔwɔme kple alesi wowɔa dɔ nyuie la dzea sii o vaseɖe esime wode aɖuwɔwɔewo hafi. Amegbetɔwo ate ŋu awɔ aɖu woade dzɔdzɔmetɔ ɖi ge kloe gake mate ŋu awɔ dɔ wòade enu akpɔ o.
Wò nɔnɔmeae aɖee fia nenye be wòahiã be nàde aɖu aɖe alo ade wo katã. Wo ŋutɔe awɔ nyametsotsoa, gake nunya anɔ eme be nàbu viɖe siwo le wo me la ŋu. Woakpe ɖe ŋuwò be wò dɔmeɖui si tsoa nuɖuɖu ƒe matumatu nyuie gbɔ la magaɖe fu na wò o, eye wòana nàkpɔ nunyiame sɔgbɔ ahana wò nuƒoƒo nanyo ɖe edzi wu. Eye wòate ŋu ana wò mo nànya kpɔ hã.
Togbɔ be enye nyateƒe be aɖuwɔwɔe delawo faa konyi le woƒe aɖu ŋutɔŋutɔ ƒe tutu ŋu hã la, alesi woyi ŋgɔ le aɖuwɔwɔewo wɔwɔ me la naa dzidzeme kple dzidzɔ ame miliɔn geɖewo le xexeame katã.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Wozã “aɖuwɔwɔe” le nyati sia me tsɔ yɔ aɖu si wowɔ be woade ɖe aɖu siwo tu teƒe. Ne wò aɖuwo katã tu la ahiã be woade aɖuwɔwɔewo wò nume katã. Gake ne aɖua aɖewo koe tu la, ke woawo koe woaɖɔ li. Míaƒo nu tso aɖuwɔwɔe si woade wò nume katã kple aɖuwɔwɔe siwo woatsɔ aɖɔ li wò aɖu aɖewo ko, siwo woate ŋu aɖe la ŋuti le nyati sia me.
[Aɖaka si le axa 26]
Nusi Nàwɔ Be Màgagblẽ Ga Geɖe ɖe Wò Aɖu Ŋu O
AÐUTIKEWƆLA alo amesi trɔa asi le aɖu si mele dɔ wɔm nyuie o ŋu gbɔ yiyi edziedzi ana nàgblẽ ga geɖe. Gake nane siwo ŋu woke ɖo siwo akpe ɖe viwòwo ŋu la ade dzi ƒo na wò.
The New York Times ka nya ta be: “Aɖuwo ƒe tutu kple glãƒuwo ƒe gɔglɔ̃ si bɔ ɖe Amerikatɔwo dome la tso nuɖuɖu bɔbɔe siwo míeɖuna fũ siwo me woɖe nunyiame geɖe le xoxo esime wole asi trɔm le wo ŋu le mɔ̃ me la gbɔ.” Woɖe eme be, nu sesẽ ɖuɖu “te ŋu naa glãƒu sẽna ɖe edzi nyuie (si naa aɖuawo memimina ɖe wo nɔewo ŋu akpa o), eye wowɔnɛ be aɖuawo tona ɖe afisi dze, henaa míaƒe mo kple nu nɔa ɖoɖo nu.”
Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dze agbagba be yewoaɖo kpe nufiafia sia dzi esi wona nuɖuɖu sesẽwo kple bɔbɔeawo kese aɖewo. Nukawoe wokpɔ? “Aɖu meɖe fu na” esiwo ɖu nu sesẽ la boo o. Eyata anɔ eme be nuɖuɖu si wòahiã be viwò naɖu sesĩe la nye mɔ siwo dzi nàto aɖe wò gagbegblẽ ɖe aɖu ŋu dzi akpɔtɔ la dometɔ ɖeka. Mɔ bubu si dzi nàgato awɔ esiae nye be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woanɔ woƒe aɖuwo ŋu tutum eye woanɔ aɖu ta me ɖem edziedzi.
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
Míaƒe aɖuwo le wo nɔewo ŋu. Ne aɖuawo dometɔ aɖewo tu ko la, mamleawo megalia ke o, eye wògblẽa nu le bubuwo hã ŋu