INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 5/8 axa 31
  • Xevi si Ƒoa Eƒe Nuléle le Ðoɖoezizi Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xevi si Ƒoa Eƒe Nuléle le Ðoɖoezizi Me
  • Nyɔ!—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Favieʋuto Ƒe Aʋala
    Ðe Wowɔea?
  • Hɔ̃ Ƒe Ŋkuwo
    Nyɔ!—2003
Nyɔ!—1993
g93 5/8 axa 31

Xevi si Ƒoa Eƒe Nuléle le Ðoɖoezizi Me

NE ÈZƆ le ave me le zã me kpɔ la, ɖewohĩ èse xevi siwo ƒoa woƒe nuléle le ɖoɖoezizi me ƒe xɔxlɔ̃ sesĩe kpɔ—woawoe nye favieʋutowo. Ne mede ɖeke o hã la, esi wònye favieʋutowo ƒe ha vovovo 145 ye le xexeame katã ta la, ame akpa gãtɔ te ŋu tena ɖe favieʋutowo ŋu vie sea eƒe xɔxlɔ̃. Àte ŋu akpɔ favieʋuto si de biabiã ge si bɔ la le Amerika-nyigbawo katã, Europa, Afrika kple Asia ƒe akpa geɖewo, kple Tasmania kpakple Australia ƒe akpa bubuwo hã. Nukae na favieʋuto la to vovo?

Gbã la, eƒe mo kple ŋkuwoe. Woƒe ha ɖesiaɖe ƒe mo le vovovo, eye zi geɖe la, eƒe “ta lolo hekeke gbadzaa eye eƒe mo si fu le kedzekedze la ɖi agba. . . . Enana favieʋuto la sea nu kaba.” (The World Book Encyclopedia) Nusi na favieʋuto ƒe ŋkuwo to vovo na xevi akpa gãtɔ ƒe ŋkuwo enye be eƒe ŋkuwo dzea ŋgɔ tẽ; mate ŋu atro wo le tome o. Eyata ehiã be favieʋutowo natrɔ kɔ akplɔ nusiwo le zɔzɔm la ɖo. Eye wote ŋu trɔa woƒe kɔ godoo va kpena kloe!

Favieʋuto siawo siwo ƒoa woƒe nulélewo ƒe akpa ɖedzesi bubue nye woƒe fu ƒe wɔwɔme si na wodzona esi mase gbeɖiɖi aɖeke o. Ne wokpɔ woƒe nuléle kple ŋku alo se eŋkɔ kple woƒe to ɖaɖɛa la, wote ŋu ƒoa nusi wodi be yewoalé la le ɖoɖoezizi me. Wogblɔ be wole “xevi siwo ɖea vi na agbledelawo wu” la dome le esi wowua lã siwo gblẽa agblemenukuwo ta.

Book of North American Birds gblɔ be: “Wobu . . . favieʋuto siwo le xexeame katã le ameƒomevi ɖesiaɖe me be wonye xevi siwo fiaa afɔku aɖe ƒe dzɔdzɔ kple ku si gbɔna ame wu ge ƒe dzesi.” Ƒe alafa 14 lia me Eŋlisi hakpanyaŋlɔla si ŋkɔe nye Geoffrey Chaucer yɔ favieʋuto si ƒe fu de biabiã ge be “fukpekpe kple dzɔgbevɔ̃e gblɔɖila.” Biblia la ƒo nu tso favieʋuto ŋu le mawunyakpukpui 7 me, kple le Yesaya ƒe nya si wògblɔ ku ɖe Babilon ƒe aƒedowo ‘siwo yɔ fũ kple favieʋutowo’ ŋu la me.—Yesaya 13:21.

Favieʋuto ƒomevi aɖe te ŋu ɖua nu ŋutɔ. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, xevi sia saa agba hedzea amesiwo ɖɔ kuku siwo wotsɔ fu wɔe la dzi, ɖewohĩ ebua kuku la be enye lã aɖe si yealé”! Togbɔ be wobu favieʋuto xevi makɔmakɔe le Mose ƒe Sea te hã la, eƒe wɔwɔme tɔxɛ la kafua Wɔla wɔnuku la.—Mose III, 11:16, 17.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Favieʋuto ƒomevi aɖe—eƒe ŋku le hɔ̃; eƒe to ɖa ŋutɔ eye eƒe dzodzo meɖina wosena o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Fotoawo: Le Green Chimneys Wildlife Rehabilitation Center, Brewster, NY ƒe mɔnana me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe