INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 10/8 axa 10-12
  • Mawusubɔsubɔ ƒe Zitɔtɔ le Netherlands

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawusubɔsubɔ ƒe Zitɔtɔ le Netherlands
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Asiɖeɖe Le Nunɔladɔ Ŋu
  • “Ɣeyiɣi si me Ame Geɖe Do” le Ha la Me
  • Nusitae Wodona le Haa Me
  • Ðe Kristotɔnyenye Nu Ava Yia?
  • Sɔlemeha La—Tɔtrɔwo Kple Tɔtɔ
    Nyɔ!—1993
Nyɔ!—1993
g93 10/8 axa 10-12

Mawusubɔsubɔ ƒe Zitɔtɔ le Netherlands

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Netherlands gbɔ

“ÐE NUNƆLA mamletɔ atsi akaɖiawoa?” Wogblɔa nukokoedonamenya wɔmoya sia le saɖagaxɔwo me le Netherlands. Enye ɣeyiɣi si me saɖagaxɔmenɔla alo nunɔla mamletɔ adzo le saɖagaxɔ mamletɔ si zãm wole le dukɔ ma me la me eye wòana wòatsi ƒuƒlu gbɔgblɔ ɖi. Eye wobia tso esi be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ akaɖiawo ɖi woanɔ xɔxɔ le xɔ si me amewo ʋu le o! Ðe nusia ate ŋu adzɔ vavãa? Ðe afɔku li be nunɔlawo kple woƒe hameviwo maganɔ Netherlands oa?

Asiɖeɖe Le Nunɔladɔ Ŋu

Nunɔlawo ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ ƒe sia ƒe le Katoliko-ha la me. Tso ƒe 1968 vaseɖe ƒe 1978 me la, nunɔlawo ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ 27.2 le alafa me, eye edzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ tso ɣemaɣi ke. Nukatae? Wogblɔ be nusiwo tae dometɔ ɖekae nye trenɔnɔ zizi ɖe amewo dzi. Le ƒe 1970 me la, Dukɔa ƒe Nunɔlawo ƒe Aɖaŋuɖoha tso nya me be “ele be woate fli ɖe srɔ̃maɖemaɖe ƒe nudidi si wobia hena ame ƒe nunɔladɔ wɔwɔ ƒe sedede la me.” Netherlands ƒe bisiɔpwo susui be hamevi dovevienuwoe wòaɖe vi na ne nunɔla siwo ɖe srɔ̃ la ate ŋu asubɔ wo. Gake Papa Paul VI gbe nukpɔsusu ma ŋusẽtɔe. Ðikeke mele me o be esia nye susu siwo ta nunɔla 2,000 kple edzivɔ ɖe asi le nunɔladɔ ŋu emegbe le ƒe 1980 ƒe gɔmedzedze me eye amesiwo va zua nunɔlawo ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ la dometɔ ɖeka.

Esi Papatenɔla Alfrink si megali o nɔ nu ƒom tso nunɔlawo ƒe vɔvɔ le Netherlands ŋuti la, eɖo ŋku ɣeyiɣi si me esi papa ƒe amedɔdɔ aɖe nɔ ŋku lém ɖe nunɔlawo ƒe suku aɖe ŋu le papatenɔla ƒe aƒea ŋkume la, edo ɣli bia eɖokui nusitae bisiɔpwo adzudzɔ xɔ dzeani siawo zazã. Papatenɔla la ɖo eŋu be: “Ewɔ abe màse egɔme o ene. Bisiɔpwo metɔ te nunɔlawo ƒe sukua aɖeke o; eƒe ʋɔwo koe wotu esi sukuviawo dzo.”

Menye nunɔlawo koe le dodom le sɔlemeha la me le Netherlands o, ke boŋ woƒe hameviwo hã le dodom. Eye esia menye nu yeye o. Le ƒe 1879 me la, amexexlẽ ɖee fia be amesiwo menye sɔlemeha aɖeke me tɔwo o ƒe xexlẽme mede 1 le alafa me o. Le ƒe 1920 me la, dukɔa me viwo dometɔ 8 kloe le alafa me gblɔ be yewomele ha aɖeke me o. Le ƒe 1930 me la, xexlẽmea dzi ɖe edzi ɖo 14.4 le alafa me. Kaka ƒe 1982 naɖo la, edzi ɖe edzi ŋɔdzitɔe ɖo ame 42 le alafa ɖesiaɖe me, eye numekuku si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be Netherlandtɔ siwo wu 51 le alafa ɖesiaɖe me mele ha aɖeke me o.

“Ɣeyiɣi si me Ame Geɖe Do” le Ha la Me

Nusi gaɖe dzesi gɔ̃ hã wu hameviwo ƒe vɔvɔe nye amesiwo le ha aɖe me ƒe sɔlemedede si dzi ɖe kpɔtɔ. Le ƒe 1988 me la, tanya aɖe dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye De Telegraaf be “Ɣeyiɣi si me Ame Geɖe le Dodom le Ha la Me.” Nyadzɔdzɔgbalẽ la gblɔ be: “Ne womu sɔlemexɔ aɖe la, megadoa voɖi na ame aɖeke o. Sɔlemedelawo dzi le ɖeɖem kpɔtɔ ŋɔdzitɔe. Menye Katoliko-ha la me ɖeɖekoe o, ke boŋ le Sɔleme Siwo Wogbugbɔ Ðɔ Ðo kple Kalvin-hawo hã mee. Ne nɔnɔme sia yi edzi la, le dzidzime ʋee aɖewo siwo ava me la, ame aɖeke magade sɔleme azɔ o.”

Nyadzɔdzɔgbalẽ la yi edzi gblɔ be Roma Katoliko-ha la mee amewo gale dodom le wu. Egblɔ be le ƒe 1965 me la, Netherlands Katolikotɔ siwo ade 60 le alafa ɖesiaɖe me gakpɔtɔ dea Misa. Le ƒe 1975 me la, xexlẽmea va ɖo 28 le alafa me. Le ƒe ʋee siwo va yi me la, eɖiɖi va anyi wòle ʋee wu 16 le alafa me.

Amewo ƒe sɔlemedede si dzi ɖe kpɔtɔ gblẽ nu le sɔlemexɔwo ŋu, esi na wotua wo ne womegate ŋu le ga kpɔm tso woƒe hamevi siwo le vɔvɔm gbɔ be woatsɔ akpɔ wo dzadzra ɖo kple sɔlemewɔwɔ ŋu gazazãwo gbɔe o. Eyata womu sɔlemexɔ geɖewo alo dzra wo be woawɔ nu bubuwo le eme. Ame ʋee aɖewo koe wòwɔa mo yaa na egbea ne woge ɖe sɔlemexɔ aɖe me eye wokpɔe be wotrɔe wòzu blemanudzraɖoƒe, gasɔdzraƒe, lãmesẽfefexɔ, fefewɔƒe, seƒoƒodzraƒe, nuɖuɖudzraƒe, alo aƒewo.

Eyata mewɔ mo yaa o be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo gblɔna be afɔku aɖe le etsɔ me gbɔna. Esi Papa John Paul II yi Netherlands la, bisiɔp aɖe gblɔ be: “Papa la srã ame kuku, alo dɔnɔ aɖe si ɖo kudo nu si susu be yegale agbe la kpɔ.”

Nusitae Wodona le Haa Me

Nu yeye aɖewo gbɔe amewo ƒe dodo le ha me kabakaba la tso. Wo dometɔ aɖee nye bubumademade ŋusẽ ŋu. Amewo megale lɔlɔ̃m be yewoalɔ̃ ɖe nuwo dzi le esi wònye amesi le gblɔm na wo be woawɔe la nye ŋusẽtɔ ta o. Nusi kpe ɖe esia ŋue nye alesi wotea gbe ɖe ame ŋutɔ ƒe ablɔɖe dzii. Egbea la, amewo di be yewo ŋutɔwo yewoatso nya me le nusi dzi yewoaxɔ ase kple alesi yewoawɔ nui la ŋuti.

Wogblɔ be nu eve bubu siwo gbɔ hãe wòtsoe nye ŋusẽ si nyakakamɔnuwo kpɔna ɖe ame dzi kple alesi womegakana ɖe habɔbɔwo dzi egbea o ƒe nɔnɔme. Amewo sena le ɖokui me hã be habɔbɔ siwo woɖo la xɔa ablɔɖe le ame si eye woxea mɔ na nusi dze ame ŋutɔ ŋu la wɔwɔ. Hekpe ɖe eŋu la, ne mawusubɔsubɔ ƒe gbɔgbɔ kpɔtɔ le amewo me gɔ̃ hã la, nɔnɔmewo aƒoe ɖe wo nu be woado le woƒe hawo me. Le kpɔɖeŋu me, madzɔ dzi na sɔlemehamevi siwo ƒe susu le blemakɔnuwo ŋu le sɔlemeha si me osɔfo alo nunɔla dina be yeatrɔ nuwo le la o. Eye sɔlemedela siwo bua egbegbenuwo ŋu kpɔe be yewotɔtɔ le sɔlemeha siwo léa blemakɔnuwo me ɖe asi me.

Le Protestante-hawo gome la, Kalvin-ha la xɔ ŋkɔ tso gbaɖegbe ke le tsigãdzigbenɔnɔ me léle ɖe asi me. Eyata ame geɖewo ɖi vo esime Netherlands ƒe Kalvin-ha ƒe Aɖaŋuɖoha ƒoe ɖe nutoa me sɔlemehawo nu le ƒe 1979 me be woaxɔ ŋutsu siwo dɔa wo havi ŋutsuwo gbɔ ɖe gbɔgbɔmeƒomedodo me kple Mawu kple ɖe mawunyagbɔgblɔdɔa me. Le ƒe 1988 me la, dukɔwo dome Kalvin-hawo ƒe Ðekawɔwɔɖaŋuɖoha bia tso Kalvintɔwo siwo le Netherlands si be woagbugbɔ tame abu le nya la ŋu, gake aɖaŋuɖoha la ɖo du ɖa be yewomate ŋu atrɔ nyametsotso la o. Le ƒe 1989 me la, Netherlands Sɔlemeha si Wogbugbɔ Ðɔ Ðo ƒe aɖaŋuɖoha hã da akɔ tsɔ tsi tre ɖe to ɖesiaɖe si woagblɔ be yewoahe na ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo la ŋuti. Bu alesi Protestantɔ “tsigãdzinuwɔlawo” ase le wo ɖokui me esime Kalvintɔwo ƒe osɔfo aɖe si dɔna kple ŋutsuwo gblɔ le sɔleme be “ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ nye Mawu ƒe nunana; Mawu hã kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu” la ŋuti kpɔ!

Ðe Kristotɔnyenye Nu Ava Yia?

Le nya siwo míegblɔ va yi kple nu bubu geɖewo ta la, ɖe wòwɔ mo yaa be ame gbogbowo le dodom le Netherlands-sɔlemehawo kple esiwo le dukɔ bubu geɖewo me la mea? Le nyateƒe me la, amesiwo bua nu ŋu ƒo nya ta gɔ̃ hã be ɖewohĩ womate ŋu akpɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ le afi aɖeke o. Ðe Kristotɔnyenye nu ava yi mlɔeba?

Biblia la gblɔ amewo ƒe dodo le Kristodukɔa kple subɔsubɔha bubuwo me le míaƒe ŋkekea me ɖi. (Nyaɖeɖefia 16:12; 17:15) Gake egagblɔ ɖi hã be ame aɖewo ado le alakpasubɔsubɔha me le tameɖoɖo nyui aɖe ta ke menye le dzidzememakpɔmakpɔ alo dziɖeleameƒo ta o. Biblia ƒe nyagblɔɖi xlɔ̃ nu be: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bena miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o.” (Nyaɖeɖefia 18:4) “Eƒe” si woyɔ le afisia nye subɔsubɔha ƒe kpɔɖeŋugbolo, si nye Babilon Gã la si me xexeamesubɔsubɔhawo katã, kple egbegbe Kristodukɔa me tɔwo hã le. “Nye dukɔ” si woyɔ la nye nyateƒea dila moveviɖola siwo dona le Babilon Gã la me le esi wodina be yewoasubɔ Mawu le mɔ si Yesu fia nu la ta. Kristodukɔa de megbe xaa tso Kristotɔnyenye vavãtɔ gbɔ ale gbegbe be ele be amesiwo lɔ̃a nu dzɔdzɔe nado le eme hafi woasubɔ Mawu wòadze eŋu.

Kristotɔnyenye vavãtɔ le agbe eye wòle dzidzim ɖe edzi le Netherlands kple le xexeame godoo. Togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le Yehowa Ðasefowo ŋu hã la, wole wɔwɔm ɖe Kristo ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo dzi. Womedi tso asiwò be nàxɔ nyagbɔgblɔ ma dzi ase ko numekuku aɖeke mawɔmawɔ o. Nukatae màdzro Ðasefoawo ƒe dzixɔsewo me akpɔ le Biblia la me eye wò ŋutɔ nàkpɔe o. Srɔ̃ nu tso Kristotɔnyenye si ŋudɔ Yesu ƒe apostoloawo wɔ, esi tsi tre ɖe nusi Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo fia hewɔ ƒe alafa geɖe la ŋuti. Abe alesi apostolo Paulo ɖe emee ene la, esia ahe “agbe, si li fifi kple esi le vava ge” ƒe yayrawo vɛ na wò.—Timoteo I, 4:8.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10, 11]

Fifia wozãa sɔlemexɔ geɖe siwo le Europa la tsɔ wɔa xexeamenuwoe. Axa 10: Ʋudaɖoƒe aɖe si le Netherlands. Axa 11: Amesiwo xɔ dzudzɔ le dɔ me ƒe takpexɔ, dɔwɔƒe, ŋutsuviwo ƒe habɔbɔ, kple sɔlemexɔ si me womegale sɔleme wɔm le o le Penygraig, Wales

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe