INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 10/8 axa 26-27
  • Ðe Afɔku le Akunyawɔwɔ Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Afɔku le Akunyawɔwɔ Mea?
  • Nyɔ!—1993
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akunyawɔwɔ ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi le Ŋutinya Katã Me
  • Akunyawɔwɔ Ƒomevi Etɔ̃ Siwo Li
  • Ðe Afɔku le Eme na Kristotɔwoa?
  • Nyateƒe si Ku Ðe Dzosasa, Afakaka, Kple Adzewɔwɔ Ŋu
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Dzosasa Kple Adzewɔwɔ Menyo O
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nusi Wòle Be Nànya Tso Adzewɔwɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nusi Mele Nyanya O la Didi to Kunyawɔwɔ Kple Gbɔgbɔyɔyɔ Dzi
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 10/8 axa 26-27

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Afɔku le Akunyawɔwɔ Mea?

‘AKUNYAWƆWƆ ƒe nuwɔna xɔ teƒea katã. Enumake ʋuƒoƒo ƒe ɖiɖi gblẽ ɖoɖoezizia me. Amesiame fɔ ŋku ɖe ŋutsu eve siwo le awu me siwo lé tu ɖe asi la dzi dũ. Esi wotsɔ woƒe tuwo ɖo abɔta la, wodzidzee ɖe Chinatɔ akunyawɔla si do awu ʋlaya gã aɖe la dzi. Etsɔ agba aɖe si woyɔna be sasaŋugbɛgba xe akɔta. Tuawo ɖe gbe zi ɖeka kple dzokeke. Enumake akunyawɔlaa dze anyi eye ʋu nɔ dodom le eŋu bɔbɔbɔ. Agba si wotsɔ xɔa tukpeawoe ƒe ameflunu la trɔ zu afɔku.’ Nane si gblẽ le tuawo dometɔ ɖeka me na tukpea da va ŋɔ akunyawɔla la ƒe akɔta. Aleae agbalẽ si nye Henry Gordon’s World of Magic gblɔ.

Agbe ƒe nunana dome gbegblẽ kae nye si—wowɔ esia katã le dzidzɔ, vivisese, kple modzakaɖeɖe si wokpɔna le akunyawɔwɔ ma tɔgbe me ɖeɖeko ta. Nenemae nèwɔa nuia? Alo ɖe wòwɔ na wò be ɖeko wònye afɔku si le fefe ma tɔgbe wɔwɔ me ƒe akpa aɖea? Eɖanye alekee nàɖo eŋui o, esi ameflunu sia medze edzi o la, ewu ame afɔkutɔe. Ana míabia be: Ðe afɔku si menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o le akunyawɔwɔ mea? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, na míakpɔ teƒe siwo blemanu sia dzɔ tso ɖa.

Akunyawɔwɔ ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi le Ŋutinya Katã Me

Tso ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, akunyawɔwɔ ƒe nya ɣaɣla la wɔ dɔ ɖe amegbetɔ dzi eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Woɖe Eŋlisigbe me nya “magic” tso ŋkɔ “magi,” si nye blematrɔ̃nuawo dometɔ ɖeka si bi ɖe gbɔgbɔyɔnuwɔnawo me la me. Le akunyawɔwɔ ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu la, enye agbagbadzedze be woakpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo alo vivimeŋusẽ triakɔwo dzi alo woazi wo dzi be woakpe ɖe amegbetɔwo ŋu. Trɔ̃nua siwo nye akunyawɔlawo nɔ Egipte le ƒe alafa 18 lia D.M.Ŋ. me. Akunyawɔwɔ hã wɔ akpa vevi aɖe le blema Kaldeatɔ siwo nɔ Babilon ƒe subɔsubɔ me le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me. (Mose I, 41:8, 24; Yesaya 47:12-14; Daniel 2:27; 4:7) Ŋusẽkpɔɖeamedzi sia xɔ aƒe ɖe blema Helatɔwo kple Romatɔwo dome vaseɖe Titinaɣeyiɣiwo me eye wòyi edzi va ɖo míaƒe ƒe alafa 20 lia sia me.

Woate ŋu abu akunyawɔwɔ ƒomevi vovovo siwo li la ɖe mɔ geɖewo nu. Robert A. Stebbins mã akunyawɔwɔ ɖe hatsotso etɔ̃ me le eƒe agbalẽ si nye The Magician me.

Akunyawɔwɔ Ƒomevi Etɔ̃ Siwo Li

Vivimekunyawɔwɔ nye “gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nyagbɔgblɔ aɖe.” Egblɔ be “nudzɔdzɔ alo nuwɔna siwo tsi tre ɖe nunyanya alo dzɔdzɔmeŋutinunya me sidzedze ŋu” wonye “nyateƒe alo nusi ŋu asixɔxɔ le.” Stebbins yi edzi ɖe nu me be “vivimekunyawɔwɔ” nye “dzosasa, . . . adzewɔwɔ, nukunuwɔwɔ, eye le nɔnɔme aɖewo me la, enye mawusubɔsubɔ ƒe mɔnu.”

Le amebaba me akunyawɔwɔ gome la, “ewɔlawo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe alesi nukpɔlawo kpɔa nui la dzi alo wɔa eŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu hena woa ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ.” Wonya be amewo flum yewole, gake Stebbins gblɔ be “wodea dzi ƒo na akunyawɔwɔ teƒekpɔlawo be woaxɔ nu bubu aɖe dzi ase—be woaxɔe ase be yewo akunyawɔlawo la, vivimeŋusẽ siwo kɔkɔ wu amegbetɔwo tɔ le yewo si alo kadodo tɔxɛ aɖewo le yewo kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo si ŋusẽ triakɔ le la dome.”

Taɖodzinu si le Modzakaɖeɖe me akunyawɔwɔ ŋue nye be yeana amewo ƒe nu naku to beble si awɔ dɔ ɖe wo dzi vevie me. Mɔnu vevi atɔ̃ siwo de nu wo nɔewo me ye le eŋu: “ayemenu siwo wowɔna le fefewɔƒe, akunya si wowɔna le ame ʋee aɖewo ŋkume, asi tsɔtsɔ aflu amee, ameflunuwo wɔwɔ, kple nusi susum ame le gbɔgblɔ nɛ.”

Ðe Afɔku le Eme na Kristotɔwoa?

Mina míalé ŋku ɖe vivimekunyawɔwɔ si gɔme menya sena o la ŋuti kpɔ. Wowɔa vivimekunya le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, Satanasubɔlawo li siwo wɔa akunya si woyɔna be “vɔ̃ɖitɔ” kple esi woyɔna be “nyuitɔ” siaa ŋudɔ. Akunyawɔwɔ ƒe vɔ̃ɖitɔ ƒe ɖewoe nye dzosasa, gbesa tɔxɛwo, kple ŋkuvɔ̃e tsɔtsɔ ahe dzɔgbevɔ̃e vɛ na ame ƒe futɔwo. Gake wotsɔa akunyawɔwɔ “nyuitɔ” ya hea nu nyuiwo vɛ to dzoɖuame kple gbesawo me gbegblẽ me. Ke hã la, wo katã wonye gbɔgbɔyɔyɔ alo vivimenuwɔwɔ ƒe nyagbɔgblɔwo. Wowɔa vivimekunya ŋudɔ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã be woatsɔ axa nuku nyuiwo alo be woatsɔ aɖu dzi le lãmesẽfefehoʋiʋli aɖe me. Gake Biblia gblɔ kɔtee le gbɔgbɔyɔyɔ me akunyawɔwɔ sia tɔgbe ŋu be: “Migaka afa o, eye migasa dzo o.”—Mose III, 19:26; Mose V, 18:9-14; Dɔwɔwɔwo 19:18, 19.

Afikae afɔku le le amebaba me akunyawɔwɔ me? Ne míaƒo nu tso wo dometɔ ʋee aɖewo ŋu la, asiƒomefakalawo, afakalawo, kple xɔsegbedalawo wɔa amebaba me akunyawɔwɔ ŋudɔ tsɔ dia woa ŋutɔwo ƒe viɖewoe. Ðe wometo woƒe dɔwɔna me tsɔ aʋatsokaka wɔ woƒe agbenɔnɔe oa? Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Migasẽ nu o, eye ame aɖeke megable nɔvia o.”—Mose III, 19:11.

The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Le go aɖewo me la, akunyawɔwɔ ƒe nuwɔnawo anye gbɔgbɔwo dzi zizi.” Ðe míadi be gbɔgbɔ vɔ̃wo nahe afɔku ava mía dzi to mía ɖokui ƒoƒo ɖe nuwɔna ma me le mɔ̃ si mele tẽ o gɔ̃ hã dzia? Ne míena mɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo la, woate ŋu agblẽ nu le mía ŋu eye woagblẽe hã. Wodia ‘ɣeyiɣi si sɔ na wo’ eye wole agbagbadzedze dzi vevie ɣesiaɣi.—Luka 4:13; Yakobo 1:14.

Amebeble kple amefuflu ƒe aɖaŋuwɔla gãtɔ menye ame aɖeke tsɔ wu Satana Abosam o. Ele amefluɖaŋunu sia wɔwɔ dzi tso esime wòwɔe zi gbãtɔ le amegbetɔ aɖe ŋkume le Eden-bɔa me. (Mose I, 3:1-19) Kristotɔ kae adi be yeanɔ abe eyama ene? Le ema teƒe la, woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woanye “mawusrɔ̃lawo” eye ‘woabɔbɔ wo ɖokui na Mawu; gake woatsi tre ɖe Abosam ŋu.’—Efesotɔwo 5:1; Yakobo 4:7.

Gake ame akpa gãtɔ tsɔa nya “akunyawɔwɔ” kuna ɖe modzakaɖeɖe ŋuti. Ame ate ŋu awɔ ameflunuwo kple eƒe asi le esi wònya be asi te ŋu tsɔna wua ŋku ƒe nukpɔkpɔ zi geɖe ta. Ðewohĩ se aɖeke mele Biblia me si tsi tre ɖe nusia wɔwɔ ŋu o. Gake ne akunyawɔwɔ aɖe si menye vavãtɔ o li wowɔna la, ɖe Kristotɔ adi be yeawɔ nu ne woasusu be vivimeŋusẽ triakɔ si me womate ŋu aɖe o le ye sia? Alo ne wotoa “akunyawɔwɔ” ƒe nuwɔna me nana ame bubuwo susua nusi menye nyateƒe o la, ɖe Kristotɔ adi be yeatsri modzaɖeɖe ma tɔgbe bene yemaganye nukikli na ame bubuwo oa? (Korintotɔwo I, 10:29, 31-33) Hekpe ɖe eŋu la, afɔku gã aɖe li be azu tetekpɔ na amea be wòawɔ nusi de ŋgɔ wu ema eye wòaƒo eɖokui ɖe akunyawɔwɔ ƒe aɖaŋunuwo wɔwɔ me vĩi.

Eyata le akunyawɔwɔ si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ kɔtee gome la, Kristotɔ vavãwo tsɔa nunya ƒoa asa nɛ. Gawu la le Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa—eɖanye le dɔwɔɖui, fefe, alo modzakaɖeɖe me o—la, adi be ‘yealé dzitsinya nyui me ɖe asi,’ esi nye dzitsinya si meɖea mɔ ɖe nuvɔ̃wɔwɔ ɖe Mawu alo amegbetɔ ŋu la ŋuti o.—Petro I, 3:16; Dɔwɔwɔwo 24:16.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

The Bettmann Archive

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe