Sɔhɛwo Biana Be . . .
Aleke Mawɔ Anɔ Anyi Kple Dzinyela Siwo Doa Dziku Kabakabaa?
CLAUDIA gblɔ be: “Nye kuxi lae nye be nu vea danye eye wòdoa dziku.a Gbeɖeka ebia alesi nye saŋkuƒoƒosɔsrɔ̃a le edzi yimee lam. Ðeko meɖo eŋu be ele edzi yim nyuie eye meyi xɔ me va le saŋkua ƒom. Danye va xɔa me, eye wògblɔ dzikutɔe be mewɔ nu amemabumabutɔe ko gatrɔ dzo kple dzikua. Mebi dzi tu saŋkua gbla sesĩe eye mesi du ge ɖe nye xɔ me. Azɔ danye va he nya ɖe ŋunye kple ɣli le esi metu saŋkua sesĩe ta.”
Dzilawo ate ŋu akpɔ dziku kabakaba ne dzi mele wo dzɔm o. Awɔ na wò ɣeaɖewoɣi be ele be yeanya zɔzɔ na wo, eye nàlé blanui ahanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woagahe nya ɖe ŋuwò, ado ɣli ɖe tawò, alo ado ŋukpe wò kura gɔ̃ hã. Gake esɔ le dzɔdzɔme nu be dzilawo nado dziku ɣeaɖewoɣi. Esia tsoa nuteɖeamedzi, nutikɔname, lãmegbegblẽ, kple agbemenyawuamewo gbɔ.b Nusia gɔme sese akpe ɖe ŋuwò be nàse veve ɖe dziwòlawo nu. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 19:11.) Gake esia metrɔ nyateƒe si wònye be wo gbɔ nɔnɔ asesẽ ɣeaɖewoɣi la o. Nukae nàte ŋu awɔ be nuwo naka ɖe eme?
Dzesi Siwo Nàkpɔ
Lododowo 24:3 gblɔ be: “Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee.” Le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose sia la, nusi nàte ŋu awɔ ƒe ɖee nye be nàdze agbagba anya ɣeyiɣi si me dzi medzɔa dziwòlawo o. Hakpala la gblɔ tso alesi eya ŋutɔ lé blanui ŋu be: “[Mèlé blanui] le yiyim ŋkekeawo katã.” (Psalmo 38:7) Amesi léa ŋku ɖe nu ŋu akpɔe kokoko adze sii be nane nɔ fu ɖem nɛ! Nenema ke dzesi siwo ana wòadze na wò ƒã be dzi mele dziwòla dzɔm o la adze le eŋu.
Eyata sɔhɛwo ƒe agbalẽ si nye The Kids’ Book About Parents ŋlɔlawo ƒo dzesi siwo bɔ siwo ana sɔhɛwo nanɔ ŋudzɔ la nu ƒu. Nusiwo wode dzesii la dometɔ aɖewoe nye dzilawo ƒe ‘nuɖuɖu fũ, numaƒomaƒo, xɔɖoɖo kaba, gbemadomado na ame ne wogbɔ tso dɔme gbɔ, gbedada ɖe amesiame gbɔ, wò biabiawo ŋu maɖomaɖo,’ kple ‘television kpɔkpɔ gake woƒe susu nanɔ afi bubu.’ Le ƒome bubuwo me la, ɣeyiɣi aɖewo li koŋ siwo me dzi medzɔa dzilawo o—abe le xɔfexeɣiwo ene. Eɖanye nɔnɔme kae o, ne èléa ŋku ɖe nu ŋu la, àte ŋu akpɔ dzesi siwo ana nànya zɔzɔ na wò ŋutɔ dziwòlawo.
‘Ðe Nane Le Fu Ðema?’
Ekema nukae nàwɔ ne èkpɔ be dzi mele dziwòla dzɔm o? Àgbe nuƒoƒo na dziwòlawoa? Ðewohĩ mahiã o. Lododowo 15:20 gblɔ be: “Vi nyanu doa dzidzɔ na fofoa.” Esia mefia be nàdro dziwòlawo ƒe kuxi siwo ŋu ame tsitsiwo ko ate ŋu awɔ nane le la o, elabena ele be dzila ɖesiaɖe “natsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Gake àte ŋu atsɔ ɖe le eme na wo ya teti. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia ŋuɖɔɖotɔe be: ‘Ðe nane le fu ɖem na wòa?’ (Tsɔe sɔ kple Nexemya 2:1, 2.) Ðewohĩ nu vi aɖe ko nàte ŋu awɔ be nɔnɔmea natrɔ alo màte ŋu awɔ naneke kura le eŋu o, gake woakpɔ ŋudzedze ɖe alesi nètsɔ ɖe le woƒe nɔnɔmea me lɔlɔ̃tɔe la ŋu.
Aleae sɔhɛ si ŋkɔe nye Kama la kafui be woawɔ nui ne dzila si dzi kuna kabakaba gbɔ va aƒea me: “Ne èdo gbe na dziwòlawo vɔ la, dzo yi wò xɔ me vie, vaseɖe esime woƒe mo dze anyi. Azɔ nàdo va abia nusi le fua ɖem na wo kple alesi nuwo yi edzi le woƒe dɔmee la wo. . . Kpɔ ɖa be ɖe wodi be nàwɔ nane na yewo hã.” Ɣeaɖewoɣi la, ɖetsɔleme alo lɔlɔ̃ si hiã si nàɖe afia dziwòla ma awɔe be eƒe dzikua nu nafa.
Ðk. Joyce Vedral ƒo nu tso alesi nyɔnuvi ƒewuivi si ŋkɔe nye Deena wɔ nu ɖe dadaa ƒe dzikudodo ŋui la ŋuti ɖe eƒe agbalẽ si nye My Parents Are Driving Me Crazy me. Deena gblɔ be: “Esi mèdo go [tso nye xɔ me] eye mèkpɔ be adã le mo nɛ la, mewɔ atuu nɛ sesĩe hafi wòawɔ nu atsɔ atɔ tem. Azɔ megbugbɔ nu nɛ hegblɔ be, ‘Danye, melɔ̃ wò.’ Àte ŋu akpɔ alesi eƒe adãɖoɖoa nu afa—enumakee le susu me.” Ðk. Vedral ƒo eta be: “Ame dzila ƒe dzikudodo gbɔkpɔnu si de blibo enye lɔlɔ̃ . . . Lɔlɔ̃ ate ŋu afa adã si le mo na ame nu. Biblia gblɔe ale: “Lɔlɔ̃ la tua ame [ɖo].”—Korintotɔwo I, 8:1.
Gake ɣeaɖewoɣi la, adze abe wò koŋ ŋu ye dziwòlawo do dzikua ɖo ene. Ne mèse nusita wodo dzikua ɖo la gɔme o la, dze agbagba nàna dziwòlawo naƒo nu tso nusi le dzi ɖum na wo la ŋuti ne woakɔ dzime agblɔ nusi le dzi kum na wo la na wò. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 20:5.) Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbivi si ŋkɔe nye Ruth de dzesii be ye kple ye fofo dome “va le gbegblẽm” eye wòhea nya susumanɔmetɔe le dzesi siwo wòxɔ le eƒe sukudɔdasiwo me la ŋu.” Le ƒomea ƒe “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” ƒe nyati aɖe me dzodzro vɔ megbe la, Ruth bia nusi nɔ fua ɖem la fofoa. “Míeva de dzesii be esi wònye ɖe wozii ɖe Papa dzi be wòdzudzɔ sukudede ta la, edi be yeakpɔ dzidzedze to ye viwo dzi. Edi be míaxɔ nyatakaka nyuiwo ɖe míaƒe dodokpɔgbalẽviwo dzi.” Ne Ruth xɔ dzeside siwo ɖiɖi ɖe anyi wu alesi wònɔ mɔ kpɔmee la, edoa dziku. Nukae do tso woƒe numedzodzroa me? Egblɔ be: “Ekpe ɖe ŋunye be mètsɔa eƒe nukpɔsusu kpɔa nuwoe.” Fofoa hã awɔ ɖɔɖɔɖo aɖewo tso alesi wòbua tamee la ŋu kokoko. Ruth ka nya ta be: “Nuwo va le ɖɔɖɔm ɖo.”
Ne wò hã èɖo dze sia ƒomevi kple dziwòlawo la, àva de dzesii be susu nyuiwo li siwo ta wodoa dziku ɖe ŋuwò ɖo. Ate ŋu anye nu sue aɖe ko abe aƒemedɔdasi aɖe wɔwɔ si nèŋlɔ be ene. Lododowo 10:5 ɖo ŋku edzi na mí be: “Amesi ƒoa nu ƒu le dzomeŋɔli la, vi nyanue; amesi dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi wɔŋukpenanue.” Ðewohĩ kutri si nàgaku wu awɔ nu geɖe le dziwòlawo ƒe dzikua nu fafa me.
Wɔ Nu Le Aɖaŋu Me!
Gake ɣeaɖewoɣi la, ɖekoe ema maɖe mɔ na dzilaa be wòaɖo dze o, eye agbagba ɖesiaɖe si nàdze be yeade dzi ƒo nɛ ne wòaƒo nu la na wòado dziku alo wòatsi tre ɖe ŋuwò. Ke nukae nàwɔ azɔ? Biblia gblɔ alesi Dawid wɔ te ŋu nɔ te ɖe dzikudodo ƒe nɔnɔme sia tɔgbe nu esime wònye sɔhɛ la na mí. Dawid nye haƒola nɔ Fia Saul ƒe fiasã me le eƒe ɖekakpuime. Ke adã ɖoa mo na Saul ya kpata eye wòwɔa dzikunu. Eyata gbeɖeka la, Saul da akplɔ be yeatɔ Dawid ate ɖe gli ŋu! Gake kpɔ nusi Biblia gblɔ tso Dawid ƒe zɔzɔme ŋu le Samuel I, 18:14 la ɖa: ‘Dawid wɔ nu le aɖaŋu me le nusianu me, eye Yehowa nɔ anyi kplii.’
Dzila ʋee aɖewo koe doa dziku kaɖikaɖi kaba abe Fia Saul ene. Ke hã la, ahiã be nàdze aye ne èle wo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ Sam gblɔ be: “Fofonye menye Kristotɔ o, eye wònɔa adãwɔwɔ dzi! Ne edo dziku la, edzea nyahehe gɔme kple ɣli bobobo megbemakpɔmakpɔe. Ele be nàlé ŋku ɖe nusi gblɔm nèle kple nusi wɔm nèle la ŋu. Ele be nàdze agbagba be yemado dziku nɛ o.” Biblia gblɔe ale: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.”—Lododowo 22:3.
Esia mefia kokoko be nàgbe dzeɖoɖo kple dziwòlawo o. Dze agbagba nàwɔ nu lɔlɔ̃tɔe eye nàwɔ ɖeka kpli wo alesi nàte ŋui. Ne ètsɔ biabia siwo mehiã o alo kuxi suesue siwo me miate ŋu adzro emegbe va le fu ɖem na dziwòlawo la, ke èle nya dim na ɖikuiwò. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 15:23; 25:11.) Nyateƒee, ne nu te ɖe wo dzi eye ɖeɖi te wo ŋu la, woase le wo ɖokui me gɔ̃ hã abe ame dzɔdzɔe Hiob ene esime wòbia be: “Ɣekaɣi mianɔ nuxaxa dom na nye luʋɔ . . . ase ɖo?” (Hiob 19:2) Eyata dze nunya nàƒo asa na nusiwo doa dziku na dziwòlawo la wɔwɔ—abe aŋekpetike ɖuɖu anɔ wowóm ɖe tome na wo alo asiŋeŋe ɖe tome na wo ene. Nenema ke wòanye wo ŋu mabumabu ne èʋu wò nyasemɔ̃ wòle ɣli dom sesĩe alo nèʋu television la sesĩe.
Mɔ bubu si dzi nàto awɔ nu nunyatɔe enye be nàxɔ ŋgɔgbe le nuwo wɔwɔ me. Ðe dawò kpɔa dziku ɣesiaɣi ne egbɔ tso dɔmea? Nenye wòe gbɔ va aƒea me gbã la, nukatae màɖo kplɔ̃a, atsɔ gbeɖuɖɔwo aƒu gbe alo nàklɔ agbawo o? Do gbe na dawò lɔlɔ̃tɔe. Nɔnɔme siawo ƒomevi ana aƒeme vava navivi enu. Nyɔnuvi ƒewuivi si ŋkɔe nye Julie xɔ ŋgɔgbe alea. Egblɔ be: “Danye kua sukuviwo yia sukui, eye ɣesiaɣi la etsɔa dziku gbɔna va aƒemee. Eyata megatsɔa ɖeke le eme nam o. Ðekoe mewɔna kpookpookpoo vaseɖe esime eƒe mo dze anyi. Eye meva xɔa ɖeviwo nɛ alo klɔa nane alo wɔa dɔ aɖe nɛ.”
Togbɔ be àdze agbagba be yeaƒo asa na nyaʋiʋli alesi nàte ŋui zi geɖe hã la, nyaʋiʋli aɖe ado mo ɖa godoo ne nu te ɖe dziwòlawo dzi alo wodo dziku. Ne esia dzɔ la, Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màna be nɔnɔmea nado gã ɖe edzi o. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 15:1 gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” Wogana mɔfiame bubu hã ɖe Lododowo 17:27, si xlẽ be: “Amesi mekea nu kplakplakpla o la, sidzedze le esi, eye ame ɖɔŋuɖo enye nugɔmesela.” Ðo ŋku edzi hã be alesi ko dziwòlawo doa dzikui la, nenema ke ɣeyiɣiwo li esiwo me dzi hã dzɔa wo, wokɔa ŋkume ɖe ame ŋu nyuie, eye wokpɔa dzidzɔ be nànɔ yewo gbɔ. De asixɔxɔ ɣeyiɣi siawo ŋu, eye nàwɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ be nàna ƒomedodo nyui nanɔ mia kple dziwòlawo dome. Awɔe be ne wogava bi dzi ɣeaɖewoɣi hã la, enu masẽ akpa o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo dometɔ aɖewo.
b Nyati sia ƒo nu tso dziku si ame akpa gãtɔ dona vevie le dzɔdzɔme nu la ŋu. Dzila siwo dzi nu tena ɖo le blanuiléle vevie, aha alo gbe vɔ̃ɖiwo nono ƒe amesitsitsi ta, alo lãmevee bubuwo alo seselelãme ɖea fu na la ahiã na atikewɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Dzila siwo yia dɔme kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ne wo viwo do alɔ wo le aƒemedɔwo wɔwɔ me