INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 3/8 axa 10-12
  • Aƒe si me Dzidzɔ Le—Afisi Ame Eveawo Wɔ Ðeka Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aƒe si me Dzidzɔ Le—Afisi Ame Eveawo Wɔ Ðeka Le
  • Nyɔ!—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Akpɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Ta!
    Nyɔ!—2001
  • Dzeɖoɖo Nyui Doa Ŋusẽ Srɔ̃ɖeɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Ale Si Nàwɔ Anye Toɖola Nyui
    Nyɔ!—2013
  • Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzedze Le Wò Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Me
    Nyɔ!—2008
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 3/8 axa 10-12

Aƒe si me Dzidzɔ Le—Afisi Ame Eveawo Wɔ Ðeka Le

NE ÈDI BE yeatso aƒe sesẽ si le dedie si me nànɔ wò dzi nadze eme la, xɔtunu kawoe nàzã? Atiea? Anyikpeea? Kpeea? Nusi Biblia-gbalẽ si nye Lododowo kafu lae nye si: “Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesesee wotsɔna lia kee, eye sidzedzee wotsɔna dea kesinɔnu nyui vovovowo me taŋtaŋ.” (Lododowo 24:3, 4) Ẽ, nunya, gɔmesese, kple sidzedzee wotsɔna tsoa aƒe si me dzidzɔ le lae.

Amekae tsonɛ? “Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.” (Lododowo 14:1) Esia le aleae le ŋutsu nyanu si nya be yeate ŋu awɔe be yeƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke eye dzidzɔ nanɔ eme alo be yeana eme nagbɔdzɔ eye wòawɔ nublanui hã gome. Nukawo gbɔe esiawo tsona? Enyo ŋutɔ be egbegbe srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖola aɖewo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖi nunya matrɔmatrɔ si le Mawu ƒe Nya la me, si woŋlɔ ƒe akpe geɖee nye sia la ŋutɔ.

Toɖoɖo: Srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖogbalẽ aɖe gblɔ be: “Nyateƒe, toɖoɖoe nye bubu siwo nàde ame bubu ŋu la dometɔ vevitɔ ɖeka eye ehiã vevie le ƒomedodo si me le kplikplikpli la ɖoɖo anyi kple eƒe anyinɔnɔ ɖaa me.” Lododowo gblɔ be: “Nunyala ƒe dzi dia sidzedze yome.” (Lododowo 18:15) Esi ne woke to ɖi medzena abe alesi wòdzenae ne woke ŋku alo nume o ta la, aleke nàte ŋu aɖee fia srɔ̃wòe be yele to ɖomee? Eɖeɖefiamɔnu ɖekae nye esi woyɔna be nukpɔkpɔ le ahuhɔ̃e me, alo susu tsɔtsɔ kplɔ nya si gblɔm wole ɖo.—Kpɔ aɖaka si le axa 11.

Nusi le ame ƒe dzime la maɣlamaɣla kple alesi mia dome anɔ kplikplikpli: Agbalẽ si nye One to One—Understanding Personal Relationships gblɔ be: “Alesi wonyi míi la wɔe be míete ŋu gblɔa nusi le míaƒe dzime o. Wofia mí tso míaƒe ɖevime ke be míagade nu nya si meka mí o me o—be míagakɔ nu le ga, nusiwo míesusu, míaƒe seselelãmewo, . . . nusianu si ku ɖe mía ŋutɔwo ɖeɖeko ŋu ko dzi o. Nɔnɔme sia gbena vɔvɔ ɖa le mía me, ne ‘míaƒe nu lé dzi na mía nɔewo’ hã. Ne míedzea agbagba ɣesiaɣi be míagblɔ nusi le míaƒe dzi me o la, xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli aɖeke mate ŋu anɔ mía dome o.” Lododowo gblɔ be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖo tsia akpo dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.”—Lododowo 13:10; 15:22.

Nuteƒewɔwɔ kple ame nɔewo dzixɔxɔse: Ŋutsua kple nyɔnua ka atam le Mawu ŋkume be yewoawɔ nuteƒe. Ne srɔ̃tɔawo xɔ wo nɔewo dzi se eye woku ɖe wo nɔewo ŋu goŋgoŋ la, susuvɔ̃bubuɖeameŋu, dada, hoʋiʋligbɔgbɔ, kple didi vevie be ye tɔ gome nasu ye si pɛpɛpɛ mezua agba ɖe lɔlɔ̃ dzi o.

Gomekpɔkpɔ le nuwo me ɖekae: Ne woto nɔnɔme vovovowo me ɖekae la, edoa ŋusẽ ƒomedodo si anɔ ame kple ame dome. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, atsu kple asia ato nɔnɔme vovovo me ɖekae si wo ame evea abu nu xɔasii. Mava woƒe tame kura be yewoagblẽ xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe nublanu ma me gbeɖe o. “Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.”—Lododowo 18:24.

Dɔmenyonyo kple tufafa: Dɔmenyonuwo wɔwɔ xea mɔ na masɔmasɔwo kple dada. Ne dɔmenyowɔwɔ va mã ame eye wòtsi ame si la, ne dzi ku ame le masɔmasɔwo me hã la, eganɔa anyi kokoko eye eɖea nusiwo dome agblẽ la dzi kpɔtɔ. Afisi tufafa le la, lɔlɔ̃ te ŋu tsina le afima. Togbɔ be manɔ bɔbɔe na ŋutsu be wòaɖe tufafa afia o hã la, Biblia gblɔ be: “Dɔmenyo enye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃.” (Lododowo 19:22) Eye egblɔ le srɔ̃nyɔnu nyui ŋu be “nufiame fafɛwo le eƒe aɖe dzi.”—Lododowo 31:26.

Ðokuibɔbɔ: Ðokuibɔbɔ xɔa aɖi le dada si, ena wote ŋu ɖea kuku ɖe vodada ta bɔbɔe eye wolɔ̃a akpedada. Ke ne nyateƒe mèda vo le nya aɖe me o ɖe? Nukata màgblɔ tufafatɔe dzro ko be, “Evem be eve wò vevie alea” o? Ðee fia be yetsɔ ɖe le nusiwo vea ye srɔ̃ me, eye emegbe mi ame evea minɔ anyi miabu alesi miadzra nusi gblẽ ɖo la ŋu. “Bubu wònye na ame, ne wòƒo asa na dzre.”—Lododowo 20:3.

Bubu: “Nya vevi si kpena ɖe ame ŋu be woase nu me na ame nɔewo ne nukpɔsusuwo to vovo eye be woawɔ dɔ le wo ŋue nye bubu. Nusi le vevie na akpa ɖeka la akpa evelia ya mabui nu vevii nenema gbegbe o. To esia gbɔ hã la, srɔ̃tɔ ɖesiaɖe ate ŋu abu nɔvia ƒe nukpɔsusuwo ŋu.” (Keeping Your Family Together When the World Is Falling Apart) “Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le amesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.”—Lododowo 13:10.

Nukokoe dodo na ame nɔewo: Mi ame evea ƒe nukoko dzidzɔtɔe ate ŋu aɖe vevesese gãtɔ kekeake ɖa enumake. Enaa ame nɔewo lɔlɔ̃ dea to eye wòɖea dziku si wɔnɛ be womete ŋu bua tame nyuie o la ɖa. “Dzi konu nana mo kɔna; ke ne dzi le nu xam la, ekema wɔna vɔna le dzideƒo ŋu.”—Lododowo 15:13.

Nunana: Dze agbagba vevie nàdi nɔnɔme nyoameŋuwo le srɔ̃wò ŋu eye nàkafui geɖe ɖe wo ta. Nu vevi siawo ana eƒe dzi nadze eme wu esi nàƒle dziwui alo sikatogɛ vɛ nɛ. Miagate ŋu aƒle nu alo awɔ nu nyuiwo na mia nɔewo ya. Gake abe alesi agbalẽ si nye Lifeskills for Adult Children gblɔe ene la, “nu vevitɔ siwo nàte ŋu anae la menye ŋutilãmenuwo o. Woawoe nye nya siwo nàgblɔ atsɔ afia alesi nèlɔ̃e hekpɔ ŋudzedze ɖe eŋui, wò dzideƒo, kple wò kpekpeɖeŋunana.” “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.”—Lododowo 25:11.

Ne woate ŋu atsɔ nɔnɔme siawo asɔ kple srɔ̃ɖeɖe ƒe xɔtukpewo la, ke dzeɖoɖoe nye siminti si hiã be woatsɔ ade eme si ablae ɖekae. Ne ele alea la, ke nukae srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ ne masɔmasɔ ɖo wo dome? Agbalẽ si nye Getting the Love You Want gblɔ be: “Le esi nàbu srɔ̃wò ƒe nukpɔsusu siwo to vovo abe nusi ahe dzre vɛ ene la, . . . bu wo be wonye nusiwo adzi yeƒe sidzedze eyama ɖe edzi. . . . Gbesiagbegbenɔnɔ me nudzɔdzɔ suesuewo va zua sidzedzexɔƒe vevi aɖe.”

Eyata mègabu susu ƒe vovototowo be wonye dzredonuwo o, bu ɖesiaɖe boŋ be enye mɔnukpɔkpɔ xɔasi si dzi yeato ase amesi yelɔ̃na la gɔme. Mi ame evea mitsɔe ɖo mia ɖokui dzi be miakpɔ nya la gbɔ ɖekae bene ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nava aƒe, eye esia ado ŋusẽ ƒomedodo kplikplikpli si le mia dome la, ana lɔlɔ̃ si le mi ame evea me na mia nɔewo si na be miezu ame ɖekawo la nu asẽ ɖe edzi.

Enyea nukpɔkpɔ ɖoatsyɔ̃ gã aɖe na Yehowa Mawu ne wòkpɔ be ɖekawɔwɔ li eye esia tae wòdee eƒe nuwɔwɔwo me ɖo—edee alesi atiwo kple lãwo zãa ya si nye “oxygen” wòɖea vi na wo nɔewo me, alesi dziƒonuwo ƒoa xlã dziƒonu bubuwoe me, kple alesi nudzodzoewo kple seƒoƒowo ƒe anyinɔnɔ ɖea vi na wo nɔewo me. Nenema ke le srɔ̃ɖeɖe me hã la, ɖekawɔwɔ si me vivisese le ate ŋu anɔ anyi, esi me srɔ̃ŋutsua aka ɖe edzi na srɔ̃a le nya kple nuwɔna ŋutɔŋutɔ me be yelɔ̃e eye srɔ̃nyɔnua si hã lɔ̃ srɔ̃a la natsɔ dziɖeɖi abɔbɔ ɖe eƒe kpɔkplɔ te. Esia awɔe be wo ame evea azu ame ɖeka nyateƒe, eye esia ado dzidzɔ na wo nɔewo kple Yehowa Mawu, amesi nye Srɔ̃ɖeɖeɖoanyila.

[Aɖaka si le axa 11]

‘Lé Ŋku Ðe Alesi Nèɖoa Toe la Ŋu Nyuie.’—Luka 8:18

Susu tsɔtsɔ kplɔ nya ɖoe nye mɔnu si dzi wotona be nuƒola la kple amesi wòle nu ƒom na la nase nu gɔme na wo nɔewo nyuie. Ɣeaɖewoɣi woyɔnɛ be enye nukpɔkpɔ le ahuhɔ̃e me, elabena eɖe alesi nyasela la dzea agbagba be yeaɖe nya siwo sem wòle kple alesi wòle wo gɔme semee la afia. Afɔɖeɖe vevi siwo le esia wɔwɔ mee nye:

1. Tsɔ wò susu katã kplɔ nya la ɖoe; lé fɔ ɖe nya veviwo sese ŋu.

2. Ðo to be nànya seselelãme siwo tae wogblɔ nyaawo ɖo.

3. Gbugbɔ gblɔ nya siwo nèse la na nuƒola la. Mègadrɔ̃ ʋɔnui, ahe nya ɖe eŋu, alo awɔ dzre kplii o. Wò ya na amea nanya ko be yese nya si wògblɔ la nyuie. Lɔ̃ ɖe eƒe seselelãmewo dzi.

4. Ðewohĩ amesi le nyaa gblɔm na wò la alɔ̃ ɖe nusi nègblɔ la dzi alo aɖɔe ɖo eye ɖewohĩ akɔ nya la me ɖe edzi.

5. Ne mèse eme nyuie o la, ke gawɔ afɔɖeɖe sia ake.

Susu tsɔtsɔ kplɔ nya ɖoe ɖea vi, vevietɔ le alesi wòna womehea nya ɖe amea ŋu fũ o me. Lɔ̃ ɖe nyateƒe si wònye be zi geɖe la, nyateƒe aɖe dzie wonɔ te ɖo he nya ɖe ŋuwò dzi. Ðewohĩ alesi woagblɔ nya lae ave wò, gake le esi nàʋli ɖokuiwò ta agblɔ nya si ave amesi he nyaa ɖe ŋuwò teƒe la, nukatae màzã toɖoɖo kple susu ƒe mɔnua atsɔ ana nuwo nu naka fa o? Lɔ̃ ɖe edzi be yese nusianu si ƒe dziku wokpɔ ɖe ye ŋu la gɔme, eye nàbu alesi nàte ŋu aɖɔ nya la ɖoe ŋu.

[Aɖaka si le axa 12]

“Ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti.”—Kolosetɔwo 3:13

Ne nya aɖe le asiwò ɖe srɔ̃wò ŋuti la, aleke nàwɔ agblɔe be màdɔ dzre o? Gbã la, lɔ̃ ɖe edzi be susu nyui aɖe tae wòwɔe ɖo. Awɔ na wò be mebu ye ŋu o, be susu mele eme o, eƒe nyaa tɔ ye, eye nunya mele eme o—gake ne èbu nya bliboa ŋu la, akpɔe be anɔ eme be menye ɖe wòɖoe o. Gblɔ alesi nèse le ɖokuiwò me nɛ dzigbɔɖitɔe gake mègaɖe vodada nɛ o be: “Esi nèwɔ ale la, ena be mese le ɖokuinye me be . . . ” Mègblɔ nya aɖeke si azu dzre le nya sia me o. Alesi nèse le ɖokuiwò me koe nègblɔ eye mèbu fɔ srɔ̃wò o. Esi wònye be amea maɖoe kura be yeado dziku na wò o ta la, nusi wòawɔe nye be agbe loo alo aɖe eɖokui nu. Gake hã la, ƒo nu tso kuxia ŋu, eye nàdzra ɖo agblɔ nusi miate ŋu awɔ le eŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nyateƒe, toɖoɖoe nye bubu siwo nàde ame bubu ŋu la dometɔ vevitɔ ɖeka

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe