Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woanya Nuxexlẽ
AMEKAWOE nye ame miliɔn siawo siwo menya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o? Amesiawo ƒe akpa gãtɔ nye dumevi dɔsesẽwɔla siwo lɔ̃na xɔa agbanɔamedzi. Le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me la, woawoe naa nuɖuɖu, awu kple dɔƒe amewo ƒe akpa gãtɔ. Le mɔ̃ɖaŋuwɔdukɔwo me la, wowɔa dɔ si ame bubu aɖeke melɔ̃na wɔna o—esiwo nye dɔ siwo tea ɖeɖi ame ŋu, dɔ ɖeka ŋugbe wɔwɔ, kple dɔ tsɛwo, evɔ wohiã na amegbetɔwo.
Zi geɖe la, mɔnukpɔkpɔ si mesua amewo si o tae womenyaa nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o ɖo. Menye ame tsibomewo, ame manyanuwo alo amesiwo dɔ aɖeke menya wɔna na nyuie o ye agbalẽmanyalawo katã nye o. Nusrɔ̃laawo dometɔ aɖe gblɔ be: “Tamebubu mesesẽna nam o. Nuxexlẽ dzaa koe sesẽ nam.”
Mɔnukpɔkpɔ Masuamesi
Le ame geɖe gome la, woƒe agbalẽmanyamanya tso woƒe ahedada gbɔ. Le ƒomea me la, ahedadae nye amewo ƒe ɖetsɔtsɔ le nuɖuɖu didi me wu agbalẽsɔsrɔ̃. Ne wole ɖeviwo dim be woawɔ dɔ le aƒeme la, womedea suku o. Ðevi geɖe siwo dea suku la meyia edede dzi le afima o.
Ahedada gblẽa nu le dukɔ blibo hã ŋuti. Enyea dzizizi na dukɔ siwo le ŋgɔ yim siwo ŋu dukɔ bubuwo ƒe ga le la be woaɖe ga si wozãna ɖe agbalẽsɔsrɔ̃ ŋu dzi akpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, le Afrika la, woɖe ga home si wozãna ɖe agbalẽsɔsrɔ̃ ŋu dzi kpɔtɔ 30 kloe le alafa ɖesiaɖe me le ƒe 1980 ƒeawo ƒe afã gbãtɔwo me. Esime dukɔ siwo nye kesinɔtɔwo zãa dɔlar 6,000 kple edzivɔ ɖe woƒe sukuvi ɖesiaɖe ŋu ƒe sia ƒe la, dɔlar 2 pɛ koe Afrika kple Dziehe Asia dukɔ aɖewo ya zãna ɖe wo ŋu. Nusi do tso emee nye sukuwo ƒe agbɔmasɔmasɔ kple alesi ɖeviwo tsi nufiala ʋee aɖewo ko dzii.
Aʋawɔwɔ kple dumeviwo ƒe aglãdzedze hã hea agbalẽmanyamanya vɛ. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ bu akɔnta be ɖevi miliɔn adre kpea fu le sitsoƒesaɖawo me afisi nusiwo woatsɔ asrɔ̃ nui medea wo dzi le o. Le Afrika-dukɔ ɖeka aɖe ko me la, ɖevi miliɔn 1.2 siwo mexɔ ƒe 15 haɖe o mete ŋu de suku o le dukɔmeviʋawɔwɔ ƒe nugbegblẽ ta.
Ɣeaɖewoɣi la, nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sua amesiwo si sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ mesu le woƒe ɖevime o la si emegbe le woƒe agbe me, gake menye wo dome amesiamee kpɔnɛ be viɖe le eŋu o. Agbalẽ si nye Adult Education for Developing Countries gblɔ tso kɔƒedu me agbalẽmanyamanya ŋu be: “Asesẽ be ame tsitsi si kpɔ dzidzeme evɔ menya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ hafi o nadi vevie be yeanya nuxexlẽ kple eŋɔŋlɔ, negbe le nɔnɔme tɔxɛwo me hafi. . . . Togbɔ be anye aʋatsokaka keŋkeŋ be woaƒo nya ta be alesi nuwo le nɛ le agbe me dze eme nɛ bliboe hã la, ɖewohĩ matsi dzi vevie be yeadze agbagba be yeatrɔe o.”
Gake didi vevie le ame geɖe me be yewoana nuwo naka ɖe eme. Gake nusiwo ʋãa ame wòwɔa nu la le vovovo. Ðeko ame aɖewo adi be yewoanya agbalẽ ɖe edzi ahadzi bubu si le yewo ŋu la ɖe edzi. Gakpɔkpɔ hã ʋãa ame bubuwo. Amesiwo si dɔwɔɖui mele o susuna be agbalẽnyanya ana yewoakpɔ ɖe; amesiwo si dɔwɔɖui le xoxo la gadia esi nyo wu.
Esi dziɖuɖuwo kple habɔbɔwo kpɔ alesi agbalẽnyanya nana amewo kple dukɔwo yia ŋgɔe dze sii ta la, wodze nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ fiafia ame tsitsiwo ƒe ɖoɖowo gɔme. Enye dɔ sesẽ si bia veveseɖeamenu le nufialawo gome eye wòbia hã be woase ame tsitsi si le nua srɔ̃m ƒe nɔnɔme tɔxɛwo hã gɔme.
Ame Tsitsi Nusrɔ̃la ƒe Nɔnɔme
Ele be amesiwo fiaa nu ame tsitsiwo la nanya vovototo si le ame tsitsi nusrɔ̃lawo kple ɖevi nusrɔ̃lawo dome. Amenyenye, numãmewo, nɔnɔmewo, kple nusiwo doa dzidzɔ na ame xɔ aƒe ɖe ame tsitsiwo me wu ɖeviwo, eye wònana tɔtrɔwɔwɔ sesẽna na ame tsitsi. Gake nuteƒekpɔkpɔ geɖe le ame tsitsiwo ya si siwo dzi woatu nu bubuwo ɖo eye wote ŋu sea nusiwo ate ŋu ana ɖeviwo ya natɔtɔ la gɔme. Zi geɖe la, vovo menɔa wo ŋu abe ɖeviwo ene o. Vovototo gã bubue nye be ablɔɖe le ame tsitsi nusrɔ̃lawo si be woadzudzɔ nusɔsrɔ̃ ɣesiaɣi si wodi wu ɖeviwo.
Ŋutete tɔxɛwo le ame tsitsi siwo menya agbalẽ o dometɔ geɖe si eye wokpɔ dzidzedze le agbemenuwɔna aɖewo me; nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ koe womesrɔ̃ o. Ele be amesi le nu fiam ame tsitsiwo nade dzi ƒo na wo be woawɔ alesi wote ŋu trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋui, aɖaŋu, kple dzidodo si woɖe fia le agbemenuwɔna bubuwo me la ŋudɔ.
Ebiaa dzideƒo le amesi menya agbalẽ o gome be wòalɔ̃ ɖe eƒe nuhiahiãwo dzi ahabia kpekpeɖeŋu. Togbɔ be amesiame kple nɔnɔme si me wòle to vovo hã la, ame tsitsi geɖewo tsɔa vɔvɔ̃ kple kakaɖedzimanɔamesi srɔ̃a nui. Ðewohĩ ame aɖewo ƒe agbalẽmanyamanya teƒe didi ŋutɔ. Awɔ na ame bubuwo be yewotsi to nu yeyewo sɔsrɔ̃ me. Nigeriatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Esesẽ be woasrɔ̃ miawɔwɔ le amegãkuku me.”
Nufialawo ate ŋu atu kakaɖedzi ɖo ɖe nusrɔ̃viwo me eye woana woalé didi be yewoasrɔ̃ nu me ɖe asi ne wokpɔa woƒe ŋgɔyiyi dzea sii kaba hekafua wo ɖe eta. Ele be woatrɔ asi le nusɔsrɔ̃wo ŋu be woaɖe kpododonu le nusɔsrɔ̃ me dzi akpɔtɔ ahakpɔ egbɔ be woɖo nusɔsrɔ̃ ƒe taɖodzinu gbɔ dzidzedzetɔe edziedzi. Agbalẽ si nye Educating the Adult gblɔ be: “Ðewohĩ dzidzekpɔkpɔe nye nu gãtɔ kekeake ɖeka hɔ̃ si ʋãa ame ɣesiaɣi wu nusianu.”
Ame tsitsi geɖewo nya nusi dim wole tso nusɔsrɔ̃ ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me eye wodina be yewoakpɔe be yewole ŋgɔyiyi wɔm kabakaba le yewoƒe taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo me. Ame tsitsiwo ƒe suku nufiala aɖe si le Afrika gblɔ be: “Wodina be yewoadze nusɔsrɔ̃ gɔme asrɔ̃ nusi wòle be yewoanya la kaba alesi yewoate ŋui, eye yewoado le sukua.”
Ɣeaɖewoɣi la, taɖodzinu siwo nusrɔ̃vi ɖona la wua eƒe ŋutete. Ele be nufiala la nakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu tso gɔmedzedzea me ke be wòaɖo taɖodzinu siwo gbɔ wòate ŋu aɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la na eɖokui eye wòakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòaɖo wo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, mítsɔe be Kristotɔ aɖe ŋlɔ eŋkɔ ɖe agbalẽsrɔ̃suku me le esi wòdi be yeanya Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo xexlẽ ta. Esiawo nye taɖodzinu siwo gbɔ wòaɖo le ɣeyiɣi didi aɖe megbe. Ne nufiala le kpekpem ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòaɖo eƒe taɖodzinua gbɔ la, ate ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòaɖo taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo nɛ kaba, abe alfabetaxexlẽ nyuie, ŋɔŋlɔ aɖewo didi kple wo xexlẽ, kple Biblia-srɔ̃gbalẽ bɔbɔe aɖewo xexlẽ ene. Taɖodzinuwo gbɔ ɖoɖo edziedzi ʋãa ame ɣesiaɣi eye wòdoa ŋusẽ nusrɔ̃via be wòayi nusɔsrɔ̃ dzi.
Nufiala bibiwo ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ ado ŋusẽ nusrɔ̃viwo ne wodea dzi ƒo na wo hekafua wo eye wokpena ɖe wo ŋu be woadze agbagba aɖo taɖodzinu nyui siwo gbɔ anya ɖo la gbɔ. Gake be ame tsitsiwo nayi ŋgɔ la, mele be woakpɔ mɔ be woakpe ɖe yewo ŋu le nusianu me o. Ele be woalɔ̃ faa axɔ woa ŋutɔwo ƒe agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe agbanɔamedzi eye woaku kutri le nusɔsrɔ̃ me. Ne wowɔe alea la, woasrɔ̃ nuxexlẽ kple eŋɔŋlɔ, eye ŋutete siawo atrɔ woƒe agbenɔnɔ.
[Aɖaka si le axa 6]
Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ Fiafia Ame Tsitsiwo Ŋuti Mɔfiamewo
1. Ele vevie be woado ŋusẽ nusrɔ̃via. Tso nusɔsrɔ̃ gbãtɔ dzi la, te gbe ɖe viɖe siwo le nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyanya me la dzi, eye nàde dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaɖo taɖodzinu bɔbɔe siwo gbɔ anya ɖo le ɣeyiɣi didi kple ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la.
2. Be nusrɔ̃via nayi ŋgɔ la, ele be woafia nui zi geɖe le kwasiɖa ɖeka me. Nufiafiae zi ɖeka kwasiɖa ɖeka mesɔ gbɔ o. Ele be woaɖo dɔ na nusrɔ̃via be wòawɔ le aƒeme.
3. Mègabia nu geɖe fũ tso nusrɔ̃via si alo afia nu geɖee le nusɔsrɔ̃ ɖeka me o. Esia ate ŋu aɖe dzi le eƒo eye wòadzudzɔ nusɔsrɔ̃a.
4. De dzi ƒo na wo ɣesiaɣi eye nàɖe nɔnɔme nyuiwo afia. Vivivie wosrɔ̃a nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ. Ele be ŋgɔyiyi si wɔm nusrɔ̃via le la nadze eŋu.
5. De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòawɔ nusi srɔ̃m wòle la ŋudɔ kaba alesi wòate ŋui le eƒe gbesiagbegbenɔnɔ me.
6. Mègagblẽ ɣeyiɣi ɖe nu maɖeviwo ŋu o. Vovo menɔa ame tsitsiwo ŋu o. Wɔ nusrɔ̃ɣeyiɣiwo ŋudɔ nyuie nàtsɔ afia nu veviwoe.
7. Bu nusrɔ̃via ɣesiaɣi eye nàde bubu si dze la eŋu ɣesiaɣi. Mègana wòatɔtɔ alo nàɖi gbɔe o.
8. Nɔ ŋudzɔ ɖe nusrɔ̃vi ɖesiaɖe ƒe kuxiwo ŋu. Nuŋɔŋlɔ suesuewo xexlẽ asesẽ na nusrɔ̃vi le esi meɖɔ gaŋkui o ta. Bubu ate ŋu anye alesi nusese sesẽna nɛ eye alesi tututu woyɔa nanee la asesẽ nɛ ŋutɔ.
9. Ele be nusrɔ̃via nasrɔ̃ alesi wòaŋlɔ nuae ɖekaɖeka hafi asrɔ̃ asinuhehe. Nuŋɔŋlɔ kple asi sɔsrɔ̃ nɔa bɔbɔe wu eye mesesẽ o, eye ŋɔŋlɔdzesiwo ɖia esiwo wota ɖe agbalẽ me la pɛpɛpɛ.
10. Mɔ nyui siwo dzi woato afia ŋɔŋlɔdzesiwo dometɔ ɖekae nye alesi woana nusrɔ̃via natsɔ nuŋlɔti azɔ ŋɔŋlɔdzesi si woŋlɔ la mee. Ate ŋu atsɔ asi azɔ ŋɔŋlɔdzesi ɖeka dzi zi geɖe hafi eya ŋutɔ naŋlɔe ɖi tẽ.
11. Zi geɖe la wonyaa nuxexlẽ kaba wu eŋɔŋlɔ. Mègahe nuxexlẽsɔsrɔ̃ɖoɖo yeyewo ɖe megbe ne nusrɔ̃via mete ŋu le nuŋɔŋlɔ si nède asi nɛ be wòaŋlɔ le aƒeme la ŋlɔm o. Gake nenɔ susu me na wò be nusrɔ̃via ɖoa ŋku ŋɔŋlɔdzesi yeye siwo wòsrɔ̃na la dzi bɔbɔe wu ne ele eŋɔŋlɔ srɔ̃m ɣesiaɣi.
12. Togbɔ be nusrɔ̃la si nye ame tsitsi atsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ nyadriwoe hã la, pen alo pencil tsɔtsɔ aŋlɔ nui asesẽ nɛ eye wòaɖe dzi le eƒo. Mègate tɔ ɖe edzi kokoko be wòaŋlɔ nu nyuie pɛpɛpɛ alesi nèdii o.