INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 5/8 axa 14-17
  • Agbenɔnɔ aɖe si Nyemalɔ̃ Atrɔ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ aɖe si Nyemalɔ̃ Atrɔ O
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Medze Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Gɔme
  • Dzidzɔƒewo le Hame Yeye Me
  • Fransegbesɔsrɔ̃ ƒe Didi Nyɔ ɖe Menye
  • Fransegbe Hame Gbãtɔ
  • Mía Kple Nuteƒewɔla Siwo Nɔ Xɔ Me
  • Vivisese le Míaƒe Xexeame Katã ƒe Ƒomea Me
  • Agbenɔnɔ Xɔasi
  • Yehowa Fia Num Tso Nye Ðevime
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ƒe Blaadre Ye Nye Esia Melé Yuda Ŋutsu Ðeka Ƒe Awu Toga
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yehowa Yra Ðe Nye Nyametsotsoa Dzi Ale Gbegbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Nudzedziname Le Yehowa Subɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 5/8 axa 14-17

Agbenɔnɔ aɖe si Nyemalɔ̃ Atrɔ O

AME geɖe mekpɔa dzidzɔ ɖe alesi wonɔ agbee va yi ŋu o. Wogblɔna be: ‘Ne ɖe magate ŋu adze agbenɔnɔ gɔme ake la, mawɔ tɔtrɔ le nu geɖe ŋutɔ me!’ Gake togbɔ be nye agbenɔnɔ menɔ bɔbɔe o hã la, ne melé ŋku ɖe eŋu la, enye agbenɔnɔ aɖe si nyemalɔ̃ atrɔ o.

Dzinyelawo nyim menye Yehowa Ðasefo eye woƒã Mawu ƒe sewo ɖe dzime nam tso ɖevime ke. (Timoteo II, 3:15) Nyemate ŋu aɖo ŋku ɣeyiɣi si me nyemede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo kple takpekpewo me kpɔ la dzi o. Eye esi menye nyɔnuvi sue la, mía kple Ðasefo tsitsiwo míeyia amewo gbɔ be míakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu le agbe tegbee nɔnɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ si le Biblia me la ŋu. (Mateo 24:14) Megaɖoa ŋku edzi be esi mexɔ ƒe atɔ̃ la, menaa agbalẽvi si ƒe tanyae nye The Kingdom, the Hope of the World la amewo.

Dzinyelawo se Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea zi gbãtɔ le ƒe 1917 me. Togbɔ be wonye sɔlemedelawo hã la, wokpɔe be nyateƒea le nuƒo si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe teƒenɔla aɖe si nye dzikpɔla mɔzɔla ƒo le Bridgeton, New Jersey, U.S.A., la me. Tɔgbuinye se nuƒo sia ke eye eya hã kpɔe be nya si yese la nye nyateƒe. Emegbe esi mexɔ ƒe 14 la, mexɔ nyɔnyrɔ̃ le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe si wowɔ le Detroit, Michigan, tsɔ ɖo kpe edzi be metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa.

Míaƒe xɔ mee míewɔa míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ le le ƒe mawo me. Mlɔeba wova ƒle fiase aɖe eye wotrɔe wòzu Fiaɖuƒe Akpata. Fiaɖuƒe Akpata ʋee aɖewo koe nɔ anyi ɣemaɣi. Gake egbea le xexeame katã la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 70,000 zãa akpata mawo tɔgbe akpe geɖe.

Medze Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Gɔme

Danye dze eƒe dɔ si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le ƒe 1939 me eye wòwɔe vaseɖe eƒe kugbe esime wòxɔ ƒe 85. Mía kple fonye Dick míedze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le April 1, 1941 dzi esime Xexemeʋa II nɔ edzi yim sesĩe le Europa eye tsitretsitsi ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ɖo afisiafi le esi míedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o ta.

Wolé Ðasefo etɔ̃ siwo nye ɖekakpuiwo le míaƒe hamea me de game ƒe atɔ̃ le woƒe akpaɖekedzimademade ta. Dzideƒo kae nye si wònye be míakpɔ ŋutsu mawo dometɔ eve naganɔ hamemegãdɔ wɔm le hamea me! Emegbe fonye va subɔ le Brooklyn Betel si nye Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒea ƒe ta le New York, eye ekpɔtɔ nye hamemegã le mía de Millville, New Jersey.

Aʋaƒe mawo sesẽ na Yehowa Ðasefowo ŋutɔ le United States abe teƒe bubuwo ke ene. Nuvlowɔhawo ho le afisiasi. Wonyã ɖeviwo le suku. (Kpɔ September 8, 1993 ƒe Nyɔ! si ƒo nu tso Lillian Gobitas Klose ŋuti.) Wode míaƒe gbɔgbɔmenɔvi akpe geɖe game, eyata mí nyɔnuwoe va wɔ hamea me dɔ vovovowo. Esia tae esi nyemetsi o hã la, nyee nye agbalẽdzikpɔla. Yehowa kpe ɖe mía ŋu míeto aʋaƒe sesẽ mawo me eye nuwo yi ŋgɔ nyuie esi nɔviŋutsuawo do le game.

Ɣemaɣie Lyman Swingle si tso Betel va srã míaƒe hamea kpɔ. Ede dzi ƒo nam be mava Brooklyn be makpe asi ɖe agbagba siwo dzem wole be woaɖo kpekpeɖeŋunuwo ɖe nɔvi Ðasefo siwo le Europa le Xexemeʋa II megbe la ŋu. Eyata le March 1948 me la, meyi Brooklyn.

Dzidzɔƒewo le Hame Yeye Me

Woɖom ɖe hame yeye si nye Brooklyn Center Hamea me. Eyae nye hame gbãtɔ si woɖo ɖe New York Dugã kple eƒe nutowo me do ŋgɔ na Xexemeʋa I, gake menye nenemae woyɔe gbã o. Enɔ Brooklyn Heights ɣemaɣi. Gake esi meva Brooklyn Center le ƒe 1948 me la, enɔ Brooklyn ƒe mɔdodo siwo nye Ablɔ 5 lia kple Mɔdodo 8 lia ƒe godoƒe. Teƒe sia si wohaya la nye míaƒe takpeƒe ƒe 30 kloe vaseɖe esime woƒle akpata yeye si medidi tso afima o.

Nyemaŋlɔ ŋkeke gbãtɔ si meɖe gbeƒã le Brooklyn—le Henry ƒe Mɔdodo dzi—be akpɔ o. Eto vovo na ɖaseɖiɖi le duvi me sã. Gake eteƒe medidi o medo go nyɔnu aɖe si xɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ eye wòlɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple ye. Eya kple via eve wova zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo. Viaŋutsu Arthur Iannone kple srɔ̃a Linda, kpakple wo viŋutsu kple woƒe visrɔ̃nyɔnu wole subɔsubɔm le Brooklyn Betel fifi laa.

Hamea ƒe anyigbamamã si me míeɖe gbeƒã le la lolo eye wòtse ku. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mekpɔe nye Biblia-nusrɔ̃vi geɖe srɔ̃ nyateƒea hexɔ nyɔnyrɔ̃. Wo dometɔ aɖewo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le dukɔ sia me va ɖo egbea. Bubuwo nye dutanyanyuigblɔlawo le dukɔ siwo gbɔ didi me. Wo dometɔ aɖewo va zu hamemegã le hamewo me. Eye wo dometɔ geɖe subɔ le ɖoƒe bubuwo abe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe nyanyui gbeƒãɖela nuteƒewɔlawo ene.

Dzidziɖedzia wɔ nuku ŋutɔ. Elabena gbã la, hame ɖeka koe nɔ New York Dugã kple eƒe nutowo me, gake hame 400 kloe ye le New York Dugã dzaa me fifia. Dzidzɔ ƒe ŋkuɖodzi kae nye si wònyena nam be nye hã mekpɔ gome le dzidziɖedzi siawo dometɔ aɖewo me!

Fransegbesɔsrɔ̃ ƒe Didi Nyɔ ɖe Menye

Le ƒe 1960 ƒeawo me la, míeva nɔ go dom Fransegbedola geɖe siwo tso Haiti va la le hamea ƒe anyigbamamã me. Eŋlisigbe vi aɖe ko wo dome akpa gãtɔ se alo womesee kura o. Kuxi gã aɖee nye sia. Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ŋu? Nyemese Fransegbe o, gake ne metsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye Nyateƒe, si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee si míezãna ɣemaɣi ƒe Eŋlisigbe me tɔ ɖe asi ɖeka eye metsɔ Nyateƒe-gbalẽa Fransegbe me tɔ hã ɖe asi kemea la, mete ŋu wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃.

Gake womewɔa kpekpe aɖeke le Fransegbe me si akpe ɖe amesiawo ŋu woatsi le gbɔgbɔ me o. Eyata ne dutanyanyuigblɔla aɖe si doa Fransegbe va Brooklyn ko la, wobiana tsoa esi enumake be wòana kpekpeɖeŋu. Nicolas Brisart si nye Guadeloupe ƒe Alɔdze Kɔmiti ƒe nyawogbɔkpɔlae nye ame gbãtɔ siwo va kpe ɖe mía ŋu la dometɔ ɖeka. Eƒo Fransegbe me dutoƒonuƒo gbãtɔ le Nɔvinyɔnu Bertha Luisdon si gale Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la ƒeme. Ame blaeve vɔ adre ye va.

Ɣemaɣi la, hame aɖeke menɔ anyi si me wogblɔa dutagbe bubu le le New York Dugã me tsɔ wu Spaniagbe o. Eyata míebu eŋu kpɔ gɔ̃ hã be míaɖo Fransegbe hame o. Le nyateƒe me la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe na nya la gagblẽ ɖe edzi wu gɔ̃ hã esi wògblɔ na mí be ɖoɖo si nɔ anyi ɣemaɣie nye be woade dzi ƒo na dukɔ sia me tɔwo be woasrɔ̃ Eŋlisigbe.

Nɔviŋutsu Fred W. Franz si va zu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla emegbe la de dzi ƒo nam ŋutɔ. Egblɔ be: “Mary, ne Yehowa lɔ̃ la, woaɖo Fransegbe Hame ɖe afisia.” Nɔviŋutsu Harry Peloyan si nye Brooklyn Center Hamea ƒe zimenɔla hã de dzi ƒo nam. Egblɔ be le fiẽ siwo me womele Fiaɖuƒe Akpata la zãm o la, míate ŋu awɔ Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ahaƒo dutoƒonuƒo ne ame yeye aɖe si ate ŋu ado Fransegbe va.

Fifia la Haiti-nɔvi xɔnyɔnyrɔ̃ geɖe ʋu va, gake nuteƒekpɔla si bi nyuie aɖeke menɔ wo dome axɔ ŋgɔ awɔ ɖoɖo le Fransegbea me o. Ke Nɔviŋutsu Timothy Galfas, amesi de suku le Paris eye wònye Brooklyn Betel ƒomea me tɔ la se nu tso míaƒe nya la ŋu. Evana Memleɖa ɖesiaɖe ne wokpã le dɔme le Betel, eye míedia Haiti nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le afima evɔ womenya hame si woade ha kple o la.

Eteƒe medidi o ame 40 va nɔ míaƒe hamea me. Míegblɔ na míaƒe nutome sue dzikpɔla be wòaŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa be wòaɖe mɔ na mí míawɔ Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ le Fransegbe me. Dzi dzɔ mí ŋutɔ esi woɖe mɔ na mí! Emegbe wogaɖe mɔ na mí be míaƒo dutoƒonuƒo edziedzi ahawɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ kwasiɖa ɖesiaɖe.

Fransegbe Hame Gbãtɔ

Wona mɔ mí le December 1, 1967 me be míaɖo Fransegbe hame gbãtɔ le United States. Woazã Fiaɖuƒe Akpata ɖeka kple Brooklyn Center kple Prospect Hameawo. Dzi dzɔ mí gbɔ eme! Míenya be amesiame awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi geɖe le gbe si wose me. Kpekpeɖeŋu si nɔviŋutsu Harry Peloyan, George Haddad, kple Carlos Quiles siwo nye Brooklyn Center subɔsubɔ kɔmitia me tɔwo na mí le ƒe mawo siwo me míexa nu le geɖe la dze mía ŋu ŋutɔ.

Míeyi ŋgɔ kabakaba. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke o míeɖo Fransegbe me hamewo ɖe Manhattan, Queens, kple Nyack le New York. Jeff Keltz kple Tom Cecil siwo le Brooklyn Betel kpe asi ɖe dzidziɖedzi sia ŋu. Nɔviŋutsu Keltz ye nye míaƒe nutome sue dzikpɔla, eye Nɔviŋutsu Cecil subɔ le míaƒe Nutome Gã Takpekpe Kɔmitia me. Ame bubuwo abe dutanyanyuigblɔla siwo dzo le dukɔ siwo me wogblɔa Fransegbe le va United States le dɔléle ta la hã na kpekpeɖeŋu. Aleke gbegbe kpekpeɖeŋu si wona xɔ asi enye si! Amesiawo dometɔ ɖekae nye Stanley Boggus si nye dzikpɔla zimenɔla kple nutome sue dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ.

Dzidzɔɣeyiɣi kae nye si wònye be makpɔ ƒuƒoƒo sue ma si doa Fransegbe le Ablɔ 5 lia kple Mɔdodo 8 lia dzi la natsi ava zu hame gbogbo kple nutome sue eve! Le nyateƒe me la, míewɔ míaƒe nutome sue takpekpe gbãtɔ ɖe Fransegbe me le April 1970 me. Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi la ƒo nu na mí le Fiɖa fiẽ eye wòdi nyui na mí. Míewɔ míaƒe nutome gã takpekpe hã le dzomeŋɔli ma me le gbadzaƒe aɖe le Roosevelt Fefewɔƒe le Jersey Dugã me le New Jersey. Yame xɔ dzo eye ʋuʋu sɔ gbɔ, gake vavala siwo wu 200 kpɔ dzidzɔ be yewose nuƒoawo katã kple drama si wowɔ le Fransegbe me hã.

Eganye dzidzɔ be esi woɖe mɔ na mí le ƒe 1986 me be míawɔ míaƒe nutome gã takpekpe le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le Jersey Dugã me. Ame 4,506 ye va takpekpe si wowɔ le Fransegbe me le ƒe si va yi me eye ame 101 xɔ nyɔnyrɔ̃. Le ɣeyiɣi ma ke me wowɔ takpekpe bubu le Fransegbe me le Florida.

Mía Kple Nuteƒewɔla Siwo Nɔ Xɔ Me

Nye agbenɔnɔ ƒe akpa si gavivi ŋutɔe nye be menɔ xɔ ɖeka me le Brooklyn kple nɔvinyɔnu bubu siwo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Ame eve gbãtɔwo, (Rose Lewis Peloyan kple Madelyn Murdock Wildman) woyi Betel. Emegbe ame eve bubu (Lila Rogers Molohan kple Margaret Stelmah) hã va zu Betel-ƒomea me tɔwo. Ame eve bubu (Barbara Repasky Forbes kple Virginia Burris Beltramelli) wode Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Biblia Gilead Suku eye wogale subɔsubɔm le Guatemala kple Uruguay.

Mí nɔvinyɔnu siawo míegbɔa dzi ɖi dzroa ŋɔŋlɔ aɖe me tsɔ dzea míaƒe ŋkekea gɔmee, emegbe míeyia dɔme kple gbeadzi. Ðeɖi tea mía ŋu eye dɔ hã nɔa mía wum hafi míegbɔna vaa aƒeme le zã me, gake dzi dzɔa mi! Nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo geɖe nɔa mía si míegblɔna! Le kpɔɖeŋu me, gbeɖeka mesrɔ̃ nu kple ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Elisa Beumont Farina, egblɔ be fiẽ ga 10 me koe míawɔ yeƒe nusɔsrɔ̃a. Eyi ŋgɔ kabakaba. Zi gbãtɔ si mekplɔe yi gbeadzi la, egblɔ be: “Mègasusu be mawɔ dɔ sia ɣesiaɣi o!” Gake eva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla eye wòde Gilead Suku emegbe esubɔ le Ecuador ƒe geɖe. Egale ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le Trenton, New Jersey.

Amesiwo nɔ xɔ me kplim dometɔ aɖewo dzi vi siwo hã kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu eye wole esubɔm. Wo dometɔ ɖeka (si ŋkɔe nye Virginia Hendee Robertson) ƒe vinyɔnuvi Jodi Robertson Sakima ɖe srɔ̃ le ƒe si va yi me eye wo kple srɔ̃a wole subɔsubɔm le Brooklyn Betel fifia.

Enye dzidzɔ nam be magblɔ be amesiwo nɔ xɔme kplim siwo wu 20 la katã lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa, eye wo dometɔ geɖe gale ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.

Vivisese le Míaƒe Xexeame Katã ƒe Ƒomea Me

Enye dzidzɔ hã nam be meva dze si Ðasefo geɖe tso dukɔ bubuwo me. Le kpɔɖeŋu me, esi mía gbɔ medidi tso Habɔbɔa ƒe ta gbɔ o ta la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míade ha kple sukuvi siwo va Gilead-dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku si nɔ Brooklyn Betel ɣemaɣi.

Woɖo sukuvi eve siwo nye Guenter Buschbeck si le Austria ƒe alɔdzedɔwɔƒea fifia kple Willi Konstanty si le Germania ƒe alɔdzedɔwɔƒea la ɖe Brooklyn Center Hamea me esi wova Gilead. Wode dzi ƒo na mí ŋutɔ! Wokpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo nɔ xɔme kplim dzi nyuie ale gbegbe be eteƒe medidi o woawo hã va bu Gilead-subɔsubɔ ŋu.

Mɔnukpɔkpɔ su asinye zi geɖe be madze xɔlɔ̃ kple míaƒe xexeame katã ƒe ƒomea me tɔ geɖewo le nye tsaɖiɖiwo yi ƒugodo me. Mede dukɔwo dome takpekpewo eye megakpɔ Gilead Sukuvi geɖe siwo menya tsã la ake le woƒe dɔdasiwo wɔƒe.

Agbenɔnɔ Xɔasi

Ne mebu nye agbenɔnɔ ŋu la, magblɔ be enyo ŋutɔ—enye agbenɔnɔ si me dzidzɔ kple yayra geɖe le. Togbɔ be medo go kuxi siwo le nuɖoanyi sia me dometɔ geɖe hã la, naneke mena agbe si menɔ va yi la vem alo medzudzɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi la ŋudɔwɔwɔ gbeɖe o.

Esime menye ɖevi la, danye ƒã Psalmo 126:5, 6 me nyawo ɖe menye be: “Amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso. Azɔli dzi wole le avi fam hele nuku ƒaƒãwo tsɔm, ke wotsɔ lu bablawo gbɔ va aƒee kple dzidzɔ.” Ŋɔŋlɔ sia gafiaa mɔm kokoko. Kuxi ka kee va dzinye o, Yehowa kpena ɖe ŋunye meɖua wo dzi eye meganɔa dzidzɔ ma kpɔm.

Nye agbenɔnɔ nye esi nyemalɔ̃ atrɔ akpɔ o. Meveam be metsɔ ƒe 53 na Yehowa le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me o. Mele mɔ kpɔm be mayi edzi asubɔe le eƒe xexe yeyea me yi ɖe mavɔmavɔ me.—Abe alesi Mary Kendall gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mary Kendall

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe