INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 5/8 axa 18-19
  • Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Ɣesiaɣi be Woado Dzikua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Ɣesiaɣi be Woado Dzikua?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukpɔsusu Si Sɔ
  • Dzikudodo Le Mɔ Dzɔdzɔe Nu
  • Dzikudodo Ŋudɔwɔwɔ le Mɔ Nyuitɔ Nu
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzikudodo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nukata Wòle Be Nàɖu Dzikudodo Dzi?
    Nyɔ!—1997
  • Mègana Dziku Nazu Nukikli Na Wò o
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • ‘Ame Si Sea Nu Gɔme Nyuie La, Medoa Dziku Kabakaba O’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Nyɔ!—1994
g94 5/8 axa 18-19

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Ɣesiaɣi be Woado Dzikua?

“DZIKUDODO nye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe tsukuku.” Aleae Roma-hakpanyaŋlɔla Horace gblɔ nusi nye ame geɖe ƒe nukpɔsusu le seselelãme sesẽtɔwo dometɔ ɖeka ŋui. Togbɔ be menye amesiamee alɔ̃ ɖe dzi be dzikudodo nye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe tsukuku o hã la, ame geɖe bunɛ be enye nɔnɔme gbegblẽ. Le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me ke la, Katolikotɔ saɖagaxɔmenɔlawo ŋlɔ agbalẽ xɔŋkɔ si me woŋlɔ “nuvɔ̃ adre siwo gbɔdzɔa ame le gbɔgbɔ me” ɖo. Mewɔ nuku kura be dzikudodo hã le wo dome o.

Ele bɔbɔe be míase nusita wòwɔ na wo nenema la gɔme. Biblia gblɔ be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo.” (Psalmo 37:⁠8) Eye apostolo Paulo xlɔ̃ nu Efeso-hamea be: “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.”​—⁠Efesotɔwo 4:⁠31.

Gake abia ɖokuiwò be, ‘Nya siwo Biblia gblɔ le dzikudodo ŋu katã koe nye ma? Ðe Paulo kura hã megblɔe ɖi be ‘ŋkeke mamle’ siwo me míele la anye ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me nɔnɔ asesẽ’ oa?’ (Timoteo II, 3:​1-5) Ðe Mawu le mɔ kpɔm be míanɔ agbe le ɣeyiɣi siawo si me amewo nye ‘adãwɔla, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o’​—⁠eye míagabi dzi kura oa?

Nukpɔsusu Si Sɔ

Menye nya ʋee aɖewo koe Biblia la gblɔ le nya sia ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi Paulo ƒe nya siwo le Efesotɔwo 4:26: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o.” Kpukpui sia atɔtɔ ame vie ne dzikudodo nye “nuvɔ̃ si gbɔdzɔa ame le gbɔgbɔ me” godoo, ne nuvɔ̃ si wɔwɔ ana woakpɔ tohehe mavɔe wònye.

Psalmo 4:5 mee Paulo nɔ nya yɔm tso, esi xlẽ be: “Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o.” Vine’s Expository Dictionary of Biblical Words ɖe eme be, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afisia be ‘mido dziku,’ ra·ghazʹ, la gɔmee nye be “woadzo nyanyanya le seselelãme sesẽ me.” Gake seselelãme sesẽ kae? Le alesi Septuagint ɖe Psalm 4:​5 gɔmee nu la, woɖe ra·ghazʹ gɔme le Helagbe me be “mina woado dziku na mi,” eye nya ma tututu Paulo di be yeagblɔ le afisia.

Nukatae Biblia aɖe mɔ ɖe dzikudodo ŋu? Elabena menye dzikudodowo katãe gblẽ o. Nukpɔsusu si le amewo si be “dzikudodo le eɖokui si menye nu nyui o eye womeɖe mɔ ɖe eŋu gbeɖe o”, abe alesi Biblia me nyawo gɔmeɖela aɖe gblɔe ene la mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o. Biblia-nyala R. C. H. Lenski gblɔ le Efesotɔwo 4:26 ŋu wòsɔ nyuie be: “Agbenyuinɔnɔŋutise si de se ɖe dzikudodo ɖesiaɖe nu eye wòbia be woaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le nɔnɔme ɖesiaɖe mee nye Stoatɔwo tɔ ke menye Kristotɔwo tɔe o.” Nufialagã William Barclay hã gblɔe nenema be: “Ele be Kristotɔ nado dziku, gake ele be wòanye dzikudodo nyuitɔ.” Gake nukae nye “dzikudodo nyuitɔ”?

Dzikudodo Le Mɔ Dzɔdzɔe Nu

Togbɔ be dzikudodo menye Yehowa ƒe nɔnɔme vevitɔwo dometɔ ɖeka o hã la, woƒo nu tso eŋu zi geɖe le Ŋɔŋlɔawo me be edoa dziku alo eɖea eƒe dziku fiana. Gake le susu eve ta la, eƒe dzikudodo nɔa dzɔdzɔe ɣesiaɣi. Susu gbãtɔe nye be medoa dziku dzodzro ko o. Eye eveliae nye be, edoa dziku le mɔ dzɔdzɔe si nyo la nu, eye mewɔnɛ wògbɔa eme gbeɖe o.​—⁠Mose II, 34:⁠6; Psalmo 85:4.

Nu madzɔmadzɔ si woɖo koŋ wɔ la doa dziku na Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na Israel-viwo bena nenye be wosẽ ŋuta le nyɔnu kple ɖevi siwo mate ŋu aʋli wo ɖokui ta o ŋu la, ‘yease’ ame mawo ‘ƒe ɣlidodo godoo.’ Egblɔ be: “Nye dɔmedzoe abi.” (Mose I, 22:​22-24; tsɔe sɔ kple Lododowo 21:13.) Yesu lɔ̃ ɖeviwo abe Fofoa ene. Esi eyomedzela siwo tsɔ susu nyui dze agbagba be yewoaxe mɔ na ɖevi aɖewo be woagate ɖe Yesu ŋu o la, ‘Yesu do dziku’ eye wòxɔ ɖeviawo ɖe akɔnu. (Marko 10:​14-16) Míade dzesii be gɔmesese gbãtɔ si le Helagbe me nya si ŋutɔŋutɔ wozã na “dzikudodo” ŋu la fia “ŋutilãmevevesese alo fuɖename.” Seselelãme sesẽwo le esi vavã!

Nenema ke dzikudodo dzɔdzɔetɔ ʋã Yesu ƒe dzi esime wòkpɔ be asitsalawo kple gaɖuɖɔlawo trɔ ye Fofo ƒe tadeaguƒe zu “adzodalawo ƒe do.” Emu woƒe kplɔ̃wo eye wònyã wo do goe le afima! (Mateo 21:​12, 13; Yohanes 2:15) Esi Farisitɔwo kple agbalẽfialawo ƒe se siwo wode le Sabat ŋu nya tsɛwo ŋu la nɔ vevie na wo wu dɔnɔ siwo hiã kpekpeɖeŋu la, “eve [Yesu] ŋutɔ esi wòkpɔ be amenu mewɔa nublanui na wo o” eye “wòdo dziku hetsa ŋku nɔ amesiwo ƒoxlãe ƒe ŋkume kpɔm.”​—⁠Marko 3:​5, Phillips.

Nenema ke nuteƒewɔla Mose si nɔ anyi le blema hã do dziku dzɔdzɔetɔ ɖe Israel-vi mawɔnuteƒewo ŋu esi wòtsɔ kpe gbadza siwo dzi Mose ƒe Seawo nɔ la xlã ɖe anyi. (Mose II, 32:19) Eye ame dzɔdzɔe si nye agbalẽŋlɔla Ezra do dziku ɖe Israel-viwo ƒe tomaɖomaɖo Mawu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋuti sea ta ale gbegbe be edze eƒe awu eye wòho eƒe taɖawo kura gɔ̃ hã!​—⁠Ezra 9:​3.

Amesiwo katã ‘lɔ̃a nyui’ la dzea agbagba be ‘yewoalé fu vɔ̃.’ (Amos 5:15) Le esia ta la, Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu ado dziku dzɔdzɔe si tsoa woƒe dzi me la ne wokpɔ ŋutasesẽ, alakpanuwɔwɔ, anukwaremaɖimaɖi, nuteƒemawɔmawɔ, alo madzɔmadzɔnyenye si woɖo koŋ wɔ dzimematrɔmatrɔe la.

Dzikudodo Ŋudɔwɔwɔ le Mɔ Nyuitɔ Nu

Menye dzodzroe Biblia tsɔa dzikudodo sɔna kple dzo zi geɖe o. Eƒe wɔƒe li, abe alesi dzo hã tɔ li ene. Gake ate ŋu agblẽ nu ŋɔdzitɔe hã. Zi geɖe la, amegbetɔwo mewɔa nu abe Yehowa kple Yesu ene o, eye wodoa dziku ɖe nya siwo ta mele be woado dziku ɖo o alo wodoa dziku le mɔ madzemadze nu.​—⁠Kpɔ Mose I, 4:​4-8; 49:​5-7; Yona 4:​1, 4, 9.

Gake nu miamia ɖe dziku dzi ahawɔ abe ɖe dzi meku ame o ene hã menyo o. Ðo ŋku edzi be Paulo xlɔ̃ nu be: “Ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” (Efesotɔwo 4:26) Dzikudodo aɖewo li siwo sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu, abe ‘nu ƒoƒo le dzi me,’ wò seselelãmewo gbɔgblɔ na ame tsitsi aɖe si dzi nèka ɖo, alo dzigbɔɖi tsɔtsɔ abia nya vodala lae.​—⁠Psalmo 4:5; Lododowo 15:22; Mateo 5:​23, 24; Yakobo 5:14.

Eyata ɖikekemanɔmee la, menye ɣesiaɣie dzikudodo nye nu gbegblẽ o. Yehowa kple Yesu siaa do dziku kpɔ​—⁠eye wogale edo ge ake! (Nyaɖeɖefia 19:15) Ne míedi be míasrɔ̃ wo la, míado go nɔnɔme aɖewo kura gɔ̃ hã siwo me ne míedo dziku o la, anye nu gbegblẽ! Nusi akpe ɖe mía ŋue nye be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, ahaka ɖe edzi be susu vevi aɖe tae míedo dziku eye be míedoe le mɔ nyuitɔ nu, le Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nu.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Kain kple Habel

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe