INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 5/8 axa 26-28
  • Akɔɖu—Kutsetse Tɔxɛ Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akɔɖu—Kutsetse Tɔxɛ Aɖe
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akɔɖugblewo
  • Alesi Akɔɖu Tsinae
  • Tso Agblea me Va Ðo Wò Kplɔ̃ Dzi
  • Viɖe Kple Nunyiame Siwo Le Eme
  • Tsaɖiɖi Yi Akɔɖugble Aɖe Me
    Nyɔ!—2003
  • ‘Miyi Edzi Mianɔ Ku Geɖe Tsem’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Nyɔ!—1994
g94 5/8 axa 26-28

Akɔɖu—Kutsetse Tɔxɛ Aɖe

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE HONDURAS GBƆ

HELATƆWO kple Arabwo yɔnɛ be “ati tseku wɔnuku.” Aleksanda Gãtɔ ƒe asrafowo ke ɖe eŋu le India le ƒe 327 D.M.Ŋ. me. Blemagli aɖe gblɔ be, nunyala siwo nɔ India dzudzɔna le eƒe ati te heɖua eƒe tsetse. Eyata woyɔe be “nunyalawo ƒe kutsetse” ɖo. Nukae? Akɔɖue!

Gake aleke akɔɖu wɔ tso Asia ɖo Carib-nyigbawo dzi? Eyae nye be blema Arab-sitsalawo tsɔ akɔɖukpewo tso Asia yi Afrika ƒe ɣedzeƒeƒuta. Le ƒe 1482 M.Ŋ. me la, Portugaltɔ nudilawo ke ɖe akɔɖuti siwo nɔ afima la ŋu eye wotsɔ kpe aɖewo kple alesi Afrikatɔwo yɔnɛ la yi anyigba siwo dzi ɖum Portugaltɔwo nɔ dzi le Canary-ƒukpowo dzi. Afɔ bubu si wogaɖe enye mɔ si wozɔ to Atlantik-ƒua dzi ɖo Xexeme Yeyea gbɔ. Esia va eme le ƒe 1516 me do ŋgɔ na Columbus ƒe ƒudzimɔzɔzɔ le ƒe ʋee aɖewo megbe. Spaniatɔ mawunyadɔgbedeawo tsɔ akɔɖukpewo yi Carib-ƒukpowo kple eƒe anyigba xɔdzo siwo le adzɔge tso atsiaƒua gbɔ la dzi. Aleae wòwɔ atikutsetse wɔnuku sia zɔ ƒo xlã xexeame katã ƒe afã va ɖo Titina kple Dziehe Amerika.

Wogblɔ be ƒe 1690 mee nye zi gbãtɔ si wotsɔ akɔɖu tso Carib-ƒukpowo dzi yi New England. Puritatɔwo ɖa kutsetse sia si womenya o la eye mevivi wo nu o. Gake ame miliɔn geɖe ɖa akɔɖu gbogbo le Dziehe kple Titina Amerika dukɔwo me kple anyigba xɔdzo bubuwo dzi eye woɖui kple dzidzɔ.

Akɔɖugblewo

Le ƒe 1870 kple ƒe 1880 dome la, alesi woanya wɔ be woaɖo akɔɖu ɖe duta va nɔ Europa kple Anyiehe Amerika asitsala vovovowo dzrom. Woɖo adzɔhawo eye wode akɔɖugble siwo woyɔna be fincas. Tameɖoɖo sia ta dɔwɔlawo kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ƒo avewo, wodo lɔrimɔwo, kple ketekemɔwo kple kadodomɔnuwo. Wotso aƒewo, woɖo sukuwo kple kɔdziwo gɔ̃ hã ɖe kɔƒewo me na dɔwɔlawo kple woƒe ƒomewo. Woƒle meliwo be woalɔ akɔɖuawo yi xexeame ƒe teƒeteƒewoe. Esi dɔa va nɔ ta kekem la, adzɔhawo va ƒle anyigba bubuwo kpee le akɔɖugbledeƒewo.

Egbea Latin Amerika dukɔwo mee akɔɖu siwo katã woɖuna le Anyiehe Amerika la ƒe alafa memamã 90 kple vɔ tsona. Brazil-dukɔae ɖoa akɔɖu ɖe duta wu. Honduras ye nye adelia, eɖoa akɔɖu kpekpeme si ade kilogram biliɔn ɖeka ɖe duta ƒe sia ƒe.

Alesi Akɔɖu Tsinae

Akɔɖuti mele abe ati ŋutɔŋutɔ ene o. Mesesẽ abe ati ŋutɔŋutɔ ene o. Ke boŋ enye gbe titri aɖe si ɖi deti. Yame kple anyigba ƒe nɔnɔme ye ɖea alesi atia atsi ahaloloe la fiana. Afisiwo xɔ dzo eye tsi dzana le nyuie, wònye kenyigba wɔnu si anyi tsaka vie eye tsi mexana ɖe edzi o dzie akɔɖu tsina le nyuie. Hafi wòatsi nyuie wu la, mele be yame nafa wu 20° C ɣeaɖekeɣi o.

Hafi woadoe la, wokaa kpea le akɔɖuti tsitsi aɖe ŋu. Woɖea do meta 0.3 eye wo dome kekena meta 5. Ðɔmeea doa nu ɖa le kwasiɖa etɔ̃ va ɖo ene me eye ɖɔmee siawo siwo blana ɖe wo nɔewo ŋu sesĩe la nɔa kekem ne wole tsitsim. Akɔɖuti tsina kabakaba anye sentimeta 3 le ŋkeke ɖeka me. Atia tsina nyuie le ɣleti ewo megbe hekɔkɔna meta 3 vaseɖe 6 eye wòɖia deti.

Akɔɖukpo gã si ŋu aŋgba ɖiɖiwo le la dona tsoa aŋgba siwo bla la me ɖe akɔɖuti si tsi la dzi. Seƒoƒo suesue gbogbo aɖewo dona. Akɔɖukpo ɖeka koe nɔa ati ɖeka ŋu, ekpena kilogram 30 va ɖo 50 eye akɔɖusa 9 va ɖo 16 ye nɔa eŋu. Akɔɖu 10 va ɖo 20 nɔa sa ɖesiaɖe ŋu.

Gbã la, akɔɖu dona vaa anyi me, emegbe ekekena yia dzi. Ke nusi nyea nunyiame na akɔɖua kple alesi wokpɔa eta ne ele tsitsim ya ɖe? Ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔwɔlawo va lãa seƒoƒoa ƒe gboa ɖa le akɔɖua ŋu be wòaxɔ ŋusẽ siwo katã tsoa atia me. Emegbe wotsɔa aŋekotoku ɖɔna na tsetsea be nudzodzoewo magagblẽe o. Esi akɔɖu tsina yia yame eye wòkpena ta la, woblaa atia ɖe ati bubu siwo ƒo xlãe la ŋu be yaƒoƒo alo tsetsea ƒe kpekpe maga na wòamu o. Mlɔeba la, wosaa ka si wode amae la ɖe eŋu tsɔ fiaa ɣeyiɣi si me wòatsi na tsotso.

Yameʋuwo dzona le agblea dzi gbesiagbe va wua atike ɖe eƒe aŋgbawo ŋu. Esia naa dɔléle etɔ̃ meɖea fu na wo o. Wo dometɔ ɖekae nye Panama-dɔléle si me nugbagbe aɖe si noa tsi le akɔɖutiawo me le eye wòwua wo dometɔ aɖewo. Gake wodoa akɔɖuti bubu siwo ate ŋu akpe dɔléle sia dzi la ɖe wo teƒe. Dɔléle bubue nye Mako si dɔlékui aɖe hena vɛ. Wolãa ati siwo xɔ dɔ sia kple seƒoƒo siwo ŋu nudzodzoe siwo kakaa dɔlélea le la ɖa tsɔ tsia enui. Bubu hãe nye Sigatoka-dɔléle si wua atia ƒe aŋgbawo gake megblẽa akɔɖua ŋutɔ ne wowu atike ɖe eme kaba o. Akɔɖuti lɔ̃a tsi ŋutɔ eye wotsɔa tsidemɔ̃ gãwo dea tsii. Míagblɔ kpee hã be womenaa gbe tona ɖe agblea me o.

Tso Agblea me Va Ðo Wò Kplɔ̃ Dzi

Ne ka si wosã ɖe eŋu ƒe amadede ɖee fia be akɔɖua tsi woatso la, wodzidze nɛ kpɔ gbã be woaka ɖe edzi be wololo nyuie na tsotso. Nu ɖedzesi bubu hãe nye be womegblẽa akɔɖua ɖe atia dzi wòɖina o, ne aƒemee woaɖui le hã. Nukatae? Elabena vivi avɔ le eme. Hafi woatsoe la, wobua afisi woatsɔe ayi ƒe didime kple ʋu si atsɔe ŋu. Emegbe dɔwɔla tsɔa eƒe yi tsoa kpoawo eye wòlɔa wo yia wo ŋu dɔ wɔƒee. Ke aleke wowɔa akɔɖutia ne wotsoe vɔ? Wolãnɛ ƒua anyi be wòanyo anyigba na ati bubu siwo atsi ɖe eteƒe.

Woklɔa akɔɖuawo le wo ŋu dɔ wɔƒe eye woɖea esiwo katã gblẽ le eme be dɔwɔlawo kple woƒe ƒomewo naɖu. Wotsɔa akɔɖu suesuewo wɔa nuvivinu kple ɖeviwo ƒe nuɖuɖui. Wodea akɔɖu siwo nyo kilogram 18 aɖaka ɖeka me hedea keteke kple meli siwo me fridge le la ɖona ɖe duta.

Woléa ŋku ɖe akɔɖua ƒe nyonyo ŋu le agbadeƒea eye wodzidzea eƒe dzoxɔxɔ. Ne wotsoe ko la ele be wòanɔ gbogbo vaseɖe esime wòɖo asime. Esi wònye akɔɖu gblẽna ta la, ele be woalɔe, adee meli ahadzrae le fiasewo me le ŋkeke 10 vaseɖe 20 me. Wodenɛ nufamɔ̃ alo fridge me wòfana dzeside 12°-13° le Celcius dzidzenu dzi be magaɖi o. Alesi mɔzɔnyawo le egbea ta la, woate ŋu atsɔ akɔɖu tso Titina kple Dziehe Amerika ayi keke Canada kple Europa ke bɔbɔe.

Viɖe Kple Nunyiame Siwo Le Eme

Akɔɖu hamehame alafa ɖeka kple vɔ ye li. Hlɔ̃kɔɖu ye bɔ wu eye Europa, Canada, kple United States koŋ woɖonɛ ɖo. Esiwo gale sue wu siwo ƒe tsro metri o la bɔ ɖe Honduras fũ. Woyɔa wo be manzana (Apple) kple Red Jamaica.

Ka nyui aɖewo le akɔɖuŋgba me eye wozãnɛ le mɔ vovovowo nu le anyigba xɔdzowo dzi. Zi geɖe ne èyina asime la, àkpɔ woalɔ akɔɖuŋgba ali kɔ ɖe mɔto be woadzra ne woatsɔ abla tamale, si nye nuɖuɖu si wotua lã tsɔ tsakaa amɔwɔ, blanɛ ɖe akɔɖuŋgba alo blitsro me heɖana, eye ebɔ ɖe dukɔ geɖe me.

Hondurastɔ geɖewo lɔ̃ abladzo ɖuɖu. Woyɔa nuɖuɖu vivi aɖe si le Honduras ƒe anyieheƒuta be machuca. Hafi woaɖae la, wotoa abladzo gbogbo le to me, dea nu ʋeʋẽwo eme eye wotɔnɛ kple agalã le yevunemi me.

Woɖua akɔɖu si ƒe agbɔsɔsɔme ade biliɔn 11 le United States ƒe sia ƒe. Woɖoa gbogbo aɖewo hã ɖe Canada kple Britania kpakple Europa-dukɔ bubuwo me. Nunyiame kawoe nàkpɔ ne èɖu kutsetse sia? Vitanim A kple C, carbohydrates, phosphorus, kple potassium le akɔɖu me.

Akɔɖu ƒe ŋudɔwɔnuwo sɔ gbɔ ŋutɔ! Evivina ne wotsɔe tɔ kaklo, cake, kple nu bubuwo. Gake ne àgaɖu akɔɖu ɖiɖi la, bu eƒe nɔnɔme tɔxɛwo ŋu. Nutsyɔnu le kutsetse sia ŋutɔ si. Nunyiamewo le eme zã. Ẽ, ɖewohĩ akɔɖu zɔ ƒo xlã xexeame katã ƒe afã hafi va ɖo wò kplɔ̃ dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe