Ðe Biblia La Zu Tsigãdzinua?
AME geɖe ɖoa eŋu be ẽ hegblɔna be: “Meƒo nu le dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu o. Gli kple xotugbalẽ wònye. Tsigãdzinue. Mewɔa dɔ o. Drɔ̃exexeme ko edzixɔselawo le.”
Gake Ðaseɖiɖi Kawoe Li?
• Biblia gblɔ be Mawue wɔ agbe. Dzɔdzɔmeŋutinunya gblɔ be ɖeko agbe dzɔ kpoyi tso atikemenuwo kple ŋusẽ ƒe tsakatsaka me. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Pasteur ɖee fia be agbe mate ŋu adzɔ kpoyi ko o.” Nugbagbeviŋutinunyala Michael Denton ƒe agbalẽ si nye Evolution: A Theory in Crisis gblɔ be: “Vovototo gã aɖe si woate ŋu asusu la le nugbagbevi kple nusiwo menye nugbagbewo o, siwo wowɔ le ɖoɖo deŋgɔ nu . . . dome.” Nɔnɔmetɔtrɔnufiala aɖeke mate ŋu agblɔ mɔnu aɖeke si sɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya nu si dzi agbe ato adzɔ kpoyi le o.
• Wogblɔna le nɔnɔmetɔtrɔnufiafia me be lãmenugbagbevi gbãtɔ siae va trɔ zu nugbagbe siwo katã le anyigba dzi. Lãkukuƒu siwo wokpɔ le tome mefia be lã ƒomevi aɖe trɔ vivivi va zu bubu kpɔ o. Dzɔdzɔmeŋutinunyala Francis Hitching ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Neck of the Giraffe me be: “Ne èle kadodo si le lãwo ƒe hatsotso gãtɔwo dome dim la, àkpɔ be ɖeke meli o.” Esia sɔ kple nusi Biblia gblɔ—be lã ƒomeviwo dzia vi “wo tɔ wo tɔwoe.”—Mose I, 1:12, 25.
• Tomenukuku ɖo kpe edzi zi geɖe be Biblia me ŋutinyawo nye nyateƒe.
• Blematɔwo susui be nu klitsu aɖewo dzie anyigba la le le yame. Issac Newton ye ɖee fia le dzɔdzɔmeŋutinunya me be dzɔdzɔmese si naa nuwo ʋãna hezɔna ye na anyigba le agba sam le yame. Biblia gblɔ esia ƒe 3,200 kloe nye sia do ŋgɔ ɖe Hiob 26:7 be, Mawu “meku anyigba ɖe naneke ŋu o.”
• The Encyclopedia Americana gblɔ be: “Ame geɖe melɔ̃ ɖe edzi be anyigba la le nogoo o vaseɖe ɣeyiɣi si me wogatrɔ ɖe agbalẽsɔsrɔ̃ ŋu hafi, gake Biblia gblɔ le Mawu ŋu le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me be: “Ele anyigba nogoo la tame.”—Yesaya 40:22, Moffatt.
• Mose ƒe Sea (ƒe 16 lia D.M.Ŋ.) ɖee fia be wonya nu le dɔxɔleameŋuwo ƒe dɔlékuiwo ŋu ƒe akpe geɖe hafi Pasteur gblɔ be dɔlékuie hea dɔléle vɛ.—Mose III, ta 13 kple 14.
• Salomo ŋlɔ nu tso ʋu ƒe sisi le lãme na ame ŋu ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ hafi Kristo va, gake esime William Harvey va ɖe eme le ƒe alafa 17 lia M.Ŋ. me hafi wova nya nu le eŋu le atikeŋutinunya me.—Nyagblɔla 12:6.
• Salomo ŋlɔ nu tso anyidi siwo tua nudzraɖoƒe ɖe tome, afisi woƒoa nukuwo nu ƒu ɖo wònɔa anyi vaseɖe vuvɔŋɔli me la ŋu. (Lododowo 6:6-8) Amesiwo kea ɖi Biblia gblɔ be anyidi aɖeke meli nenema o. Gake le ƒe 1871 me la, Britaniatɔ nugbagbeviŋutinunyala aɖe va ke ɖe anyidi siawo kple woƒe nudzraɖoƒe ŋu.
• Dzɔdzɔme ŋuti sidzedze dze le Psalmo 139:16 me: “Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ . . . [wo] katã ɖe wò agbalẽ me.”
• Le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me, hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nade dzesii be xeviwo ʋuna gatrɔna gbɔna la, Biblia la gblɔe xoxo le Yeremya 8:7 be: “Damixe le dziƒo te hã nya eƒe [ʋuʋuɣi], eye akpakpa, sagbadre kple tsalɛ dzea si woƒe gbɔgbɔɣi.”
• Biblia gblɔe ɖi le ƒe alafa gbãtɔ me be le “ŋkeke mamleawo” me la, amewo agblẽ anyigba la, eye esia ta Mawu ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la ɖo.”—Timoteo II, 3:1; Nyaɖeɖefia 11:18.
• Ðe Biblia me nyawo mewɔa dɔ oa? Emee nunya vavãtɔ si wɔa dɔ le míaƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me la le, gake ele be amewo nalɔ̃ faa awɔ eŋudɔ hafi wòaɖe vi na wo. ‘Mitsɔ miaƒe yiwo tu agblenuwoe, eye mitsɔ miaƒe akplɔwo tu hɛ gobɛwoe.’ ‘Nusi mielɔ̃ be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.’ ‘Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.’ Amesiwo wɔa nufiame siawo dzi la, medɔa aʋa o eye womewɔa nu vlo hã o. Ne anyigbadzitɔwo wɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesu si me la ƒe sededewo dzi la, ekema Biblia dzi xɔselawo ƒe mɔkpɔkpɔ manye drɔ̃e si mava eme o ke boŋ anye nu ŋutɔŋutɔ.—Mixa 4:2-4; Mateo 7:12; Nyaɖeɖefia 21:3-5.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 21]
Le the Shrine of the Book, Israel Museum, Jerusalem ƒe mɔɖeɖe te