Mexico Trɔ Eƒe Mawusubɔsubɔ Ŋuti Sewo
LE JULY 16, 1992 DZI LA, SUBƆSUBƆHAWO KPLE DUTOƑOSUBƆSUBƆ ŊUTI SE YEYE LA DZE DƆWƆWƆ GƆME LE MEXICO. NUKATAE ESIA HIÃ, EYE NUKAE SE YEYE SIA HE VƐ? MINA MÍAKU NYA SIA SI WOKPƆ MƆ NA VEVIE LA ME KPƆ.
ESI Spania ɖu dukɔ si woyɔna fifia be Mexico dzi la, wozi Katolikoha la ɖe amewo dzi. Esi wodi be woade subɔsubɔnyawo ŋuti se la, wowɔ Spania-se si nye Constitución de Cádiz (1812) dzi vaseɖe afi aɖe; Se 12 lia gblɔ be: “Katoliko, Apostolowo ƒe Roma-ha si nye subɔsubɔha vavãtɔ ɖeka hɔ̃ la koe nye Spania Dukɔa ƒe subɔsubɔha eye eya koe wòanye tegbee.” Emegbe le ƒe 1824 me la, wode Dukplɔse na Mexico eye egblɔ be: “Katoliko, Apostolowo ƒe Roma-ha, lae nye Mexico Dukɔa ƒe subɔsubɔha eye eya ko wòanye tegbee. Dukɔa atsɔ se dzɔdzɔe siwo me nunya le la akpɔ eta eye maɖe mɔ ɖe subɔsubɔha bubu aɖeke ŋu o.” Togbɔ be wogagbugbɔ lé ŋku ɖe dukɔa ƒe sewo ŋu zi geɖe hã la, susu mawo ke koe ganɔ wo me vaseɖe ƒe 1843 me, eye wotsɔ Katolikoha la ɖo ŋgɔ, le nyateƒe me la, woxe mɔ ɖe subɔsubɔha bubu ɖesiaɖe nu.
Ƒe 1857 mee Mexico-dumegã Benito Juárez dze ŋkuléle ɖe dukɔa ƒe sewo ŋu gɔme eye wòto nusi woyɔ be Ðɔɖɔɖosewo vɛ. Wode se sia be “subɔsubɔha la ƒe nunɔamesiwo nazu dukɔa tɔ” eye “wòadzi Dukɔa ƒe ŋusẽ ɖe edzi le dunyahenyawo kple ganyawo me ahaɖe [Katolikoha] la tɔ dzi akpɔtɔ.” (Historia de México Babla 10, axa 2182) Le se siwo wode le ƒe 1859 me dome la, wode Sɔlemeha ƒe Nunɔamesiwo Tsɔtsɔ Wɔ Dziɖuɖua Tɔe ƒe Se kpakple srɔ̃ɖese si me wogblɔ le be Dziɖuɖua nawɔ srɔ̃ɖeɖe na amewo bene woanɔ se nu la hã. Wode Subɔsubɔhawo ƒe Ablɔɖese le ƒe 1860 me.
Ðɔɖɔɖoseawo na mawusubɔsubɔblɔɖe aɖe ameawo, eye wògblɔ be Katolikoha ɖeɖe maganye subɔsubɔha ɖeka anɔ dukɔa me o. Gake seɖoƒe le ablɔɖe yeye sia ŋu eye ate ŋu atrɔ le nɔnɔmea nu. Seawo ɖe mɔ be subɔsubɔhawo nanɔ Mexico gake meɖe mɔ na wo alo na gome wo le se nu o. Ðe wode Ðɔɖɔɖoseawo be woatsɔ amiã Katolikoha lae gake eva miã subɔsubɔha bubuwo katã hã. Gake subɔsubɔha siwo menye Katolikoha o la te ŋu wɔa dɔ faa eye Protestant-ha siwo tso United States la dze nyanyuigblɔdɔ gɔme le dukɔa me.
Wogade Ðɔɖɔɖoseawo sesĩe le ƒe 1917 me tsi tre ɖe osɔfowo ŋu vevie si wɔe be woti nunɔlawo kple Katolikotɔwo yome. Esia he Cristeros-ʋa si Katolikoha la wɔ kple dziɖuɖua be woatsɔ ate fli ɖe subɔsubɔhawo ŋuti se sesẽawo mee la vɛ le ƒe 1926 me. Aʋa sia ke le 1929 me eye dziɖuɖua lɔ̃ ɖe mɔ ɖe nanewo ŋu, gake seawo ganɔ anyi nenema wometrɔ asi le wo ŋu o.
Agbalẽ si nye Una Ley Para la Libertad Religiosa (Mawusubɔsubɔblɔɖese) ɖe nu me le se siawo ŋu be: “Míekpɔe be gbã la, edze ƒã be míaƒe Dukplɔse 24 lia ƒe mememã evelia, kple ɖɔɖɔɖose bubuwo tsi tre ɖe mawusubɔsubɔblɔɖe ŋu, elabena woɖo seɖoƒe na amewo ƒe subɔsubɔ le gotagome eye wotsɔ woƒe subɔsubɔ la de dziɖuɖua ƒe se te.
“Hekpe ɖe eŋu la, dukplɔse siawo tsi tre ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Xexeame Katã ƒe Amegbetɔwo ƒe Gomenɔamesise (Se 19 lia) kple Amerikatɔwo ƒe Amegbetɔwo ƒe Gomenɔamesise (Se 12 lia), si nye dukɔwo dome se siwo dzi Mexico Dukɔa da asi ɖo la ŋuti.”
Esi Mexico-dukplɔla yeyea dze eƒe ƒe ade dziɖuɖu la gɔme le ƒe 1988 me la, wokpe Katolikoha la ƒe nunɔlawo yi dukplɔla ɖoɖo zi dzi wɔnawo teƒee. Dukplɔla Carlos Salinas de Gortari gblɔ le eƒe nuƒo me be ehiã be woaɖɔ Sɔlemeha la kple Dukɔa dome ɖo be wòasɔ ɖe fifi nɔnɔmewo nu. Afɔɖeɖe yeye sia na woƒo nya ta be ele be woawɔ tɔtrɔ le subɔsubɔhawo ŋuti sewo me godoo. Hekpe ɖe eŋu la, dukɔa va le tɔtrɔm ɖe demokrasiɖoɖowo ŋu wu eye wodze asitsatsa faa ƒe ɖoɖowo wɔwɔ gɔme kple United States kpakple Canada. Eyata ehiã be woawɔ tɔtrɔ le sea me ale be wòasɔ ɖe mawusubɔsubɔblɔɖese nu.
Se Yeye La
Wotu se yeyea “ɖe mamã si le Sɔlemeha kple Dziɖuɖua dome le ŋutinya me ƒe gɔmeɖose kpakple mawusubɔsubɔdzixɔsewo ƒe ablɔɖe dzi . . .” abe alesi wogblɔe ɖe eƒe se gbãtɔ me ene. Se evelia na ablɔɖe amesiame be “mawusubɔsubɔdzixɔse siwo wòlɔ̃ la nanɔ esi alo wòaxɔ wo ahawɔ mawusubɔsubɔnuwo alo kɔnuwo le eɖokui si alo le ha me . . . , maʋu mawusubɔsubɔdzixɔse aɖeke me o . . . , womagaɖee ɖe vovo, azi edzi, alo asẽ ŋuta le eŋu le mawusubɔsubɔdzixɔsewo ta o . . . , be wòade ha ahakpe ta kple etɔwo le ŋutifafa me hena subɔsubɔ.” To se sia me “sɔlemehawo kple subɔsubɔhawo anye habɔbɔ siwo le se nu ne wonya de woƒe ŋkɔ agbalẽ me le Dziɖuɖu Dɔwɔƒe alesi wodii ko. Nenema ke “domenyinu anɔ subɔsubɔha siwo woɖo ɖe se si li fifia nu la ŋutɔ si be woate ŋu aɖo woƒe taɖodzinu gbɔ.”
Wode Yehowa Ðasefowo Agbalẽ me le Se Nu
Le ɖekawɔwɔ me kple se yeye sia la, Yehowa Ðasefo siwo le Mexico ŋlɔ mɔbiagbalẽ ɖo ɖe Dɔwɔƒe si Kpɔa Subɔsubɔnyawo Gbɔ le April 13, 1993 dzi be woade yewo agbalẽ me be yewonye subɔsubɔha. Do ŋgɔ la, Yehowa Ðasefowo nɔ dɔ wɔm faa abe subɔsubɔha bubuawo ke ene, gake womena se ƒe gomenɔamesiwo wo o. Yehowa Ðasefowo le dukɔ sia me tso ƒe alafa 20 lia sia ƒe gɔmedzedze ke. Togbɔ be womede wo agbalẽ me sea te o hã la, Mexico-dziɖuɖua na ŋusẽ Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe Habɔbɔa le June 2, 1930 dzi. Wotrɔ ŋkɔ sia le December 20, 1932 dzi wòzu La Torre del Vigia (Gbetakpɔxɔ). Gake le ƒe 1943 me la, se siwo ɖo seɖoƒe na subɔsubɔdɔwɔnawo le dukɔa me wɔe be wotsɔ ŋkɔ yeye de habɔbɔa agbalẽ me be enye dukɔmevi dzrowo ƒe habɔbɔ. To esia me Yehowa yra ɖe dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le ƒe geɖee nye ma la dzi. Fifia le ɖekawɔwɔ me kple agbalẽ si woŋlɔ le May 7, 1993 dzi, si wotsɔ na Yehowa Ðasefowo le May 31, 1993 dzi me la, wode wo agbalẽ be wonye La Torre del Vigía, A. R., kple Los Testigos de Jehová en México, A. R., wo ame evea siaa wonye subɔsubɔhabɔbɔwo.
Le ɖoɖo yeye siawo te la, Yehowa Ðasefo siwo le Mexico le dɔ dzi vevie le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea me abe alesi wole ewɔm le dukɔ 230 bubuwo me le xexeame katãe ene. Dɔa keke ɖe enu ƒe ɖoɖo gãwo le edzi yim le Mexico, Fiaɖuƒe Akpata kple Takpexɔ yeyewo tutu nye eƒe akpa aɖe. Dɔ geɖe li woawɔ elabena gbeƒãɖelawo wu 380,000 eye ame 30,000 xɔa nyɔnyrɔ̃ ƒe sia ƒe, abe alesi aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ 530,000 siwo wɔm wole fifia la ɖee fia ene.
Esia mefia be wokpɔ kuxiwo katã gbɔ na Yehowa Ðasefowo le Mexico o. Wogale nya ƒom ɖe wo viwo nu kokoko le suku le woƒe akpaɖekedzimademade ta. Gake dziɖuɖumegãwo di be yewoawɔ se yeyea ŋudɔ le dzɔdzɔenyenye me le nu wɔwɔ kple subɔsubɔha vovovoawo me le dukɔa me. Mexico wɔ afɔɖeɖe gã aɖe le amegbetɔwo ƒe gomenɔamesiwo kple mawusubɔsubɔblɔɖe dzi dede me le se yeye si ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu me nyateƒe.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]
Agbalẽ siwo ɖe mɔ ɖe “Gbetakpɔxɔ” kple “Nyɔ!” ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Biblia ƒe hehexɔƒe yeye si tum Yehowa Ðasefowo le le Mexico