Kpẽ—Tso Aʋagbedzi Yi Fefexɔ Me
LE FIA Abiya ŋɔli la, wodze aʋa ɖe Yuda-srafowo ŋu. Futɔwo ƒe asrafo 800,000 siwo ɖe to ɖe wo la sɔ gbɔ wu wo teƒe eve. Edze abe womate ŋu asi o ene. Kasia kpẽwo ɖi sesĩe! Esi dzo ɖo lãme na Yuda-ŋutsuawo la, wodo aʋaɣli hedze ŋgɔ aʋa la. Togbɔ be Yudatɔwo ƒe futɔwo sɔ gbɔ wu wo hã la, woɖu wo dzi.—Kronika II, 13:1-20.
Aleke kpẽkuku mawo sese aʋã amee nye si! Ðikeke mele eme o be eɖo ŋku Yehowa ƒe ŋugbedodoa dzi na Yudatɔwo be: “Ne mieho aʋa le miaƒe anyigba dzi ɖe miaƒe futɔ, siwo le fu ɖem na mi la ŋu, eye mieku kpẽ tsiã ɖe nu la, ekema Yehowa, mia Mawu, aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi atso miaƒe futɔwo si me.” (Mose IV, 10:9) Kpẽawo kuku ɖee fia be Yudatɔwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye woɖo ŋuɖoɖeŋu ma teƒe na wo.
Kpẽ ƒe ŋutinya gbɔ didi wu Biblia me nudzɔdzɔ sia sã. Gakpẽ nɔ Egipte anɔ ƒe 2,000 do ŋgɔ na Kristo. Blemakpẽ siawo to vovo na esiwo míenya egbea la sã. Bu alesi wowɔ haƒonu dodzidzɔname sia la ŋu kpɔ.
Alesi Wowɔe le Blema
Woɖe Eŋlisigbe me nya trumpet si gɔme míeɖe be “kpẽ” la tso Blema Fransegbe me nya trompe me, eye efia atiglinyi ƒe ɖɔ. Ðaseɖiɖi ɖee fia be blemakpẽwo nɔ abe atiglinyi ƒe ɖɔ ene. Helatɔ fefeŋlɔla Aeschylus (525-456 D.M.Ŋ.) yɔ kpẽ ƒe ɖiɖi be “nu gbagbã.” Dzesi nana le aʋawɔwɔ, kunu alo azãɖuɖuwo, duɖimekekewo, kple dutoƒonuwɔna bubuwo me koe wokunɛ le.
Togbɔ be wozã kpẽwo tsɔ wɔ dzesi le aʋawɔwɔ me le Israel hã la, wotsɔe dzi hae le gbedoxɔa me hã. Wona aɖaŋuwɔla bibiwo tsɔ klosalo wɔ haƒonu adodoewoe. Le gbedoxɔa me la, kpẽkulawo ƒo ha wòlé nyuie ale gbegbe be wogblɔ be woɖi “zi ɖeka yoo [le ɖekawɔwɔ blibo me, Today’s English Version].”—Kronika II, 5:13.
Eyata Israel ƒe kpẽwo menɔ klitsaklitsa alo ve to o. Gake abe alesi dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe kpẽwo le ene la, gbeɖiɖi ʋee aɖewo koe nɔ eme. Ƒe alafa geɖe va yi hafi wowɔ kpẽ wòte ŋu kua gbeɖiɖi geɖe.
Alesi Wowɔ Kpẽwoe Egbea
Hafi woate ŋu atsɔ kpẽ adzi gbe geɖe la, ele be woatrɔ asi le ewɔwɔ ŋu. Gbã la, wowɔe wòdidi ɖe edzi. Wobu be gbe geɖe anɔ kpẽ didi me wu. Titinaɣeyiɣi me kpẽ aɖe (si woyɔ be buisine la) didi meta 1.8 sɔŋ! Abe alesi míakpɔe ene la, manya ku o. Eyata le ƒe alafa 14 lia me la, wobi kpẽa wòle abe S ene be wòanya ku. Ƒe alafa ɖeka megbe la, wobii ɖe dzogoe ene me eye alɔ etɔ̃ siwo le akasanu le eŋu.
Wote ŋu kua kpẽ yeye la ɖe gbe vovovowo me gake gbe kɔkɔwo me koe wote ŋu kunɛ ɖo. Gbe siawo léa ve na ame. Gake ame aɖewo dze ha siwo ŋu wokua kpẽ ɖe gbe kɔkɔwo me ɖo la kpakpa gɔme. Hakpala xɔŋkɔ aɖe si nɔ anyi ɣemaɣie nye Johann Sebastian Bach (1685-1750).
Mlɔeba la, wogade ga gɔdɔ̃e siwo me do le la eŋu. Susu si ta wowɔe la me kɔ: Ne doa didi ɖe edzi la, ya toƒea hã adidi eye wòana woate ŋu akui ɖe gbe geɖe wu me. Gã gɔdɔ̃eawo na kpẽa ƒe gbe bɔbɔ tso keke dzesi F vaseɖe dzesi B dzi ke.
Eyata kaka Wolfgang Amadeus Mozart (1756-1791) ƒe ɣeyiɣi naɖo la, kpẽ siwo wokuna ɖe gbe kɔkɔ ko me meganɔ anyi o. Wote ŋu kua kpẽ yeyea ɖe gbe kɔkɔ me bɔbɔe eye gbe domedometɔ hã va nɔ eme.
Wote ŋu kua kpẽ yeye sia ɖe gbe vovovowo me. Gake ekuku gasesẽ kokoko, elabena ehiã be nazã asi eveawo hafi ate ŋu atrɔ ga gɔdɔ̃eawo. Eyata ehiã be woagatrɔ asi le eŋu.
Kpẽ si Ŋu Do Viwo Le
Le ƒe 1760 me lɔƒo la, Russiatɔ hadzila si ŋkɔe nye Kolbel to nu deŋgɔ aɖe vɛ. Eɖe do ɖe kpẽa ƒe nu si keke la gbɔ hetsɔ ga vi si ŋu wofa nu ɖo si xea mɔ na ya la de eme. Ne woʋu nu le do sia nu la, enaa kpẽa ƒe gbe yia dzi vie le gbe ɖesiaɖe gome. Le ƒe 1801 me la, kpẽkula aɖe si ŋkɔe nye Anton Weidinger si tso Vienna la trɔ asi le nusi Kolbel wɔ ŋu hewɔ kpẽ si ŋu do vi atɔ̃ le. Mlɔeba la, wova wɔ kpẽ si ŋu do vi le si na wote ŋu kua gbeawo katã bɔbɔe.
Gake nu madeamedzi gã aɖe nɔ Weidinger ƒe kpẽa gɔ̃ hã ŋu. Do viawo ʋuʋu gblẽa kpẽa ƒe ɖiɖi me. Eyata kpẽ siwo ŋu ga viawo nɔ la menɔ anyi eteƒe didi o. Woɖe asi le ezazã ŋu hetrɔ ɖe kpẽ yeye aɖe kura ŋu.
Kpẽ Gbãtɔ si Ŋu Asiɖoƒe Le
Le ƒe 1815 me la, Heinrich Stölzel si tso Silesia xɔ ŋusẽ hewɔ asiɖoƒewo kpe ɖe kpẽ la ŋu. Wotsɔ aɖaŋu ɖe do ɖe wo ŋu ale be asiɖoƒe ɖesiaɖe ate ŋu ana ya natso kpẽa ƒe do gã me ayi ɖe ga gɔdɔ̃e si le eŋu la me. Esia ana be woate ŋu azã ga gɔdɔ̃e siwo ƒe didime le vovovo le ɣeyiɣi ɖeka me atsaka. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi ga vi xatsɛwo le asiɖoƒeawo me ta la, ete ŋu gavaa dzi kaba.
Kpẽ sia meɖina nyuie tututu le gɔmedzedzea me o. Gake esi ƒeawo nɔ yiyim la, woɖɔ nu gbegblẽ siawo ɖo eye kpẽ si ŋu asiɖoƒewo le la li vaseɖe fifia.
Exɔ Ŋkɔ le Ezazã le Mɔ Vovovowo Nu Ta
Wokua kpẽ le hadzidzi ƒomevi ɖesiaɖe kloe me. Eblana kple amegbetɔ ƒe gbe kpakple haƒonu bubuwo nyuie. Eƒe gbe vivi ʋãme la na wòsɔ nyuie na fefewɔwɔwo kple gbɔlɔlɔwo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, eƒe gbe si me kɔ nyuie la na wònyo na blemahawo, ha siwo ŋu woƒoa haƒonuwo kpena ɖo, kple egbegbe jazz-hawo ƒoƒo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le alesi kpẽ dea vivi ha mee la na wòsɔ na lɔlɔ̃hawo nyuie eye wokunɛ zi geɖe hã le ame ɖeka ko ƒe hadzidziwo me.
Ẽ, wole kpẽ ŋudɔ wɔm menye egbe o. Meganye asrafo ƒe dzesiwɔnu ko wònye o. Fifia woate ŋu atsɔe aƒo hae nyuie—ne ele hadzila bibi aɖe si. Ðikeke mele eme o be eɖanye hadzidzi ka ƒomeviwoe dzɔa dzi na wò o, esese vivia nuwò. Aleke gbegbe míate ŋu ada akpe na mía Wɔla lae nye si ɖe ŋutete si wòna amegbetɔwo be woato haƒonuwo abe kpẽ ene vɛ la ta!
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 17]
Keyed Trumpet and Slide Trumpet: Encyclopædia Britannica/11th Edition (1911)