Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Ƒome Siwo Mekpɔa Television O
Le suku aɖe si me sukuviawo ƒe akpa gãtɔ mekpɔa television o la, nufialawo gblɔ be yewoate ŋu ade dzesi ɖevi ʋee siwo kpɔnɛ vevie la bɔbɔe. “Ne èkpɔ abɔdzokpoviwo wole kalẽwɔfefe fem eye wodi be yewoawu ame alo adza ame ahawɔ nuvevii la, ke eɖe ha wo enumake be wokpɔa television ŋutɔ,” eŋutinunyala aɖee gblɔe. The Wall Street Journal gblɔ be amesiwo megakpɔa television o la kpɔ viɖe geɖe. Ƒe 17 nyɔnuvi aɖe gblɔ be “tsã la, míekpɔa Papa zi geɖe hafi wòyia dɔ me. Ekpɔa television kpli mí ne egbɔ va aƒeme, ke emegbe la, ‘Papa, dɔdɔ nenyo’ koe nye dze si míegaɖona kplii. Fifia míeɖoa dze ɣesiaɣi, míele kplikplikpli ŋutɔŋutɔ.” Egblɔ kpee be: “Ne ƒome va ɖo asinye la, nyemaƒle television akpɔ o.”
Gbeɖuɖɔ Wotsɔ Tu Xɔawoea?
China ke ɖe mɔ tɔxɛ aɖe si dzi woato aɖe woƒe gbeɖuɖɔwo ɖa la ŋu. Beijing Yame ƒe Nɔnɔme kple Dzadzɛnyenye Ŋuti Numekuƒe to mɔnu aɖe vɛ nyitsɔ laa si me woatsɔ gbeɖuɖɔ atsaka anyi atsɔ me kpee. China Today ƒe magazine ƒo nu tso nusi wòzuna mlɔeba la ŋu be ezua “anyikpe adodoe” siwo xɔtulawo azã. Kpetsoƒe aɖe mè kpe miliɔn 54 le ɣleti ʋee aɖewo ko me, eye “wozã gbeɖuɖɔ tɔn 46,884 sɔŋ.” Esi wome kpeawo le dzoxɔxɔ dzeside si ade Celsius 1,000° vaseɖe 2,000° me kpeawoe vɔ la, wogblɔ be “wo ŋu dza abe kpe ŋutɔwo ko ene.”
Dukɔ si me Tsi Xɔdzo Leƒe Bɔ Ðo
Suomen Silta magazine gblɔ be: “Finlandtɔwoe zãa tsi xɔdzo leƒe vevie wu le xexeame katã.” Finlandtɔ akpa gãtɔ lea tsi xɔdzo sia zi ɖeka le kwasiɖa me ɖe ɖiɖiɖeme kple ame ɖokui ŋu kɔklɔ ta. Exɔa dzo Celsius dzeside 80° vaseɖe 100° le mamã dedie nu. Finlandtɔwo lea tsi fafɛ alo gena ɖe ta me enumake ne wole tsia vɔ. Suomen Silta gblɔ be wobu akɔnta be tsi xɔdzo leƒe siwo ade miliɔn 1.6 sɔŋ ye le Finland. Esi Anyiehe Europa-dukɔ sia me tɔwo sɔ gbɔ vie wu miliɔn atɔ̃ ta la, efia be tsi xɔdzo leƒe 1 ye li na ame 3 ɖesiaɖe.
Ne Nu Lé Ve na Ame
Menye dzime zizi na ame ye nye mɔ nyuitɔ si dzi woato akpe ɖe amesi nuɖuɖu lé ve na ŋu o. Berkeley Wellness Letter gblɔ be enyo wu be woate nusi woyɔna ɣeaɖewoɣi be asi tsɔtsɔ mia ƒodo na ame la akpɔ. Agbalẽa gaƒo nu tso mɔnu sia ŋu be: “Tɔ ɖe amesi nua lé ve na la megbe eye nàtsɔ asi aɖo eƒe ƒodo dzi. Ŋlɔ kɔ ɖeka ɖo eƒe akɔtaƒu kple dzinu dome, eye nàte wò degblefetsu ɖe eƒe ƒodo dzi. Tsɔ asi evelia lé gbãtɔ nàtsɔ anɔ ƒodo miam nɛ sesĩe kabakaba. Wɔe vaseɖe esime nuɖuɖua alo nua naɖiɖi. Mègawɔe na ɖevi siwo mexɔ ƒe ɖeka haɖe o la o, woawo hiã na beléle tɔxɛ ne nu lé ve na wo.” Atikewɔlawo ate ŋu afia mɔnu sia ame le hehe si wonaa amewo le asi tsɔtsɔ wɔe alo zizi ɖe amesi gbɔgbɔtsixe tsi ƒo na ƒe akɔta be wòagate ŋu agbɔ nyuie me. Wellness Letter la de dzesii be “vehlo me ƒe xexe wua ame 3,000 va ɖo 4,000 le United States ƒe sia ƒe.”
Avũ Glãƒusesẽwo
Daily News gblɔ be avũ ɖu ame 10,753 le New York Dugã me le ƒe si va yi me. Kpovitɔwo kple avũwo kpea dzre zi ɖeka le kwasiɖa ɖeka me le mamã dedie nu si me wodaa tu le. Wogblɔ be avũ aɖewo lũna ɖe kpovitɔwo dzi togbɔ be wodaa tukpe ade wòŋɔa wo flofloflo hã. Agbalẽa ka nya ta be woɖu kpovitɔ geɖe eye “tukpe tatrawo de abi” ame bubuwo ŋu “esi wokpe dzre kple avũ glãƒusesẽ siawo.” Kpovitɔwo ƒe Dɔwɔƒemegãwo tsi dzi fifia ɖe nuvevi si tukpe tatrawo wɔa amewo ne woda tu avũ wɔadãwo ŋu vevie. Woƒoe ɖe kpovitɔwo nu be ne dzre gadzɔ ɖe woa kple avũ dzeaglãwo dome la, woazã nusiwo mawu ame o, abe atadi veve ƒuƒu siwo wotu tsaka si tsia gbɔgbɔ ɖe ame ƒo la ene.
Batri Siwo Wɔa Nuvevi Ame
“Le Mɔxexe Ðe Ŋkuagbã Nu Utah habɔbɔ ƒe nya nu la, batri siwo wó la fiãa ŋku dzi lãyi falɛfalɛ la hegblẽa nu bubuwo le ŋku ŋu na ame 6,000 ƒe sia ƒe” le United States. Snow Country magazine ka nya ta be afɔku siawo dometɔ geɖe dzɔna ne ʋukulawo te kpɔ be woatsi gaka ɖe ʋu bubu ƒe batri ŋu atsɔ ade dzo woƒe ʋuwo mee. Batri ƒe dzoxi ate ŋu ana aɖiya xɔdzowo nado. Be wòanye takpɔkpɔ la, magazine la kafui be ne woatsi gaka ɖe ʋu bubu ƒe batri ŋu atsɔ ade dzo ʋu mee la, “ele be woatsi ka yibɔa ɖe ga si womesi aŋɔ na o ŋu, abe nublaga si do nu ɖa ene tsɔ wu be woatsii ɖe batria ƒe ka yibɔa deƒe. Esia aɖe eƒe dzokeke si ana wòawó la dzi akpɔtɔ.” Hekpe ɖe eŋu la, ele be woatu kawo, eye “ele be ʋukulawo naɖɔ gaŋkui axe ŋku ne wotsi gaka ɖe ʋu bubu ƒe batri ŋu tsɔ le dzo dem woƒe ʋuwo me.”
Lãkusi ƒe Vɔvɔ
Nuɖuɖu dzitsotso ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu—vevietɔ ne amesi tso nuɖuɖu dzi di be yeaɖe lãmemi dzi akpɔtɔ eye eƒe lãkusi hã vɔna. Wayne Westcott si ŋlɔa nu le lãmesẽnyawo ŋu gblɔ be “lãkusi hiã vevie ŋutɔ le nu geɖe siwo míewɔna le ŋkeke bliboa katã me—ne evɔ ko nane wɔ wò.” Amesiwo metso nuɖuɖu dzi o hã ƒe lãkusi ate ŋu avɔ ne wonye teƒeɖekanɔlawo. Wobu akɔnta be teƒeɖekanɔla ƒe lãkusi kilogram 2 vɔna eye wòdea ami kilogram 7 ƒe ewo ɖesiaɖe le mamã dedie nu. Ðk. Westcott de dzesii be: “Le kpekpemedzidzemɔ̃ si nɔa tsileƒe dzi la, anye kpekpeɖedzi kilogram 5 (amidede kilogram 7 kple lãkusi kilogram 2 ƒe vɔvɔ). Gake le nyateƒe me la, kpekpeɖedzi kilogram 9 (amidede kilogram 7 kple lãkusi kilogram 2 ƒe vɔvɔ) ye wònye.” Be woanɔ lãmesẽ me eye ame ƒe lãme nakɔ nyuie la, wokafui vevie be woawɔ kamedewɔnawo abe duƒuƒu, tsiƒuƒu, azɔlizɔzɔ ene eye woaxɔ lãmesẽhehe hã.
Wokpɔ Mɔ Agbe Ʋudodo
Mainichi Daily News me nyati aɖe gblɔ be, “Dɔnɔwo Kpɔ Mɔ Agbe Ʋudodowo,” esi wònɔ nya ta kam le eŋutinunyalawo ƒe ha si Tokyo Dugã me Kɔdziwo Kple Vixeƒewo ƒe Agbenɔnɔdzidzenu Ŋuti Kɔmiti ɖo ƒe nya si wogblɔ ŋu. Togbɔ be yunivɛsiti gãwo ƒe kɔdziwo wɔ nyametsotso sia xoxo hã la, esiae nye gbãtɔ si nutoa me dziɖuɖukɔdziwo wɔ. Wokafui be ne ɖɔktawo kpɔe be ʋudodo hiã ŋutɔ hã la, ele be woade bubu dɔnɔ tsitsi siwo di be woawɔ dɔ na yewo ʋumadomadoe ƒe didiwo ŋu le Tokyo-kɔdziwo. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Ne dɔnɔ aɖe ku ƒenyi wokɔ va kɔdzi evɔ agbalẽvi aɖe le esi si ɖo kpe edzi be melɔ̃ be woado ʋu na ye o la, ele be ɖɔktaa nade asixɔxɔ didi ma ŋu. Ele be woade bubu ɖevi siwo le suku kɔkɔ ƒe didiwo ŋu le ʋu gome abe ke ame tsitsiwoe wonye ene.” Gake nyatakaka la gagblɔ be ɖɔktawoe atso nya me le ɖevi siwo tsi ɖo titinasuku dede me alo esiwo metsi ɖo afima o ƒe atikewɔnyawo ŋu, ke menye wo dzilawo o.
Seƒoƒowo ƒe Ŋusẽ
Madagascar-ƒukpoa dzi nɔlawo dea asixɔxɔ afima numiemiewo ŋu tso gbaɖegbe ke le woƒe dɔdada ta. Agbalẽ si nye Africa—Environment & Wildlife gblɔ be wotsakaa seƒoƒo vovovowo tsɔ daa “dɔlélewo tso ŋudza dzi vaseɖe dzi kple nutetewo dzi.” Seƒoƒo dzeani si woyɔna be orchid gɔ̃ hã wɔa dɔ ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, wotsɔa eƒomevi ɖeka, (Angraecum eburneum) wua dɔlékuiwoe eye wotsɔnɛ xea mɔ ɖe fu ƒe gbegblẽ nu. Woke ɖe ʋumenugbagbeviɣidɔ ƒe atike ŋu le ƒukpoa dzi nyitsɔ laa—seƒoƒo dzeani si nye periwinkle (Catharanthus roseus). Gake ɣeyiɣi didi kae seƒoƒo siawo aɖe vi na amewo ase ɖo? Nyatakaka la Ŋlɔla fa konyi be “eɖo ŋkubiã me vɔ” elabena “seƒoƒo vovovo siwo womenya o siwo ƒe xexlẽme hã mele nyanya o la tsrɔ̃na le asitsadɔwo, abe atidzedze, agbledede, kple tomenukuku ene me gbesiagbe.”
Atamazãlawo le India
British Medical Journal gblɔ be: “Dziɖuɖua bu akɔnta be ŋutsu miliɔn 142 kple nyɔnu miliɔn 72 siwo xɔ wu ƒe 15 le India la zãa atama edziedzi. Nyatakaka la gagblɔ be “ame dahewo ɖua atama tsɔ tsia dɔwuame nui.” Indiatɔwo ƒe gakpɔmɔnu vevi aɖee nye atama elabena woawoe nye dukɔ etɔ̃lia ɖe China kple United States yome le eƒe agble dede me, eye ena ame akpe geɖe kpɔa dɔ wɔna. Gake nu me, ŋɔtika, vehlo, kple dzitodzito me dɔdzẽ na India ƒe Atike Ŋuti Numekuƒea tsi dzi vevie. Journal la ka nya ta be India ƒe Atike Ŋuti Numekuƒea gblɔ be “ga si wotsɔ daa dɔ na dɔnɔ siwo atama zazã de dɔ lãme na la sɔ gbɔ wu ga si wokpɔna tso atamagbledede ŋutɔ me.” Ðɔktawo kple amewo ƒe habɔbɔwo doe ɖa be woawɔ ɖoɖo ana nyanya amewo le afɔku siwo le atama zazã me ŋu, woadzudzɔ atamagbledede ne woade nuku bubuwo ƒe agble.
Numãme ƒe Kuxi La
Germania Dɔwɔƒe si Kpɔa Numãmefɔkuwo Gbɔ le Bonn gblɔ be numãme zu kuxi na ame miliɔn atɔ̃ kple edzivɔ le Germania. Atikenono zu numãme na wo dometɔ miliɔn 1.4, eye heroin zui na wo dometɔ siwo ade 120,000. Amesiwo wu ame 100,000 hã tsɔ hodada ɖo dɔe. Süddeutsche Zeitung ka nya ta be ɖikekemanɔmee la, ahanonoe mã ame akpa gãtɔ, eye wògblɔ kpee be “Germaniatɔwoe nye ahatsunolawo wu le xexeame.” Menye ɖeko ahanono le Germania dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ tso ƒe 1950 me o, ke dɔwɔƒea gabu akɔnta be ehiã be woada gbe le ame abe miliɔn 2.5 ene ŋu le ahatsunono ta.