Sɔhɛwo Biana Be . . .
Aleke Vidada Maɖesrɔ̃wo Atrɔ Asi le Woƒe Nɔnɔmea Ŋu Nyuie Wu?
TƆTƆ, nyadzimalɔ̃malɔ̃, vɔvɔ̃, dɔmedzoe, mɔkpɔkpɔbuɖeame, kple dziɖeleameƒowoe ɖe fu na Linda.a Dodokpɔ si wowɔ nɛ la gaɖo kpe nusi wònɔ vɔvɔ̃m na vevie la dzi—ɣleti etɔ̃ ƒe fu nɔ eƒo. Ƒewuivi miliɔn ɖeka siwo fɔa fu le United States ƒe sia ƒe dometɔ ɖeka koe Linda si xɔ ƒe 15 pɛ ko henye tre la nye. Gake xexeame katã ƒe kuxie ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ nye, ele ameƒomeviwo katã kple amesiwo ƒe hadomegbenɔnɔ kple ganyawo to vovo hã dome.
Ƒewuivi aɖewo buna be fufɔfɔ ana yewoavo tso aƒemegbenɔnɔ si me dzidzɔ mele o me alo ana yewo kple yewoƒe ahiãviwo dome ƒomedodo nasẽ ɖe edzi. Bubuwo bua vi be enye bubu alo nusi nye yewo ŋutɔ tɔ si anɔ yewo si yewoalɔ̃ vevie. Gake dzila ɖekɛnyenye na wova sea veve, eteƒe medidina o woɖea tamesusu dzro mawo ɖa. Ezia vidada maɖesrɔ̃ dzi be wòawɔ tiatia sesẽ siwo vena zi geɖe. Ganyawo, mɔkpɔkpɔbuɖeame, akogotsitsi, kple tɔmanɔsivi nyinyi ƒe nuteɖeamedziwo hã ate ŋu aɖe fu na wo vevie. Eyata susu nyui aɖe tae mía Wɔla de se na Kristotɔwo be ‘woasi le ahasiwɔwɔ’ kple gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ‘nu’ ɖo.—Korintotɔwo I, 6:18; Yesaya 48:17.
Womeɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu le Yehowa Ðasefowo dome o. (Korintotɔwo I, 5:11-13) Ke hã la, vidada maɖesrɔ̃ matsimatsiwo le wo dome. Wo dometɔ aɖewo fɔ fu hafi va srɔ̃ Mawu ƒe dzidzenuwo. Wonyi ɖewo Kristotɔwoe gake woge ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me. Wo dometɔ aɖewo trɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi esi hamea he to na wo megbe. Kpekpeɖeŋu kple mɔfiame kawoe le Mawu ƒe Nya la me na sɔhɛ siawo?b
Ðe Maɖe Fofoa?
Biblia na eme kɔ ƒã be fuɖeɖe nye Mawu ƒe se dzi dada. (Mose II, 20:13; tsɔe sɔ kple Mose II, 21:22, 23; Psalmo 139:14-16.) Efia nu hã be agba le vidada ɖekɛ dzi be wòakpɔ via dzi togbɔ be alesi wòfɔ ɖevia ƒe fui madzɔ dzi nɛ o hã. (Timoteo I, 5:8) Le go geɖe me la, anyo be nyɔnuvia ŋutɔ nakpɔ ɖevia dzi tsɔ wu be wòatsɔe na ame bubu wòaxɔ anyi.c
Esi vidada la ɖeka ƒe ɖevia dzi kpɔkpɔ ate ŋu ado fu nɛ vevie ta la, vidada aɖewo ase le wo ɖokui me be nunya anɔ eme be yewoaɖe fofoa ko. Gake vifofo ƒewuivi geɖe mebua ɖevia alo dadaa gɔ̃ hã be wonye agba gobii aɖeke le yewo dzi o. Hekpe ɖe eŋu la, vifofo matsimatsi akpa gãtɔ kpɔtɔ nye ƒewuiviwo eye womele dɔ wɔm hã o. Ðeko gege ɖe nusi numekula aɖe yɔna be “srɔ̃ɖeɖe malike si me woge ɖo kple susu be woaƒo asa na gbɔmeyavi dzidzi” ana nɔnɔme sesẽa nagasẽ ɖe edzi. Gaɖo ŋku edzi hã be Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la ko me.’ (Korintotɔwo I, 7:39) Esi Linda (si míeyɔ va yi) kpɔ esia dze sii la, etso nya me be yemaɖe ye vi fofo si xɔ ƒe 18 la o. Egblɔ be: “Metsɔ ɖeke le Mawu alo Biblia me o.”
Esia mefia kokoko be woatrɔ megbe ade vifofo matsimatsi la keŋkeŋ o. Ðevia adi be yeanya ye fofo ne ele tsitsim. Alo anɔ eme be vifofo matsimatsi la alo edzilawo ase le wo ɖokui me be agba ŋutɔŋutɔ wònye le yewo dzi be yewoado ƒome kple ɖevia alo ana gakpekpeɖeŋu. Gake ɖewohĩ nyɔnuvia dzilawo madi be kadodo aɖeke naganɔ woa kple ŋutsuvia dome o. (Tesalonikatɔwo I, 4:3) Gake le dukɔ aɖewo me la, ʋɔnudrɔ̃ƒewo na gome vifofo trewo le se nu wòde sɔsɔ ge kple vifofo srɔ̃tɔwo tɔ. Eyata ƒomedodo ɖɔʋu si anɔ mia kple vifofo maɖesrɔ̃a kple eƒometɔwo dome ate ŋu axe mɔ na senyaʋiʋli sesẽwo le amesi axɔ ɖevia ŋu.d Togbɔ be ahiã be kadodo aɖe nanɔ mia kple vifofoa dome hã la, mele be wòanye le seselelãme alo nɔnɔme si akplɔ wò ade agbegbegblẽnɔnɔ me la me o. Ame tsitsiwo ƒe ameŋudzɔdzɔ nyona zi geɖe.
Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ
Agbalẽ si nye Surviving Teen Pregnancy gblɔ be: “Ne ètso nya me be yeaxɔ ye via ahakpɔ edzi la, ke ame tsitsie ma nètiae be yeazu enumake. . . . Nètiae be yeagblẽ yeƒe akpa aɖe si me mètsɔa ɖeke le nu me boo o, eye agba aɖeke menɔ dzi wò o la ɖi.” Esia ta dzila si nye ƒewuivi la hiã kpekpeɖeŋu kple alɔdodo. Atikewɔgbalẽ siwo sɔ (siwo woate ŋu akpɔ le hahoogbalẽdzraɖoƒe) xexlẽ ate ŋu akpe ɖe vidada matsimatsi si vɔvɔ̃ ɖo ŋu geɖe be kakaɖedzi nanɔ esi le via nyinyi ƒe ŋutetewo me.
Dzilawo ƒe kpekpeɖeŋu koŋ ye nyo. Dawò ate ŋu anye amesi gbɔ nàse vinyinyi ŋu nya ƒe nuteƒekpɔkpɔ xɔasi geɖe tsoe. Nyateƒee, kpekpeɖeŋu manya bia o. Nya la agate ɖe nyɔnuvia dzilawo dzi eye woabi dzi vevie. Woaganɔ vɔvɔ̃m hã be fufɔfɔa ate ŋu agblẽ nu le yewo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu. Donna si xɔ ƒe 17 la gblɔ be: “Ete ɖe dzinyelawo dzi elabena dɔ geɖe li woɖo be yewoawɔ. Azɔ wogblɔ be nye vidzidzi na yewoƒe dɔwo tsi akpo dzi.” Dzila geɖe va ɖua woƒe vevesese dzi emegbe eye wolɔ̃na naa kpekpeɖeŋu le nanewo me. Nyɔnuvi si trɔ dzime la ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ aɖe nuteɖeamedzia dzi akpɔtɔ ne elɔ̃ ɖe veve si wòna wose dzi heɖe kuku anukwaretɔe.—Tsɔe sɔ kple Luka 15:21.
Ne nyɔnuvia dzilawo gbe kpekpeɖeŋu nanae alo womate ŋu aɖe mɔ nɛ be wòaganɔ wo gbɔ o ɖe? Le dukɔ siwo me dziɖuɖua naa kpekpeɖeŋu le la, kpekpeɖeŋu ma ko wòle be vidada maɖesrɔ̃a naxɔ—le gɔmedzedzea me ya teti. Biblia ɖe mɔ na Kristotɔwo be woawɔ mɔnuɖoɖo siawo ŋudɔ. Gake esia fia be ele be nàzã ga nyuie. Sharon si xɔ ƒe 17 la gblɔ be: “Mekpɔe be gae nye kuxi sesẽtɔ nam. Nuɖuɖu kple godoe nu ko gaa dena.” Àte ŋu ava di dɔ awɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe. Dada sɔ le vinyinyi, dɔwɔna, kple gbɔgbɔmedɔwo me manɔ bɔbɔe o, gake ame bubuwo dze agbagba te ŋu wɔe.
Nunya Kple Gɔmesese Ŋudɔwɔwɔ le Anyinɔnɔ Ðekae Me
Ne dziwòlawo lɔ̃ la, wo gbɔ nɔnɔ aɖe vi geɖe na wò tsɔ wu be nàte kpɔ be yeanɔ ye ɖokui si. Màgblẽ ga fũ ne èle wo gbɔ o. Hekpe ɖe eŋu la, aƒeme, afisi mã wò nɔnɔ anye ametakpɔkpɔ na wò eye wòana nànɔ dedie. Aƒeme nɔnɔ agana wòanɔ bɔbɔe na nyɔnuvia be wòayi eƒe sukudede dzi. Ne nyɔnuvia do le suku kɔkɔ la, mɔnukpɔkpɔwo anɔ anyi be mava zu hiãtɔ o.e
Nyateƒee, dzidzime etɔ̃ ƒe aƒe ɖeka me nɔnɔ ate ŋu anye nuteɖeamedzi kple nutikɔname na amesiame le aƒea me. Ele be vidada ɖekɛ la nado dzi le aƒe si me amewo te ge ɖo me. Ahiã be vidzĩa ƒe avifafa si ɖea toɣli dziwòlawo kple nɔviwòwo ne wodɔ alɔ̃ nava mã wo. Ðewohĩ ƒomea ƒe dɔwɔnawo atɔtɔ. Gake Lododowo 24:3 gblɔ be: “Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee.” Ẽ, ne amesiame ɖe ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ kple ameŋububu fia la, masɔmasɔwo dzi ate ŋu aɖe akpɔtɔ le ƒomea me.
Kuxiwo hã ado mo ɖa ne vidada matsimatsia gbe eya ŋutɔ ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ hegblẽ dɔa katã ɖe ɖevia mama dzi. (Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 6:5.) Alo adzɔ be ɖevia mama si si susu nyui le la ava xɔ mamayɔvia koŋ anyi. Agbalẽ si nye Facing Teenage Pregnancy de dzesii be: “Tɔgbui kple mama siwo xɔa vidada maɖesrɔ̃wo ƒe viwo nyina abe ke woa ŋutɔwo ƒe viwo wonye ene la ana masɔmasɔ nasẽ ɖe edzi le ƒomea me eye woana ɖevia manya edzila ŋutɔŋutɔ o.” Togbɔ be ɖevia tɔgbuiwo kple mamawo ƒe kpekpeɖeŋu hiã hã la, dzilawo dzie Ŋɔŋlɔawo tsɔ vi dzi kpɔkpɔ ƒe agba da ɖo. (Efesotɔwo 6:1, 4) Eyata dzeɖoɖo kple ɖekawɔwɔ faa aɖe masɔmasɔwo dzi akpɔtɔ geɖe.—Lododowo 15:22.
Menye Wò Ðekae Li O
Togbɔ be vidzidzi srɔ̃maɖemaɖee sesẽ hã la, menye ame ƒe agbe seƒee o. Mawu ‘tsɔnɛ kea’ amesiwo trɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi ‘geɖe.’ (Yesaya 55:7) Ŋugbledede le esia ŋu ate ŋu akpe ɖe vidada ɖekɛ la ŋu wòaɖu fuléle eɖokui si wòate ŋu ase le eɖokui me ɣeaɖewoɣi la dzi. Ne dzi ɖe le eƒo la, ate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòate ɖe eŋu le gbedodoɖa me. Ate ŋu aɖe kuku abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu le via dzi kpɔkpɔ me hã.—Tsɔe sɔ kple Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:8.
Yehowa naa kpekpeɖeŋu to Kristo-hamea hã dzi. Togbɔ be Yehowa Ðasefowo meɖea mɔ ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu o hã la, wobua amesiwo trɔa dzi me hewɔa tɔtrɔ le woƒe agbenɔnɔ me ale be woadze Mawu ŋu la ŋuti. (Romatɔwo 15:7; Kolosetɔwo 1:10) Hamea me tɔ aɖewo ase le wo ɖokui me be yewoato mɔ nyui aɖewo dzi ana kpekpeɖeŋu dzila ɖekɛwo. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 24:17-20; Yakobo 1:27.) Ne made ɖeke o hã la, woado velia na wò ahaɖo to wò veveseɖeamenutɔe. (Lododowo 17:17) Togbɔ be dzilawo wɔ nuvɔ̃ gã hã la, ɖevia ya meɖi fɔ aɖeke o. Eyata hamea ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ne vidadaa ɖe nɔnɔme nyui fia.
Anyo wu sã be womada le Mawu ƒe sewo dzi o! Gake kakaɖedzi ate ŋu anɔ vɔ̃wɔla siwo trɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye wowɔ nu alesi dze la si be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu yewoatrɔ asi le yewoƒe nɔnɔmea ŋuti nyuie wu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔa ɖewo.
b Togbɔ be nyati sia me nya vevi aɖewo ate ŋu akpe ɖe amesiwo gbɔ ƒometɔ kplikplikpliwo dɔ alo amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe ŋu hã la, meku ɖe wo ŋu tẽ o.
c Kpɔ “Sɔhɛwo Biana be . . . Ƒewuiviwo ƒe Fufɔfɔ—Nuka Wòle Be Nyɔnuvia Nawɔ?” si le míaƒe May 8, 1990 Eŋlisigbe me ƒe tata me.
d Kpɔ “Amekae Axɔ Ðevia?” le October 22, 1988 Eŋlisigbe me ƒe tata me.
e Ame aɖewo wɔ dziɖuɖua ƒe ɖoɖo si me wofia aɖaŋudɔ ɖeviwo ame le ŋudɔ. Ðewohĩ ɖoɖo bubuwo anɔ anyi siwo me woanɔ ɖevia dzi kpɔm le ne vidada yi suku.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Vidada maɖesrɔ̃ hiã na kpekpeɖeŋu kple alɔdodo