Tɔmenyi Va Xɔ Nɛ!
TƆMENYI kpena tɔn ene sɔŋ eye eyae nye godzilã siwo na no wo viwo evelia si lolo wu. Eƒe glãƒu sesẽawo ate ŋu agbã akro ne eda tsoe zi ɖeka ko. Eyata esi ŋutsu aɖewo siwo le Hwange Dukɔa ƒe Modzakaɖebɔ me le Zimbabwe kpɔ tɔmenyi aɖe wòwɔ nusi menye woƒe de tsã o la, ewɔ nuku na wo ŋutɔ—menye numevivie o.
Esi ŋutsuawo nɔ tɔ aɖe to la, wokpɔ avũ wɔadã asieke woɖe afiã eve ɖe enu. Esi afiãawo mekpɔ sisiƒe aɖeke o ta la, wodzo dze tɔa me. Avũawo tsɔ du to tɔa to nɔ afisi afiãawo adze go ɖo dim.
Mlɔeba afiã ɖeka si nu ti kɔ na la ƒu tsi yina go dze ge ɖe afi aɖe ke, evɔ menya be avũawo tɔ ɖe afima o. Gake esi afiã la ɖo go ŋu vɔ la, ŋutsuawo kpɔ tɔmenyi aɖe si tsɔ afima gbɔ la ƒu tsi ɖo ta afiãa gbɔ. African Wildlife magazine ka nya ta be esi tɔmenyia ɖo egbɔ la, “etrɔ mɔ nɛ eye wòzi edzi hetutui blewu be wòaƒu tsi atu ta afi bubu.” Afiã la se gbe nɛ. Tɔmenyia nɔ eyome eye wòtutunɛ ɣeaɖewoɣi ne edze abe ɖe nu ti kɔ na afiã la ene.
Esi afiãa ɖo tɔa nu la, ŋutsuawo kpɔ tɔmenyia tsɔ ŋusẽ tutui ɖe godzi gake ewɔe blewu. Afiã la zɔ sɔgɔ̃sɔgɔ̃ vie, emegbe etɔ henɔ ƒoƒom tititi. Eteƒe medidi o afiã la te zɔɖeɖe tso tɔa to yina. Tɔmenyia nɔ eyome vaseɖe esime wo kple evea wobu ɖe eme.
Nukae dzɔ ɖe afiã mamlea dzi? Ŋutsuawo ka nya ta be avũ wɔadãawo “ɖe ŋku ɖe ametakpɔkpɔa dzi gã ale gbegbe be afiã kemea hã si womekpɔe o.”