Mawusubɔsubɔ De Akpa aɖe Dzi
GERMANIA va dze Poland dzi le September 1, 1939 dzi tsɔ dze Xexemeʋa II gɔmee. Nyati sia dze le The New York Times me le kwasiɖa etɔ̃ megbe be: “Sɔlemehawo De Dzo Germania Asrafowo Me Vevie.” Ðe Germania-sɔlemehawo de Hitler ƒe aʋawɔwɔwo dzi nyateƒea?
Friedrich Heer si nye Roma Katolikotɔ ŋutinyafialagã le Vienna Yunivɛsiti lɔ̃ ɖe edzi be wode edzi: “Atitsoga la kple swastika [Nazitɔwo ƒe dzesi] va wɔ ɖeka vevie le Germania ƒe ŋutinya wɔnublanui la me, vaseɖe esime swastika la nɔ Germania-gbedoxɔwo tame ɖe gbeƒã aʋadziɖunya, swastika la nɔ woƒe kplɔ̃wo ta kpe ɖo eye Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo ƒe mawunyaŋununyalawo, osɔfowo, sɔlememegãwo, kple dziɖuɖumegãwo da asi ɖe ɖekawɔwɔ kple Hitler dzi.”
Le nyateƒe me la, sɔlemehaŋgɔnɔlawo de Hitler ƒe aʋawɔwɔa dzi bliboe abe alesi Roma Katolikotɔ nufialagã Gordon Zahn ŋlɔe ene be: “Ŋuɖoɖo siwo Germania Katolikotɔ si kpɔ eƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo sinu hena gbɔgbɔ me mɔfiame kple afɔɖoƒe le ɖokuiƒoƒo ɖe Hitler ƒe aʋawɔwɔwo me ŋu xɔ la sɔ kple esi tututu Nazi-dziɖula ŋutɔ anae.”
Subɔsubɔha Kemeawo
Gake nya kawoe sɔlehamewo nɔ gbɔgblɔm le dukɔ siwo tsi tre ɖe Germania ŋu me? The New York Times, December 29, 1966 tɔ, ka nya ta be: “Tsã la, Katoliko-nunɔlawo de wo dedukɔwo ƒe aʋawɔwɔwo dzi ɣesiaɣi kloe, woyra asrafohawo hedo aʋadziɖugbewo ɖa, esime bisiɔpwo ƒe hatsotso bubu si nɔ akpa keme hã do gbe ɖa le dutoƒo be yewoaɖu dzi.”
Ðe Vatican de megbenɔnɔ na asrafoha adikãtɔ eveawo dzia? Bu nya sia ŋu kpɔ: Le December 8, 1939 dzi esi Xexemeʋa II dze egɔme ɣleti etɔ̃ pɛ ko megbe la, Papa Pius XII ŋlɔ lɛta si nye Asperis Commoti Anxietatibus ɖo ɖe nunɔlawo katã. Asrafosɔfo siwo nɔ dukɔ siwo kpe aʋa ƒe asrafohawo mee wòŋlɔ lɛta la na, eye eƒoe ɖe akpa eveawo nu be woaka ɖe woƒe asrafobisiɔpwo dzi. Lɛta la xlɔ̃ nu asrafosɔfowo be “esi wonye aʋawɔlawo le woƒe dukɔwo ƒe aflagawo te la, woawɔ aʋa na Sɔlemeha la hã.”
Subɔsubɔhawo xɔa ŋgɔ vevie dea aʋa dukɔwo dome zi geɖe. Ameyinugbe Harry Emerson Fosdick si nye Protestant-sɔfo lɔ̃ ɖe edzi be: “Míesi aʋawɔflagawo ɖe míaƒe sɔlemexɔwo gɔ̃ hã me.” Eye Britaniatɔwo ƒe asrafohakplɔla Frank P. Crozier gblɔ le xexemeʋa gbãtɔ ŋu be: “Kristo Sɔlemehawo koŋ gbɔe ʋukɔkɔɖi siawo tso, eye woawo koŋ ye míezã wu.”
Gake aleae mawusubɔsubɔ ƒe ŋutinya nɔ va yi. Ke akpa si wɔm wòle fifia le aʋa si le tsã Yugoslavia-dukɔwo dome, afisi nɔlawo ƒe akpa gãtɔ nye Roma Katolikotɔwo alo Orthodokstɔwo ya ɖe?
Agba si Le Mawusubɔsubɔ Dzi
Asiaweek, October 20, 1993 tɔ, ƒe nyati aɖe gblɔ be: “Subɔsubɔhawo ƒe Dzrekpeƒee Nye Bosnia.” Tanya aɖe gblɔ le San Antonio Express-News, June 13, 1993, ƒe tata me be: “Ele Be Subɔsubɔhawo ƒe Fiawo Natɔ Te Bosniatɔwo ƒe Fukpekpewo.” Nyatia gblɔ be: “Roma Katoliko-ha, Ɣedzeƒe Orthodoks, kple Moslemtɔwo . . . mate ŋu aɖe ta le nusiwo le dzɔdzɔm ƒe agba te o. Womate ŋui fifia o, menye fifia si xexeame katã sea nyadzɔdzɔwo le television dzi zã sia zã o. Woawoe le aʋa la wɔm. . . . Gbɔgblɔ be subɔsubɔhawo dzie aʋawɔwɔ ƒe agba le la me kɔ. Woƒe alakpanuwɔwɔ si dze gaglã lae henɛ vɛ. Akpa ɖeka yayra ɖe evelia ŋu dzie wotona wɔnɛ.”
Le kpɔɖeŋu me, nukata Katoliko kple Ɣedzeƒe Orthodoks Sɔlemehawo ƒe hameviwo dome fulélea nu sẽ alea gbegbe? Papawo, nunɔlawo, kple subɔsubɔhaŋgɔnɔla bubuwo gbɔe wòtso. Tso esime subɔsubɔha siawo dome mã keŋkeŋ le ƒe 1054 me ko la, subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo de fuléle kple aʋa woƒe hameviwo dome. Montenegro-nyadzɔdzɔgbalẽ, Pobeda, September 20, 1991 tɔ, ƒo nu tso subɔsubɔhawo ƒe mamã ma kple emetsonuwo ŋu le nyati aɖe me le aʋa si le edzi yim fifia ŋu. Nyatia gblɔ le tanya si nye “Amewulawo le Mawu Ŋkɔ Me” te be:
“Menye dunyahenyae wònye le [Croatia-dukplɔla] Tudjman kple [Serbia-kplɔla] Milošević dome o, ke mawusubɔsubɔʋae. Míagblɔe be ƒe akpe ɖeka va yi xoxo tso esime Papa ɖoe be yeaɖe Orthodoks-ha ɖa le ŋuʋaʋã ta. . . . Papa gblɔ le ƒe 1054 me be . . . Orthodoks Sɔlemeha lae he mamãa vɛ. . . . Wogblɔ ɖoɖo si wowɔ ɖe Orthodokstɔwo katã tsɔtsrɔ̃ ɖa le ƒe alafa 20 lia me ŋu kɔte le Katoliko-ha ƒe takpekpe gbãtɔ me le ƒe 1900 me. Ðoɖo [sia] le dɔ wɔm fifia.”
Gake menye aʋa si wɔm wole fifiae nye subɔsubɔhawo dome dzre si li le ƒe alafa sia me ƒe kpɔɖeŋu gbãtɔ o. Roma Katolikotɔwo dze agbagba le ƒe 50 siwo va yi me le Xexemeʋa II me be yewoaɖe Orthodoks Sɔlemeha si nɔ nutoa me ɖa. Papa de Croatiatɔwo ƒe dukɔmevinyaheha si woyɔna be Ustashi dzi wòva ɖu Croatia si nɔ eɖokui si dzi. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be dziɖuɖu sia si dzi Vatican da asi ɖo la wɔ “ŋutasẽnu dziŋɔ vɔ̃ɖitɔwo, siwo me wowu Serbiatɔ kple Yudatɔ akpe alafa geɖe le.”
Menye amewuwu gbogbo siawo ŋu nya koe woŋlɔ ɖe agbalẽ si nye The Yugoslav Auschwitz and the Vatican me—siwo me ame akpe geɖe tsrɔ̃ le o—ke woŋlɔ nu tso Vatican ƒe gomekpɔkpɔ le eme hã ŋu.
Orthodoks Sɔlemeha la hã de Serbiatɔwo ƒe aʋawɔwɔ dzi le akpa keme. Le nyateƒe me la, wogblɔ be Serbia-ʋakɔ ɖeka kplɔla gblɔ be: ‘Nunɔla lae ɖea gbe nam.’
Nukae woate ŋu awɔ atsɔ atsi amewuwu sia si na ame 150,000 ku alo bu le Bosnia kple Herzegovina ɖeɖe dzaa nu hafi? Fred Schmidt gblɔ le San Antonio Express-News me be ele be Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si kpɔa Dedienɔnyawo gbɔ “nade se atsɔ abia tso papa, Constantinople-nunɔla, kple Katoliko-ha, Ɣedzeƒe Orthodɔks-hawo, kple Moslemtɔwo ƒe [kplɔla bubu] siwo te Bosnia-Herzegovina le la si be woaɖo asi woƒe avũwo dzi enumake eye woakpe ta adi alesi woƒe hameviwo awɔ anɔ anyi kple ha bubu me tɔwo abe nɔviwo ene.”
Nenema ke numeɖeɖe aɖe si le Scottsdale, Arizona, Progress Tribune me ƒo nya ta be aʋawɔwɔa “ate ŋu atɔ ne afima subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ɖoe kplikpaa be yewoatɔ tee.” Be woawɔ esia la, nyatia doe ɖa be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo “naɖe hamevi ɖesiaɖe si ada tu ɖe Sarajevo le ha me enumake.”
Womedo Ŋutifafa Ðe Ŋgɔ O
Gake papawo gbea aʋawɔla vɔ̃ɖitɔwo kekeake ɖeɖe le ha me godoo, ne hati Katolikotɔwo gblɔ be woaɖe afɔ sia ɖe wo ŋu hã. Le kpɔɖeŋu me, Cincinnati Ohio, U.S.A., ƒe Catholic Telegraph-Register ka nya ta le nyati si nye “Wonyii Katolikotɔ Gake Woŋlɔ Ðo Ðe Papa be Eda le Xɔsenya Dzi” te be: “Wotsɔ nya ɖo Pius XII ŋkume be woaɖe Reichsfuehrer Adolph Hitler le ha me. . . . [Nya la] ƒe akpa aɖe xlẽ be, ‘Dzila Katolikotɔwoe dzi Adolph Hitler, wode mawutsi ta nɛ le Katoliko-ha me, eye wonyii hefia nui le eme.’” Gake womeɖe Hitler le ha me kpɔ o.
Gabu alesi nuwo le le Afrika ƒe akpa siwo aʋa sesẽwo dzɔ le hã ŋu kpɔ. Roma Katoliko bisiɔp 15 siwo tso Afrika-dukɔ siwo nye Burundi, Rwanda, Tanzania, Uganda, kple Zaire ʋu eme be togbɔ be “Kristotɔ” xɔnyɔnyrɔ̃ geɖe le nutoa me hã la, “wo nɔewo dome aʋawɔwɔ na wowu ame geɖe, wotsrɔ̃ nuwo eye wozi amewo dzi henyã wo.” Bisiɔpawo lɔ̃ ɖe edzi be nusi koŋ gbɔ kuxia tsoe “nye be Kristotɔwo ƒe dzixɔse mege ɖe ameawo ƒe susu me wòde edeƒe o.”
National Catholic Reporter, April 8, 1994 tɔ, gblɔ be “papa la . . . ‘xa nu vevie’ esi nyaʋiʋli si le Afrika-dukɔ sue [si nye Burundi], si me nɔlawo ƒe akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo me ŋu nya yeyewo va ɖo egbɔ.” Papa la gblɔ be le Rwanda, afisi ameawo dome 70 le alafa me nye Katolikotɔwo le la, “Katolikotɔwo gɔ̃ hãe” le amewo wum. Ẽ, Katolikotɔwo wu wo nɔewo le akpawo kple eve, abe alesi wowɔ le aʋa gbogbo siwo wowɔ va yi me ene. Eye abe alesi míekpɔe ene la, subɔsubɔha bubuwo hã wɔ nenema ke.
Gake ɖe esia ana míaƒo nya ta be subɔsubɔhawo katãe dea nu aʋawɔwɔ mea? Ðe subɔsubɔha aɖe li si dia ŋutifafa vavã?
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Womeɖe Hitler, si dze le afisia kple papa ƒe amedɔdɔ Basallo di Torregrossa, le ha me kpɔ o
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Bundesarchiv Koblenz