Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nuvɔ̃ si Womatsɔ Ake O Ye Mewɔa?
“NYEMESE veve le dzi me alea kpɔ o. Nyemegadea bubu aɖeke ɖokuinye ŋu o, eye mebu be Mawu matsɔe akem gbeɖe o.”—Marco.a
“Dzi ɖe le ƒonye vevie. Fɔɖiɖi yɔ nye dzi me. Mebu be nuvɔ̃ siwo womatsɔ ake o woe mewɔ.”—Alberto.
Biblia gblɔ be: “Amegbetɔ aɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o.” (Fiawo I, 8:46) Gake ɣeaɖewoɣi la, sɔhɛ ase le eɖokui me be yewɔ vodada si kpe wu. Fɔɖiɖi sese le ame ɖokui me atraɖii ana wòalé blanui vevie abe Marco kple Alberto ene. Atsɔe be yewɔ nusi baɖa, hevɔ̃ɖi ale gbegbe Mawu matsɔe ake ye gbeɖe o.
Ne seselelãme siawo tɔgbe ɖea fu na wò ya ɖe? Dzideƒo nenɔ asiwò. Wɔna mevɔ le ŋuwò kura o.
Nusita Míaƒe Dzitsinya Wɔa Fu Mí
Ele dzɔdzɔme nu be nàse veve ne èwɔ vodada. Ŋutete si Biblia yɔ be “dzitsinya” ye wotsɔ dzi mí katãe. Enye seselelãme ememetɔ le nyui kple vɔ̃ ŋu, enye ga si ƒona le mía me ne míewɔ nu gbegblẽ. (Romatɔwo 2:14, 15) Le kpɔɖeŋu me, bu Fia Dawid ŋu kpɔ. Ewɔ ahasi kple ŋutsu bubu srɔ̃. Emegbe ena wokplɔ nyɔnua srɔ̃ Uriya de ku si nu mate ŋu asi le o me. (Samuel II, 11:2-17) Aleke wòkpɔ ŋusẽ ɖe Dawid dzii?
Dawid ʋu eme be: “[Mawu ƒe] asi sẽ ɖe dzinye keli kple zã.” Ẽ, ese le eɖokui me be Mawu megakpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu o. Dawid gblɔ hã be: “Ŋutifafa aɖeke mele nye ƒuwo me o le nye nuvɔ̃ ta. Elabena nye vodadawo gbɔ tanye, eye wole kpeyem ŋutɔ abe agba kpekpe ene. . . . [Melé blanui] le yiyim ŋkekeawo katã.” (Psalm 32:4; 38:4-7) Dawid ƒe dzitsinya wɔ fui vaseɖe esime wòwɔ afɔɖeɖe si nyo hetrɔ dzi me le eƒe nuvɔ̃ me.
Nenema ke ne dzila Kristotɔwoe he wò eye nèda le Biblia ƒe dzidzenuwo dzi la, ate ɖe dziwò. Vevesese vevie sia tɔgbe sɔ eye wònyo. Ate ŋu aʋã ame be wòaɖɔ eɖokui ɖo alo abia kpekpeɖeŋu hafi nu gbegblẽ aɖe nava zu numãme nɛ. Le go bubu me la, amesi nɔa nuvɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii dea abi eƒe dzitsinya ŋu. Ava ku atri le ɣeyiɣi aɖe megbe abe ŋutilã si de akpa ene. (Timoteo I, 4:2) Eƒe agbenɔnɔ ava gblẽ godoo.—Galatiatɔwo 6:7, 8.
Nuxaxa Ðe Mawu ƒe Didi Nu
Eyata mewɔ nuku o be Biblia ƒo nu tso “nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me” ŋu. (Yohanes I, 5:16; tsɔe sɔ kple Mateo 12:31.) Nuvɔ̃ ma menye ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzro ko o. Ðe woɖonɛ wɔna dzimesesẽ kple totitri tɔe. Menye nuvɔ̃a ŋutɔe nana tsɔtsɔke menɔa nuvɔ̃ ma tɔgbe ŋu o, ke boŋ nuvɔ̃wɔla la ƒe dzi ƒe nɔnɔmee.
Gake nyateƒe si wònye be èse veve helé blanui le wò nɔnɔme manyomanyoa ta la, ɖee fia be menye nuvɔ̃ si womatsɔ ake o ye nèwɔ o. Biblia gblɔ be “nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ . . . hena xɔxɔ.” (Korintotɔwo II, 7:10) Le nyateƒe me la, se nuxlɔ̃amenya si wogblɔ le Yakobo 4:8-10 ɖa: “Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo! Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto. Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le [Yehowa] ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.”
Nyateƒee, ate ŋu anye vodada gã aɖe. Le kpɔɖeŋu me, ɖetugbivi Julie kple eƒe ŋutsuxɔlɔ̃ aɖe ƒo wo ɖokui ɖe nugbugbɔ kple ame nɔewo léle me. Eʋu eme be: “Mese fɔɖiɖi le ɖokuinye me vevie gbã, gake vivivi la, eva mãm. Megaɖea fu na nye dzitsinya tututu o.” Nuwɔna makɔmakɔwo va do fiẽvo le ɣeyiɣi aɖe megbe ale gbegbe be wòkplɔ wo de agbegbegblẽnɔnɔ me. Jullie gblɔ be: “Melé blanui vevie. Nye dzitsinya gbɔdzɔ ale gbegbe be edzɔ zi geɖe.”
Ðe wɔna aɖeke megali le nɔnɔme sia me oa? Mele nenema kokoko o. Manase si nye Yuda-fiawo dometɔ ɖeka ya ɖe? Ewɔ nuvɔ̃ baɖa siwo gbɔ eme, gbɔgbɔyɔyɔ kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe hã nɔ eme. Gake Mawu tsɔe kee esi wòtrɔ dzi me anukwaretɔe. (Kronika II, 33:10-13) Fia Dawid ya ɖe? Esi wòtrɔ dzi me le eƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔwo me la, ekpɔe be Yehowa nye Mawu si ƒe ‘dɔme nyo eye wòlɔ̃a tsɔtsɔke.’—Psalmo 86:5.
Kakaɖedzinya sia li na Kristotɔwo egbea be: “Ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.” (Yohanes I, 1:9) Amekae wòle be woaʋu nuvɔ̃ sia me na? Yehowa Mawue wòle be woaʋu eme na gbã. “Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me.” (Psalmo 32:5; 62:9) Nuvɔ̃meʋuʋu si Dawid tsɔ nuxaxa wɔ le Psalmo 51 xexlẽ akpe ɖe ŋuwò.
Hekpe ɖe eŋu la, Biblia ƒoe ɖe Kristotɔ siwo ge ɖe nuvɔ̃ gãwo me nu be woagblɔe na hamemegãwo. (Yakobo 5:14, 15) Woƒe aɖaŋuɖoɖo kple gbedodoɖa vevie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàgatu ƒomedodo ɖo kple Mawu eye dzitsinya nyui nagaɖo asiwò. Woate ŋu akpɔ vovototo si le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dome. Woakpɔ egbɔ hã be nàxɔ kpekpeɖeŋu si nèhiã la bene màgawɔ vodadaawo ake o. Esi Jullie ŋutɔ ɖe afɔ sia dzideƒotɔe vɔ la, ekafui be: “Mete kpɔ be ‘magbe nya na ɖokuinye’ eye mebui gɔ̃ hã be ewɔ dɔ vie. Gake le ƒe ɖeka megbe la, meva kpɔ vodada gã si mewɔ. Màte ŋu akpɔ kuxi gãwo gbɔ hamemegãwo ƒe kpekpeɖeŋu maxɔmaxɔe o.”
Vevesese Ðe Nuvɔ̃ Suewo Ta
Gake ‘vodada aɖi ɖe’ sɔhɛ ɣeaɖewoɣi. (Galatiatɔwo 6:1) Alo aɖe mɔ ŋutilãmenudzodzro aɖe nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Sɔhɛ si le nɔnɔme sia me la, ase veve vevie be yeɖi fɔ—ɖewohĩ ase fɔɖiɖia wu esi nuvɔ̃a ŋutɔ bia gɔ̃ hã. Ana wòaɖu aɖukli madzemadzee. Fɔɖiɖi ƒe seselelãme sesẽ sia ate ŋu anye dzitsinya nyui si tsoa ame nu fũ la ƒe dɔwɔna. (Romatɔwo 14:1, 2) Ðo ŋku edzi be ne míewɔ nuvɔ̃ la, “nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.”—Yohanes I, 2:1, 2.
Gabu Marco sue si ƒe nya míegblɔ le míaƒe ŋgɔdonya me la ŋu. Kristotɔ sɔhɛ sia tsɔe be nuvɔ̃ si womatsɔ ake o ye yewɔ. Egblɔ na eɖokui be: ‘Menya Biblia ƒe gɔmeɖosewo nyuie gake nuvɔ̃ wɔwɔ dzi ko mele!’ Nuvɔ̃ kae wòwɔ? Ameɖokuigbɔdɔdɔe. Marco bunɛ be ‘Aleke wɔ Mawu atsɔe akem ne nyemete ŋu dzudzɔ numãme sia o?’ Alberto si hã wɔa avu kple eɖokui nenema ke la gblɔ be: “Mesea fɔɖiɖia le ememe ke elabena nyemete ŋu dzudzɔ nuvɔ̃a wɔwɔ o.”
Ameɖokuigbɔdɔdɔ nye nuwɔna makɔmakɔ. (Korintotɔwo II, 7:1) Gake Biblia mebui ɖe nuvɔ̃ gãwo abe matrewɔwɔ ene dome o. Le nyateƒe me la, meyɔe kura o. Eyata ɖiɖi vie age ɖe ameɖokuigbɔdɔdɔ me mate ŋu anye nuvɔ̃ si womatsɔ ake o. Afɔku ŋutɔŋutɔ ate ŋu anɔ eme ne ètsɔe be egbɔ tsɔtsɔke me; sɔhɛ abui be nunya mele eme tututu be woadze agbagba aɖu kuxia dzi o. Gake Biblia ƒe gɔmeɖosewo ɖee fia be ele be Kristotɔ nadze agbagba vevie aɖu nɔnɔme sia dzi.b (Kolosetɔwo 3:5) Yehowa nya be “mí katã míeda vo le nu geɖewo me.” (Yakobo 3:2) Ne sɔhɛ aɖe ɖiɖi vie nenema la, mele be wòabu fɔ eɖokui keŋkeŋ o.
Aleae wòle le dadaƒu kple vodada bubuwo hã gome. Yehowa mebia tso mía si be míabu fɔ mía ɖokui vevie atsɔ ahe to na mía ɖokui o. Ke boŋ ekpɔa dzidzɔ ne míewɔ afɔɖeɖewo be míatsɔ aɖɔ kuxia ɖoe.—Korintotɔwo II, 7:11; Yohanes I, 3:19, 20.
Kpekpeɖeŋu Kple Akɔfafa Tsoƒewo
Gake anɔ eme be ele be woakpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me. Dzila Mawu-vɔ̃lawo ate ŋu awɔ geɖe atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu ahado alɔ wo. Eye Kristo-hamea hã naa kpekpeɖeŋu bubuwo. Marco gblɔ be: “Dze si meɖo kple hamemegã aɖe lae nye nusi koŋ kpe ɖe ŋunye. Ðe melé dzi ɖe ƒo hafi te ŋu kɔ nu le nya la dzi hegblɔ nye tamesusu veviwo nɛ. Gake ena kakaɖedzi ɖo asinye, eyata mebia be wòaɖo aɖaŋu nam.” Alberto hã bia aɖaŋuɖoɖo hamemegã aɖe. Alberto gblɔ be: “Nyemaŋlɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo dedziƒoname la be akpɔ o. Egblɔ nam be kuxi ma ke nɔ ye ŋu esime yenye ɖevi. Nyemabui ɖe eŋu gbeɖe hafi o. Metsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo toe vevie ɖe eƒe anukwareɖiɖi ta.” Kpekpeɖeŋu kple alɔdodo sia na Marco kple Alberto ɖu woƒe kuxiwo dzi. Wo ame evea wole subɔsubɔm le agbanɔamedzinɔƒewo le woƒe hamewo me fifia.
Gbedodoɖa vevie hã nye kpekpeɖeŋu bubu. Àte ŋu ado gbe ɖa abe Dawid ene abia “dzi dzadzɛ” kple “gbɔgbɔ yeye, si li ke.” (Psalmo 51:12) Mawu ƒe Nya la xexlẽ nye akɔfafatsoƒe bubu. Le kpɔɖeŋu me, nyanya be apostolo Paulo hã wɔ aʋa le eɖokui me ade dzi ƒo na wò. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye.” (Romatɔwo 7:21) Paulo te ŋu kpɔ dzidzedze le eƒe dzodzro vɔ̃wo dzi ɖuɖu me. Eyata wò hã àte ŋui. Psalmowo koŋ xexlẽ afa akɔ na wò ŋutɔ, vevietɔ esiwo ku ɖe Mawu ƒe tsɔtsɔke ŋu, abe Psalmowo 25, 86, kple 103 ene.
Nuka kee ɖadzɔ o, mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga ahana nuvɔ̃ɖisusu naɖu dziwò o. (Lododowo 18:1) Na Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ naɖe vi na wò bliboe. Ðo ŋku edzi be ‘etsɔna kena geɖe’ to Yesu ƒe tafevɔsa dzi. (Yesaya 55:7; Mateo 20:28) Mègabu wò vodadawo nu tsɛe o, eye mègaƒo nya ta hã be Mawu mate ŋu atsɔe ake ye o. Do ŋusẽ wò xɔse eye nàɖoe kplikpaa ɖe edzi be yeasubɔe. (Filipitɔwo 4:13) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wò susu adze akɔ anyi eye dzi adzɔ wò le ememe le esi nènya be wotsɔe ke ye ta.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 32:1.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
b Wona aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Questions Young People Ask: Answers That Work ƒe agbalẽ si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe ta 25 kple 26 me.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Nyawo lélekpɔ kple Kristotɔ si dze la ate ŋu ana nukpɔsusu yeye wò le nyawo ŋu