Sɔhɛwo Biana Be . . .
Aleke Mawɔ be Seselelãme Siawo Nu Nayi?
“Togbɔ be menyae fifia be ŋutsu kple ŋutsu ƒe gbɔdɔdɔ menyo o hã la, edzronam ɣeaɖewoɣi. Seselelãme siawo ɖea fu nam zã kple keli ɣeaɖewoɣi. Medo gbe ɖa na Yehowa edziedzi be, ‘Na seselelãme gbegblẽ siawo nadzo le menye!’ Woava dzo gbaɖegbea?”—Dennis.a
KRISTOTƆ sɔhɛ geɖe—ŋutsuwo kple nyɔnuwo—do gbe ɖa alea bia kpekpeɖeŋu. Vidzinuɖekatɔwo ƒe gbɔdɔdɔ dzroa wo gake womedi be woawɔ gbolo, axɔ dɔléle, eye woakpɔ gome le agbeblibanɔnɔ si kpe ɖe nuwɔna ma ŋu me o. Vevietɔ wu la, wodi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu, eye ebu fɔ vidzinuɖekatɔwo ƒe gbɔdɔdɔ keŋkeŋ le eƒe Nya la me.—Romatɔwo 1:26, 27; Kolosetɔwo 1:10.
Wogblɔna zi geɖe be ame dɔwonɔewogbɔ mate ŋu atrɔ o. Gake esia menye nyateƒe o. Kristotɔ gbãtɔ aɖewo nye ame dɔwonɔewogbɔ tsã, gake wotrɔ. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Ẽ, amewo ate ŋu atrɔ eye wotrɔna hã, si to vovo na nya si ame geɖe gblɔna. Gake togbɔ be sɔhɛ ate ŋu atsri vidzinuɖekatɔwo gbɔ dɔdɔ ƒe nuwɔnawo hã la, asesẽ nɛ be wòaɖe vidzinuɖekatɔwo gbɔ dɔdɔ ƒe dzodzro ɖa keŋkeŋ. Ðekakpui aɖe gblɔ be: “Mete kpɔ be matrɔ nye seselelãmewo. Medo gbe ɖa na Yehowa bia kpekpeɖeŋu. Mexlẽ Biblia. Mese eŋuti nuƒowo. Gake nyemenya afisi magadi kpekpeɖeŋu le o.”
Womate ŋu ato nukumɔ aɖeke dzi aɖu kuxia dzi alo akpɔ egbɔ kpata o. Dennis ɖo ŋku edzi be: “Meƒo ɖokuinye ɖe nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ me vevie kple susu be mazu ‘ŋutsu.’ Esiawo katã zu dzodzro eye ɖeko wòna megatɔtɔ ɖe edzi.” Gake to wɔwɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi me la, woate ŋu aɖu seselelãme siawo dzi.
Sidzedze Susu Gbegblẽwo
Gbã la, ele be nàde dzesii be tamesusuwoe doa ŋgɔ na nuwɔnawo. (Yesaya 55:6, 7; Yakobo 1:14, 15) Le nyateƒe me la, Ðk. Wayne W. Dyer de dzesii be: “Màte ŋu ase nu le ɖokuiwò me (seselelãme) ne mèbu nane ŋu gbã o.” Eyata vidzinuɖekatɔwo ƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo ate ŋu atso susu gbegblẽ bubu le ame ɖokui, ŋutsuwo alo nyɔnuwo, lɔlɔ̃, kple nu bubuwo ŋu gbɔ. Hafi woate ŋu ‘atrɔ susu’ ahatrɔ tamebubu siawo la, ele be woade dzesi wo gbã. (Romatɔwo 12:2) Esia wɔwɔ ate ŋu ana woakpɔ nusi koŋ tae ame ƒe susu yia vidzinuɖekatɔwo dzi ɖo.
Aleke woate ŋu awɔ esiae? Mɔnu ɖekae nye be woado gbe ɖa, abe alesi hakpala la wɔe ene be: “Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo! Eye [nakpɔ] be, fukpekpemɔ le ŋkunye me [hã].” (Psalmo 139:23, 24) Anyo hã be nàgblɔ wò seselelãmewo na Kristotɔ tsitsi dzeaɖaŋu aɖe. Abe alesi Lododowo 27:17 gblɔ ene la, ‘gae nyrea ga.’ Eyata ɖekakpui aɖe gblɔ eƒe dzimenyawo na Kristotɔ hamemegã aɖe si wonya nyuie be esea nu gɔme hesea veve ɖe ame nu. Eƒe nya ɣaɣlawo gbɔgblɔ na ame aɖe menɔ bɔbɔe nɛ o, gake ƒomedodo nyui aɖe va ɖo wo dome. Egblɔ be: “Mate ŋu agblɔ nya sia nya nɛ.” Menye ɖeko hamemegã la ɖoa to ko o, ke nyawo biabia ɖekakpuia aɖaŋutɔe na wòɖe eƒe seselelãme kple susuwo gblɔ.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 20:5.
Ne ŋutsu aɖe fofo gbee alo wɔ ŋlɔmi le eŋu la, akpɔe be lɔlɔ̃ na ŋutsuwo makpɔ vifofo ƒe lɔlɔ̃ si yehiã la gbɔ o. Esi mekpɔ ŋutsu si ƒe nuwɔna wòasrɔ̃ o ta la, ase nusi Ðk. Joseph Nicolosi yɔ be “gbɔdzɔgbɔdzɔ kple blibomademade le ŋutsu ƒe nɔnɔme siwo nye ŋusẽ, tɔtete ɖe nya dzi, kple ŋutete me ƒe seselelãme” la le eɖokui me. Ne ame aɖe bu nɔnɔme tɔxɛ siwo me wòsena le eɖokui me be yegbɔdzɔ le ŋu la, awɔ nuku nɛ be wòakpɔe be nɔnɔme siawo tututue naa ŋutsu bubuwo ƒe nu nyoa ame ŋu.
Nu Gbegblẽ Siwo “Wosrɔ̃” tso Ðevime
Sɔhɛ bubuwo kpɔe be nu gbegblẽ siwo wowɔ ɖe yewo ŋu le ɖevime gbɔe yewoƒe kuxia tso. Nyɔnuvi aɖe ɖo ŋku edzi be: “Wona mekpɔa vidzinuɖekatɔwo ƒe gbɔdɔdɔ ƒe fotowo alo xlẽa nu tso wo ŋu. Dzodzro siwo mele dzɔdzɔme nu o te me nye vava.” Ðekakpui aɖe gblɔ be: “Fofonye dɔ gbɔnye. Esia wɔe be mebua ŋutsu gbɔ dɔdɔ be esɔ.” Nuteƒekpɔkpɔ vɔ̃ɖi siawo fiaa amesiwo ŋu wowɔe ɖo be woalé fu vidzinububutɔwo alo avɔ̃ wo alo be woatsɔ ƒomedodo kplikplikpli asɔ kple lɔlɔ̃. Eyata ame aɖe si dzi wòdzɔ ɖo gblɔ be yeƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo nye “nuhiahiã le seselelãme gome, ke menye ŋutilã me tɔ o—tufafa kple nugɔmesese ƒe hiahiãe.”
Enye nyateƒe be nusiwo hea vidzinuɖekatɔwo ƒe gbɔdɔdɔ vɛ la sɔ gbɔ, eye wo dometɔ geɖe bia numeɖeɖe geɖe.b Gake eɖanye nuka kee he tamebubu gbegblẽa vɛ o, nu geɖe li woate ŋu awɔ atsɔ aɖɔe ɖo.
Susu Tɔtrɔ
Mɔ nyuitɔe nye be nàzã Mawu ƒe Nya la. Le kpɔɖeŋu me, bu ɖekakpui aɖe si lɔ̃a ŋutsu siwo ɖea ŋutsunyenye ƒe nɔnɔme siwo wòbu be mele ye si o fiana la ŋu kpɔ. Alo bu ɖetugbi aɖe si vɔ̃a ŋutsuwo ŋu kpɔ. Mɔ siwo dzi wo ame evea siaa woate ŋu ato be ŋutsu ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ nasu wo si dometɔ ɖekae nye be woasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. (Petro I, 2:21) Ŋutsunyenye ƒe ŋusẽ si ŋu tufafa kpe ɖo ƒe kpɔɖeŋu debliboe wònye. (Mateo 19:14; Yohanes 19:5) Ðekakpui aɖe kpɔe be agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake si Nɔ Anyi Kpɔ sɔsrɔ̃ kpe ɖe ye ŋu.c Egblɔ be: “Yesu nyanya trɔ nye nukpɔsusu le amesi ƒomevi wòle be ŋutsu nanye ŋu.”
Ŋugbledede le mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso Mawu ƒe nukpɔsusu le nyawo abe gbɔdɔdɔ, lɔlɔ̃, kple vidzinuɖekatɔwo ƒe xɔlɔ̃dzedzewo ene ŋu hã kpena ɖe ame ŋu be wòaɖɔ eƒe susu ɖo.—Mose I, 1:27, 28; Rut 1:16, 17; Samuel I, 18:1; Lododowo 5:18, 19; Korintotɔwo I, 13:4-8.
Ele vevie hã be nàtsri susu gbegblẽwo bubu. Zi geɖe la, dzodzro siawo nu sẽna ŋutɔ ne wò ɖeɖekoe li, nu te ɖe dziwò, alo dzi ɖe le ƒowò. (Lododowo 24:10) Nyɔnu Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Mɔ si dzi ko míato atrɔ míaƒe nɔnɔmee nye be míatrɔ susu gbegblẽwo atsɔ nyuiawo aɖo eteƒe.” Ne dzodzro makɔmakɔ ɖo eme la, eɖoa ŋku Mawu ƒe nukpɔsusu le nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ ŋu dzi. Ŋutsuvi ƒewuivi aɖe gblɔ be: “Ne ŋutsu gbɔ dɔdɔ dzrom la, medea ŋugble le mawunyakpukpui si dzɔa dzi nam wu la ŋu.” (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 10:4; Filipitɔwo 4:8.) Ame bubuwo kpɔe be enyo be yewoanɔ to ɖom Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe kasɛt vovovo siwo dzi Biblia me nyawo le ato eme adɔ alɔ̃.
Alesi míaƒe tamebubu kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míewɔa nui dzi la, nenema ke míaƒe nuwɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu kple seselelãme hã dzii. Eyata ele be woatsri nuwɔna kple hadede siwo dea dzodzro vɔ̃ ame me alo doa ŋusẽe. (Korintotɔwo I, 15:33) Ahiã be ‘woanɔ ŋudzɔ’ hã ne wole dutoƒonugododeƒewo, ƒuta, awuɖɔliƒewo, kple teƒe bubu siwo ate ŋu ahe ame de tetekpɔ me.—Psalmo 119:9.
Nuwɔna gbegblẽ bubu hãe nye ameɖokuigbɔdɔdɔ. Le ŋutsu kple nyɔnu dɔwonɔewogbɔ geɖe gome la, dzodzro si dzi womate ŋu aɖu o ye wònye. Ðekakpui aɖe gblɔ be: “Ameɖokuigbɔdɔdɔ zu kuxi nam tso esime mexɔ ƒe ade. Gbɔdɔdɔ ŋu bubu doa ŋusẽ nye seselelãme ɖe ŋutsu gbɔ dɔdɔ ŋu.” Ho aʋa ɖe nuwɔna makɔmakɔ sia ŋu!d—Kolosetɔwo 3:5.
Gake ele vevie hã be woawɔ nusi sɔ. Ame aɖewo ɖo aɖaŋu be ne ŋutsunyenye ƒe nɔnɔmewo su ɖekakpui si la, ŋutsuwo ƒe nu manyo eŋu fũ o. Le nyateƒe me la, ɖekakpui manya alesi wòawɔ esia ne mekpɔ ŋutsu aɖe srɔ̃ eƒe nɔnɔme tso ɖevime o. Ðewohĩ mavo le eɖokui me o eye mawɔ nu ŋutsutɔe o. Ŋusẽdɔwɔwɔ, kamedede vie, alo modzakaɖefefe bɔbɔe aɖe wɔwɔ kpena ɖe ame ŋu zi geɖe le esia gome. (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 4:8.) Gake woate ŋu akpɔe be enyo be kadodo nyui nanɔ ame kple Kristotɔ ŋutsu tsitsi dome abe alesi ɖekakpui Timoteo va zu Paulo viŋutsu ene. (Filipitɔwo 2:19-22; Timoteo II, 3:10) To seɖoƒe nyui ɖoɖo na nuwɔwɔ ɖe ame ŋu kple dzeɖoɖo faa me la, ƒomedodo sia ate ŋu avivi eye kakaɖeamedzi nanɔ eme, gake manyɔ dzodzro aɖeke ɖe ame me o.
Ƒo ye katã ta la, ele be woatu gbɔgbɔmemenyenye ɖo vevie. Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi, gbedodoɖa, kple nuƒoƒo tso ame ƒe xɔse ŋu na ame bubuwo ana susua nanɔ gbɔgbɔmenyawo ŋu. (Psalmo 55:23; 119:11; Romatɔwo 10:10) Ɣeaɖewoɣi la, sese le ame ɖokui me be yemedze o ate ŋu ana wòasesẽ be woanɔ hati Kristotɔwo dome, gake Biblia xlɔ̃ nu mí le ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga ŋu. (Lododowo 18:1) Hadede nyui kple Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòada asɔ.—Hebritɔwo 10:24, 25.
Ne ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro le fu ɖem na wò la, aɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Gake dzi megaɖe le ƒowò akpa ne seselelãme gbegblẽawo gbe dzodzo o. Mawu sea wò seselelãmewo gɔme eye eƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo dzea agbagba be yewoasubɔe la ŋu. (Yohanes I, 3:19, 20) Le xexe yeyea me la, ameƒomea ahaya tso nɔnɔme gbegblẽ siwo katã wɔa fu mí la me. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Hafi ɣeyiɣi ma naɖo la, ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu nàwɔ aʋa atsi tre ɖe dzodzro vɔ̃wo ŋu. (Galatiatɔwo 6:9) Ne ɣeyiɣiawo le yiyim eye nèdze agbagba ɖoe kplikpaa la, ɖewohĩ dzodzro vɔ̃awo ŋutɔ nu ayi le wo ɖokui si.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
b Kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . . ” le míaƒe tata si nye February 8, 1995 Eŋlisigbe me tɔ me.
c Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
d Agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta) ƒe ta 25 kple 26 lia ɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe sɔhɛ ŋu be wòaɖu numãme sia dzi.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]
Tu ŋutsunyenye ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ ɖo to Yesu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me