Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
“Dɔdasi Gã” la Gbegblẽ Ði
Kristodukɔa ƒo nu tso se si Yesu de na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ dukɔwo katã me tɔwo nusrɔ̃lawoe ŋu ƒe geɖe be enye “Dɔdasi Gã.” Gake le numekuku aɖe si Hadome Dzɔdzɔmeŋutinunya Numekuƒe si le Dziehe Carolina ƒe Yunivɛsiti le Amerika wɔ nyitsɔ laa nu la, “Kristotɔ” ʋee aɖewo ŋutɔŋutɔ koe bua dɔ sia be ele vevie gɔ̃ hã le United States. Le Dziehedukɔwo, afisi wolɔ̃ mawusubɔsubɔ le wu megbe la, amesiwo bua wo ɖokui Kristotɔwoe dometɔ 32 le alafa me pɛ koe bui be dzimetɔtrɔ na amewo va yewoƒe ha me nye agbanɔamedzi “vevi” aɖe si le yewoƒe ha la dzi. Le Dziehe gome la, ame 52 le alafa me pɛ koe bui nenema.
Afisi Dzudzɔ Le Ye Dzo Nɔna
Le atamanonomefɔku gbogbo siwo wonya dome la, ɖeka aɖe li si menɔa amewo ƒe susu me zi geɖe o: eyae nye dzo. Amerika Dukɔ ƒe Dzobibi ƒe Ametakpɔha gblɔ be sigaret ƒe dzoxi na dzo 187,000 dze aƒe le United States le ƒe 1991 ɖeɖeko me, eye wòwu ame 951 (dzotsilawo mele eme o). Eyata wokpɔe be atamanono gbɔe amesiwo dzobibi wu le aƒewo me le ƒe ma me dometɔ 25 le alafa me ƒe ku tso—ewu ame geɖe wu amesiwo dzobibi siwo tso nu bubuwo gbɔ wu. Atamanono ƒe dzotɔtɔ aƒe de abi ame 3,381 hã ŋu eye wògblẽ nunɔamesi siwo ƒe home de dɔlar miliɔn 552 le ƒe ma ke me. Wokpɔe be zikpui siwo ŋu wofa avɔ ɖo, beli, kple abadzinuwo koŋue nye aƒemenu siwo léa dzo wu.
Woxlẽ Television Dzi Nuvlowɔwɔwo
Numekuku yeye aɖe si dzi womeka ɖo tututu o fia be togbɔ be nuvlowɔwɔ dziŋɔwo ɖeɖefia va bɔ ɖe Amerika-television dzi—eye togbɔ be television-ɖehawo do ŋugbe be yewoalé enu vie hã—la, television dzi nuvlowɔwɔ dzi ɖe edzi ŋutɔŋutɔ le ƒe eve siwo va yi me. Nyatakakanana kple Amewo ƒe Nyagbɔkpɔhae wɔ numekuku sia eye woƒo nya ta esi wolé ŋku ɖe nusiwo television-ɖeha ewo ɖe le ŋkeke aɖe dzi ŋu eye wotsɔ nusiwo wokpɔ sɔ kple esiwo woɖe le ŋkeke ma ke dzi le ƒe eve siwo va yi me. Wokpɔe be television dzi nuvlowɔwɔ si gɔme woɖe be enye eɖoɖo koŋ azã ŋusẽ atsɔ ade abi amewo ŋu alo atsɔ agblẽ nunɔamesiwo dome la, dzi ɖe edzi zi 41 le alafa me le ƒe eveawo me. Wogblɔ be nuvlowɔwɔ dziŋɔwo nye nuwɔna si gblẽa agbe dome alo ate ŋu ade abi ame ŋu vevie, eye nusia dzi ɖe edzi zi 67 le alafa me. TV Guide ka nya ta be: “Television-ɖeha ɖesiaɖe ƒe nuvlowɔwɔ ɖeɖe le gaƒoƒo ɖeka me dzi ɖe edzi tso 10 vaseɖe 15 kloe le mamã dedie nu.”
Nunyuimakpɔɖu le
Xexeame Katã
Wogblɔa nya nyui kple nya vɔ̃ le nunyuimakpɔɖu ŋu le xexeame katã. Global Child Health News & Review gblɔ be ɖevi siwo katã mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o siwo ŋu nunyuimakpɔɖu gblẽa nu le dzi ɖe kpɔtɔ tso 42 le alafa me le ƒe 1975 me va 34 le alafa me le ƒe 1990 me. Gake ɖevi siwo mekpɔa nu nyui ɖuna o ƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ ya dzi ɖe edzi. Ðevi siwo mexɔ ƒe atɔ̃ o le dukɔ madeŋgɔwo me dometɔ siwo ade miliɔn 193 mekpena tututu o alo wole wodzoe ŋutɔ, eye woƒe akpa etɔ̃liawo ƒe ɖeka mekpɔa nu nyui ɖuna kura o. Nyadzɔdzɔgbalẽa de dzesii be ne ɖevi ƒe nunyuimakpɔɖu nu mesẽ tututu o la, dɔléle ƒe ewuwu anɔ bɔbɔe zi gbɔ zi eve. Gake afɔkua adzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ ne eƒe nunyuimakpɔɖu le evedome. Ke le ɖevi si mekpɔa nu nyui ɖuna kura o gome la, ele afɔku me zi gbɔ zi 11 sɔŋ be dɔléle nawui. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be le mɔ̃ɖaŋuwɔdukɔwo me la, ɖeviwo ƒe nunyuimakpɔɖu si tɔgbe bɔ ɖe afimawoe nye nusiwo na ame lolona akpa ɖuɖu. Le kpɔɖeŋu me, le Anyiehe Amerika la, aminuwo mee ɖeviwo kpɔa woƒe ŋusẽ 50 le alafa me tsonɛ—si nye “agbɔsɔsɔ si sɔ ƒe teƒe eve.”
Dzeƒu Alo Ƒu “Kuku” Yea?
“Dzeƒu la va zu atsiaƒu si ƒo ɖi wu le xexeame katã eye emenuwo le kukum nublanuitɔe.” Nenemae Russiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Rossiiskaya Gazeta ka nya ta eye wògblɔ be le ƒe 30 siwo va yi me la, Dzeƒu la “va zu Europa ƒe afã ƒe aɖukpo—afisi ame miliɔn 160 siwo le ƒua ta lɔa phosphorus, mercury, DDT, mɔ̃memi, kple aɖinu bubu gbogbo aɖewo kɔna ɖo.” Ðiƒoƒo tsia gblẽ nu geɖe ŋɔdzitɔe. Tɔmelã ƒomevi 5 koe susɔ le 26 siwo ɖɔkplɔlawo ɖe le Dzeƒua me tsã le ƒe 1960-awo me la dome. Tɔmeha gbogbo 1,000,000 si nɔ ƒua me tsã la ƒe xexlẽme ɖiɖi va ɖo 200,000. Ŋudzã sesẽ aɖe dze tɔmeha susɔeawo dometɔ geɖe dzi elabena wolɔa gbeɖuɖɔ le hanyiƒe geɖe kɔna ɖe Danube Tɔsisia me.
Marijuana Kple Susu ƒe Numalémalé
Australia ƒe The Sydney Morning Herald gblɔ be: “Sydney-numekulawoe nye ame gbãtɔ siwo ɖe nusi ame geɖe susu gbaɖegbe ke la fia—be susu ƒe numalémalé kple eƒe nuŋumanɔmanɔ si marijuana-nono hena vɛ la ganɔa anyi ɣeyiɣi didi aɖe ne ameawo dzudzɔ enono megbe.” Numekuku sia si wowɔ le Macquarie Yunivɛsiti ɖo kpe edzi be marijuana si gbegbe amea no kple ɣeyiɣi didi si wònoe nue wògblẽa nu ɖo. Nya la gavlo wu be: “Ðewohĩ womate ŋu aɖɔ nugbegblẽ siawo ɖo o.” Numekukua fia be “susu ƒe numalémalé” ma ke ɖea fu na amesiwo no marijuana tsã abe amesiwo gale enom ene. Egblẽa nu bubu geɖe wu nu gbegblẽ le susua ɖeɖeko ŋu, vevietɔ le amesiwo no atike vɔ̃ɖi sia ƒe atɔ̃ alo esi wu nenema gome. Wokpɔe be ame mawo mete ŋu bua nu ŋu hetsoa nya me kaba o, eye womete ŋu tsɔa susu ɖoa nu ɖeka ŋu heƒoa asa na susuhenuwo o. Nyatakaka la ƒo eta be le kpeɖodzi vovovo siwo wokpɔ nu la, marijuana-nono trɔa susua ƒe dɔwɔwɔ.
Ƒewuiviwo Kple Amamaɖeɖevideowo
Numekuku aɖe si Japan ƒe Dɔnunɔnɔ ƒe Dɔdzikpɔha wɔ ɖee fia be ŋutsuvi gbogbo 77 le alafa me siwo le suku kɔkɔ kple nyɔnuvi 24 le alafa me siwo hã le suku kɔkɔ le Japan la kpɔa amamaɖeɖevideowo. Le ŋutsuvi dzaa siwo xɔ ƒe 13 alo 14 le ɖeviwo ƒe suku kɔkɔ me dome gɔ̃ hã la, wo dometɔ 25 le alafa me kpɔ video mawo kpɔ. Eye nukae wògblẽ? Mainichi Daily News gblɔ be: “Numekukua fia be sukuvi mawo siwo kpɔ ame tsitsiwo ƒe videowo ƒe dzitsinya ku atri le gbɔdɔdɔ me nuvlowɔwɔ ŋu eye amesiwo ŋu wowɔ nu vlo mawo ɖo ƒe seselelãme mewɔa dɔ aɖeke ɖe wo dzi o.” Ðe wo dzilawo nya nu tso nɔnɔmea ŋua? Numekuku ma ke ɖee fia be sukuvi siwo wobia gbee dzilawo dometɔ 12 le alafa me koe nya alo susui be yewo viwo le amamaɖeɖevideowo kpɔm.
Nukunu Alo Dɔlékui Yea?
New Scientist magazine gblɔ nyitsɔ laa be: “Ðewohĩ Katolikoha ƒe nukunu gãtɔ siwo wonya wu anye esi tso dɔlékui gbɔ wu esi wòatso Mawu gbɔ.” “Nukunu le Bolsena” si wogblɔ be edzɔ le ƒe 1263 me ke esi Bohemia-nunɔla aɖe va tsɔ sakramentobolo le Missa aɖe ɖuɣi. Wotu xo be enɔ eŋu bum ne aboloa ate ŋu atrɔ azu Kristo ƒe ŋutilã vavã abe alesi Katolikoha la ƒe nufiafia gblɔ ene hã. Kasia nukutɔe la, ekpɔ be nane nɔ dodom le aboloa me abe ʋu ene! Gake dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bui gbaɖegbe ke be dɔlékui dzĩ aɖe si gena ɖe gomanuɖuɖu me hetua tsi ɖe eme ne yame xɔ dzo gbɔe nudzɔdzɔa tso. Johanna Cullen si le George Mason Yunivɛsiti le Virginia, U.S.A., gbugbɔ Titinaɣeyiɣi me yame ƒe nɔnɔme ma wɔ nyitsɔ laa eye wòtsɔ dɔlékui si woyɔ la de sakramentobolo me. Eteƒe medidi o ebiã dzẽ abe ʋu ene.
Woaxɔ AIDS le Ʋu Mea?
Aleke wòate ŋu adzɔe be woaxɔ AIDS le ʋudodo alo ʋumenuwo mee? Johannesburg ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Star gblɔ be ame 600,000 le xexeame katã—alo amesiwo katã xɔ dɔa dometɔ 15 le alafa me—xɔ AIDS-dɔlélea le ʋu alo ʋumenuwo me tso esime woke ɖe AIDS-dɔlélea ŋu. Fifia ʋu dodokpɔ be woakpɔ HIV-dɔlékuia le eme xɔa ɣeyiɣi eye wòxɔ asi hã. Ame aɖewo ƒo nya ta be ele be woado ʋu kpɔ le dodokpɔ vovovo adre teti me. Gake zi geɖe la, ga alo amesiwo wona hehee menɔa dukɔ madeŋgɔwo si be woawɔ dodokpɔ siawo o. Le dukɔ deŋgɔwo me, afisi wowɔa dodokpɔa le gɔ̃ hã la, wowɔa vodada. Paul Strengers si nye Denmark ƒe ʋudododzikpɔƒe ƒe dɔdzikpɔla ʋu eme be: “Míate ŋu agblɔ be ʋumenu ɖesiaɖe vo keŋkeŋ tso HIV-dɔlékui alo aklãdɔléle si me o.”
Amedzro aɖe si Mevana Kabakaba O
Dukɔwo Dome Ɣletiviŋutinunyadzikpɔha da asi ɖe ɣletivi toasike aɖe si Australia kple France ƒe ɣletiviŋutinunyalawo kpɔ le March 1993 me dzi le January si kplɔe ɖo me eye wona ŋkɔe be McNaught-Russel. Gake anye be China-ɣletiviŋutinunyalawoe kpɔe gbã—anye ƒe alafa 14 enye sia! New Scientist magazine gblɔ be ɣletiviŋutinunyala aɖe bu akɔnta be ɣletivi toasike sia tsɔa ɣeyiɣi didi ŋutɔ aɖe hafi ƒoa xlã ɣea: ƒe 1,419 sɔŋ. Enya se ŋutɔ be blemanuŋlɔɖiwo ɖee fia be China-ɣletiviŋutinunyalawo kpɔ “ɣleti” aɖe nɔ tsatsam le yame si ɖewohĩ anye ɣletivi toasike siae. Woŋlɔe ɖi be yewokpɔe le ƒe etɔ̃lia me le ɣeyiɣi aɖe si woyɔna be Keen Tih me, le dzinu evelia ƒe ŋkeke si woyɔna be Woo Woo dzi—alo April 4, 574 M.Ŋ. me. Ɣletivi toasike sia ƒe azã agasu be wòava míaƒe yamenutoa me le ƒe 3412 me lɔƒo.