INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 4/8 axa 29
  • “Yi Anyidi Gbɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Yi Anyidi Gbɔ”
  • Nyɔ!—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aʋakɔ Aɖe Le Azɔli Dzi!
    Nyɔ!—2003
  • Aleke Aɖiɖiwo Wɔna Zɔna Ðe Ðoɖo Nu?
    Ðe Wowɔea?
  • Nugbagbevi Siwo Bi Ðe Asitɔtrɔ le Gbeɖuɖɔ ŋu Me
    Nyɔ!—2002
  • Xɔtudɔ Siwo Dea Bubu Yehowa Ŋu
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 4/8 axa 29

“Yi Anyidi Gbɔ”

“ANYIDI TƆXƐWO”—tanya wɔnuku ma dze le nyadzɔdzɔgbalẽ me nyati aɖe me ƒe ʋee aɖewoe nye sia tso Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe si wotu kabakaba la ŋu. Nukae na woŋlɔ tanya ma? Nusitae nyanya masesẽ ne èkpɔ xɔtuƒe ma ƒe foto si wonɔ yame ɖe la o. Nyadzɔdzɔgbalẽ ma ke ƒe tanya sue aɖe gblɔ be: “Yehowa ƒe Ðasefo alafa atɔ̃ le xɔtuƒe​—⁠anyidikɔ wònye nyateƒe.”

Ðewohĩ etsɔtsɔ sɔ kple anyidikɔ sɔ wu alesi nyatakakanala la bui. Nyateƒee, ne èle yame ʋĩ kpɔ ame alafa ʋee aɖewo ƒo ƒu ɖe xɔtuƒe la, ate ŋu aɖi anyidi siwo ɖo ɖe anyidikɔ dzi. Gake le go sia me la, alesi wòɖii la wu alesi wokpɔe. Nukatae? Yehowa Ðasefowo bua Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 6:6 ŋu vevie, esi gblɔ be: “Yi anyidi gbɔ, kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, eye nadze nunya.” Aleke ame adze nunya ne elé ŋku ɖe anyidiwo ŋu?

Nusiwo tae ɖekae nye be anyi­diwo wɔa dɔ ŋutɔ. Biblia ƒe nu­mekugbalẽ si nye Insight on the Scrip­tures gblɔ be: “Menye alesi wodzrana ɖo ɖe etsɔ me ŋu koe ɖe dzesi o ke woƒe kutrikuku kple veviedodonu hãe, zi geɖe la, wokɔa alo drẽna ɖe nusiwo kpena wu woa ŋutɔwo zi gbɔ zi eve ŋu nɔ hehem, eye wowɔa nusianu si woate ŋui be woawu dɔ si woɖo te nu, womekpɔa megbe o togbɔ be woadze anyi, aɖiɖi, alo amli adze abu me gake.”a

Nenema ke togbɔ be Yehowa Ðasefowo mevuna ɖe xɔtunu siwo kpe wu wo zi gbɔ zi eve ŋu o hã la, zi geɖe la dɔ si gbegbe wowɔna le woƒe xɔtudɔwo me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me wɔa nuku na woƒe aƒelikawo. Ebɔ ŋutɔ be nàkpɔe be woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo naho tso eƒe anyinɔ dzi zi ɖeka eye woawu enu le ŋkeke eve alo etɔ̃ ko me!

Aleke wowɔa dɔ siawo katãe? To anyidiwo sɔsrɔ̃ me le mɔ vevi aɖe nu. Insight on the Scriptures gblɔ le anyidiwo ŋu be: “Wowɔa dɔ ɖekae nukutɔe tsɔ dzraa woƒe atɔwo me ɖo wònɔa dzadzɛ eye woɖea ɖetsɔleme fiaa woƒe hadɔwɔlawo, wodea abɔ abɔ me na anyidi siwo xɔ abi alo esiwo ŋu ɖeɖi te la yia woƒe atɔ mee.” Edze abe ɖekawɔgbɔgbɔ ma ke si le Ðasefoawo dome ye wɔ dɔ ɖe nyatakala si míeyɔ va yi dzi ene, eye wògblɔ be enye “dɔ gã aɖe si dɔnyala 80 siwo tso xɔtulawo ƒe alɔdze ɖesiaɖe me kple ame 400 siwo kpe asi ɖe wo ŋu tsɔ dzidzɔ wɔ le dziɖeɖi blibo me.”

Ke hã la, alesi Yehowa Ðasefowo wɔa dɔ sesĩe hewɔa ɖeka le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me ƒe kpɔɖeŋu vi aɖe koe nusi yia edzi le akpata mawo me le ƒe siwo kplɔnɛ ɖo me la nye. Woyia edzi wɔa dɔ sesĩe ɖekae le afima, wowɔa ɖoɖo ɖe woƒe nufiafia kple gbeƒãɖeɖe ŋu hewɔa kpekpe tuameɖo siwo me nufiame le. Gawu la, wodzea agbagba be yewoaɖe lɔlɔ̃ ƒe ɖetsɔleme ma ke si Yesu ɖe fia eyomedzelawo esime wònɔ anyigba dzi la afia wo nɔewo.​—⁠Yohanes 13:​34, 35.

Ne èkpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe kpɔ eye mènya nusi yia edzi le eme o la, ke míekpe wò tso dzi me be wò ŋutɔ nàva kpɔe. Míate ŋu aka ɖe edzi na wò vevie be woaxɔ wò atuu eye nàxɔ nufiame geɖe le sasrãkpɔa me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Fiaɖuƒe Akpata si wotu kabakaba le Aurillac, France

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]

Line drawings: Pharaoh’s ant. Lydekker

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe