Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Etsɔtsɔke Ahaŋlɔe Be—Aleke Wòanya Wɔe?
“MATSƆ WOƑE VODADAWO AKE WO, EYE NYEMAGAÐO ŊU WOƑE NUVƆ̃WO AZƆ O.”—YEREMYA 31:34.
NYA mawo siwo nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ la ɖe nu ɖedzesi aɖe fia le Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu: Ne etsɔe ke ame la, eŋlɔnɛ be. (Yesaya 43:25) Biblia gagblɔ be: “Alesi [Yehowa] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!” (Kolosetɔwo 3:13) Eyata esi míenye Kristotɔwo la, ele be míasrɔ̃ Yehowa ƒe tsɔtsɔke.
Gake biabia vevi aɖewo fɔ ɖe te. Ne Yehowa tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí la, ɖe megaɖoa ŋku wo dzi o nyateƒea? Eye ne míetsɔ ke ame aɖe la, ɖe wòle be míaŋlɔe be ale be míagate ŋu aɖo ŋku edzi oa? Ðe woate ŋu agblɔ be ne míetsɔ ke alea o kpa, ke míetsɔe ke ŋutɔŋutɔ oa?
Alesi Yehowa Tsɔ Kenae
Etsɔtsɔke bia be woaɖe dziku le dɔme. Ne Yehowa tsɔ ke la, eɖea dziku le dɔme keŋkeŋ.a Hakpala Dawid ŋlɔe be: “[Yehowa] menɔa dzre dzi ɖaa o, eye meléa dziku ɖe dɔme tegbee o. Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe. Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.”—Psalmo 103:9, 12, 13.
Wogaɖe alesi Mawu ƒe tsɔtsɔke de bliboe la me nyuie wu le Dɔwɔwɔwo 3:19 be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo.” Helagbe me dɔwɔnya (e·xa·leiʹpho) mee woɖe nyagbɔgblɔ “woatutu” tsoe si gɔmee nye “woaklɔe ɖa, woatutui.” (Kpɔ Nyaɖeɖefia 7:17; 21:4.) The New International Dictionary of New Testament Theology ɖe eme be: “Nusi fiam dɔwɔnya la le le afisia kple ɖewohĩ le teƒe bubuwo anye be woatutu nuŋlɔkpe dzi wòazrɔ̃ nyuie be woagazãe ([tsɔe sɔ kple] ‘woatutu nuŋlɔkpe dzi wòakɔ’).” Ne míetrɔ le míaƒe nuvɔ̃wo me la, Yehowa tutunɛ ɖa keŋkeŋ. Ðe ema fia be megaɖoa ŋku míaƒe nuvɔ̃wo dzi oa? Mina míakpɔ kpɔɖeŋu aɖe si woŋlɔ ɖe Biblia me ɖa.
Esi Fia Dawid wɔ ahasi kple Bat-Seba eye wòte kpɔ be yeaɣlae esi wòwɔ ɖoɖo be woawu srɔ̃ŋutsua la, Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan ɖa be wòakã mo na Dawid. (Samuel II, 11:1-17; 12:1-12) Nukae dzɔ? Dawid trɔ dzi me anukwaretɔe, eye Yehowa tsɔe kee. (Samuel II, 12:13; Psalmo 32:1-5) Ðe Yehowa ŋlɔ Dawid ƒe nuvɔ̃wo bea? Gbeɖe! Biblia-ŋlɔlawo Gad kple Natan va ŋlɔ nu tso nudzɔdzɔa ŋu le Samuel II, (si ŋɔŋlɔ nu wowu le ƒe 1040 D.M.Ŋ. me lɔƒo) le Dawid ƒe ku megbe kpuie.
Eyata Dawid ƒe nuvɔ̃wo ŋuti nuŋlɔɖi, alo ŋkuɖodzi—kpakple eƒe dzimetɔtrɔ ŋuti nuŋlɔɖi kple nuvɔ̃ bubu siwo Yehowa tsɔ kee la—le agbalẽ me be wòaɖe vi na Biblia-xlẽlawo vaseɖe egbea. (Romatɔwo 15:4; Korintotɔwo I, 10:11) Le Nyateƒe me la, esi “[Yehowa] ƒe nya [si le Biblia me] nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me” ta la, maŋlɔ Dawid ƒe nuvɔ̃wo ŋuti nuŋlɔɖi be akpɔ o!—Petro I, 1:25.
Ke aleke woate ŋu agblɔ be Yehowa tutua míaƒe nuvɔ̃wo ɖa keŋkeŋ ne míetrɔ dzi me anukwaretɔe? Aleke wòle be míase nya siwo Yehowa gblɔ be: “Matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o” la gɔmee?—Yeremya 31:34.
Alesi Yehowa Ŋlɔnɛ Be
Hebrigbe me dɔwɔnya (za·kharʹ ƒomevi aɖe) si gɔme woɖe be ‘maɖo ŋku edzi’ mefia ko be woaɖo ŋku nusi dzɔ va yi dzi o. Le Theological Wordbook of the Old Testament ƒe nya nu la, ate ŋu afia be “woayɔ, woaɖe gbeƒã, woagblɔ nya, woaƒo nu le eŋu, woabia, woaɖo ŋku edzi, woabu fɔ, woaʋu nuvɔ̃ me.” Theological Dictionary of the Old Testament gblɔ hã be: “Le nyateƒe me la, [za·kharʹ] fia be woawɔ nane, alo wozãnɛ zi geɖe kple dɔwɔnya si fiaa nane wɔwɔ.” Eyata esi Yehowa gblɔ le eƒe dukɔ si tra ŋu be ‘yeaɖo ŋu woƒe vodadawo’ la, nusi wòwɔnɛ enye be yeatu nu kpli wo le esi wogbe dzimetɔtrɔ ta. (Yeremya 14:10) Nenema ke esi Yehowa gblɔ be “Nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o” la, ele kakaɖedzi nam mí be ne yetsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí ko la, yemagafɔ wo ɖe te bene yeatsɔ nya ɖe mía ŋu, abu fɔ mí, alo ahe to na mí o.
Yehowa ɖe alesi wòtsɔna kena heŋlɔnɛ be la me to nyagblɔɖila Xezekiel dzi be: “Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna la me, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, anɔ agbe, maku o. Womagaɖo ŋu eƒe dzi, siwo katã wòda la o, ke boŋ anɔ agbe le eƒe nu dzɔdzɔe, siwo wòwɔna la ta.” (Xezekiel 18:21, 22; 33:14-16) Ẽ, ne Yehowa tsɔ ke nuvɔ̃wɔla si trɔ dzi me la, etutua eƒe nuvɔ̃ ɖa keŋkeŋ eye wòŋlɔnɛ be le susua nu be matsɔ nya ɖe ame ma ŋu le nuvɔ̃ mawo ke ta le etsɔ me o.—Romatɔwo 4:7, 8.
Esi míede blibo o ta la, míate ŋu atsɔe ake wòade blibo abe alesi Yehowa wɔnɛ ene gbeɖe o; eƒe susuwo kple eƒe mɔwo kɔ boo wu mía tɔ. (Yesaya 55:8, 9) Ke vaseɖe afikae wòasɔ be woakpɔ mɔ be míatsɔe ake ame bubuwo ne woda vo ɖe mía ŋu ahaŋlɔe be?
Alesi Míate Ŋu Atsɔe Ake Ahaŋlɔe Be
Efesotɔwo 4:32 ƒoe ɖe mía nu be: “Mitsɔ ke mia nɔewo [faa].” Nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla W. E. Vine gblɔ be Helagbe me nya (kha·riʹzo·mai) si gɔme woɖe be ‘woatsɔe ake faa’ fia be “woakpɔ nublanui na ame menye le nane ta o.” Ne vo siwo woda ɖe mía ŋu melolo o la, ɖewohĩ míatsɔ wo ake bɔbɔe. Ŋkuɖoɖo edzi be ame madeblibowoe míawo hã míenye la akpe ɖe mía ŋu be míaɖe mɔ ɖe ame bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. (Kolosetɔwo 3:13) Ne míetsɔe ke la, míeɖea dziku le dɔ me, eye magblẽ mía kple vodala la dome ƒomedodo me eteƒe nadidi o. Anɔ eme be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míaŋlɔ vodada suesue mawo be.
Ke ne ame bubuwo wɔ nuvɔ̃ gã aɖe ɖe mía ŋu wòve mí vevie ɖe? Le nuvɔ̃ gãwo abe ƒometɔ kplikplikpli ƒe ame gbɔ dɔdɔ, ame gbɔ dɔdɔ sesẽe, kple amewuwu tete kpɔ ene gome la, tsɔtsɔke abia be woabu nu geɖe ŋu. Anɔ alea vevietɔ ne nuvɔ̃wɔla la sẽ nu, ne egbe dzimetɔtrɔ, eye wògbe kukuɖeɖe.b (Lododowo 28:13) Yehowa ŋutɔ metsɔnɛ kena nuvɔ̃wɔla matrɔdzime vɔ̃ɖiwo o. (Hebritɔwo 6:4-6; 10:26) Ne nua ve mí kaɖikaɖi la, ɖewohĩ míate ŋu aɖe nusi dzɔ la le susu me keŋkeŋ o. Ke hã la, kakaɖedzi si li be le xexe yeye si gbɔna me la “womagaɖo ŋku [tsãnuwo] dzi, alo woava ame ƒe ta me o” la ate ŋu afa akɔ na mí. (Yesaya 65:17; Nyaɖeɖefia 21:4) Nusianu si dzi míaɖo ŋku ɣemaɣi la magblẽ nu le mía ŋu alo ave mí vevie abe alesi wòave mí fifia ene o.
Le go aɖewo me la, ahiã be míaɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ nya la gbɔe, ɖewohĩ to nuƒoƒo na vodala la me, hafi míate ŋu atsɔe akee. (Efesotɔwo 4:26) Ne míewɔe elea la, nusianu me ate ŋu akɔ, woaɖe kuku si sɔ, eye míatsɔe ake. Ke eŋɔŋlɔ be ya ɖe? Ðewohĩ míate ŋu aŋlɔ nusi dzɔ la be keŋkeŋ gbeɖe ya o, gake míate ŋu aŋlɔe be le susua nu be míale dziku ɖe dɔ me ɖe vodala la ŋu alo agava fɔ nya la ɖe te gbaɖegbe o. Míelénɛ ɖe nu alo léa fu vodala la gbidii o. Gake ɖewohĩ axɔ ɣeyiɣi hafi mía kple vodala la dome naganyo, eye ɖewohĩ míagate ŋu anɔ kplikplikpli abe tsã ene o.
Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be ègblɔ wò dzimenya ɣaɣla aɖe na xɔ̃wo si dzi nèka ɖo, eye emegbe nèva see be ekaka nya la si na nètɔtɔ eye wòve wò vevie. Èyi egbɔ ɖabiae, eye wòte ɖe edzi vevie; eɖe kuku na wò be nàtsɔe ake ye. Esi wòɖe kuku na wò tso dzi me ta la, eʋã wò nètsɔe kee. Ðe nàŋlɔ nusi dzɔ be bɔbɔea? Anɔ eme be màŋlɔe be bɔbɔe o; ɖikekemanɔmee la, àɖɔ ŋu ɖo vevie le wò dzimenyawo gbɔgblɔ nɛ ŋu ɣebubuɣi. Evɔ nètsɔe kee hafi; mèlé nya la ɖe nu gale eʋlim kplii o. Mèlé dziku ɖe dɔ me o eye mègblɔnɛ na ame bubuwo hã o. Màgate ŋu anɔ eŋu kplikplikpli abe tsã ene o, gake èkpɔtɔ lɔ̃e abe nɔviwò Kristotɔ ene.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 20:19.
Ke ne èdze agbagba be yewoakpɔ nya la gbɔ evɔ vodala la melɔ̃ ɖe eƒe vodada dzi heɖe kuku o ɖe? Ðe nàte ŋu atsɔe akee ahaɖe dziku le dɔ mea? Etsɔtsɔ ake ame bubuwo mefia be míalɔ̃ ɖe nusi wowɔ dzi alo abui nu tsɛe o. Agba kpekpe ŋutɔe dzikudodo nye; ate ŋu axɔ míaƒe susu katã, ana ŋutifafa nabu ɖe mí. Ne míebe wòaɖe kuku kokoko evɔ wògbe eɖeɖe la, ɖewohĩ míaƒe dzi koe agbã agagbã ɖe edzi. Ne edzɔ alea la, ke míena agɔdzela la le ŋusẽ kpɔm ɖe míaƒe seselelãmewo dzi. Eyata ehiã be míatsɔe ake ame bubuwo alo aɖe dziku le dɔ me, menye le woawo ɖeɖe ƒe viɖe ta o ke be wòaɖe vi na míawo hã bene agbe nanya nɔ na mí.
Nuvɔ̃ tsɔtsɔke menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Gake ne wotrɔ dzi me anukwaretɔe la, míate ŋu adze agbagba asrɔ̃ alesi Yehowa tsɔna kenae. Ne etsɔe ke nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo la, eɖea dziku le dɔ me—etutua nuvɔ̃a ɖa keŋkeŋ eye wòŋlɔnɛ be le susua nu be magafɔ woƒe nuvɔ̃wo ŋu nya ɖe te o. Míawo hã míate ŋu adze agbagba aɖe dziku le dɔ me ne agɔdzela la trɔ dzi me. Gake ɖewohĩ nanewo anɔ anyi siwo womabia tso mía si be míatsɔ ake gɔ̃ hã o. Mele be woazi amesi ŋu wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖo alo wose ŋuta le wògbɔ eme dzi be wòatsɔe ake vodala matrɔdzime la o. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 139:21, 22.) Gake zi geɖe ne amewo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu la, míate ŋu atsɔe ake wo le susua nu be míaɖe dziku le dɔ me, eye míate ŋu aŋlɔe be le susua nu be míagafɔ nya la ɖe te ɖe amea ŋu gbaɖegbe o.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati si nye “Biblia ƒe Nukpɔsusu: Aleke Gbegbe Mawu ƒe Tsɔtsɔke De Bliboe?” si le Nyɔ! February 8, 1994 ƒe axa 27-28.
b Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 862, gblɔ be: “Womebia tso Kristotɔwo si be woatsɔ amesiwo tsɔa vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ɖonɛ koŋ wɔa nuvɔ̃ dzimematrɔmatrɔe ƒe nuvɔ̃wo ake wo o. Ame mawo va zua Mawu ƒe futɔwo.”—Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Yosef kple nɔviawo