Xexeame Ƒe Nuwuwu Ŋuti Nyagblɔɖiwo
“Ƒe akpe geɖe enye sia la, xaxawo ŋuti nyagblɔɖilawo le nya gblɔm ɖi be xexeame ƒe nuwuwu gogo.”—Premonitions: A Leap Into the Future.
LE ƑE 1033 me, ƒe 1,000 pɛ ko le Kristo ƒe ku megbe la, vɔvɔ̃ gã aɖe lé Burgundy, France, nɔlawo vevie elabena wogblɔe ɖi be xexeame awu nu le ƒe ma me. Esi ahom sesẽwo tu eye dɔwuame gã siwo tɔgbe meva kpɔ o dzɔ la, ena woƒe mɔkpɔkpɔ nu gasẽ ɖe edzi. Ameha gbogbo aɖewo ɖe dzimetɔtrɔ fia le gaglãgbe.
Ƒe ʋee aɖewo do ŋgɔ esime wòsusɔ vie ƒe akpe ɖeka le Kristo ƒe dzidzi megbe nade (le ɣeyiɣikɔntabubu si dzi woda asi ɖo ɣemaɣi nu) la, ame geɖe xɔe se be xexeame ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Wogblɔ be esusɔ vie ko aɖaŋudɔwo kple kɔnuwɔwɔwo le Europa-saɖagaxɔwo me nu natso. Eric Russell de dzesii ɖe eƒe agbalẽ Astrology and Prediction me be: “ ‘Esi míekpɔ be xexeame ƒe nuwuwu le aƒe tum azɔ’ lae nye nya si koŋ woŋlɔna ɖe domenyinumãgbalẽ siwo wowɔna le ƒe alafa ewolia ƒe afã mamlea me.”
Martin Luther si dze Protestant Ðɔɖɔɖoa wɔwɔ gɔme le ƒe alafa 16 lia me la gblɔ ɖi be xexeame ƒe nuwuwu tu aƒe le yeƒe ŋkekea me. Le agbalẽŋlɔla aɖe ƒe nya nu la, egblɔ be: “Le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ʋɔnudrɔ̃gbea gogo ŋutɔ.” Agbalẽŋlɔla bubu ɖe eme be: “Esi Luther tsɔ xexemenudzɔdzɔwo sɔ kple Biblia me nyagblɔɖiwo la, ete ŋu gblɔ tsɔtsrɔ̃ gã mamlea ƒe aƒetutu ɖi.”
William Miller si ame geɖe gblɔna be eyae ɖo Adventist-ha la gblɔe ɖi le ƒe alafa 19 lia me be Kristo atrɔ gbɔ le March 1843 kple March 1844 ƒeawo domedome. Esia ta ame aɖewo kpɔ mɔ ɣemaɣi be woakplɔ yewo ayi dziƒoe.
Nyitsɔ laa ko la, Great White Brotherhood sɔlemeha si woɖo ɖe Ukraine gblɔ ɖi be xexeame awu nu le November 14, 1993 dzi. Radio dzi mawunyagblɔla Harold Camping gblɔ le United States be xexeame awu nu le September 1994 me. Edze ƒã be ŋkeke siwo dzi xexeame ƒe nuwuwu ava ŋuti nyagblɔɖi siawo mesɔ o.
Ðe esia na amewo megaxɔe se be xexeame awu nu oa? Ao, woxɔe se boŋ. U.S.News and World Report, December 19, 1994 tɔ gblɔ be: “Ƒe akpe ɖeka bubu si me míage ɖo le ƒe 2000 me la na amewo le tsɔtsrɔ̃ ŋuti nyagblɔɖi gbogbo aɖewo gblɔm.” Magazine la ka nya ta be Amerikatɔ siwo “ade 60 le alafa me kloe susuna be xexeame awu nu ɣeaɖeɣi le etsɔme; woƒe akpa etɔ̃liawo ƒe ɖeka kloe susuna be awu nu le ƒe ʋee aɖewo megbe.”
Nukata wole nya gbogbo siawo gblɔm ɖi le xexeame ƒe nuwuwu ŋuti? Ðe susu nyui aɖe li si ta míaxɔe ase be awu nua?