Minɔ Dzadzraɖoɖi Na Etsɔme Nyui Aɖe
YESU xlɔ̃ nu be: “Minɔ dzadzraɖoɖi.” (Luka 12:40) Ne míele dzadzraɖoɖi eye Kristo va kple “ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe” la, míate ŋu atsɔ dzidzɔ awɔ ɖe se si wòde dzi be: “Miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.”—Luka 21:27, 28.
Ðeɖekpɔkpɔ ka tɔgbee? Ðeɖe si Noa kple eƒe ƒomea kpɔ tɔgbee—ẽ, ɖeɖe tso xexe sia ƒe nuwuwu me! Apostolo Yohanes ŋlɔe be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.
Le Yehowa ƒe xexe yeyea me la, Fia Yesu Kristo tevi siwo le anyigba dzi la anɔ agbe tegbee. Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Etsɔme nyui ka gbegbee nye si ƒe ŋugbe Mawu do na eƒe amewo! Eƒe Nya gblɔ be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” Nyagblɔɖi vavãe nye esia!—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Gake hafi nàse vivi le etsɔme nyui sia me la, ele be nàɖe afɔ. Sidzedze si nàxɔe nye nu vevi gbãtɔ. Biblia gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3)
Ehiã be nàkpe ta kple ame bubu siwo le sidzedze sia dim la hã edziedzi abe alesi apostolo Paulo xlɔ̃ nui ene be: “Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o . . . eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe amewo kpɔe be ɖeɖekpɔkpɔ ayi ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me la tu aƒe wu tsã, esia ta wonya wo nyuie le woƒe takpekpe ɖekae ta.
Esi London ƒe Sunday Telegraph nɔ nu ƒom tso takpekpe aɖe si wowɔ le fefewɔƒe aɖe ŋu la, egblɔ be: “Tsɔtsrɔ̃ si ƒe nya amesiwo gblɔna be ‘Nuwuwua Ðo Vɔ’ gblɔna la medo nuxaxa na wo o. Anya ɖo vɔ nyateƒe. Gake hafi ɣeyiɣi ma nava la, edze abe amesiame le vivi sem le ŋutenɔnɔ, dzi dzɔdzɔe, kple Mawusosroɖa me ene, evɔ wòhenye le dzidzɔkpɔkpɔ me.” Nyadzɔdzɔgbalẽa yi edzi be: “Ne fifi xexeame ƒe nuɖoanyia ƒe anyidzeɣi ɖo nyateƒe la, ke edze abe Ðasefo siwo kpe ta le Twickenham le dzadzraɖoɖi be woaɖo xexeme yeyea anyi ene.”
Be woanɔ dzadzraɖoɖi fia be woanɔ dɔ dzi kple ŋkubiã, woanɔ dɔ si tɔgbe Noa si nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” wɔ do ŋgɔ na Tɔɖɔɖɔa la wɔm. (Petro II, 2:5) Be woanɔ dzadzraɖoɖi fia hã be woawɔ nu le “anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me.” Míekpe wò, ẽ, míele dzi dem ƒo na wò be nàwɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo, “mialala, eye miadi [Yehowa] ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie.”—Petro II, 3:11, 12.