INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 7/8 axa 7-11
  • Anyinɔnɔ Ðekae Le Lɔlɔ̃ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Anyinɔnɔ Ðekae Le Lɔlɔ̃ Me
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lɔlɔ̃—“Blibonyenye la ƒe Nublanu”
  • “Atsyɔ̃fiakuku Enye Ta Ƒowɔ”
  • Ƒomekadodowo Tutuɖo ƒe Viɖewo
  • Bubudede Ame Nɔewo Ŋu ƒe Viɖewo
  • Tɔgbuiwo Kple Mamawo ƒe Wɔƒe le Nufiafia Me
  • Nuwɔwɔ Wòasɔ Ðe Mawu ƒe Nufiafia Nu
  • Nukae Nye Kuxiawo Dometɔ Aɖewo?
    Nyɔ!—1995
  • Tɔgbuiwo Kple Mamawo Woƒe Dzidzɔwo Kple Kuxiwo
    Nyɔ!—1999
  • Aleke Mawɔ Mia Kple Tɔgbuinye Kple Mamanye Dome Nanɔ Kplikplikpli?
    Nyɔ!—2001
  • Ne Tɔgbuiwo Kple Mamawo Zu Dzilawo
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 7/8 axa 7-11

Anyinɔnɔ Ðekae Le Lɔlɔ̃ Me

Mama kple Tɔgbui lɔlɔ̃awo,

Míefɔ̃ nyuiea? Ewɔ nam be wɔɖi di be yealém.

Meda akpe na mi le esi miefe kplim nyitsɔ ma ta. Miekplɔm yi modzakaɖebɔ me kple dutoƒotsiƒuƒe. Evivi nunye ŋutɔ.

Míawɔ míaƒe sukufefea le ƒe si gbɔna ƒe February 11 lia dzi. Ne miagate ŋu ava la, ke taflatse miva.

Mama kple Tɔgbui, miaƒe vava doa dzidzɔ na mí ŋutɔ.

Taflatse milé be na mia ɖokui, eye mianɔ anyi sesĩe ɣesiaɣi. Eteƒe madidi o yame afa, eyata mikpɔ nyui ne wɔɖi nagalé mi o.

Mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si miagava fe kplim. Taflatse mido gbe na Yumi kple Masaki nam.

Mika (Japantɔ)

TƆGBUIYƆVIWÒ aɖe ŋlɔ lɛta sia tɔgbe na wò kpɔa? Ne nenemae la, ke ɖikeke mele eme o be èkpɔ dzidzɔ ŋutɔ esime nèxlẽe. Lɛta siawo nye tɔgbuiwo kple tɔgbuiyɔviwo dome ƒomedodo nyui si me lɔlɔ̃ le ŋuti ɖaseɖiɖi. Gake nukae hiã be woaɖo ƒomedodo sia tɔgbe anyi, woalé be nɛ, ahado ŋusẽe? Eye aleke wòaɖe vi na dzidzime etɔ̃awo katãe?

Lɔlɔ̃—“Blibonyenye la ƒe Nublanu”

Roy kple Jean siwo nye tɔgbui kple mama Britaniatɔwo la gblɔ be: “Míesusu be gɔmeɖose veviawoe nye bubudede tanyenye ŋu kple nuwɔwɔ kple ame nɔewo le lɔlɔ̃ me.” Yehowa ƒe Ðasefo eve siawo yɔ mawunyakpukpui si le Kolosetɔwo 3:14 tẽ, si ɖɔ Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ be enye “blibonyenye la ƒe nublanu.” Lɔlɔ̃ hea bubudedeameŋu, ameŋububu, vividoɖeameŋu, kple ƒomeɖekawɔwɔ vɛ. Ne papa tso dɔ me gbɔna aƒeme la, ƒome bliboa ƒua du yi ɖakpenɛ hedoa wòede nɛ. Ne lɔlɔ̃ le ƒomea me la, nu ma kee wowɔna ne tɔgbuiwo va. Ðevi si kpɔ dzidzɔ ŋutɔ la doa ɣli be: “Mama kple Tɔgbui va ɖo loo!” Fiẽ ma la, ƒome abɔlegbe la nɔa anyi ɖua nu, eye tɔgbui nɔa kplɔ̃ta, afisi wogblẽ ɖi nɛ le alesi wowɔnɛ le wo gbɔ nu. Ðe miate ŋu akpɔ mia kple wò ƒomea le lɔlɔ̃ ƒe nukpɔkpɔ sia me le susu mea? Miesea vivi le yayra sia mea?

“Atsyɔ̃fiakuku Enye Ta Ƒowɔ”

Edze ƒã be ele be woaɖe lɔlɔ̃ afia tɔgbuiwo edziedzi, ke menye le wɔna tɔxɛwo me ko o. Esia ta ehiã be woana hehe ɖeviwo ɣesiaɣi. Ðeviawo srɔ̃a alesi woalɔ̃ ƒometɔwo kple ame bubuwoe le ƒomea me le kpɔɖeŋu si wo dzilawo ɖo la sɔsrɔ̃ me. Woƒe kpɔɖeŋu nye nu vevi aɖe, abe alesi ame geɖe siwo wobia gbee le nya sia ŋu gblɔ ene. Macaiah, vifofo si tso Benin City, Nigeria, la gblɔ be: “Mesusu be kpɔɖeŋu si meɖo le bubudede tonye kple lɔ̃xonye ŋu me kpe ɖe vinyewo hã ŋu be woabɔbɔ wo ɖokui ahabu ame. Meyɔa tonye kple lɔ̃xonye be ‘Papa’ kple ‘Dada.’ Vinyewo senɛ eye wokpɔnɛ be medea bubu wo ŋu abe nye ŋutɔ dzinyelawo ene.”

Ne tɔgbuiyɔviwo mede bubu wo tɔgbuiwo ŋu o la, ave wo, menye le gbɔdzɔgbɔdzɔ la ŋutɔ ta o ke le esi wo dzilawo meɖɔ wo ɖo o ta. Demetrio, tɔgbui aɖe si tso Roma, Italia, la gblɔ be: “Mekpɔa alesi vinyenyɔnu kple tonye lɔ̃a míi le alesi wofiaa wo viwo be woabu mí ahasi mí ɖa ta.” Ðewohĩ tɔgbuiyɔviwo atsɔ tɔgbuiwo aba hae ɣeaɖewoɣi, abe ke wo hati siwo wofena kpli woe wonye, alo wowɔa nu abe ɖe yewokpɔ ŋusẽ wu wo ene. Dzilawo ƒe agbanɔamedzi wònye be woaɖɔ nɔnɔme siawo katã ɖo. Paul, Ðasefo aɖe si le Nigeria la gblɔ be: “Anye ƒe ɖeka enye si va yi la, vinyewo dze egɔme nɔ danye kpɔm ɖe ƒomevii. Esi mede dzesi esia la, mexlẽ Lododowo 16:31 na wo be: “Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ,” eye meɖo ŋku edzi na wo hã be danyee Mama nye. Ele be woade bubu eya hã ŋu abe alesi wodea bubu ŋunyee ene. Mesrɔ̃ agbalẽ si nye Your Youth—Getting the Best Out Of Ita ƒe ta 10 lia hã kpli wo, si ƒe tanyae nye ‘Aleke Nèbua Dziwòlawoe?’ Fifia bubudede wo mama ŋu meganye kuxi na wo o.”

Ƒomekadodowo Tutuɖo ƒe Viɖewo

Woate ŋu atu lɔlɔ̃ na ame nɔewo ɖo ne ƒometɔwo ƒe nɔƒewo dome didi tso wo nɔewo gbɔ hã. Stephen, tɔgbui Nigeriatɔ aɖe, gblɔ be: “Míeŋlɔa lɛta na mía tɔgbuiyɔviwo ɖekaɖeka. Dɔ sia bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze, gake mía kple tɔgbuiyɔviawo dome ƒomedodo kplikplikpli tutuɖo kple eléle ɖe te ƒe viɖewo sɔ gbɔ ŋutɔ.” Dzilawo ƒe agbagbadzedze hiã vevie le esia gome. Ame bubuwo doa ka kple wo nɔewo to telefon dzi, si sɔ ɖe woƒe nɔnɔmea nu.

Giuseppe, tɔgbui si tso Bari, Italia, si si tɔgbuiyɔvi 11 le la gblɔ alesi wòtu xɔlɔ̃wɔwɔ si me vividoɖeameŋu le ɖo ɖe wo kple eƒe ƒometɔ kplikplikpliwo dome: “Fifi laa la, ƒome ade siwo le nye ‘ƒome abɔlegbea’ me la dometɔ etɔ̃ ƒe nɔƒe didi tso mía gbɔ. Gake ema mexe mɔ na ƒomedodo viviwo kple alesi míakpe tae la o. Mí ame 24-awo katã míekpea ta zi ɖeka ya teti ƒe sia ƒe.”

Ne tɔgbuiwo kple mamawo ɖeɖekoe li eye ame nɔewo sasrãkpɔ, kaƒoƒowo, alo lɛtawo ŋɔŋlɔ meli ɣesiaɣi o la, ate ŋu adzɔ be ƒomedodoa manɔ kplikplikpli o. Ele be woaɖe lɔlɔ̃ afia ɣesiaɣi. Tɔgbui aɖewo siwo kpɔtɔ le woƒe ƒe 40 vaseɖe 60-awo me alo le lãmesẽ me adi be yewoanɔ yewo ɖokui si esime yewogale sesĩe hekpɔa dzidzeme. Gake ne woɖe wo ɖokui ɖe aga keŋkeŋ tso ƒometɔwo gbɔ la, woakpɔe hã be ne yewova hiã lɔlɔ̃ ɖeɖefia geɖe wu la, yewomakpɔe kaba o.

Michael si nye tɔgbui Nigeriatɔ la hã ɖo aɖaŋu nyui aɖe be: “Metsɔa Yesu ƒe Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖose Vevitɔ la wɔa dɔe—be nàwɔ nu ɖe amewo ŋu alesi nàdi be woawɔe ɖe ye ŋu ene. Vinyewo lɔ̃m vevie ŋutɔ ɖe ema ta. Míeɖoa dze nyuie.” Egblɔ kpee be: “Ne tɔgbuiyɔvinyewo dometɔ aɖe wɔ nu wòvem la, meƒoa nu na wo ne ehiã. Gake ne nusi dzi mate ŋu aŋe aɖaba aƒui ye wònye la, zi geɖe la meɖenɛ ɖa le susu me.”

Tɔgbuiwo ƒe nunana kple nuwɔna suesuewo naa ame bubuwo hã wɔa nu ɖe wo ŋu nyuie. Dzideƒonya si woagblɔ dɔmenyotɔe naa ƒomegbenɔnɔ vivina tsɔ wu nyaheheɖeame ŋu ɣesiaɣi. Vovo kpɔkpɔ ɖe tɔgbuiyɔviwo ŋu, nukokoedoname ƒe fefewo kple dɔ nyui sue aɖewo fiafia wo, Biblia me ŋutinya gbɔgblɔ alo xotutu le ƒomea ŋu na wo vivia wo nu hetsia susu me na wo. Nu suesue siawo siwo le vevie la naa agbenɔnɔ vivina wu.

Bubudede Ame Nɔewo Ŋu ƒe Viɖewo

Gaspare Vella si nye atikewɔla la gblɔ be: “Ele be tɔgbuiwo naɖɔ ŋu ɖo be woagatsi tre ɖe dzilawo ƒe vihehe ƒe ŋusẽ ŋu alo aʋli ho le eŋu o.” Egblɔ kpee be: “Ne menye nenema o la, wogbɔa nusi wòle be tɔgbuiwo nawɔ ŋu va zua tɔgbui-dzilawo.” Aɖaŋuɖoɖo sia wɔ ɖeka kple nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ, be dzilawo koŋ ƒe agbae wònye be woahe wo viwo.—Lododowo 6:20; Kolosetɔwo 3:20.

Le tɔgbuiwo ƒe nuteƒekpɔkpɔ le agbe me ta la, enɔa bɔbɔe na wo be woaɖo aɖaŋu. Gake ele be woaɖɔ ŋu ɖo be woagaɖo aɖaŋu siwo eselawo madi yewoaxɔ ɣeaɖewoɣi o la o. Roy kple Jean gblɔ be: “Ele vevie be míase egɔme be dzilawo koŋ dzie agba le be woana hehe wo viwo ahahe to na wo. Ɣeaɖewoɣi la, àbu be woƒe nya me sẽ vie eye ɣebubuɣi àbui be woƒe nya me bɔbɔ akpa. Eyata ehiã be woawɔ aʋa anɔ te ɖe nudede woƒe nya me ƒe tetekpɔkpɔwo nu.” Michael kple Sheena siwo hã nye tɔgbui kple mama Britaniatɔwo la ɖo kpe nya ma ke dzi be: “Ne ɖeviawo bia aɖaŋuɖoɖo tso mía gbɔ la, míeɖonɛ na wo, gake míekpɔa mɔ be woatsɔe awɔ dɔ kokoko o, eye mevea mí ne wometsɔ wo wɔ dɔe o.” Enyo be dzila tsitsiwo naka ɖe wo viŋutsu kple wo vinyɔnu siwo ɖe srɔ̃ dzi. Kakaɖedzi sia doa ŋusẽ dzidzime etɔ̃ siawo dome ƒomedodo.

Vivian kple Jane siwo le England ƒe dziehe la dzea agbagba be yewoalé ɖe amehehe si yewo viŋutsu kple yewo vinyɔnu siwo gbɔ yewole la tsɔ nana yewo mamayɔviwo la ŋu ɣesiaɣi: “Míedzea agbagba be míazi mía ŋutɔwo míaƒe susuwo ɖe wo dzi ne ɖewohĩ míaƒe seselelãme to vovo o. Ne ɖeviawo kpɔe be míede dada kple papa dzi la, womegadzea agbagba be ‘yewoaku ɖe mía ŋu agblẽ wo dzilawo ɖi o.’ ” Ne dzilawo meli o gɔ̃ hã la, ele be tɔgbuiwo nakpɔ nyuie le to hehe na tɔgbuiyɔviwo me. Harold si tso Britania la gblɔ be: “Ele be woadzro tohehe ɖesiaɖe si tɔgbuia kpɔ be ahiã ne dzilawo meli o la me do ŋgɔ.” Harold gblɔ kpe ɖe eŋu be nya si woagblɔ na tɔgbuiyɔvi dɔmenyotɔe gake ŋusẽ anɔ eŋu alo ŋkuɖoɖo “nusi dzilawo bia tso wo si” dzi na wo ɖeɖeko sɔa gbɔ zi geɖe.

Ne Christopher si nye tɔgbui Nigeriatɔ la kpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe le eya ŋutɔ viawo ŋu la, meƒoa nu tso eŋu le tɔgbuiyɔviawo ŋkume o: “Meɖoa aɖaŋu si hiã la na dzilaawo ne mía kpli wo ɖeɖe míeli.” Ele be dzilawo hã nawɔ woƒe akpa dzi akpɔ egbɔ be wode bubu tɔgbuiwo ƒe ɖoƒe ŋu. Carlo si nye vifofo le Roma, Italia, la gblɔ be: “Ele vevie be màgato nyatoƒoe ɖe tɔgbuiwo alo ƒomea me tɔ bubuwo ƒe kpododonu ŋu le ɖeviawo ŋkume o.” Hiroko si nye vidada Japantɔ la gblɔ be: “Ne kuxi aɖe ɖo mía kple lɔ̃xonyewo dome la, megblɔnɛ na srɔ̃nye gbã.”

Tɔgbuiwo Kple Mamawo ƒe Wɔƒe le Nufiafia Me

Ƒome sia ƒome kple eƒe ŋutinya, kɔnuwo, kple nuteƒekpɔkpɔ siwo na wòto vovo tso bubuwo katã gbɔ. Le afisiafi la, tɔgbuiwoe nya nu tso ƒomea ƒe blemaŋutinya ŋu. Afrikatɔwo gblɔa nya aɖe be, “Amegãɖeɖi ɖesiaɖe si ku la nye agbalẽdzraɖoƒe si dzo fia.” Tɔgbuiwo gblɔa ƒometɔwo ŋu nyawo kple ƒomea me nudzɔdzɔ veviwo, kpakple woƒe agbenɔnɔdzidzenu vevi siwo tea ƒomea ƒoa ƒu wòlia ke la ŋu nyawo. Mɔfiafia si Biblia nana manɔmee la, eŋutinunyala aɖe gblɔ be ne “blema ŋuti sidzedze aɖeke mele ɖeviwo si o la, wotsina, nusiwo dzɔ do ŋgɔ na wo ƒe gɔmeɖoanyi manɔmee, dzidzenuwo kple kakaɖedzi menɔa wo si o eye womenɔa dedie o.”—Gaetano Barletta, Nonni e nipoti (Tɔgbuiwo Kple Tɔgbuiyɔviwo).

Ɣeyiɣi si me dada kple papa nye ɖeviwo ŋuti nya sese vivia tɔgbuiyɔviwo nu. Fotowo kpɔkpɔ ate ŋu afia nu ame ŋutɔ ahanye modzakaɖeɖe. Lɔlɔ̃ kple vividoɖeameŋu kae nye si wòahe vɛ ne tɔgbuiwo gblɔ nusiwo dzɔ va yi siwo le fotoawo me ŋutinya.

Reg kple Molly, tɔgbui kple mama Britaniatɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo gblɔ be: “Míekpɔ dzidzɔ esi míete ŋu de ha kple tɔgbuiyɔviwo hewɔ nu kpli wo eye míedo kplamatse ƒomedodo kplikplikpli si le wo kple wo Dada kpakple Papa dome o, míeɖo woƒe biabia geɖeawo ŋu, míefe kpli wo, míexlẽ nu kpli wo ɖekae, míefia nuŋɔŋlɔ wo, míeɖoa to woƒe nuxexlẽ, eye míetsɔ lɔlɔ̃ ƒe ɖetsɔleme dzro woƒe sukudenyawo mee.”

Vodada gã si tɔgbui kple dzila geɖe wɔnae nye dzitsitsi ɖe wo viwo kple tɔgbuiyɔviwo ƒe nyonyo le ŋutilã me ɖeɖeko ŋu. Reg kple Molly si míeyɔ va yi la gblɔ be: “Domenyinu gãtɔ si míate ŋu ana mía viwo kple tɔgbuiyɔviwoe nye be míakpɔ egbɔ be wohe wo le Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ me.”—Mose V, 4:9; 32:7; Psalmo 48:14; 78:3, 4, 6.

Nuwɔwɔ Wòasɔ Ðe Mawu ƒe Nufiafia Nu

Biblia Kɔkɔe, Mawu ƒe Nya la, “seã ŋu” ɖe amewo dzi. Ete ŋu kpena ɖe amewo ŋu be woaɖu nɔnɔme siwo hea mamã vɛ, abe ɖokuitɔdidi kple dada ene dzi alo woaɖee ɖa. (Hebritɔwo 4:12) Eyata amesiwo tsɔa eƒe nufiafiawo wɔa dɔe la kpɔa ŋutifafa eye wowɔa ɖeka le ƒomea me. Ŋɔŋlɔ gbogbo siwo kpena ɖe dzidzime etɔ̃awo ŋu be woaɖe mamã ɖesiaɖe si anɔ wo dome ɖa la dometɔ ɖekae nye Filipitɔwo 2:​2-4, si de dzi ƒo na mí katã be míaɖe lɔlɔ̃ kple ɖokuibɔbɔ afia, míawɔ ɖeka, ‘míagatsɔ ɖe le mía ŋutɔwo ƒe nyawo ɖeɖeko me o, ke boŋ míatsɔ ɖe le ame bubuwo hã tɔ me.’

Ne dzilawo kple tɔgbuiyɔviwo siaa wɔ nu wòsɔ ɖe Mawu ƒe nufiafia nu la, wobua nuxlɔ̃amenya sia ŋkubiãnyae ŋutɔ be “woaɖo teƒe na wo dzilawo [kple tɔgbuiwo]” le ŋutilã, seselelãme, kple gbɔgbɔ me. (Timoteo I, 5:⁠4) Esi Yehowa vɔvɔ̃ nyui le wo me ta la, wodea bubu deto tɔgbuiwo ŋu, eye eƒe nya siawo nɔa woƒe susu me be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye navɔ̃ wò Mawu la.” (Mose III, 19:32) Tɔgbuiwo wɔa nu nyui to agbagba si wodzena ɖe wo megbeviwo ƒe nyonyo ŋu me: “Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome.”—Lododowo 13:22.

Tɔgbuiwo, dzilawo, kple tɔgbuiyɔviwo ɖale teƒe ɖeka alo wokaka o, wo katã woate ŋu akpɔ viɖe le ƒomedodo lédziname siwo wotu ɖe lɔlɔ̃ kple bubudedeameŋu dzi me, abe alesi Lododowo 17:6 gblɔ ene be: “Amegã ɖeɖi ƒe fiakuku enye viawo ƒe viwo, eye viwo ƒe atsyɔ̃ enye wo fofowo.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ƒomea ƒe ƒuƒoƒo ate ŋu ado ƒomeɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Edea dzi ƒo na tɔgbuiwò kple mamawò ne èŋlɔ lɛta na wo

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ƒomea ƒe fotowo me kpɔkpɔ kple tɔgbuiyɔviwòwo kpakple mamayɔviwòwo ate ŋu avivi wo nu ŋutɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe