INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 7/8 axa 13-14
  • Ðe Nusi Dzi Nèxɔ Se la Le Veviea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nusi Dzi Nèxɔ Se la Le Veviea?
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Dzixɔsewo Kpɔa Ŋusẽ ɖe Nuwɔna Dzia?
  • Nuka Dzie Nètu Wò Dzixɔse Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nukae Akpe Ðe Mía Ŋu Míawɔ Nyateƒenyaa Ŋudɔ Pɛpɛpɛ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Timoteo—“Vinye Vavã le Xɔse Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ðe Wògblẽ Be Ame Naɖo Subɔsubɔha Bubu Mea?
    Nyɔ!—2009
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 7/8 axa 13-14

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Nusi Dzi Nèxɔ Se la Le Veviea?

“AMEGBETƆ LƆ̃A NUSI WÒBU NYATEƑEE DZIXƆXƆSE WU.”—FRANCIS BACON, 1561-1626, ENGLANDTƆ NUŊLƆLA KPLE DZIÐUÐUMEGÃ.

LE MAWUSUBƆSUBƆDZIXƆSEWO gome la, ame geɖe senɛ le wo ɖokui me be ne ènya xɔe se vevie be ‘Ame Aɖe le dziƒo’ eye èlɔ̃a hawòvi ko la, ke nu bubu ka ke dzie nèɖaxɔ se o, mele vevie o. Ðewohĩ ame aɖewo alé ŋku ɖe Mawu, eƒe tameɖoɖo, kple alesi woade ta agu nɛ ŋuti dzixɔse vovovo siwo le subɔsubɔhawo si la ŋu ahaƒo nya ta be, ameŋkumenu ko vovototoawo nye, abe alesi ame ɖeka doa awu ƒe atsya vovovowoe ene. Woasusu gɔ̃ hã le amesiwo bua vovototo siawo nya gãe ŋuti be womenya Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe nɔnɔme koŋ o.

Ŋɔŋlɔawo lɔ̃ ɖe edzi be menye mawusubɔsubɔ me nufiafiawo katã mee wònyo be míadzro o. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ƒo nu tso amesiwo hea “nyahehe dzodzro vɛ” ŋu le eƒe lɛta siwo tso gbɔgbɔ me siwo wòŋlɔ na Timoteo me. Paulo ɖɔ wo be “[woléa] anukutsyɔtsyɔwo kple nyaʋawɔwɔ ƒe dɔ.” (Timoteo I, 6:​4, 5) Egblɔ na Timoteo be “[wòagbe] bometsitsi ƒe yakanukutsyɔtsyɔwo; elabena ènyae bena, wohea dzre ko vɛ,” eye be wòafia hameawo be “womagatsɔ nya awɔ dzre, si me viɖe aɖeke mele o la o.” (Timoteo II, 2:​14, 23) Mawusubɔsubɔ me nya geɖe siwo woʋli le míaƒe ɣeyiɣia me sɔ ɖe nyaɖɔɖɔ sia nu eye edze ƒã be wonye ɣeyiɣi gbegblẽ dzodzro.

Gake ɖe ema fia be viɖe aɖeke mele mawusubɔsubɔdzixɔsewo katã me dzodzro me oa? Ðe míadzudzɔ awu dodo keŋkeŋ le esi awu aɖewo mesɔ be woado o taa? Eyata nukata míabu subɔsubɔdzixɔsewo katã be womele vevie o le esi menyo be woadzro nufiafia ƒe biabia aɖewo me o ta ko? Nya siwo ƒo xlã Paulo ƒe nya siwo míeyɔ ɖe etame la ɖee fia be ebu nufiafiawo be wole vevie ŋutɔ. Exlɔ̃ nu enuenu be aʋatsonufiafiawo ate ŋu akplɔ ame atrae tso xɔsea gbɔ, eye egblɔ na Timoteo be “[wòade] se na ame aɖewo be, womagafia nu bubu o.” (Timoteo I, 1:​3-7; 4:1; 6:​3-5; Timoteo II, 2:​14-18, 23-26; 4:​3, 4) Edze ƒã be ne ɖe nusi dzi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo xɔ se mele vevie o la, anye ne mate gbe ɖe nyawo dzi alea o.

Ekema nukata wòɖo aɖaŋu be woagbe subɔsubɔ ŋuti nufiafia ƒe biabiawo? Nusitae nye be le Paulo ƒe ŋkekea me la, ŋutsu aɖewo—siwo wògblɔ be wonye “tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le” la—fɔ subɔsubɔ ŋuti nufiafia ƒe nyawo ɖe tsitre kple susu be woatsɔ agblẽ ame bubuwo ƒe xɔse mee. (Timoteo I, 6:⁠5) Ame gbegblẽ mawo ƒe nyabiabiawo ŋu koe Paulo ɖo aɖaŋu na Timoteo le be wòagbe mawusubɔsubɔdzixɔsewo me dzodzro.

Ðe Dzixɔsewo Kpɔa Ŋusẽ ɖe Nuwɔna Dzia?

Gake ame aɖewo abia ne míaƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo kpɔa ŋusẽ geɖe ɖe amesiwo tɔgbe míezuna—míaƒe nɔnɔmewo kple agbenɔnɔ dzi. Woabu dzixɔsewo kple agbenɔnɔ be wonye nu eve siwo to vovo eye kadodo aɖeke mele wo dome o, abe jacket kple ata legbe si woate ŋu ado atsaka alo esi edola atsɔ asɔ ɖe wo nɔewo nu alesi wòdi. Gake le Biblia me la, dzixɔsewo kple agbenɔnɔ le abe dzi-kple-anyi si sɔ kple wo nɔewo tututu ɣesiaɣi la ene.

Biblia ɖea kadodo tẽ si le nusi míexɔ se kple amesiwo ƒomevi míezuna dome fiana. Farisitɔ ɖokuiŋudzela siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me nye alesi aʋatsodzixɔsewo kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzii ƒe kpɔɖeŋu. (Mateo 23:​1-33; Luka 18:​9-14) Gake Kolosetɔwo 3:10 xlɔ̃ nu mí be: “Mido ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze [vavãtɔ] le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu.” De dzesii be wotsɔ ŋusẽ si ana míanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu wɔ ɖeka kple Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ ƒe amesinɔnɔ.

Helagbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be ‘sidzedze vavãtɔ,’ si dze zi 20 le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la fia sidzedze si nye nua ƒe nɔnɔme tututu, si sɔ pɛpɛpɛ, alo le blibo. Helatɔ agbalẽnyalagã Nathanael Culverwel ɖɔe be enye “nane si menya tsã la nyanya nyuie wu; ŋkuléle ɖe nusi mekpɔ kpɔ le adzɔge ŋu nyuie wu.” Eyata abe alesi kpe xɔasi ŋudɔwɔla léa ŋku ɖe kpe xɔasi ŋu nyuie be yeakpɔ eƒe nɔnɔme kple asixɔxɔ ene la, nenema ke wòle be Kristotɔ nadzro Mawu ƒe Nya la me be Mawu si wòsubɔna la ŋuti sidzedze si de, hesɔ, eye wòle blibo la nasu esi. Sidzedze Mawu ƒe amenyenye, eƒe tameɖoɖowo, eƒe dzidzenuwo, kple nufiafia siwo katã nye “nya, siwo le blibo” hã le esia me—eto vovo tso edzixɔxɔse be ‘Ame Aɖe le dziƒo’ dzro ko gbɔ sã.—Timoteo II, 1:13.

Woŋlɔ kutsetse si ƒomevi dona tsoa eme ne adzɔge koe ame aɖe nya Mawu tsoe ƒe kpɔɖeŋu le lɛta si tso gbɔgbɔ me si woŋlɔ na Romatɔwo la ƒe ta gbãtɔ me. Woƒo nu tso ame aɖewo ŋu le afima be “wonya Mawu hafi, gake . . . womebu eŋu bena, woalé Mawu ƒe sidzedze [vavãtɔ] ɖe asi o.” Apostolo Paulo gblɔ nusi do tso aʋatsodzixɔsewo me be: “Mawu hã tsɔ wo de asi na tamebubu, si medze o, bene woawɔ nusiwo medze o; amesiwo yɔ taŋ kple madzɔmadzɔnyenye katã: Ahasiwɔwɔ, vɔ̃ɖiwɔwɔ, nu tovo wɔwɔ, ŋubiabiã; eye woyɔ fũ kpakple ŋuʋaʋã, amewuwu, dzrewɔwɔ, beble, apasa; sakplisalawo, ameŋuzɔlawo, amesiwo léa Mawu ɖe fu me, vlodolawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, amesiwo toa nu vɔ̃ɖi vɛ, amesiwo meɖoa to woƒe dzilawo o, ame masenugɔmewo, nubabladzidalawo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle kple ame makpɔnublanuiwo.”—Romatɔwo 1:​21, 28-31.

Ðikeke mele eme o be dzixɔse siwo me ame mawo lé ɖe asi kpɔ ŋusẽ ɖe ŋutete si woatsɔ anɔ agbe abe Kristotɔwo ene la dzi tẽ. Nenema ke egbea míate ŋu atsɔ dzixɔsewo kple agbenɔnɔ asɔ kple awu si menye ɖe wotɔ kpe o, ke wolɔ̃ ɖekae. Eyata ele vevie be amesiwo katã di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la nakpɔ egbɔ be yewoƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo nye nyateƒe vavã siwo katã wotu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. Elabena “[Mawu] le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze [vavãtɔ̃] la me.”—Timoteo I, 2:4.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Farisitɔ la ƒe ɖokuiŋudzedze ɖe nusi dzi wòxɔ se fia

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe