INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 1/8 axa 12-14
  • Míaƒe Anyigba Beli La—Aleke Etsɔme Anɔ Nɛ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Anyigba Beli La—Aleke Etsɔme Anɔ Nɛ?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ememe Nuwɔna Siwo Hea Xaxawo Vɛ
  • Gbedada Le Anyigba la Ŋu
  • “Anyigba Atso Aseye”
  • Ame Kae Axɔ Na Anyigba?
    Nyati Bubuwo
  • Ðe Amegbetɔwo Agblẽ Anyigbaa Gbidiia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O
    Nyɔ!!—2023
  • Woate Ŋu Axɔ na Míaƒe Anyigba La!
    Nyɔ!—2005
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 1/8 axa 12-14

Míaƒe Anyigba Beli La—Aleke Etsɔme Anɔ Nɛ?

ƑE ALAFA eve enye sia la, Amerika-dziɖuɖumegã Patrick Henry gblɔ be: “Nyemeganya mɔ aɖeke si dzi woato agblɔ etsɔme ɖi wu nusiwo dzɔ va yi kpɔkpɔ o.” Amegbetɔ tu afɔ yamenutoa me dzi va yi. Ðe wòawɔ nusi anyo wu le etsɔmea? Vaseɖe fifia la, dzesiawo mede dzi ƒo o.

Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi nyui aɖewo hã la, ŋkumenuwɔwɔ ko wònye, wogblẽ nusiwo gbɔ wòtsona ɖi hele dzesiawo boŋ gbɔ kpɔm. Ne xɔgbati nyunyɔ la, aŋɔsisi nɛ mana wòagbe kaka o. Xɔ bliboa gbugbɔdzraɖo koe alée ɖe te. Nenema ke ele be woatrɔ alesi amegbetɔ le anyigba sia zãmee. Nusiwo gblẽ nu léle ɖeɖe mesɔ gbɔ o.

Esi eŋutinunyala aɖe lé ŋku ɖe ƒe 20 tsɔtsɔ trɔ asi le yamenutoa me ŋu le United States la, eƒo nya ta be “womate ŋu alé yamenutoa me gbegblẽ nu wòade edeƒe o, ɖe wòle be woatɔ tee.” Edze ƒã be mɔxexe ɖe ɖiƒoƒo nu nyo sãa wu eƒe nugblẽƒewo dzadzraɖo. Gake taɖodzinu sia gbɔ ɖoɖo abia tɔtrɔ vevi aɖe le ameƒomea kple asitsadɔ gãwo ŋuti nukpɔsusu ŋu. Agbalẽ si nye Caring for the Earth gblɔ be beléle na anyigba bia “gɔmeɖose, gaŋutiɖoɖo kple amewo ƒe nuwɔna siwo to vovo na egbetɔwo ƒe akpa gãtɔ.” Nukawoe nye gɔmeɖose siawo siwo wòle be woatrɔ bene woakpɔ anyigba ta dometɔ aɖewo?

Ememe Nuwɔna Siwo Hea Xaxawo Vɛ

Ðokuitɔdidi. Nusiwo anyo na anyigba la tsɔtsɔ ɖo ŋgɔ na amegbetɔ siwo le ezãm madzemadzee tɔ la nye afɔɖeɖe vevi gbãtɔ le yamenutoa ta kpɔkpɔ me. Gake ame ʋee aɖewo koe di be yewoadzudzɔ agbegãɖuɖu togbɔ be agblẽ anyigba la na woƒe dzidzimeviwo gake. Esi Netherlands—dukɔ siwo woƒo ɖi wu le Ɣetoɖoƒe Europa dometɔ ɖeka—ƒe dziɖuɖu dze agbagba be yeaɖe ʋuwo ƒe dɔwɔwɔ dzi akpɔtɔ wòanye ɖiƒoƒo ɖeɖeɖa ƒe afɔɖeɖe aɖe la, amehawo ƒe tsitretsiɖeŋu gblẽ ɖoɖoa me. Togbɔ be Netherlands-mɔdodowo dzie ʋuwo sɔa gbɔ ɖo wu le xexeame hã la, ʋukulawo medi be yewoaɖe asi le yewoƒe ablɔɖe ŋu o.

Ðokuitɔdidi kpɔa ŋusẽ ɖe nyametsolawo kple amehawo hã dzi. Dunyahelawo medina be yewoade sewo le yamenutoa me ŋu siwo ana womada akɔ na yewo o, eye adzɔnuwɔlawo hã tua afɔ ɖoɖo ɖesiaɖe si agblẽ woƒe viɖewo kple ganyawo me la me.

Ŋukeklẽ. Ne eɖo viɖekpɔkpɔ kple nutakpɔkpɔ dzi la, zi geɖe la, ga ƒe alɔe dea dzi wu. Adzɔnuwɔƒe gãwo toa ayemɔwo dzi ɖea ɖiƒoƒo ŋuti sewo dzi alo wogbea dziɖuɖusewo kura. Ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ sesẽ la ƒe gbegblẽ nye kuxi sia ƒe kpɔɖeŋu. Le March 1988 me ke la, United States atikemenuwɔƒe gã aɖe ƒe zimenɔla gblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunya mena kpeɖodzi be ehiã be woaɖe CFC ƒe yameyiyi dzi enumake haɖe o.”

Gake adzɔha ma ke doe ɖa be woaɖe chlorofluorocarbons (CFC-wo) ɖa keŋkeŋ. Ðe wotrɔ susua? Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Yamenutome Ðoɖowɔha (UNEP) ƒe dɔnunɔlagã Mostafa Tolba ɖe eme be: “Menye yamenutoa ƒe gbegblẽ alo eƒe magblẽmagblẽ ŋue wòku ɖo kura o. Amesi wòaɖe vi na wu le [ga] gome ŋue [wòku ɖo].” Fifia dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe kpɔe be ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ sesẽ la ƒe gbegblẽ ye nye yamenutomefɔku vɔ̃ɖitɔ siwo amegbetɔwo he vɛ le ŋutinya me dometɔ ɖeka.

Manyamanyamenɔnɔ. Nusiwo míenya o sɔ gbɔ sã wu nusiwo míenya. Peter H. Raven, Missouri Seƒoƒobɔ ƒe amegã gblɔ be: “Nu ʋee aɖe koe míenya le nu gbagbe gbogbo siwo le avetsu siwo le anyigba xɔdzowo dzi me ŋu. Nukutɔe la, míenya nu geɖe—nu gbogbo aɖe ŋutɔ—le dzinua ƒe nɔnɔme ŋu.” Nenema ke wòle le yamenutoa hã ŋu. Carbon dioxide nenie míagate ŋu atu ɖe dziŋgɔli me eye magblẽ nu le xexeame katã ƒe yame ƒe nɔnɔme ŋu o? Ame aɖeke menya o. Gake abe alesi Time magazine gblɔ ene la, “enye ŋumaɖɔɖo be míana dzɔdzɔme nanɔ dodokpɔ gã siawo gbegbe me esi míenya nusi wòagblẽ o eye nusiwo wòate ŋu agblẽ hã dzi ŋɔ wu gbɔgblɔ.”

Le UNEP ƒe akɔntabubu nu la, ate ŋu adzɔ be ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ sesẽa, si agblẽ le ƒe ewo sia ƒe nuwuwu la ahe ŋutigbalẽmedɔdzẽ yeye akpe alafa geɖe vɛ ƒe sia ƒe. Nusi wòagblẽ le agblemenuwo kple lãɖeɖe ŋu mele nyanya haɖe o, gake wokpɔ mɔ be agblẽ nu geɖe.

Akɔmekpɔkpɔ ƒe nukpɔsusuwo. Nusi na yamenutomekuxiwo to vovo na afɔku bubuwo enye be eva dzea mía dzi dzaa. Esia gblẽa afɔ siwo woɖena be woatso ɖe eŋu hafi wòagblẽ nu geɖe la me. Agbalẽ si nye Saving the Planet tsɔ nɔnɔme si me míele fifia sɔ kple esi me ʋuɖola siwo nɔ Titanic gbegblẽa me le ƒe 1912 me, siwo nɔ afɔku me nɔ lae be: “Ame ʋee aɖewo koe nya alesi gbegbe afɔku si ate ŋu adzɔ la aloloe.” Agbalẽa talawo xɔe se be ne dunyahelawo kple asitsalawo tɔ ŋkume nyateƒea eye wobu egbɔkpɔnu nyui siwo anɔ anyi ɖaa ŋu tsɔ wu fifi viɖewo la, eya ko hafi woate ŋu akpɔ anyigba la ta.

Ðokuiŋudzedze ƒe nuwɔnawo. Spania sewɔtakpekpe ƒe tatɔ Felipe González gblɔ le Anyigba Ŋuti Takpekpe me le ƒe 1992 me be “xexeame katã ƒe kuxie eye ele be egbɔkpɔnua nakpe xexeame katã ɖo.” Nyateƒee, gake egbɔkpɔnu siwo dzi xexeame katã da asi ɖo kpɔkpɔ nye dɔ nyadri aɖe. United States ƒe ame dɔdɔ aɖe si yi Anyigba Ŋuti Takpekpea me gblɔ ɖekematsɔlemetɔe be: “Amerikatɔwo matrɔ woƒe agbenɔnɔ o.” Indiatɔwo ƒe yamenɔnɔmeŋutinunyala Maneka Gandhi hã to nyatoƒoe be “ɖevi ɖeka le Ɣetoɖoƒe ɖua nusi ame 125 aɖu le Ɣedzeƒe.” Egblɔ be “nusiwo wozãna le Ɣetoɖoƒe gbɔe Ɣedzeƒe ƒe yamenutome ƒe gbegblẽ katã kloe tsona.” Dukɔwo ƒe ɖokuiŋudzedze ƒe nuwɔnawo naa agbagba siwo wodzena le dukɔwo dome be woaɖɔ yamenutoa me ɖo la tɔa kpe zi geɖe.

Togbɔ be kuxi gã siawo katã li hã la, susuwo li siwo ta míatsɔ kakaɖedzi akpɔ etsɔmee. Ðekae nye míaƒe anyigba la ƒe ɖokuitaʋliŋutete ƒe liɖɔɖɔ eɖokui.

Gbedada Le Anyigba la Ŋu

Ŋutete wɔnuku aɖe le anyigba ŋu be wòayɔ dɔ eɖokui abe alesi ametia le ene. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe dzɔ le ƒe alafa si va yi me. Le ƒe 1883 me la, Indonesia ƒe dzotoƒukpo si nye Krakatau (Krakatoa) wó gboo eye wòɖi le didiƒe ade kilometa 5,000 kloe. Ehlẽ nuwo ɖe yame wòkaka esusɔ vie wòade kilometa 21 togodoe, eye ƒukpoa ƒe akpa eve le etɔ̃ me nyrɔ̃ ɖe ƒu gɔme. Ɣleti asieke megbe la, yiyi sue si ŋku mate ŋu akpɔ o koe nye nu gbagbe si nɔ afima. Egbea gbe dama vlɔvlɔvlɔwo xɔ ƒukpoa katã dzi eye xeviwo, lã dziviwo, dawo, kple nudzodzoe ƒomevi alafa geɖe le eme. Ðikeke mele eme o be takpɔkpɔ si wotsɔ na ƒukpoa wòzu Ujung Kulon Dukɔ ƒe Modzakaɖebɔ ye na ɖɔɖɔɖo sia tsɔ kabakaba.

Nusiwo amegbetɔ gblẽ hã ate ŋu aɖɔ ɖo. Ne wona ɣeyiɣi sɔgbɔ anyigba la, ate ŋu aɖɔ eɖokui ɖo. Biabia lae nye be, Ðe amegbetɔwo ana gbɔdzɔe si anyigba hiã laea? Ðewohĩ womanae o. Gake Ame aɖe li si ɖoe kplikpaa be yeana anyigba la nayɔ dɔ eɖokui—eyae nye Amesi wɔe.

“Anyigba Atso Aseye”

Mawu meɖoe gbeɖe be amegbetɔ nagblẽ anyigba o. Egblɔ na Adam be ‘wòaŋlɔ’ Eden-bɔa me ‘ahalé be nɛ.’ (Mose I, 2:15) Alesi Yehowa tsɔ ɖe le yamenutoa takpɔkpɔ mee la hã dze le se siwo wòde na Israel-viwo dometɔ geɖe me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ na wo be woana anyigba nazu flu zi ɖeka le ƒe adre ɖesiaɖe me—si nye Gbɔɖemeƒe la. (Mose II, 23:10, 11) Esi Israel-viwo gbe se sia kple Mawu ƒe se bubuwo dzi wɔwɔ zi geɖe ta la, Yehowa ɖe mɔ mlɔeba Babilontɔwo va ɖe wo le anyigba la dzi, eye wòzu aƒedo ƒe 70 “vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me.” (Kronika II, 36:21) Le ŋutinya me nudzɔdzɔ sia ta mewɔ nuku o be Biblia gblɔ be Mawu “[atsrɔ̃] amesiwo gblẽa anyigba la” ale be anyigba nate ŋu ahaya tso alesi amegbetɔwo dze eƒe yamenutoa dzii la me.—Nyaɖeɖefia 11:18.

Gake afɔɖeɖe gbãtɔ koe nye ema. Anyigba la ƒe agbetsitsi, abe alesi nugbagbeŋutinunyala Barry Commoner gblɔe wòsɔ ene la, “nɔ te ɖe aʋakpekpe kple dzɔdzɔme kple aʋa siwo le mía ŋutɔwo dome ƒe keke hã dzi.” Be woaɖo taɖodzinu ma gbɔ la, ele be ‘Yehowa nafia nu’ anyigbadzinɔlawo be woalé be na wo nɔewo ahalé be na woƒe aƒe si nye anyigba la hã. Esia ana woƒe ŋutifafa “asɔ gbɔ.”—Yesaya 54:13.

Mawu ka ɖe edzi na mí be yeadzra anyigba la kple eƒe nutowo me ɖo. Gbegbe “aƒo se abe dzogbenya ene” ɖe eƒe takeke matɔmatɔe teƒe. (Yesaya 35:1) “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi” ɖe nuɖuɖu ƒe veve teƒe. (Psalmo 72:16) Anyigba dzi ‘tɔsisiwo aƒo akpe’ le esi teƒe be ɖiƒoƒo nagblẽ wo.—Psalmo 98:8.

Ɣekaɣie tɔtrɔ sia ava? Ne “Yehowa ŋutɔ zu fia.” (Psalmo 96:10, NW) Mawu ƒe dziɖuɖu ayra nu gbagbewo katã le anyigba dzi. Hakpala la gblɔ be: “Dziƒo akpɔ dzidzɔ, anyigba atso aseye, eye atsiaƒu kple eme nuwo aɖe gbe; agble kple nusiwo katã le eme la, akpɔ dzidzɔ, emegbe avemetiwo katã atso aseye.”—Psalmo 96:11, 12.

Etsɔme nyui aɖe le anyigba si Ewɔla yra si dzi wòaɖu le dzɔdzɔenyenye me la si. Biblia ɖɔ nusi ado tso eme be: “Amenuveve kple nyateƒe ado go wo nɔewo; dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa agbugbɔ nu na wo nɔewo. Nyateƒe amie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye ado mo ɖa tso dziƒo. Yehowa ana nu nyui hã, eye míaƒe anyigba atse eƒe ku.” (Psalmo 85:11-13) Ne ŋkeke ma ɖo la, míaƒe anyigba la ado le afɔku me tegbee.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ŋutete wɔnuku aɖe le anyigba ŋu be wòayɔ dɔ eɖokui abe alesi ametia le ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe