Biblia ƒe Nukpɔsusu
Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nade Kufiatsotso Dzia?
“MESƆ ɖe agbenyuinɔnɔ kple dzidzenu dzɔdzɔewo nu o.” “Esɔ hele dzɔdzɔe.” Osɔfo eve siwo tɔ ŋkɔ be Kristotɔwoe yewonye ye gblɔ susu vovovo siawo. Nya sesẽ si li egbea ʋlim wole—kufiatsotso. Nyadzɔdzɔgbalẽ me nyati si gblɔ woƒe nyawo la de dzesii be: “Ne subɔsubɔhakplɔlawo le kufiatsotso ŋuti nya ʋlim la, akpa evea siaa yɔa mawunyakpukpuiwo tsɔ ɖoa kpe woƒe nyawo dzii.”
Ame aɖewo gblɔna be kufiatsotso kpɔa fɔmaɖila ta, ena wodrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòtsia hlɔ̃dodo gãwo nu. Bubuwo tea tɔ ɖe edzi be mesɔ kura o—enye ŋutasesẽ si vɔ̃ɖi wu tsɔtsɔ ɖo ŋutasesẽ teƒe eye menyo de dɔ nyuitɔ si nye nuvlowɔlawo ɖɔɖɔɖo, kpekpe ɖe wo ŋu be woazu ame ɖɔʋuwo le hadome nu kura o.
Nyaʋiʋli sia nu sẽ ŋutɔ le United States ƒe dunyahehe me, eye subɔsubɔhakpɔlawo meɖe nu le eme o. Gake àbia be, ‘Ðe Biblia gblɔ nya aɖe le kufiatsotso ƒe nya la ŋua?’ Ẽ, egblɔe.
“Yi la” Tsɔtsɔ na Amegbetɔ Dziɖuɖuwo
Le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa megbe kpuie la, Yehowa Mawu ɖo kpe amegbetɔ ƒe agbe ƒe asixɔxɔ dzi hegblɔ be: “Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi.” (Mose I, 9:6) Gake esia menye mɔɖeɖe ɖe hlɔ̃biabia nu gbadzaa o. Ke boŋ efia be tso ɣemaɣi la, woɖe mɔ na amegbetɔ dziɖuɖu siwo woɖo be woawu amesiwo ɖe ame bubu ƒe agbe ɖa.
Se si Mawu de to Mose dzi le blema Israel gblɔ be woatso kufia ɖe vodada gã aɖewo ta. (Mose III, 18:29) Gake Sea wɔ ɖoɖo ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ameŋkumemakpɔmakpɔe, ɖasefowo ƒe ɖaseɖiɖi, kple nufitifitiwɔwɔ nutsitsi hã ŋu. (Mose III, 19:15; Mose V, 16:18-20; 19:15) Wobia tso ʋɔnudrɔ̃lawo si be woaɖi anukware, eye Mawu ŋutɔe wobua akɔnta na! (Mose V, 1:16, 17; Kronika II, 19:6-10) Eyata ɖoɖo li tsi tre ɖe kufiatsotso madzemadzee ŋu.
Egbea dziɖuɖu aɖeke mele anyigba sia dzi si drɔ̃a mawumeʋɔnu dzɔdzɔe nyateƒetɔe abe blema Israel ene o. Gake dziɖuɖuwo wɔa nu le mɔ geɖe nu abe Mawu ƒe “subɔlawo” alo teƒenɔlawo ene, le susua nu be wona ɖoɖo kple tomefafa nɔa anyi vie eye wokpɔa nusiwo dumeviwo hiã gbɔ. Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na Kristotɔwo be woaɖo to “dziɖuɖu,” siawo “siwo ŋusẽ li na” eye wògagblɔ be: “Ne èwɔ nu vɔ̃ɖi la, ŋɔ nadzi wò, elabena [dziɖuɖua] melé yi la ɖe asi dzodzro o, elabena Mawu ƒe subɔla kple amesi tsɔa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wɔm la wònye.”—Romatɔwo 13:1-4.
“Yi” si Paulo yɔ tsi tre ɖi na gome si le dziɖuɖu si be wòahe to na nuvlowɔlawo—kple ku gɔ̃ hã. Kristotɔwo dea bubu gome ma ŋu, gake ɖe wòle be woadi be yewoade nu alesi woawɔ eŋudɔe mea?
Wozã “Yi la” Madzemadzee
Amegbetɔ dziɖuɖuwo zã “yi la” le ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ta zi geɖe. Gake míagblɔ be woɖi fɔ le ezazã madzemadzee hã me. (Nyagblɔla 8:9) Blema Roma-dziɖuɖua ɖi fɔ le “yi la” zazã me ɖe kufiatsotso na Mawu subɔla maɖifɔwo ŋu. Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela, Yakobo, kple Yesu Kristo gɔ̃ hã le amesiwo wòwu dome.—Mateo 14:8-11; Marko 15:15; Dɔwɔwɔwo 12:1, 2.
Nu ma tɔgbe dzɔ le egbeŋkekea me. Wowu Yehowa subɔla maɖifɔwo le dukɔ vovovowo me—le tuƒoameƒewo, le ametatsomɔ̃wo me, le kadede ve na wo me, le aɖiyaxɔwo me—dziɖuɖu siwo di be yewoate Kristotɔnyenye ɖe to woe wɔ nusiawo katã “le se nu.” Dziɖuɖu siwo katã zã woƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu abu akɔnta na Mawu. Ʋufɔ gã ka gbegbee nye si woɖi!—Nyaɖeɖefia 6:9, 10.
Ʋufɔɖiɖi le Yehowa Mawu ŋkume na Kristotɔ vavãwo dzona haha. Eyata togbɔ be wodea bubu gome si le dziɖuɖu si be wòazã “yi la” ŋu hã la, wonya nyuie be wozãnɛ le mɔ gbegblẽ nu. Wozãnɛ tsɔ hea yometiti va amewo dzii eye ɣeaɖewoɣi hã la, wotsɔnɛ drɔ̃a ʋɔnu ame aɖewo ŋutasesẽtɔe le ameŋkumekpɔkpɔ me, eye wotsɔnɛ kpɔa nublanui madzemadzee na ame bubuwo.a Eyata aleke Kristotɔwo wɔa nu ɖe kufiatsotso ŋuti nyaʋiʋlia ŋui? Ðe wodea nu eme hehea nya be woatrɔea?
Kristotɔ ƒe Akpaɖekedzimademade
Kristotɔ vavã mele abe osɔfo siwo míeyɔ le gɔmedzedzea ene o, woawo ya léa gɔmeɖose vevi sia ɖe susu me: Yesu Kristo gblɔ na eyomedzelawo be ‘woaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’—Yohanes 15:19; 17:16.
Ðe Kristotɔ awɔ nuxlɔ̃ame ma dzi tso aganɔ nu dem kufiatsotso ŋuti nyaʋiʋlia mea? Edze ƒã be mate ŋui o. Ne èbu eŋu kpɔ la, hadome kple dunyahenyae wònye. Le United States la, amesiwo ʋlia ho na dziɖuɖunɔƒe wɔa woƒe nukpɔsusu le kufiatsotso ŋu ŋudɔ—eɖanye be enyo alo menyo o—wònyea nyati vevitɔ le woƒe ametiaboblododowo me. Woʋlia nya sia vevie eye wowɔa seselelãme sesẽ si nyati sia hona ɖe amewo me zi geɖe ŋudɔ tsɔ hea akɔdalawo va woƒe akpa dzi.
Ðewohĩ biabia si ŋu wòle be Kristotɔ nabue nye be: Ðe Yesu ade nu alesi xexe sia me dziɖuɖuwo zãa “yi” lae ŋuti nyaʋiʋlia mea? Ðo ŋkui be esi Yesu deviwo te kpɔ be yewoakplɔe de dunyahehe me la, “eɖe eɖokui ɖe aga yi ɖe to la dzi.” (Yohanes 6:15) Ekema edze ƒã be anɔ eme be afisi Mawu tsɔ nya sia ɖo ye eya hã tsɔe ɖo—ɖe dziɖuɖuwo si me.
Nenema ke míakpɔ mɔ egbea be Kristotɔwo akpɔ nyuie be womade nu nya sia ŋuti nyaʋiʋliwo me o. Woalɔ̃ ɖe gome si le dziɖuɖuwo si be woawɔ esia alesi wodii la dzi. Gake esi wonye Kristotɔ subɔla siwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o ta la, womada asi ɖe kufiatsotso dzi alo ado eɖeɖeɖa ɖe ŋgɔ o.
Ke boŋ Nyagblɔla 8:4 me nyawo nɔa susu me na wo be: “Esi wònye ŋusẽ le fia ƒe nya ŋu ta la, ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nèle?” Ẽ, wona ŋusẽ xexeame ƒe ‘fiawo’ alo dunyahelawo be woawɔ nusi wolɔ̃. Kristotɔ aɖeke mekpɔ mɔ abu fɔ wo o. Gake Yehowa ate ŋui. Eye awɔe hã. Biblia ɖe mɔ na mí be míakpɔ mɔ na gbesigbe Mawu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe mamlea le hlɔ̃dodo ɖesiaɖe kple “yi la” zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu le xexe xoxo sia me ŋu.—Yeremya 25:31-33; Nyaɖeɖefia 19:11-21.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le kpɔɖeŋu me, wohe nya ɖe United States ƒe gaxɔdzikpɔƒea ŋu be ewua nuvlowɔla siwo wode mɔ be woaku dometɔ siwo mede 2 le alafa me o ƒe sia ƒe. Dzɔdzɔmekue wua geɖe menye ɖe wowua wo o. Wofɔ nazãbubu ƒe nya hã ɖe te—elabena akɔntabubu fia be zi geɖe la, wotsoa kufia na amewula ne yevue wòwu tsɔ wu be ne ameyibɔe wòwu.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 16]
The Bettmann Archive