Nudzodzoe Vloe Mawo—Viɖe le Wo Ŋu Wu Alesi Nèbuia?
MÍA dometɔ geɖe bua nudzodzoewo be woɖea fu na ame alo be wonye afɔku na amewo tẽ. Gake nugbagbeŋutinunyalawo va le ekpɔm be togbɔ be nudzodzoewo ɖea fu na ame hã la, viɖe le wo ŋu wu alesi míasusu.
Wo dometɔ geɖe nɔa seƒoƒowo dzi tsam le ŋkekea me, siwo dzi wokpɔa nuɖuɖu si bi xoxo si na nudzodzoe bubuwo kpɔa seƒoƒometsi vivi kple seƒoƒowɔ le ɖuna. Nudzodzoe siwo te ŋu ɖea nunyiame tso seƒoƒowɔ me—si nye dɔ gã aɖe le eɖokui si—la nɔa te ɖe nuɖuɖu sia si me ŋusẽ geɖe le la dzi kplaa woƒe aziwo.
Ne nudzodzoeawo le tsatsam le seƒoƒoawo dzi la, godoo la, wofɔa seƒoƒowɔmenu lénuawo, siwo léna ɖe woƒe ŋutilã ŋu. Seƒoƒowɔmenu 1,200 nɔ nudzodzoe aɖe si ŋu nugbagbeŋutinunyalawo lé ŋku ɖo nyuie la ŋu! Esi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ numekuku geɖe le akpa si nudzodzoewo wɔna le seƒoƒowɔ tsɔtsɔ de vi atiwo me ŋu la, wokpɔe be wo dzie seƒoƒo aɖewo ƒe agbetsitsi nɔ te ɖo.
Magazine si nye Natural History ƒo nu tso nuwɔkpɔ geɖe si yi edzi le Colorado, Anyiehe Amerika, ŋu. Wowu wɔ si ƒe amadede klẽna ɖe nudzodzoe bɔbɔ muscoid siwo ɖi tagbatsuwo la ŋu ale be woate ŋu akpɔ wo adze sii bɔbɔe. Esi numekulawo lé ŋku ɖe woƒe gbesiagbedɔwɔna ŋu la, ewɔ nuku na wo be wokpɔe be nudzodzoeawo dea vi gbemeseƒoƒo aɖewo me vevie wu anyiwo eye be wodea didiƒe wu anyiwo sã.
Aleke gbegbee nudzodzoeawo ƒe dɔ le vevie? Wotsɔ nu tsyɔ seƒoƒo aɖewo dzi ale be womate ŋu ade wo dzi o. Seƒoƒo siawo metse ku aɖeke kura o—evɔ bubu siwo hã le afima siwo me nudzodzoeawo de vii ya tse ku. Togbɔ be anyiwo koŋue tsɔa seƒoƒowɔ dea vi seƒoƒo aɖewo me hã la, nudzodzoeawoe wɔa dɔ sia ƒe akpa 90 le alafa me le seƒoƒo bubu siwo le kɔkɔƒewo, abe gbe me flax alo geranium ene gome.
Nya kae numekulawo dometɔ eve siwo nye Carol Kearns kple David Inouye gblɔ? “Ekema le gbemeseƒoƒo geɖe siwo le Colorado Towo dzi gome la, nudzodzoewo de ŋgɔ wu anyiwo, kpakpaluʋuiwo, kple aɖitsiwo . . . Nudzodzoe siawo siwo ƒe nya ame akpa gãtɔ melɔ̃na tututu o manɔmee la, gbemeseƒoƒo siwo na Alp-nutowo me gbewo me yiyi dzɔa dzi na ame ŋutɔ la magatse o.” Ðikeke aɖeke mele eme o be viɖe le nudzodzoewo ŋu!