Ðe Mawusubɔsubɔ Ƒe Nuwuwu Gogoa?
“Sidzedze Yehowa [axɔ, NW] anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”
YESAYA, ƑE ALAFA 8 LIA D.M.Ŋ. ME ISRAEL NYAGBLƆÐILA
ALEAE Hebri-nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi be anyigbadzitɔwo katã ava wɔ ɖeka le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe tadedeagu mee gbaɖegbe. Gake egbea adze abe ɖe mɔkpɔkpɔ ma gbɔ didi ʋĩ ene.
Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze la, Kɔmiunist-dziɖuɖu ƒe tɔtrɔwɔla siwo nɔ Russia xɔe se be mawusubɔsubɔ ɖeɖeɖa nye afɔɖeɖe vevi aɖe si woatsɔ ana ablɔɖe ame dahewo. Wogblɔ be mawudzimaxɔse ‘aɖe dɔwɔla dahewo tso tsã nazãbubuwo kple aʋatsodzixɔsewo ƒe kɔkuti te.’ Kaka ƒe 1939 naɖo la, Stalin ɖe Orthodɔks-hawo ƒe xexlẽme dzi kpɔtɔ le Soviet Union wova zu 100 ne wotsɔe sɔ kple 40,000 kple vɔ si nɔ anyi do ŋgɔ na ƒe 1917.
Hitler hã bu mawusubɔsubɔ be enye mɔxenu na yeƒe ŋusẽkpɔkpɔ bliboe. Egblɔ kpɔ be: “Ànye Kristotɔ loo alo Germaniatɔ. Màte ŋu anye evea siaa o.” Eɖoe be ʋeʋeʋe yeaɖe subɔsubɔ siwo dzi yemate ŋu aɖu o la ɖesiaɖe ɖa. Susu sia ta Nazitɔwo ɖo woa ŋutɔwo ƒe yeaɖi mawusubɔsubɔ me gbedodoɖawo, azãwo, mawutsidetawo, kple ameɖikɔnuwo gɔ̃ hã anyi. Hitler ye nye woƒe mesia, eye denyigbae nye woƒe mawu. Woate ŋu awɔ ŋutasẽnu ɖesiaɖe ne Hitler lɔ̃ ko.
Mawusubɔsubɔ ƒe Ŋkeke Mamleawoa?
Stalin alo Hitler ƒe agbagbadzedze be yewoate mawusubɔsubɔ ɖe to medze edzi o. Gake fifia ewɔ abe ɖe ɖekematsɔleme va xɔ ɖe ŋutasesẽ teƒe ene. Alesi nɔnɔmeawo trɔe la mewɔ nuku na Biblia Nusrɔ̃viwo ya o. Apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be amesiwo “lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu” anɔ anyi le “ŋkeke mamleawo” me.—Timoteo II, 3:1-4.
Ðe Biblia fia be ‘ŋkeke mamle’ siawo si ƒe dzesie nye mawusubɔsubɔ me ɖekematsɔleme lae ado ŋgɔ na mawusubɔsubɔwo katã ƒe nuwuwua? Ao. Biblia megblɔ mawusubɔsubɔwo katã ƒe nuwuwu ɖi o, ke eɖe eme boŋ be alakpasubɔsubɔ—si wotsɔ kpɔɖeŋuŋkɔ Babilon Gã na—ava nuwuwu.a Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be: “Mawudɔla sesẽ aɖe tsɔ kpe aɖe, si le abe té gã aɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.”—Nyaɖeɖefia 18:21.
Gake alakpasubɔsubɔ ɖeɖeɖa mawɔe be mawudzixɔselawo maganɔ xexeame o. Ke boŋ Psalmo 22:28 gblɔe ɖi be: “Anyigba ƒe mlɔenuwo katã aɖo ŋku edzi atrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye dukɔwo ƒe ƒomeawo katã ade ta agu ɖe ŋkuwò me.” Bu ɣeyiɣi si me “dukɔwo ƒe ƒomeawo katã” awɔ ɖeka asubɔ Mawu vavã ɖeka la ŋu kpɔ ko! Ŋugbedodo tɔxɛ ma ava eme le ŋutikɔkɔe me le Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu te. (Mateo 6:10) Ne ɣeyiɣi ma ɖo la, mawusubɔsubɔ—mawusubɔsubɔ vavãtɔ—anye nu vevi aɖe. Ke fifia ya ɖe?
Gbɔgbɔmenuhiahiã la Gbɔ Kpɔkpɔ
Alesi gbɔgbɔmenuwo le amewo hiãm vevie le Europa egbea la sɔ kple alesi nuwo nɔ le Roma-fiaɖuƒea me le ƒe alafa gbãtɔ me. Ŋutinyaŋlɔla Will Durant ƒo nu tso alesi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔnyenye kpɔ gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ dzidzedzetɔe ɣemaɣi ŋu be: “Etsɔ nɔviwo ƒe habɔbɔ ƒe agbenyuinɔnɔ yeye, dɔmenyonyo, nudzeamewɔwɔ, kple ŋutifafa ɖo trɔ̃subɔsubɔ si nu nɔ yiyim ƒe agbenyuimanɔmanɔ, Stoatɔnyenye ƒe ɖekematsɔleme kple Epikrotɔnyenye ƒe nugbegblẽwɔwɔ, xexeme si me ŋutasesẽ, ŋlɔmiwɔwɔ, ameteteɖeanyi, kple gbɔdɔdɔ manɔsenu le, fiaɖuƒe tɔxɛ si dze abe megahiã ŋusẽ triakɔwo alo aʋawɔmawuwo ene o la teƒee.”
Woate ŋu atsɔ gbedasi sesẽ ma ke si Kristotɔ gbãtɔwo ɖe gbeƒãe le Roma-fiaɖuƒea katã me la akpɔ amewo ƒe agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔmenuhiahiã siwo li le míaƒe ɣeyiɣia me la gbɔe. Eye amewo le gbedasia sem. Togbɔ be Europatɔ geɖe megawɔa mawusubɔsubɔnuwo o hã la, wosena le wo ɖokui me kokoko be Mawu wɔa akpa vevi aɖe le yewoƒe agbenɔnɔ me. Ðewohĩ womegadea woƒe sɔleme tsãtɔwo o, gake wo dometɔ aɖewo kpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ le teƒe bubu.
Katoliko-sukue Juan José si nye ɖekakpui tso Palma de Mallorca, Spania, de eye wònye misasubɔvi vaseɖe esime wòxɔ ƒe 13. Ekplɔa eƒe ƒomea ɖo dea Misa Kwasiɖagbe ɖesiaɖe, gake edzudzɔ sɔlemedede esime wòzu ƒewuivi. Nukatae? Juan José ɖe eme be: “Nusiwo tae ɖekae nye be Misadede wɔa kuvia nam. Menya subɔsubɔkɔnuawo katã ɖe tame. Edze abe nusianu nye nusiwo mese kpɔ gbugbɔgagblɔ ene. Hekpe ɖe eŋu la, míaƒe nunɔla doa dziku ɖe mí misasubɔviawo ŋu zi geɖe. Eye mekpɔe be menyo be ame dahewo naxe fe na nunɔla be wòava wɔ ameɖisɔleme na yewo o.
“Megaxɔ Mawu dzi se gake mebu be mate ŋu asubɔe le ɖokuinye si, le ha la godo. Mía kple xɔ̃nye aɖewo míedzea agbagba be míaɖu agbe alesi míate ŋui. Mebu be àte ŋu agblɔ be modzakaɖeɖe va zu nu gbãtɔ nam le agbe me.
“Gake esi mexɔ ƒe 18 la, medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Nukae wofiam si nyemekpɔ le sɔleme o? Xɔse adodoe si nɔ te ɖe Biblia dzi, ke menye ɖe dekɔnu kple ‘nya ɣaɣla’ siwo gɔme nyemase akpɔ o dzi o. Gake nye xɔse yeyea bia be mawɔ tɔtrɔ gãwo. Le esi teƒe be manɔ ɖoɖo wɔm ɖe kplɔ̃ɖoɖowo ŋu le diskowo kwasiɖanuwuwu ɖesiaɖe la, mete aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ bene magblɔ xɔse yeye si ŋu meke ɖo na nye aƒelikawo. Kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu veviedodotɔe na gɔmesese va le nye agbenɔnɔ ŋu. Menye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ƒe adre enye sia.”
Menye sɔhɛwo koe di be yewoakpɔ yewoƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ o. Antonia, nyɔnu tsitsi, si tso Extremadura, Spania, gblɔ be yetsɔ yeƒe agbenɔnɔ ƒe kpa gãtɔ “nɔ Mawu dimee.” Le eƒe ƒewuiwo me la, edea Misa gbesiagbe eye mlɔeba eyi Katolikotɔwo ƒe nyɔnusaɖagaxɔ aɖe me, elabena exɔe se “be ne womate ŋu akpɔ Mawu le saɖagaxɔ me o la, ke womagakpɔe le afi aɖeke o.” Gake le ƒe etɔ̃ megbe la, edzo le saɖagaxɔa me, mɔkpɔkpɔ bu ɖee eye wòtsi yaa wu tsã.
Mlɔeba la, eva zu Yehowa Ðasefo esime wònɔ eƒe ƒe 50-awo me. Egblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi Ðasefowo va gbɔnye heva ɖo nye biabiawo ŋu nam tso nye ŋutɔ nye Biblia me. Tso esime mezu Yehowa Ðasefo ko la, tameɖoɖo va le nye agbe ŋu. Medoa go kuxiwo gake mate ŋu anɔ te ɖe wo nu elabena meke ɖe Mawu vavã la ŋu azɔ.”
Menye nuteƒekpɔkpɔ eve siawo koe li o. Amesiwo le agbɔ sɔm ɖe edzi le amewo ƒe nɔnɔme ɖe mawusubɔsubɔ ŋu gbem heva le ha dem kple Yehowa Ðasefowo eye wokpɔe be agbenɔnɔ ɖe yewoƒe xɔse nu kple gbeƒãɖeɖe tso eŋu na ame bubuwo na gɔmesese kple tameɖoɖo va le yewoƒe agbe ŋu.
Mawusubɔsubɔ Vavãtɔ Hiã Vevie Fifia Wu Tsã
Togbɔ be ɣeyiɣi si me amewo le mawusubɔsubɔ gbem mee míele hã la, nunya manɔ eme be míadrɔ̃ ʋɔnu subɔsubɔhawo katã be womenyo o. Nyateƒee, le ƒe alafa 20 lia me la, amewo le asi ɖem le kɔnu manyatanuwo kple tsigãdzinufiafia siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o ŋu, eye woɖea alɔme le sɔlemedede ŋu be ameŋkumenuwɔwɔ ko wònye. Le nyateƒe me la, Biblia kafui be míatsri alakpasubɔsubɔ kura. Apostolo Paulo gblɔe ɖi be le “ŋkeke mamleawo” me la, ‘mawusosroɖa ƒe nɔnɔme’ anɔ ame aɖewo si ‘gake woagbe eƒe ŋusẽ.’ Mawusubɔsubɔ ameŋkumetɔ le ame mawo si gake woƒe nuwɔna ɖee fia be enye aʋatsonu. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ sia ŋui? Paulo ɖo aɖaŋu be: “Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!”—Timoteo II, 3:1, 5.
Gake Paulo gagblɔ be “viɖe geɖe le mawusubɔsubɔ me.” (Timoteo I, 6:6, New English Bible) Menye mawusubɔsubɔ ɖesiaɖe ƒomevie Paulo wɔnɛ o. Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “mawusubɔsubɔ” enye eu·seʹbei·a, si gɔmee nye “ɖokuitsɔtsɔna alo bubudede Mawu ŋu.” ‘Agbe si li fifi kple esi le vava ge ƒe ŋugbedodo li’ na mawusubɔsubɔ vavãtɔ si nye mawusosroɖa akuakua.—Timoteo I, 4:8.
Abe alesi kpɔɖeŋu siwo míegblɔ va yi ɖee fia ene la, mawusubɔsubɔ vavãtɔ ate ŋu ana gɔmesese nanɔ míaƒe agbe ŋu eye wòado ŋusẽ mí míanɔ te ɖe kuxiwo nu. Gawu la, mawusubɔsubɔ vavãtɔ naa etsɔme mavɔ ƒe kakaɖedzi ame. Enyo be míadi tadedeagu ma tɔgbe, elabena woka ɖe edzi na mí be ava ‘xɔ anyigba’ katã dzi mlɔeba.b (Yesaya 11:9; Timoteo I, 6:11) Ðikeke aɖeke mele eme o be fifiae mawusubɔsubɔ vavãtɔ le vevie wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Biblia zãa blemadu gã Babilon wònyea kpɔɖeŋu na alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea, elabena dugã sia mee mawusubɔsubɔ ƒe nufiafia siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o dzɔ tso. Babilon ƒe nufiafia siawo va ge ɖe xexeame ƒe subɔsubɔha gãwo me le ƒe alafawo me.
b Hena numedzodzro le alesi woawɔ adze si subɔsubɔha vavãtɔ ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, ta 5, “Amekawo ƒe Tadedeague Dzea Mawu Ŋu?” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le 1995 me
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Xɔ Eve Aɖewo ƒe Ŋutinya
Sɔlemexɔwo bɔ ɖe Spania fũ, gake edze abe ɖe vivi si wodona ɖe gbedoxɔ gãwo tutu ŋu tsã nu yi ene. Le kpɔɖeŋu me, wole Katoliko-gbedoxɔ nyadri aɖe tum le Mejorada del Campo, le Madrid ƒe gbɔto. Justo Gallego Martínez si nye Benedictɔwo ƒe saɖagaxɔmenɔla tsã lae dze dɔa gɔme anye ƒe 20 enye sia. Gake gli takpoa gali kokoko. Martínez, amesi ɖeka le xɔa tum la le eƒe ƒe 60-awo me fifia, eyata ewɔ abe womate ŋu awu sɔlemexɔa nu o ene. Gake kilometa 300 yi eƒe anyigbe la, nu bubu aɖe dzɔ.
“Xɔse Hoa Towo,” ye nye alesi afima nyadzɔdzɔgbalẽ ƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si wotsɔ ŋkeke eve tu le Martos, Jaén, Spania ŋui. Afima nyadzɔdzɔgbalẽa bia be: “Aleke wònya wɔe be le egbexexe sia si yɔ fũ kple ɖokuitɔdidi me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo zɔ mɔ tso [Spania] ƒe nuto vovovowo me ɖokuitɔmadimaditɔe va Martos be yewoava tu xɔ aɖe si de ŋgɔ wu bubu ɖesiaɖe le etutu kabakaba, etutu nyuie, kple ɖoɖowɔwɔ me lae?” Nyadzɔdzɔgbalẽa yɔ nya si lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla ɖeka gblɔ tsɔ ɖo biabia sia ŋui be: “Nusi gbɔ wòtso koe nye nyateƒe si wònye be Yehowae le nu fiam mí.”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Mejorada del Campo
Fiaɖuƒe Akpata si le Martos