INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 4/8 axa 18-19
  • Ðe Kristotɔ Vavãwo Akpɔ Mɔ na Mawu ƒe Ametakpɔkpɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Kristotɔ Vavãwo Akpɔ Mɔ na Mawu ƒe Ametakpɔkpɔa?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Taɖodzinu si Le Mawu ƒe Ametakpɔkpɔ Ŋu
  • Wowɔ Wo Ŋudɔ le Mawu ƒe Tameɖoɖo Me Vava Me
  • Ðe Mawu Mesea Veve Ðe Ame Nu Oa?
  • Ametakpɔŋusẽ—“Mawu Nye Míaƒe Sitsoƒe”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nàkpɔ Mɔ Na Mawu Ƒe Ametakpɔkpɔa?
    Nyɔ!—2002
  • Yehowa—Tameɖoɖo Ƒe Mawu La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • “Womenya Agbalẽ O, Eye Wonye Ame Tsɛwo”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 4/8 axa 18-19

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Kristotɔ Vavãwo Akpɔ Mɔ na Mawu ƒe Ametakpɔkpɔa?

ESI Kristotɔ aɖewo do gbe ɖa vɔ la, wozɔ mɔ ɖekae be woatsɔ kpekpeɖeŋununanawo ayi na wo hati tadeagulawo to aʋagbedzi afisi wòate ŋu adzɔ be woawu wo le. Wode dedie, eye esia wɔ nuku na aʋakɔ siwo kpe aʋa la ŋutɔ. Mawu ƒe dɔlae kpɔ wo ta?

Srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo siwo wɔ nyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe geɖe la ku esime yameʋu aɖe ge dze afisi tututu wonɔ nyanyuia gblɔm tso aƒeme yi aƒeme le. Nukatae Mawu ƒe dɔla mekplɔ woawo alo yameʋua to teƒe bubu le ɣeyiɣi ma tututu me o?—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 8:26.

Ne míebu nudzɔdzɔ eve siawo ŋu la, míate ŋu abia be: Nukatae Kristotɔ aɖewo kuna le ɣeyiɣi si me wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm esime wo dometɔ bubu siwo ɖoa afɔku gã me zi geɖe ya te ŋu tsia agbe? Ðe Kristotɔwo ate ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe ametakpɔkpɔ, vevietɔ le ‘ŋkeke mamle’ dziŋɔ siawo mea?—Timoteo II, 3:1.

Taɖodzinu si Le Mawu ƒe Ametakpɔkpɔ Ŋu

Yehowa Mawu do ŋugbe be yeayra yeƒe amewo eye yeakpɔ wo ta. (Mose II, 19:3-6; Yesaya 54:17) Ewɔ esia wòdze ƒã le ƒe alafa gbãtɔ me, esime woɖo Kristo-hamea anyi teti. Nukunu ƒomevi vovovowo dzɔ. Yesu na nuɖuɖu sɔ gbɔ ɖe edzi ame akpe geɖe ɖu; eya kple eƒe nusrɔ̃lawo da dɔléle kple lãmegbegblẽ ƒomevi ɖesiaɖe, wonyã gbɔgbɔ siwo sesẽ wu amegbetɔwo tso amesiwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la me, eye wofɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Hame yeye la tsi eye wòsẽ ŋu le Mawu ƒe mɔfiafia te. Gake le Mawu ƒe takpɔkpɔ siawo katã si dze ƒã megbe la, Kristotɔ nuteƒewɔlawo dometɔ geɖe ku le nɔnɔme si míate ŋu ayɔ be kukpo me.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 90:10.

Bu Zebedeo vi siwo nye Yakobo kple Yohanes ƒe nya la ŋu kpɔ. Wotia wo wonye apostolowo, eye woawo kple Petro, wonɔ amesiwo nye Kristo ƒe xɔlɔ̃ kplikplikpliwo dome.a Gake Yakobo ku xɔsetaku le ƒe 44 M.Ŋ. me, esime nɔvia Yohanes ya nɔ agbe vaseɖe ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu. Edze ƒã be wo katã nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. Nukatae woɖe mɔ Yakobo ku, eye Yohanes ya tsi agbe?

Edze ƒã be ŋutete le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋu be wòakpɔ Yakobo ƒe agbe ta. Enye nyateƒe be le Yakobo ƒe xɔsetaku vɔ megbe teti la, Yehowa ƒe dɔla ɖe Petro tso ku me. Nukatae mawudɔla la mekpɔ Yakobo ta o?—Dɔwɔwɔwo 12:1-11.

Wowɔ Wo Ŋudɔ le Mawu ƒe Tameɖoɖo Me Vava Me

Be míase nusita Mawu naa takpɔkpɔ ame gɔme la, ele be míase egɔme be menye ɖe wòwɔa esia be amewo nanɔ agbe didi wu o ke boŋ be wòakpɔ Mawu ƒe tameɖoɖo me vava, si nye nusi le vevie wu sã la ta. Le kpɔɖeŋu me, wona kakaɖedzi be Kristo-hame bliboa anɔ te elabena edo ƒome kplikplikpli kple tameɖoɖo ma me vava. Gake Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu adze ŋgɔ ku ɖe woƒe xɔse ta. Esi Yesu gblɔ esia vɔ la, mete gbe ɖe ametakpɔkpɔ nukutɔe dzi o ke boŋ ɖe ‘dzidodo yiɖase nuwuwu’ dzi. (Mateo 24:9, 13) Nyateƒe si wònye be Mawu kpɔ ame aɖewo ta eye mekpɔ ame bubuwo ta o la mefia be ekpɔa ame ŋkume o. Ðeko Mawu zã amesi su te nyuie be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme, si aɖe vi na ameƒomea katã mlɔeba.

Esi wòate ŋu adzɔ vavã be ame ate ŋu aku kukpo le Mawu subɔsubɔ me ta la, ele be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ Kristotɔwo si abe alesi wònɔ Hebri-vi nuteƒewɔla etɔ̃ siwo wotso kufia na le esi wonɔ Mawu subɔm ta si ene. Wogblɔ na Babilon-fia bena: “Mía Mawu, si subɔm míele la, ate ŋu aɖe mí tso kpodzo bibi la me, eye wòate ŋu aɖe mí tso wò fia si me. Ke ne menɔ alea o hã la, fia, nyae be, míele wò mawuwo subɔ ge akpɔ gbeɖe o, eye míado gbe ɖa na sikalegba, si nèli anyi la o.”—Daniel 3:17, 18.

Yehowa kpɔ Petro kple Yohanes ƒe agbe ta le akpa vevi si wowɔ le eƒe tameɖoɖo me vava me ta. Wozã Petro be ‘wòdo ŋusẽ’ hamea to alẽkpɔkplɔdɔ wɔwɔ, kple eƒe Biblia-gbalẽ eve siwo tso gbɔgbɔ me hã ŋɔŋlɔ me. (Luka 22:32) Yohanes ŋlɔ Biblia-gbalẽ atɔ̃ eye wònye ‘sɔti’ le hame yeyea me.—Galatiatɔwo 2:9; Yohanes 21:15-23.

Míate ŋu agblɔ ɣeyiɣi kple mɔ si tututu dzi Yehowa ato akpɔ esubɔlawo ƒe agbe ta ɖi o. Nusi míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi koe nye be Kristo do ŋugbe be yeanɔ anyi kple ye yomedzelawo “ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:20) Vevietɔ la, ‘anɔ anyi kpli mí’ to mawudɔlawo ƒe mɔ fiafia gbeƒãɖeɖedɔa dzi. (Mateo 13:36-43; Nyaɖeɖefia 14:6) Le mɔnu gbadza si ŋu míeƒo nu tsoe megbe la, míate ŋu agblɔ alesi tututu Mawu ana kpekpeɖeŋu alo amesi ta Mawu akpɔ o. Ke ne Kristotɔ aɖe se le eɖokui me be yekpɔ Mawu ƒe ametakpɔkpɔ alo mɔfiame ya ɖe? Esi ame aɖeke mate ŋu aɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye alo nyateƒemanyemanye dzi o ta la, mele be ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu amesia ƒe nya siwo wòagblɔ anukwaretɔe la o.

Ðe Mawu Mesea Veve Ðe Ame Nu Oa?

Ðe nyateƒe si wònye be Mawu ɖea mɔ Kristotɔwo kuna la fia be le mɔ aɖe nu la mesea veve ɖe ame nu oa? Mele nenema kura o. (Nyagblɔla 9:11) Yehowa le mɔnuɖoɖo wɔm be yeakpɔ míaƒe agbe ta, menye na ƒe ʋee aɖewo alo ƒe blananewo o, ke yi ɖe mavɔmavɔ me. Etsoa eƒe nɔƒe si kɔkɔ la trɔa asi le nɔnɔmewo ŋu be wòanye viɖe mavɔ na amesiame si lɔ̃nɛ eye wòtena ɖe eŋu la. (Tsɔe sɔ kple Mateo 18:14.) Nusi eƒe tameɖoɖo me vava ahe vɛ anye nusianu si ƒe fu míekpe le nuɖoanyi sia me la ɖeɖeɖa keŋkeŋ—aɖe ku gɔ̃ hã ɖa. Mawu ƒe mɔwo wɔ nuku eye wode blibo ale gbegbe be eʋã apostolo Paulo wògblɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!”—Romatɔwo 11:33.

Esi naneke mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃ gbɔ o ta la, mele be Kristotɔ nabia be ‘Ðe makpɔ Mawu ƒe ametakpɔkpɔa?’ o, ke boŋ wo dometɔ ɖesiaɖe nabia be ‘Ðe Yehowa ƒe yayra le dzinyea?’ Ne míekpɔ eƒe yayra la, anye agbe mavɔ na mí—eɖanye nuka ke dzɔ ɖe mía dzi le nuɖoanyi sia me o. Fukpekpe ɖesiaɖe—ku gɔ̃ hã—si adzɔ ɖe mía dzi le nuɖoanyi sia me adze abe “aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesẽna o” ene ne míetsɔe sɔ kple agbe deblibo si míanɔ ayi ɖe mavɔmavɔ me.—Korintotɔwo II, 4:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Petro, Yakobo, kple Yohanes wonɔ eteƒe kpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ (Marko 9:2) kple Yairo ƒe vinyɔnu fɔfɔ ɖe tsitre (Marko 5:22-24, 35-42); wonɔ afisi te ɖe Getsemane-bɔa ŋu esime Yesu ŋutɔ nɔ tetekpɔ me tom (Marko 14:32-42); eye woawo, kpakple Andrea, bia gbe Yesu tso Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃, eƒe anyinɔnɔ le etsɔme, kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ŋuti.—Mateo 24:3; Marko 13:1-3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe