INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 7/8 axa 20-22
  • Èbu Eŋu Kpɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èbu Eŋu Kpɔa?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Vevesese Ƒo Ðee Abe Yi Ene, Gake Edo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • “Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Kluvinyɔnuvi!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 7/8 axa 20-22

Èbu Eŋu Kpɔa?

NUKA tututue Biblia gblɔ le Yesu dada Maria ŋu? Xɔsetɔ akpa gãtɔ siwo le Kristodukɔa me la xɔ nufiafia sia dzi se vevie be Fofo la nye Mawu, Vi la nye Mawu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Mawu gake be womenye mawu etɔ̃ o, ke boŋ wonye ame etɔ̃ le ɖeka me. Ne míagblɔe bubui la, wonye Mawuɖekaetɔ̃. Le Kristodukɔa (Katoliko, Anglikan, kple Orthodɔks) ƒe akpa gãtɔ gome la, nufiafia sia na wova xɔe se le susua nu be ke Maria, Yesu dadae nye “Mawu Dada.” Nenemae wòle nyateƒea? Aleke Yesu bu dadaae? Aleke nusrɔ̃lawo bui? Mina míakpɔ alesi Biblia ɖo wo ŋui ɖa:

1. Ɣekaɣie nye zi gbãtɔ woyɔ Maria le Biblia me?—Mateo 1:16.

2. Subɔsubɔ ka mee Maria nɔ esime wòdzi Yesu?—Luka 2:39, 41.

3. Ðe Maria sa vɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo taa?—Luka 2:21-24; tsɔe sɔ kple Mose III, 12:6, 8.

4. Ðe Maria nye ɖetugbi nɔaƒe esime wòfɔ Yesu ƒe fua? Nukata ema nɔ vevie?—Mateo 1:22, 23, 25; Luka 1:34; Yesaya 7:14; Hebritɔwo 4:15.

5. Aleke Maria wɔ fɔ fu?—Luka 1:26-38.

6. Aleke Maria wɔ nu ɖe eƒe nɔnɔme tɔxɛa ŋui?—Luka 1:46-55.

7. Aleke Maria ɖee fia be yenye vidada si tsia dzi ɖe vi ŋu?—Luka 2:41-51.

8. Ðe Maria dzi vi bubuwo emegbea?—Mateo 13:55, 56; Marko 6:3; Luka 8:19-21; Yohanes 2:12; 7:5; Dɔwɔwɔwo 1:14; Korintotɔwo I, 9:5.

9. Aleke míewɔ nya be Yesu nɔvi ŋutsuwo kple nyɔnuwo menye dadaa alo fofoa nɔviwo ƒe viwo o vavã?—Tsɔe sɔ kple Marko 6:3; Luka 14:12; kpakple Kolosetɔwo 4:10.

10. Ðe Yesu bu Maria be enye ‘Mawu Dadaa’?—Yohanes 2:3, 4; 19:26.

11. Ðe Maria bu eɖokui be yenye ‘Mawu Dadaa’?—Luka 1:35; Yohanes 2:4, 5.

12. Ðe Yesu da ŋkɔ tɔxɛwo ɖe dadaa dzi alo tsɔ mawusubɔsubɔ ƒe bubu nɛa?—Marko 3:31-35; Luka 11:27, 28; Yohanes 19:26.

13. Aleke Maria bu eƒe wɔƒe le Yehowa ƒe tameɖoɖowo mee?—Luka 1:46-49.

14. Ðe Maria nye nyɔnu avuléla le Mawu kple amegbetɔwo domea?—Timoteo I, 2:5.

15. Biblia ƒe agbalẽ 66 la dometɔ neni mee woyɔ Maria ŋkɔ le?

16. Ðe Kristotɔ Biblia-ŋlɔlawo do kɔkɔ Maria le woƒe agbalẽwo alo lɛtawo mea?—Yohanes 2:4; Korintotɔwo II, 1:1, 2; Petro II, 1:1.

17. Zi nenie woyɔ Maria ƒe ŋkɔ le lɛta 21 siwo Paulo, Petro, Yakobo, Yohanes, kple Yuda woŋlɔ me?

18. Mɔkpɔkpɔ kae nɔ Maria si le Yesu yomedzela nyenye me?—Petro I, 2:5; Nyaɖeɖefia 14:1, 3.

19. Mariae nye nyɔnu si ŋu woƒo nu le le Mose I, 3:15 kple Nyaɖeɖefia 12:3-6?—Yesaya 54:1, 5, 6; Galatiatɔwo 4:26.

20. Ðoƒe kae le Maria si fifia?—Timoteo II, 2:11, 12.

Biblia ƒe Ŋuɖoɖowo

1. “Yakob dzi Yosef, si nye Maria, amesi dzi Yesu, si woyɔna be Kristo la, srɔ̃.”—Mateo 1:16.

2. “Esi wowu nuwo katã nu le Aƒetɔ ƒe sea nu la, wogatrɔ yi Galilea ɖe woawo ŋutɔ ƒe du Nazaret la me. Eye eƒe dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe ɖe ŋutitotoŋkekenyuiɖuƒe.” (Luka 2:39, 41) Esi wonye Yudatɔwo ta la, wowɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi.

3. “Esi wowu woƒe ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe se la nu la, wotsɔe yi Yerusalem, be woatsɔe aɖo Aƒetɔ ŋku me, abe alesi woŋlɔ ɖi le Aƒetɔ ƒe se la me ene bena: ‘Atsu sia atsu, si ʋu dɔnu la, woayɔ eya kɔkɔe na Aƒetɔ la.’” (Luka 2:22, 23) “Nenye ŋutsuvi alo nyɔnuvie, eye ŋkekeawo de eŋu kɔ la, ekema wòalé alẽvi, si xɔ ƒe ɖeka, woawɔ numevɔsae, kple ahɔnevi alo akpakpa woawɔ nuvɔ̃vɔsae, avae na nunɔla le Mawu ƒe agbadɔ la nu. Ke ne mate ŋu ana alẽ o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawɔ numevɔsae, eye ɖeka woawɔ nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.”—Mose III, 12:6, 8.

4. “[Yosef] menyae o ʋuu keke vaseɖe esime wòdzi eƒe ŋutsuvi ŋgɔgbetɔ la, eye wòyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu.” (Mateo 1:25) “Maria gblɔ na dɔla la bena: Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã?” (Luka 1:34) “Aƒetɔ la ŋutɔ ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be ‘Mawu li kpli mí.’” (Yesaya 7:14) “Menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.”—Hebritɔwo 4:15.

5. “Dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nàla la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi. . . . Naneke mesẽ na Mawu o.”—Luka 1:35, 37.

6. “Maria gblɔ bena: Nye luʋɔ do Aƒetɔ la ɖe dzi, eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu, nye Xɔla ŋuti, . . . ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam, eye kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ.”—Luka 1:46, 47, 49.

7. “Eye esi wokpɔe la, kuvia ɖo wo, eye dadaa gblɔ nɛ bena: Vinye, nukaŋuti nèwɔ ɖe mía ŋu ale? Kpɔ ɖa, mía kple fofowò míedi wò kple nuxaxa. Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miedim ma? Ðe mienya bena, ele nam be, manɔ nusiwo nye fofonye tɔ me o mahã?”—Luka 2:48, 49.

8. “Nenem me sia la menye atikpala ƒe vie o ɖe? Alo menye ɖe woyɔa dadaa be: Maria, eye nɔviaŋutsuwo be: Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa? Eye nɔvianyɔnuwo la menye wo katãe le mía dome o ɖe?” (Mateo 13:55, 56) “Eya kple dadaa kple nɔviawo [Helagbe, a·del·phoiʹ] kple eƒe nusrɔ̃lawo [Helagbe, ma·the·taiʹ] yi ɖe Kapernaum, eye [womenɔ afima ŋkeke geɖe o, NW].”—Yohanes 2:12.

9. Helagbe me nya vovovowo li na nɔviŋutsu kple tɔgãtɔɖivi, nɔgãnɔɖivi kpakple tasivi nyruiviwo. “Alo amesia la, ɖe menye atikpala, si nye Maria vi la, kple Yakobo, Yose, Yuda kpakple Simon nɔvi [Helagbe, a·del·phosʹ] lae o mahã? Eye nɔvianyɔnuwo [Helagbe, a·del·phaiʹ] hã mele mía dome afisia o mahã? Eye wòzu nuɖiaɖia na wo le eyama ŋuti.” (Marko 6:3) “Megayɔ . . . ƒometɔwo [Helagbe, syg·ge·neisʹ] . . . o.” (Luka 14:12) “Marko, Barnaba [nɔgã alo nɔɖi vi] [Helagbe, a·ne·psi·osʹ] . . . ” (Kolosetɔwo 4:10)—Kpɔ The Kingdom Interlinear Translation of the Greek Scriptures.

10. “Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nya kae le mía kple wò dome mahã? Nye gaƒoƒo meɖo haɖe o.” “Esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔ̃la, si wòlɔ̃na, wole tsitre ɖe egbɔ la, egblɔ na dadaa bena: Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòŋutsu enye si!” (Yohanes 2:4; 19:26) Le alesi wozãa nya “nyɔnu” le ɣeyiɣi mawo me nu la, alesi Yesu zãe mefia bubumademadeameŋu o.

11. Biblia ƒe kpukpui aɖeke mezã nyagbɔgblɔ “Mawu Dada” o.

12. “Nyɔnu aɖe kɔ eƒe gbe dzi le ameha la dome gblɔ nɛ bena: Woayra dɔ, si me nènɔ, kple no, si nèno. Ke eya gblɔ bena: [Ao, NW], woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.”—Luka 11:27, 28.

13. “Maria gblɔ bena: Nye luʋɔ do Aƒetɔ la ɖe dzi, . . . bena ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe bɔbɔnyenye ɖa; elabena kpɔ ɖa, tso esia dzi la ƒomewo katã woayɔm be yayrame.”—Luka 1:46, 48.

14. “Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li.”—Timoteo I, 2:5.

15. Atɔ̃—Mateo, Marko, Luka, Yohanes kple Dɔwɔwɔwo. Woyɔe be “Maria” zi gbɔ zi 19, be Yesu “dada” zi gbɔ zi 24, kple be “nyɔnu” zi eve.

16. Le Nyanyuiŋlɔla eneawo megbe la, ame aɖeke megayɔ Maria kura o—womeyɔe le apostoloawo ƒe lɛtawo ƒe ŋgɔdonyawo me gɔ̃ hã o. “Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, . . . Amenuveve kple ŋutifafa, si tso Mawu, mía Fofo, kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi!” (Korintotɔwo II, 1:1, 2) “Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, . . . le mía Mawu kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye la me.”—Petro II, 1:1.

17. Womeyɔe zi ɖeka hɔ̃ hã o.

18. “Abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.” (Petro I, 2:5) “Mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre ɖe Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu. Eye wodzi ha yeye aɖe le fiazikpui la . . . ƒe ŋku me; eye ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.”—Nyaɖeɖefia 14:1, 3.

19. “Wò konɔ, si medzi vi o, tso aseye; kpɔ dzidzɔ, eye nàdo aƒa, wò amesi melé ku kpɔ o! Yehowa be: Amesi tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu srɔ̃tɔ ƒe viwo. Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.” (Yesaya 54:1, 5) “Ke dziƒo Yerusalem enye ablɔɖe, eyae nye mí katã dada.” (Galatiatɔwo 4:26) Wotsɔ Mawu ƒe kpɔɖeŋunyɔnu la, dziƒo Zion, Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa sɔ kple srɔ̃nyɔnu kple dada, eye eyae nye “nyɔnu” si woyɔ le kpukpui siawo me.

20. “Nyateƒenya wònye: Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplii; ne míedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne míegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mía gbɔ.” (Timoteo II, 2:11, 12) Ne Maria wɔ nuteƒe vaseɖe ku me la, ke anɔ fia ɖum kple ame 144,000 me tɔ bubu siwo aɖu fia kple Kristo.—Nyaɖeɖefia 14:1, 3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe