INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 7/8 axa 23-25
  • Nukata Nu Menya Srɔ̃na Nam O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Nu Menya Srɔ̃na Nam O?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Tenɔnɔ Ðe Enu Sesẽe
  • Srɔ̃ Alesi Wò Susu Nanɔ Nu Ŋu
  • Dzodzodzoetsitsi Dzi Ðeɖe Akpɔtɔ
  • Na Bubu Nanɔ Ŋuwò
  • Ale Si Amewo Le Nyateƒe Dimee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Nu kae gblẽ le adzamegbeɖoɖoɖi ŋu?
    Nyɔ!—2007
  • Sɔhɛ Siwo Ƒoa Nu tso Woƒe Xɔse ŋu Vɔvɔ̃manɔmee
    Nyɔ!—2004
  • Ame Kae Menye?
    Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 7/8 axa 23-25

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Nu Menya Srɔ̃na Nam O?

Jessica gblɔ be: “Nyemedi be mava aƒeme akpɔ dzinyelawo o. Megado kpo nu ake le nusɔsrɔ̃ geɖe me.”a Jessica xɔ ƒe 15, eƒe susu me kɔ eye wòdze tugbe. Gake abe sɔhɛ geɖe ene la, mete ŋu kpɔa dzidzedze le sukunusɔsrɔ̃wo me o.

ZI GEÐE la, susu nyui manɔamesi ɖe sukudede ŋu alo ɖe nufiala ŋue wɔnɛ be womekpɔa dzidzedze le suku o. Gake menye emae ɖea fu na Jessica ya o. Ðeko mete ŋu sea nufiafia sesẽwo gɔme kura o. Esia koŋue na Jessica menya akɔnta o. Eye numaxlẽmaxlẽ nyuie wɔnɛ be medzea agbagba le nu bubuwo hã sɔsrɔ̃ me o.

Ke Maria ya mete ŋu ŋlɔa nyawo wòdena o. Etsɔa nuŋlɔɖi siwo wòwɔna le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ɣlana ɣesiaɣi elabena eƒe nyawo maŋlɔmaŋlɔ nyuie kpea ŋu nɛ. Gake mefia be ɖe Jessica alo Maria menya nu o. Jessica nɔa anyi kple amewo nyuie ale gbegbe be ne dzre dzɔ ɖe eƒe sukuhatiwo dome la, eya dzie wodzena le sukua abe domenɔla alo kuxigbɔkpɔla ene. Eye le agbalẽnyanya gome la, Maria le ame 10 gbãtɔwo dome le eƒe sukuxɔa me.

Kuxi lae nye: Jessica kple Maria mete ŋu srɔ̃a nu o. Eŋutinunyalawo gblɔ be ɖewohĩ alea ke nusɔsrɔ̃ sesẽna na ɖevi siwo ade 3 vaseɖe 10 le alafa me. Nusi woyɔna be Susumanɔnuŋu Nuwɔwɔ Gbodogbodo ƒe Dɔléle (ADHD)b le fu ɖem na Tania si le eƒe ƒe 20-awo me fifia. Egblɔ be: “Kristotɔwo ƒe kpekpewo, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kple gbedodoɖa menɔa bɔbɔe nam o elabena nye susu mete ŋu nɔa nu ŋu o eye nyemete ŋu nɔa anyi kpoo hã o. Egblẽa nu le nye subɔsubɔdɔa ŋu elabena metsoa nyati ɖeka dzi yia bubu dzi kabakaba ale gbegbe be ame aɖeke mesea egɔme o.”

Ne dɔlélea mena wowɔa nu gbodogbodo o la, woyɔnɛ be Susumanɔnuŋu Dɔléle (ADD). Wogblɔna zi geɖe be nusiwo mate ŋu ava eme o ŋue amesiwo ŋu dɔléle sia le ƒe susu nɔna. Lãmenuseseŋutinunyala Ðk. Bruce Roseman gblɔ le amesiwo ŋu ADD le be: “Wotsɔa agbalẽ be yewoasrɔ̃ eye aɖabaƒoƒo 45 sɔŋ ava yi gake womasrɔ̃ naneke o.” Nukae wòɖanye o, woƒe susu mete ŋu nɔa nu ŋu o.

Atike ŋuti numekulawo xɔe se be yewole nusi hea kuxi siawo vɛ la kpɔm azɔ. Gake nu geɖe li siwo womenya o. Eye vovototo si le dɔléle kple mɔxenu siwo na nu menya srɔ̃na o dome la medzena nyuie ɣesiaɣi o. Nukae ɖahe dɔléle aɖe vɛ alo aleke woɖayɔe—nuxexlẽ ƒe kuxi, ŋkumaɖomaɖonudzi, susu ƒe nu ŋu manɔmanɔ, alo nuwɔwɔ gbodogbodoe—o dɔlélea ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe sukudede ŋu eye ate ŋu ana woakpe fu geɖe. Ne nu menya srɔ̃na na wò o la, aleke nàte ŋu anɔ te ɖe enui?

Alesi Tenɔnɔ Ðe Enu Sesẽe

Bu Jessica si míeyɔ do ŋgɔ ŋu kpɔ. Esi wòɖoe kplikpaa be yeaɖu yeƒe numaxlẽmaxlẽ ƒe kuxia dzi ta la, edzea agbagba vevie be yeaxlẽ agbalẽ vovovowo. Nuwo trɔ esime wòke ɖe hakpanyagbalẽ aɖe si xexlẽ vivi enu ŋu. Egaƒle agbalẽ ma tɔgbe si hã xexlẽ vivi enu. Emegbe eva doa vivi ɖe ŋutinyagbalẽ geɖe xexlẽ ŋu eye ʋeʋeʋe la, nuxexlẽ meganye kuxi nɛ o. Nusi míasrɔ̃ le emee nye be kutrikuku ɖea vi. Wò hã àte ŋu aɖu nusɔsrɔ̃ ƒe kuxia dzi alo àte ŋu awɔ ŋgɔyiyi geɖe le go sia me ne mèna ta o.—Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 6:9.

Ke nukae nàwɔ ne èŋlɔa nu be kabakaba? Nu vevi si ana nàɖu kuxi sia dzi le alobalo sia me be: “Nya gbugbɔgagblɔe na nu tsia susua me.” Nicky kpɔe be nusiwo yese kple nusiwo yexlẽ gbugbɔgagblɔ sesĩe na ye ɖokui kpe ɖe ye ŋu be yeɖoa ŋku nu dzi. Tee kpɔ. Ðewohĩ akpe ɖe wò hã ŋuwò. Nusi ɖe dzesi enye be le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, amewo yɔa nya wòɖina ne wole nu xlẽm na wo ɖokui gɔ̃ hã. Eyata Yehowa de se na Biblia-ŋlɔla Yosua be: “Ele be nàxlẽ [Mawu ƒe Se la] blewu zã kple keli.” (Yosua 1:8, NW; Psalmo 1:2) Nukata nyawo yɔyɔ wòaɖi le vevie nenema gbegbe? Elabena ewɔwɔ nenema wɔnɛ be sidzenu eve nɔa dɔ wɔm—nusese kple nukpɔkpɔ—eye ana nu natsi susu me na nuxlẽla nyuie.

Akɔnta hã menya srɔ̃na na Jessica ya o. Gake edze agbagba srɔ̃ akɔnta ŋuti sewo to wo gbugbɔgagblɔ me—ɣeaɖewoɣi ezãa gaƒoƒo afã sɔŋ ɖe se ɖeka ɖesiaɖe ŋu. Eƒe agbagbadzedzewo va ɖe vi. Eyata gbugbɔ gblɔe, gagbugbɔ gblɔe, gagbugbɔ gblɔe ake! Nusi me nunya le nàwɔ enye be nàtsɔ agbalẽ kple nuŋlɔti ne èle nyawo sem le suku alo nèle nu xlẽm ale be nàwɔ nuŋlɔɖiwo.

Ele vevie be nànɔ agbalẽsɔsrɔ̃ dzi. Na wòamã wò be nànɔ sukua ne miekpã vɔ ale be nàɖo dze kple miaƒe nufialawo. Dze agbagba nanya wo. Gblɔe na wo be nu menya srɔ̃na na ye o, gake yeɖoe be yeaɖu kuxia dzi. Nufiala akpa gãtɔ adi vevie be yewoakpe ɖe ŋuwò. Eyata bia woƒe kpekpeɖeŋu. Nu mae Jessica wɔ eye nufiala veveseɖeamenula aɖe nɛ kpekpeɖeŋu geɖe.

Srɔ̃ Alesi Wò Susu Nanɔ Nu Ŋu

Akpe ɖe ŋuwò hã ne èɖo taɖodzinu hewɔ eteƒeɖoɖo na ɖokuiwò ƒe ɖoɖo aɖe. Taɖodzinu tɔxɛ aɖe ɖoɖo—abe aƒeme dɔdasi aɖe wɔwɔ vɔ ene—hafi asi television alo aƒo ha si vivia nuwò la ate ŋu aʋã wò be wò susu nanɔ dɔa ŋu. Kpɔ egbɔ be nàɖo taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo.—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 4:5.

Tɔtrɔ nyuiwo wɔwɔ le afisi nèle ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ɣeaɖewoɣi. Nicky wɔ ɖoɖo be yeanɔ ŋgɔgbe le sukuxɔ me, ate ɖe nufiala la ŋu ale be yeƒe susu nanɔ nufiafia la ŋu nyuie wu. Jessica kpɔe be anyo be yeawɔ aƒemedɔdasiwo kple ye xɔlɔ̃ si doa vevie nusɔsrɔ̃. Ðewohĩ àkpɔe be akpe ɖe ye ŋu ne yena tomefafa kple dziɖeɖi le wò xɔ me.

Dzodzodzoetsitsi Dzi Ðeɖe Akpɔtɔ

Ne èwɔa nu gbodogbodo la, nusɔsrɔ̃ ate ŋu asesẽ ŋutɔ. Gake eŋutinunyala aɖewo gblɔ be woate ŋu atrɔ nuwɔwɔ gbodogbodo wòazu kamedede. U.S.News & World Report de dzesii be: “Wole kpeɖodzi geɖe wu kpɔm be lãmetsiwo ƒe tɔtrɔ si yia edzi le ahɔhɔ̃a me si tsoa kamedede gbɔ la naa nu yeye sɔsrɔ̃ kple ŋkuɖoɖo nu xoxowo dzi ƒe ŋutete si le ame ɖesiaɖe me la nyona ɖe edzi.” Eyata kamedede ɖe ɖoɖo nu—tsiƒuƒu, duƒuƒu, bɔlƒoƒo, gasɔdodo, fefe le sno dzi, kple bubuwo—ate ŋu atu ŋutilã kple susua siaa ɖo.—Timoteo I, 4:8.

Wokafua atikewɔwɔ na nusɔsrɔ̃ ƒe kuxi sia ɣesiaɣi. Wogblɔ be ŋusẽdoametike si wona ɖevi siwo ŋu ADHD le la xɔ wo dometɔ siwo ade 70 le alafa me. Ne àlɔ̃ azã atike alo màlɔ̃ o, enye nya si ŋu mia kple dziwòlawo miawɔ nyametsotso le ne miebu alesi gbegbe kuxia sesẽe, nusiwo wòate ŋu agblẽ, kple nu bubuwo ŋu vɔ.

Na Bubu Nanɔ Ŋuwò

Togbɔ be womebua nusɔsrɔ̃ ƒe kuxia be enye seselelãmekuxi o hã la, ate ŋu agblẽ nu le seselelãme ŋu. Dzilawo kple nufialawo ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ kple nyaheɖeameŋu ɣesiaɣi, dzidzedzemakpɔmakpɔ le sukudodokpɔwo me, kple xɔlɔ̃ veviwo ƒe ŋuwò manɔmanɔ ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be nàbu ɖokuiwò ame maɖinui. Sɔhɛ aɖewo tsɔa dzikudoɖeameŋu kple ŋɔdzidoname tsyɔa seselelãme sia dzii.

Gake mele be nusɔsrɔ̃ ƒe kuxi nana nàɖe bubu le ɖokuiwò ŋu o.c Nunyalagã aɖe si le sɔhɛ siwo ŋu nusɔsrɔ̃ ƒe kuxia le gbɔ kpɔm la gblɔ be: “Nye taɖodzinue nye be matrɔ woƒe tamesusu le agbe ŋu—tso ‘Medzɔ movi, naneke menya wɔna nam nyuie o’ . . . wòazu ‘Mele kuxi aɖe dzi ɖum, eye mate ŋu awɔ nu geɖe wu alesi mebui.’”

Togbɔ be màte ŋu atrɔ ame bubuwo ƒe susu boo o hã la, àte ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe tɔwò dzi. Nu mae Jessica wɔ. Egblɔ be: “Esi metsɔ nya siwo sukuviawo gblɔna kple dzuŋkɔ siwo woyɔna nam bu ɖokuinye ŋui ʋuu la, ɖeko medina be masi le sukua. Gake fifia medzea agbagba be mado toku woƒe nyawo eye mawɔ tɔnye sinua. Esesẽ ya, eye ele be manɔ ŋku ɖom edzi na ɖokuinye ɣesiaɣi, gake ele vi ɖem.”

Jessica kpe akɔ kple nu bubu aɖe hã. Foa léa gbã le dodokpɔ ɖesiaɖe me. Jessica gblɔ be: “Emae ɖea bubu le ŋunye vaseɖe esime nyemegatsɔa ɖokuinye sɔna kplii o.” Eyata mègatsɔ ɖokuiwò nɔ sɔsɔm kple nɔviwòwo o.—Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 6:4.

Egbɔgblɔ na xɔlɔ̃ si dzi nèka ɖo hã akpe ɖe ŋuwò be nàbu nuwo ŋu alesi tututu wole. Xɔlɔ̃ vavã anɔ ŋuwò kplikplikpli esi nèle agbagba dzem be yeawɔ ŋgɔyiyi. (Lododowo 17:17) Gake xɔlɔ̃ alakpatɔ ya aɖe dzi le ƒowò alo ana nàbu ɖokuiwò gãe wu alesi dze. Eyata ɖɔ ŋu ɖo le xɔlɔ̃wo dzedze me.

Ne nu menya srɔ̃na na wò o la, anɔ eme be èxɔa ɖɔɖɔɖo geɖe wu sɔhɛ bubuwo. Gake mègana ema nawɔe be nànɔ ɖokuiwò bum ame maɖinui o. Bu amehehe ŋu le mawuvɔvɔ̃ me be enye nu xɔasi gã aɖe. Ðo ŋku edzi be to si dziwòlawo ahe na wò nye kpeɖodzi be wolɔ̃ wo eye nusi anyo na wò wu dim wòle.—Lododowo 1:8, 9; 3:11, 12; Hebritɔwo 12:5-9.

Ao ɖe, mele be nusɔsrɔ̃ ƒe kuxi si le ŋuwò naɖe dzi le ƒowò o. Àte ŋu awɔ nane le eŋu eye àkpɔ dzidzedze le agbe me. Gake susu bubu aɖe li, si lolo wu, si tae wòle be mɔkpɔkpɔ nanɔ asiwò ɖo. Mawu do ŋugbe be yeahe dzɔdzɔenyenye ƒe xexeme yeye aɖe vɛ, si me ayɔ fũ kple sidzedze eye woada susu me kple ŋutilã ƒe dɔléle ɖesiaɖe. (Yesaya 11:9; Nyaɖeɖefia 21:1-4) Eyata ɖoe kplikpaa nàsrɔ̃ nu geɖe le Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu, eye nànɔ agbe ɖe sidzedze ma nu.—Yohanes 17:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b Taflatse kpɔ nyati siwo nye “Nugɔmesese na Ðevi Masenuwo” siwo le Eŋlisigbe me Nyɔ! November 22, 1994, kple “Ðe Nusɔsrɔ̃ Sesẽna na Viwòa?” siwo le May 8, 1983 tɔ me.

c Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukae Mawɔ Bubu Geɖe Wu Nanɔ Ŋunye?” le April 8, 1983 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Do vevie nàsrɔ̃ nu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe