Ðu Wò Agbenɔnɔ Dzi Fifi Laa!
NUMEKUKU siwo wowɔ le amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ kple ameʋãŋusẽ ŋu le dzɔdzɔmeŋutinunya me ɖe vi na mí le mɔ geɖe nu. Ðewohĩ ena míete ŋu nɔ te ɖe dɔléle aɖe nu le esi míenya nu tso eŋu nyuie ta. Gake nunya le eme be míaɖɔ ŋu ɖo le seselelãme ŋuti nufiafiawo gome, vevietɔ esiwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe gɔmeɖose veviwo ŋu ene.
Biabiawo fɔ ɖe te le domenyiŋusẽfianu kple agbenɔnɔ ŋu be: “Ðe míate ŋu agbe míaƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ahagbe be womagabu fɔ mí ɖe míaƒe nuwɔnawo ta oa? Ðe míate ŋu aɖe nya le mía ɖokui dzi alo míabu fɔ ame bubu alo nu bubu aɖe le míaƒe ŋumaɖɔɖo alo nugbegblẽwɔwɔ aɖe ta, ale be míava ge ɖe “menye nyee wɔe o” ƒe dzidzime sia si le dzidzim ɖe edzi mea? Gbeɖe. Evivia ame akpa gãtɔ nu ne wokafu wo ɖe agbe me dzidzedzekpɔkpɔ aɖe ta, ke nukata womalɔ̃ axɔ vodada siwo wowɔ hã ƒe agba atsɔ o?
Eyata ɖewohĩ míabia be, Nya kae Mawu ƒe Nya, Biblia Kɔkɔe la, gblɔ le amesi alo nusi kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi egbea ŋu?
Nukae Nye Biblia ƒe Nukpɔsusu?
Nu gbãtɔ si wòle be míanya enye be wodzi mí katã ɖe nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi tso mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, gbɔ la me. (Psalmo 51:7) Hekpe ɖe eŋu la, míele ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe si wòyɔ be “ŋkeke mamleawo” me, esime “ɣeyiɣi vɔ̃wo” le amewo dzi vam. (Timoteo II, 3:1) Efia be le ye katã me la, ŋusẽkpɔkpɔ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi nyuie sesẽna na míawo wu alesi wònɔ na mía tɔgbuiwo.
Gake tiatiawɔblɔɖe le amegbetɔwo katã si eye woate ŋu awɔ nyametsotso le wo ɖokui si. Wokpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi va ɖo afima ya teti. Aleae wònɔ tso gɔmedzedzea me, eye míate ŋu akpɔe le nya si Yosua gblɔ na Israel-dukɔa me, be: “Mitia, amesi subɔ ge miala, egbea.”—Yosua 24:15.
Biblia gblɔ be wonyã Satana Abosam tso dziƒo, eye wòle ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe amegbetɔƒomea katã dzi fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Egblɔ na mí hã be xexeme blibo la katã nɔ vɔ̃ɖitɔ la si me le apostolo Yohanes ƒe ŋkekeawo gɔ̃ hã me. (Yohanes I, 5:19; Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Gake abe alesi Mawu Ŋusẽkatãtɔ la mekpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔna ɖesiaɖe dzi alo ɖoa nane si ava dzɔ ɖe mía dzi, si le nyanya na eya ɖeka ko ene ɖi o ta la, mele be míabu fɔ Satana tẽ ɖe míaƒe vodada alo kpododonu ɖesiaɖe ta o. Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe si da sɔ enye be “wotea amesiame kpɔna, ne eya ŋutɔ ƒe nudzodzro henɛ, eye wòblenɛ; emegbe la ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nuvɔ̃.” (Yakobo 1:14, 15) Apostolo Paulo ŋlɔ nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me be: “Migable mia ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.
Eyata Yehowa Mawu biaa akɔnta mía dometɔ ɖesiaɖe ɖe míaƒe nuwɔnawo ta. Ele be míakpɔ nyuie be míagate kpɔ atsɔ míaƒe domenyiŋusẽfianu ƒe nɔnɔme kple blibomademade si ƒe dome míenyi ado taflatsee o. Mawu he to na blema dukɔ sẽŋuta, Sodom kple Gomora, siwo ƒe ŋutsuwo dɔa wo tɔ ŋutsuwo gbɔ la ɖe woƒe agbebaɖanɔnɔ ta. Edze ƒã be mebu dua me tɔwo be wonye nublanuitɔ dzɔgbevɔ̃etɔ siwo mate ŋu awɔ naneke tsɔ wu be woavɔ̃ɖi, le domenyiŋusẽfianu aɖe ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ta o. Nenema ke ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ geɖe ƒo xlã Noa ƒe ŋkekea me tɔwo; gake enɔ na wo be woawɔ tiatia, woatso nya me na wo ɖokui, ko hafi woatsi agbe le Tsiɖɔɖɔ si nɔ wo ŋgɔ kpuie la me. Ame ʋee aɖewo wɔ tiatia nyuitɔ. Ame akpa gãtɔ mewɔe o.
Hebritɔ nyagblɔɖila Xezekiel te gbe ɖe edzi be ele be mía ŋutɔwo míatso nya me hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu: “Ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la, eye wògbe asiɖeɖe le eƒe vɔ̃ɖinyenye kple eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, ekema aku le eƒe vodadawo ta; ke wò la èɖe wò agbe.”—Xezekiel 3:19.
Kpekpeɖeŋu Nyuitɔ Kekeake si Li
Le nyateƒe me la, ehiã be woakpe ɖe mí katã ŋu be míaɖu mía ɖokui dzi le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me, eye nusia sesẽna na mía dometɔ geɖe ŋutɔ. Gake mele be míabu mɔkpɔkpɔ o. Togbɔ be nuvɔ̃ ƒe didi siwo dome míenyi medzea Mawu ŋu o hã la, ne míedi be míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ la, ana kpekpeɖeŋu nyuitɔ kekeake si li la mí—si nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe kple eƒe nyateƒe si tso gbɔgbɔ me. Nɔnɔme ka ƒe domee míeɖanyi alo gotagome ŋusẽkpɔɖeamedzi kae ɖali o, míate ŋu ‘aɖe amenyenye xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye míatsɔ amenyenye yeyea ado na mía ɖokui, esi wowɔ yeye to sidzedze vavãtɔ dzi ɖe amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu.’—Kolosetɔwo 3:9, 10.
Kristotɔ siwo nɔ Korinto-hamea me dometɔ geɖe wɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe agbenɔnɔ me. Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me gblɔ na mí be: “Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Eye nenem mia dome ame aɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la me.”—Korintotɔwo I, 6:9-11.
Eyata ne míele avu wɔm kple míaƒe blibomademadewo la, migana woaɖu mía dzi o. Kristotɔ siwo li egbea dometɔ geɖe ɖee fia be le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, yewote ŋu ‘trɔ yewoƒe nɔnɔme to yewoƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me hedzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me kpɔ.’ Nusiwo nye nyateƒe, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nudzeamewɔwɔ, kple nusiwo dze kafukafu ye wotsɔ nyia woƒe susui; eye ‘woyia edzi bua nusiawo ŋu.’ Woɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ eye wozãnɛ tsɔ naa hehe woƒe sidzenuwo bene woade vovo nyui kple vɔ̃ dome.—Romatɔwo 12:2; Filipitɔwo 4:8; Hebritɔwo 5:14.
Nunyanya tso woƒe dagbadagbawo, woƒe kpododonu ɣeaɖewoɣi, kple woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mlɔeba le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu me dea dzi ƒo ŋutɔ. Mawu ka ɖe edzi na mí be míaƒe agbenɔnɔ tɔtrɔ kuna ɖe dzi la kple eƒe didiwo ŋu zi geɖe, be: “Nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu. Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò, ne wòaɖe wò tso mɔ vɔ̃ dzi.”—Lododowo 2:10-12.
Eyata ne èdi be yeawɔ agbe mavɔ kpɔkpɔ wò taɖodzinui—agbenɔnɔ si me xexe vɔ̃ɖi sia ƒe kuxiwo kple blibomademade si gbɔdzɔa mí manɔ o—la, ke ‘ʋli ɖokuiwò’ be nàɖu wò agbenɔnɔ dzi fifia eye dziƒonunya nafia mɔ wò. (Luka 13:24) Na Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nakpe ɖe ŋuwò bene nàte ŋu atse ku si nye ɖokuidziɖuɖu. Na wòanye wò dzimedidi be nànɔ agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu, eye nàwɔ aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.” (Lododowo 4:23) “Agbe vavã la” kpɔkpɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me—afisi Yehowa Mawu anɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse dzi aɖɔ domenyiŋusẽfianu ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie katã ɖo le la—dze na agbagba ɖesiaɖe si hiã be nàdze ɖe eta be nàɖu wò agbenɔnɔ dzi le xexe sia me!—Timoteo I, 6:19; Yohanes 3:16.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu ado ŋusẽ mí be míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo tsi ɖe mía me la dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo nu