Biblia ƒe Nukpɔsusu
Lɔlɔ̃ si Blaa Nu
LE ƑE 1978 me la, ahom gã aɖe si tu le Dziehe Atlantik ƒua dzi lɔ meli gã dzeani si nye Queen Elizabeth 2 ɖe enu. Ƒutsotsoe si kɔ abe dziƒoxɔ tuɖedzi ewo ene la nyẽ dze melia dzi, si na wònɔ gogom abe atukpanutunu ene. Esi melia nɔ ʋuʋum sesĩe ta la, eka emenuwo kple emenɔlawo hlẽ ɖe eme nyamaa. Nukutɔe la, ame aɖewo koe nuvevi sue aɖewo wɔ le melia me tɔ 1,200 la dome. Mɔ̃ɖaŋudɔwɔwɔ, ʋua wɔnuwo, kple ewɔwɔ nyuie na melia mete ŋu gbã o.
Ƒe alafa geɖe enye si va yi la, tɔdziʋu bubu aɖe ɖo ahom sesẽ aɖe me. Apostolo Paulo kple ame 275 bubuwoe nɔ eme. Esi wovɔ̃ be tɔdziʋua agbã kakɛkakɛ le alesi ahom la nu sẽe ta la, edze ƒã be ƒudzimɔzɔlaawo tsɔ ‘nuwo’—kɔsɔkɔsɔwo alo kawo—to ʋua te bla akpa ɖeka ɖe akpa kemɛa ŋu be wòalé ati siwo wotsɔ wɔ asitsaʋu siae la ɖe te. Togbɔ be womete ŋu kpɔ tɔdziʋua ta o hã la, emenɔlawo katã tsi agbe.—Dɔwɔwɔwo, ta 27.
Míaƒe agbe me dodokpɔwo ate ŋu ana míase le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi abe meli si le ƒu dzeagbo dzi mee míele ene. Dzimaɖitsitsi, dziɖeleameƒo, kple nuteɖeamedzi ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi eye wòado míaƒe lɔlɔ̃ kpɔ vevie. Be míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ siawo nu eye nu nagaglo mí o la, míawo hã míehiã na kpekpeɖeŋu aɖewo.
Ne Nɔnɔme Sesẽwo Do Mo Ða
Woƒo nu tso apostolo Paulo ƒe xɔse kple dzidodo ŋu nyuie le Biblia me. Esubɔ Kristo-hame gbãtɔawo. (Korintotɔwo II, 11:24-28) Nusiwo wòte ŋu wɔ le Aƒetɔ ƒe dɔa me ɖo kpe eƒe lɔlɔ̃ deto na ehatiwo kple eƒe ƒomedodo kplikplikpli kple Mawu dzi wòdze ƒã. Gake Nuwo mezɔ nyuie na Paulo le agbe me ɣesiaɣi o. Apostoloa to nɔnɔme sesẽ geɖe me le nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ me kple kpɔɖeŋumɔ nu siaa.
Le Paulo ƒe ŋkekea me, ne tɔdziʋu ɖo ahom sesẽ me la, ʋua me dɔwɔlawo ƒe ŋutete kple alesi wobla tɔdziʋu la dzie ʋua me nɔlawo ƒe agbetsitsi kple tɔdziʋua ƒe dedienɔnɔ nɔ te ɖo. Nenemae wònɔ esime apostolo la ɖo kpɔɖeŋu ƒe ahomwo hã me. Togbɔ be Paulo to ŋutilãmehiãkame, gaxɔmenɔnɔ, kple fuwɔame me hã la, Kristo-hamea mee nɔnɔme sesẽtɔ kekeake siwo ɖe kpe na eƒe gbɔgbɔ me kple seselelãme kelili kple ŋutete si le esi be wòayi edzi aɖe lɔlɔ̃ afia la tso.
Le kpɔɖeŋu me, Paulo wɔ dɔ sesĩe ƒe ɖeka kple afã heɖo hamea anyi le Korinto-dua me. Nusiwo teƒe wòkpɔ le Korintotɔwo gbɔ na wòtu lɔlɔ̃ ɖo na alẽha la. Paulo gblɔ gɔ̃ hã be vifofoe yenye na wo. (Korintotɔwo I, 4:15) Gake togbɔ be Paulo lɔ̃ hamea eye wòwɔ dɔ sesĩe ɖe wo ta hã la, Korinto-hamea me tɔ aɖewo ƒo nu gbegblẽ le eŋu. (Korintotɔwo II, 10:10) Le nusiwo katã wòwɔ le ɖokuitsɔtsɔsavɔ me ta la, aleke gbegbe ema aɖe dzi le eƒo enye si!
Nukata amesiwo Paulo lɔ̃ vevie la asẽ ŋuta ahado vloe nenema? Paulo anya se le eɖokui me abe ɖe wodi be woakaka ye, abe tɔdziʋu si ɖo ahom me ene. Aleke gbegbe wòate ŋu anɔ bɔbɔe nɛ be wòana ta, ahabu be agbagba si yedze va yi la katã zu dzodzro, alo wòado dziku ɖe amewo ŋui enye si! Nukae te ŋu lé Paulo ɖe te? Nukae na dziɖeleameƒo mete ŋu gblẽ nu le eŋu o?
Lɔlɔ̃ si Léa Mí Ðe Te
Paulo mena ɖikeke aɖeke nɔ eƒe nuxlẽlawo ƒe susu me le eƒe ŋusẽ kple eƒe nusi ʋãe la tsoƒe ŋu o. Eŋlɔ bena: “Kristo ƒe lɔlɔ̃ la le mía kplɔm.” (Korintotɔwo II, 5:14) Paulo fia asi ŋusẽ kple ameʋãŋusẽ tsoƒe vevi la. Ŋusẽ si ʋãe lae nye “Kristo ƒe lɔlɔ̃.” Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ nya si gbɔna le mawunyakpukpui sia ŋu be: “Paulo megblɔ be míaƒe lɔlɔ̃ na Kristo ye na míeléa míaƒe subɔsubɔdɔ me ɖe asi o . . . Eƒe akpa aɖe koe ema nye. Dzo ɖoa míaƒe lɔlɔ̃ na Kristo me eye wòsẽa ŋu ɣesiaɣi to eƒe lɔlɔ̃ na mí me.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.
Lɔlɔ̃ si Kristo ɖe fia to alesi wòlɔ̃ faa ku le fukpekpe me le fuwɔameti ŋu—eye wòto ema me tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo na tafee be yeaɖe ameƒomea me tɔ siwo katã xɔ se la—ʋã Paulo, esẽ ŋu ɖe eme, eye wòzi edzi be wòayi edzi awɔ Kristo ƒe dɔwo wòaɖe vi na nɔviwo ƒe habɔbɔ la. Eyata Kristo ƒe lɔlɔ̃ ɖu Paulo dzi, eɖee tso ɖokuitɔdidi me, eye wòna eƒe taɖodzinuwo nɔ subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu kple ehaviwo ko ŋu.
Nyateƒee, Kristo ƒe lɔlɔ̃e ʋãa Kristotɔ wònɔa agbe nuteƒewɔwɔtɔe. Ne míedze ŋgɔ dodokpɔ siwo ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le ŋutilã me, seselelãme, kple gbɔgbɔ me la, Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nana míete ŋu yia ŋgɔ ɖoa afisi amesi me ameʋaʋã ma mele boo o mate ŋu aɖo o. Edoa ŋusẽ mí be míado dzi.
Míate ŋu aɖo ŋu ɖe míaƒe seselelãme madebliboa ŋu be alé mí ɖe te ahaʋã mí o. Esia le alea vevietɔ ne dziɖeleameƒo alo dzimaɖitsitsi mee míaƒe dodokpɔwo tso. Gake Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ ate ŋu ana míalé míaƒe subɔsubɔdɔa me ɖe asi, alé mí ɖe te eye wòaʋã mí, eɖanye dodokpɔ ka me tom míele o. Menye ɖeko Kristo ƒe lɔlɔ̃ na Kristotɔ te ŋu doa dzi wu alesi ame bubuwo kpɔ mɔe o, ke ɖewohĩ edoa dzi wu alesi eya ŋutɔ bu gɔ̃ hã.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi Kristo ƒe lɔlɔ̃ nɔa anyi ɖaa ta la, emetsonuwo hã mevɔna gbeɖe o. Enye ameʋãŋusẽ si meʋuʋuna alo vɔna o. “Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.” (Korintotɔwo I, 13:8) Ena míeyia edzi nɔa eyome nuteƒewɔwɔtɔe, eɖanye nuka ke adzɔ o.
Ŋusẽ le seselelãme me dodokpɔwo ŋu si ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. Eyata aleke gbegbe wòle vevie enye si be míade ŋugble le lɔlɔ̃ si Kristo ɖe fia mí ŋu. Kristo ƒe lɔlɔ̃ alé mí ɖe te. Eƒe lɔlɔ̃ na wònya wɔna be míaƒe xɔse dome nagagblẽ o. (Timoteo I, 1:14-19) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristo ƒe lɔlɔ̃ ʋãa mí be míawɔ nusianu si míate ŋui be míakafu Yehowa Mawu, amesi na Kristo te ŋu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia.—Romatɔwo 5:6-8.