INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 11/8 axa 13-14
  • Ne Nyagbɔgblɔwo Zu Lãnuwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Nyagbɔgblɔwo Zu Lãnuwo
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Abi Siwo Nyagbɔgblɔ Dea Ame Ŋu
  • Ale Si Miaƒo Asa Na Nya Tɔamewo Gbɔgblɔ
    Nyɔ!—2013
  • Ðe Lɔlɔ̃ Kple Bubu Fia To Wò Aɖe Dzi Kpɔkpɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nya Dzetowo Gbɔgblɔ ɖe Dzu Teƒe
    Nyɔ!—1996
  • Afisi Busunyagbɔgblɔ Tsona Ðeɖe ɖe Go
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 11/8 axa 13-14

Ne Nyagbɔgblɔwo Zu Lãnuwo

“Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.”—Lododowo 12:18.

ELAINEa gblɔ be: “Edze egɔme kwasiɖa aɖewo ko le srɔ̃ɖeɖea megbe. Edzuam, eɖia gbɔm, eye wòdzea agbagba be yeado vlom. Nyemegogo srɔ̃nye kura le naneke me o. Ete ŋu tsɔa eƒe susu ɖaɖɛ kple nume bibi blua afɔ na nya sia nya si magblɔ eye wòtronɛ.”

Amedzidzedze si medzena gaglã o evɔ wògblẽa nu le ame ŋu vivivi, si me nublanuikpɔkpɔ aɖeke mele o, mee Elaine to le eƒe srɔ̃ɖeɖe katã me. Nublanuitɔe la, ɣeyiɣiawo ƒe yiyi mena nuwo nyo ɖe edzi nɛ o. Egblɔ be: “Míeɖe srɔ̃ ƒe 12 kple vɔ enye sia. Gbaɖekegbe meli ko mehe nya heɖu fewu le ŋunye, gblɔ busunya ɖe ŋunye alo dzum kpɔ o.”

Biblia megblɔ nya wògbɔ eme esi wògblɔ be aɖe ate ŋu anye “nuvɔ̃ madzudzɔmadzudzɔ, si aɖi wuame yɔ fũ” la o. (Yakobo 3:8; tsɔe sɔ kple Psalmo 140:4.) Srɔ̃ɖeɖe me koŋue nusia dzɔna le. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lisa gblɔ be: “Amesi gblɔ be ‘atiwo kple kpewo ate ŋu agbã nye ƒuwo gake nyagbɔgblɔ mate ŋu awɔ nuvevim gbeɖe o’ la, vivi nu me ŋutɔ.”—Lododowo 15:4.

Wote ŋu daa gbe ɖe srɔ̃ŋutsuwo hã gbɔ. Mike si ɖe Tracy ƒe ene enye sia eye woƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo ta srɔ̃gbegbe me la bia be: “Ènya alesi nyɔnu si anɔ yɔwòm ɣesiaɣi be alakpatɔ, movitɔ ƒoaka alo agblɔ nya vɔ̃ siwo wu ema gɔ̃ hã ɖe ŋuwò gbɔ nɔnɔ lea? Nyemate ŋu agblɔ nya siwo wògblɔna ɖe ŋunye la le xɔ̃nye ɖɔʋuwo dome o. Ema tae nyemete ŋu ƒoa nu nɛ o ɖo si hã tae zã tsina nyuie hafi metsoa dɔ me gbɔna. Enyo sã wu gbɔgbɔ va aƒeme.”—Lododowo 27:15.

Susu nyui aɖe tae apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mina woaɖe . . . ɣlidodo kple busubɔbɔ katã . . . ɖa le mia dome.” (Efesotɔwo 4:31) Gake nukae nye “busubɔbɔ”? Paulo de vovototo woa kple “ɣlidodo” (Helagbe, krau·geʹ), si fia ko be woakɔ gbe dzi la dome. “Busubɔbɔ” (Helagbe, bla·sphe·miʹa) ku ɖe nyagbeawo ŋu wu. Ne enye ameteteɖeanyi, veve heliheli, gbɔɖiame, alo amedzudzu la, ke busubɔbɔe—ɣli alo dalĩe wodo hafi gblɔe o.

Abi Siwo Nyagbɔgblɔ Dea Ame Ŋu

Gbedaɖeamegbɔ ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖeɖe me abe alesi ƒutsotsoe te ŋu ɖua agakpe vivivii ene. Ðk. Daniel Goleman ŋlɔe be: “Zi alesi enu sẽe eye eteƒe didii la, zi nenemae wògblẽa nui. . . . Nyaheɖeameŋu kple vlodoame alo fuléame ɣesiaɣi nye afɔku ƒe dzesiwo elabena wofia be ŋutsua alo nyɔnua bu fɔ srɔ̃a le susu me xoxo.” Ne lɔlɔ̃ nu tsi la, ŋutsu kple srɔ̃a va zua nusi agbalẽ aɖe gblɔ be “woɖe srɔ̃ le se nu, gake menye le seselelãme nu o.” Ðewohĩ woagbe wo nɔewo le ɣeyiɣi aɖe megbe.

Nya vlo gbɔgblɔ ɖe ame ŋu ate ŋu agblẽ nu geɖe wu srɔ̃ɖeɖea ŋutɔ ko. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ne dzi le nu xam la, ekema wɔna vɔna le dzideƒo ŋu.” (Lododowo 15:13) Alesi amedzudzu ɣesiaɣi tena ɖe ame dzii ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, numekuku si Washington (U.S.A.) ƒe Yunivɛsiti wɔ ɖee fia be wɔɖi, aɖuɖɔtoe me dɔléle, manyɛ, kple dɔgbo me dɔléle ate ŋu aɖe fu na nyɔnu si wodzuna ɣesiaɣi.

Nyɔnu geɖe siwo wodzuna heƒona la gblɔ be dzu vea ame wu ƒoƒo. Beverly gblɔ be: “Abi siwo maxɔ ne eƒom la, aku ahabu tsã, gake nyemaŋlɔ nya vlo siwo wògblɔna ɖe nye dzedzeme, alesi meɖaa nui, kple alesi meléa be na ɖeviawoe ŋu be akpɔ gbeɖe o.” Nenema ke Julia hã se le eɖokui me. Egblɔ be: “Menya be eɖi movinya, gake ne eƒom ʋuu wòtii la, enyo nam wu be wòanɔ dzivenya siawo gblɔm gaƒoƒo geɖe.”

Gake nukatae ame aɖewo doa nu ɖe amesi wobe yewolɔ̃ gbɔ heɖia gbɔe? Nyati si kplɔe ɖo ɖo biabia sia ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati siawo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

“Ne eƒom ʋuu wòtii la, enyo nam wu be wòanɔ dzivenya siawo gblɔm gaƒoƒo geɖe.”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

“Ènya alesi nyɔnu si anɔ yɔwòm ɣesiaɣi be alakpatɔ, movitɔ ƒoaka alo agblɔ nya vɔ̃ siwo wu ema gɔ̃ hã ɖe ŋuwò gbɔ nɔnɔ lea?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe