INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 12/8 axa 24-27
  • Amekawoe Le Gbɔgbɔmenutoa Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekawoe Le Gbɔgbɔmenutoa Me?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ La
  • Mawudɔlawo, Mawu ƒe Dɔtsɔla Ŋusẽtɔwo
  • Satana Kple Gbɔgbɔ Vɔ̃wo, Mawu Kple Amegbetɔwo ƒe Futɔwoe Wonye
  • Afikae Tɔgbuiawo Le?
  • Tɔtrɔ Zu Anyi
  • Amekawoe Le Gbɔgbɔmenutome?
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Afikae Mía Tɔgbui Kukuwo Le?
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Gbɔgbɔwo Menɔ Anyigba Dzi Kpɔ Heku O
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
  • Nu Si Ŋutegawo Ðe Fia Le Gbɔgbɔmenutowo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 12/8 axa 24-27

Amekawoe Le Gbɔgbɔmenutoa Me?

XEXEAME va zu subɔsubɔdzixɔsewo kple gɔmeɖosewo ƒe “asixɔ.” Le Afrika ɖeɖe dzaa la, subɔsubɔha akpe geɖewoe li, ɖesiaɖe kple eƒe nukpɔsusu le nusi yia edzi le gbɔgbɔmenutoa me ŋu. Gake be míanya nyateƒe si me kɔ la, ehiã be míatrɔ ɖe Biblia ŋu. Ede dzesi gbɔgbɔawo—nyuiawo kple vɔ̃awo siaa—siwo le gbɔgbɔmenutoa me. Eyɔ amesi míate ŋu aƒo koko na dzidzedzetɔe hena kpekpeɖeŋu kple takpɔkpɔ hã.

Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ La

Wofia nu le dekɔnusubɔsubɔ si le Afrika me be Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖee le tɔgbuiawo kple mawuawo dzi ɖum. Agbalẽ si nye African Mythology gblɔ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be Afrikatɔwo katã alo wo katã kloe xɔe se be Ŋusẽkatãtɔ si nye nuwo katã wɔla aɖe li.” Agbalẽ si nye African Religion in African Scholarship gblɔ be: “Esi Mawue nye ŋusẽtɔ gãtɔ si le xexeame godoo kplɔm ta la, Egbɔe nugbagbe kple ŋusẽ bubuwo kata tso. Eya ƒe gãnyenye kple ŋusẽe ƒo ɖesiaɖe ta.”

Biblia lɔ̃ ɖe edzi be Ame aɖe li si nye ŋusẽtɔ gãtɔ le gbɔgbɔmenutoa me. Eƒo nu tso eŋu be enye “mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le, amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnu aɖeke o.”—Mose V, 10:17.

Le Afrika katã la, wotsɔ ŋkɔ kple dzesideŋkɔ alafa geɖe na amesi wobu ŋusẽkatãtɔ lae. Gake nya kae Mawu ƒe Nya gblɔ le Mawu ƒe ŋkɔ ŋu? Hakpala la ŋlɔe be: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” (Psalmo 83:19) Ŋkɔ kɔkɔe sia dze zi 7,000 kple edzivɔ le Biblia nuŋlɔɖia me, gake Biblia-gɔmeɖela aɖewo tsɔ dzesideŋkɔwo abe “Mawu” alo “Aƒetɔ” ene ɖo eteƒe.

Esi Yehowa nye ŋusẽkatãtɔ ta la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Eƒo nu tso eɖokui ŋu be yenye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o.”—Mose II, 34:6, 7; Samuel I, 2:6, 7.

Mawudɔlawo, Mawu ƒe Dɔtsɔla Ŋusẽtɔwo

Yehowa wɔ gbɔgbɔmemewo ɖe dziƒo gbaɖegbe ke hafi va wɔ amegbetɔwo alo anyigba ŋutɔ gɔ̃. Biblia gblɔ be esime Mawu ‘ɖo anyigba gɔme anyi la . . . , Mawu ƒe viwo [mawudɔlawo] katã gli kple dzidzɔ.’ (Hiob 38:4-7) Mawudɔla miliɔn geɖewo li. Yehowa ƒe dɔla Daniel ŋlɔ nu tso dziƒonuwo ƒe ŋutega si me wòkpɔ “ame akpe teƒe akpe le [Mawu subɔm], eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ” la ŋu.—Daniel 7:10.

Amesi wova yɔ be Yesu Kristo ye nye gbɔgbɔmeme gbãtɔ si Yehowa wɔ. (Yohanes 17:5; Kolosetɔwo 1:15) Hafi Yesu nazu ame adzɔ ɖe anyigba dzi la, enye gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ aɖe nɔ dziƒo. Esi Yesu ku abe amegbetɔ ene megbe la, wofɔe ɖe tsitre yi dziƒo, afisi wògazu gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ aɖe le.—Dɔwɔwɔwo 2:32, 33.

Ŋusẽ gã aɖe le Yesu si le dziƒo. Woyɔ Yesu si wogayɔna be Mixael la le Yuda 9 be “mawudɔla gã,” si fia be eyae nye mawudɔlawo ƒe tatɔ alo gãtɔ. (Tesalonikatɔwo I, 4:16) Ekpɔ ŋusẽ ɖe anyigba hã dzi. Yehowa tsɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe.” (Daniel 7:13, 14) Togbɔ be ŋusẽ sia gbegbe le Yesu si hã la, ebɔbɔ ɖe Fofoa Yehowa te.—Korintotɔwo I, 11:3.

Togbɔ be Yehowae mawudɔla wɔnuteƒewo subɔna hã la, wowɔa subɔsubɔdɔ na Mawu subɔla siwo le anyigba dzi hã. Apostolo Paulo ŋlɔe be: “Alo [mawudɔlawo] katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?” (Hebritɔwo 1:14) Woƒe didi vevie nye be amewo nasrɔ̃ nyateƒea le Yehowa ŋu. Apostolo Yohanes kpɔe le ŋutega me “mawudɔla . . . aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.”—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

Satana Kple Gbɔgbɔ Vɔ̃wo, Mawu Kple Amegbetɔwo ƒe Futɔwoe Wonye

Nublanuitɔe la, menye mawudɔlawo katãe wɔ nuteƒe na Mawu o. Ðewo dze aglã ɖe eŋu eye wova zu Mawu kple ameƒomea ƒe futɔwo. Aglãdzela gãtɔe nye Satana Abosam.

Togbɔ be ame geɖe melɔ̃na ɖe edzi egbea be Satana li o hã la, ame aɖeke megbe be vɔ̃ meli o. Agbalẽ si nye The Death of Satan gblɔ be edzixɔxɔ se be vɔ̃ li evɔ womaxɔe ase be dzɔtsoƒe li nɛ o la he “kuxi si nu womate ŋu asi le o” vɛ. “Míenya be nane li evɔ nyagbewo megale míaƒe kɔnuwo me míatsɔ ayɔe o.”

Gake nyagbewo le Biblia me eye egblɔ nyateƒea tsitotsito le afisi vɔ̃ tsona ŋu. Eɖe eme be nuwɔwɔ siwo nye mawudɔlawo, siwo Yehowa wɔ la katã nɔ dzɔdzɔe eye wonyo; mewɔ ɖeke wònye mawudɔla vɔ̃ɖi o. (Mose V, 32:4; Psalmo 5:5) Gake wona ŋutete mawudɔlawo be woatia nyui alo vɔ̃, abe alesi wonɛ amegbetɔwoe ene. Ðokuitɔdidi ƒe dzodzro aɖe ɖo gbɔgbɔmevi deblibo siawo dometɔ ɖeka me be woatsɔ tadedeagu si Yehowa ɖeɖeko dze na la ana ye. Ale wɔ wòva xɔ ŋkɔ Satana si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.” (Tsɔe sɔ kple Yakobo 1:14, 15.) Satana menye ameflula dzro aɖe ko abe alesi Afrika subɔsubɔ aɖewo fia nui ene o; eye menye “ameŋudzɔla” si kpɔa amesiwo saa vɔ nɛ edziedzi ta hã o. Biblia gblɔ be enye tamesesẽtɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.

Mawudɔla bubuwo wɔ ɖeka kple Satana wodze aglã ɖe Mawu ŋu. Mawudɔla gbɔgbɔ vɔ̃ siawo hã nye anyigbadzitɔwo ƒe futɔwo. Woawo hã nye tamesesẽtɔ vɔ̃ɖiwo. Tsã la, wona ame aɖewo zu aɖetututɔwo kple ŋkuagbãtɔwo. (Mateo 9:32, 33; 12:22) Wokplɔ dɔléle alo tsukuku ƒu ame bubuwo, kple ɖeviwo hã. (Mateo 17:15, 18; Marko 5:2-5) Edze ƒã be tagbɔnɔsitɔ aɖeke madi be kadodo aɖeke nanɔ ye kple Satana alo gbɔgbɔ vɔ̃ mawo dome o.

Afikae Tɔgbuiawo Le?

Ame miliɔn geɖe xɔe se le Afrika kple teƒe bubuwo be ku menye agbeseƒe o ke tɔtrɔ ɖe nɔnɔme bubu me ko wònye, alo mɔzɔzɔ aɖanɔ agbe le gbɔgbɔmenutome, afisi mawuwo kple tɔgbuiawo le. Agbalẽnyala John Mbiti si nye Afrika subɔsubɔwo ŋutinunyala ŋlɔ tso tɔgbuiawo, siwo wòyɔ be “ame-kuku-gbagbewo” dzixɔse ŋu be: “‘Gbɔgbɔ’ siawo ŋue Afrikatɔwo tsia dzi ɖo vevie . . . Wonya nusiwo le dzɔdzɔm le ƒomea me [le anyigba dzi] eye wotsɔ ɖe le eme. . . . Woawoe kpɔa ƒomenyawo, kɔnuwo, agbenɔnɔdzidzenuwo, kple dɔwɔnyawo gbɔ. Nya siawo dzi dada nye agɔdzedze le tɔgbuigãwo dzi, amesiwo wɔa woƒe ɖoƒe ŋudɔ abe kpovitɔ makpɔmakpɔwo ene na ƒomewo kple duwo. Esi wogabua wo ‘amewoe’ ta la, ame-kuku-gbagbeawoe nye domenɔla nyuitɔwo kekeake le amegbetɔwo kple Mawu dome: wonya amegbetɔwo ƒe nuhiahiãwo, ‘nyitsɔ laa’ koe wonɔ amegbetɔwo dome, azɔ hã dzeɖoɖo kple Mawu ƒe mɔnuwo katã le wo si me.”

Gake nya kae Biblia gblɔ le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu? Eɖee fia be naneke meli woyɔna be “ame-kuku-gbagbewo” o. Ðe ame kuna alo nɔa agbe—manye evea siaa gbeɖe o. Mawu ƒe Nya fia nu be kukuawo mesea nu, kpɔa nu, ƒoa nu, alo bua tame o. Ŋutete aɖeke mele kukuawo ŋu be woakpɔ agbagbeawo ta o. Biblia gblɔ be: “Kukuawo menya naneke o . . . Woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, . . . Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe [yɔdo], afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:5, 6, 10) “[Amegbetɔ gbugbɔna] yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:4.

Tɔtrɔ Zu Anyi

Ne lɔlɔ̃ ɖe nya sia dzi sesẽ na wò la, ke de ŋugble le nusi dzɔ ɖe ame gbãtɔ, Adam dzi ŋu kpɔ. Yehowa “tsɔ anyi mè” Adam. (Mose I, 2:7) Esi Adam mewɔ Yehowa ƒe se dzi o la, kue nye tohehea. Mawu gblɔ nɛ be: “Nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!”—Mose I, 3:19.

Hafi Yehowa natsɔ anyi amè Adam la, Adam menɔ anyi o. Eyata esi ‘wògatrɔ zu anyi’ la, egazu nusi me agbe mele o abe anyi ene. Menye afisi tɔgbuiawo ƒe gbɔgbɔ le ye wòyi o. Menye dziƒo alo dzo mavɔ me wòyi o. Esime wòku ko la, eseƒee nye ma.

Ðe nu ma ke dzɔna ɖe ame bubuwo dzi ne wokua? Ẽ, edzɔna. Biblia gblɔ be: “Wo katã [amegbetɔwo kple lãwo siaa] woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.” (Nyagblɔla 3:20) Biblia do ŋugbe be Mawu afɔ amesiwo ku ɖe tsitre va paradisonyigba dzi, gake ɣeyiɣi ma mede haɖe o. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Gake fifia mele be míavɔ̃ kukuawo alo asa vɔ na wo o elabena womate ŋu akpe ɖe mía ŋu alo awɔ nuvevi mí o.

Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo di be yewoable amewo le nɔnɔme si me wo tɔgbui kukuwo le ŋu, eyata woka aʋatso be ne ame ku la, eganɔa agbe. Mɔ siwo dzi wowɔa esia tonɛ ƒe ɖekae nye aʋatsoŋutinyawo gbɔgblɔ. (Timoteo I, 4:1) Wotoa ŋutegawo, drɔ̃ewo, kple ŋɔliyɔlawo hã dzi blea amewo ne woasusu be yewoƒo nu kple kukuawo. Gake menye amesi ku lae woƒo nu kple o. Ke boŋ gbɔgbɔ vɔ̃woe wɔ wo ɖokui abe amesiwo ku ene. Ema tae Yehowa bua fɔ amesiwo biaa nu kukuawo tẽ alo toa mɔ bubuwo abe afakaka ene dzi vevie.—Mose V, 18:10-12.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gbɔgbɔ vɔ̃wo toa ŋutegawo, drɔ̃ewo, kple ŋɔliyɔlawo dzi blea amewo hedoa ŋɔdzi na wo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔa wo ɖokui abe amesiwo ku ene, bene woable amewo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe