INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 12/8 axa 28-30
  • Mía Xɔlɔ̃ Nyuitɔ Kekeake Le Gbɔgbɔmenutoa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mía Xɔlɔ̃ Nyuitɔ Kekeake Le Gbɔgbɔmenutoa Me
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Di be Míasubɔ Yewo
  • Yehowa Tɔe Nye Tadedeagu
  • Woaɖe Ŋusẽ Vɔ̃ɖiwo Ða
  • Etsɔ si Me Vɔ̃ Manɔ O
  • Dziɖula Siwo Le Gbɔgbɔmenutowo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Aglãdzedze Le Dziƒonutowo Me
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
  • Amekawoe Le Gbɔgbɔmenutome?
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Ŋutega Siwo Ðe Nu Siwo Le Dziƒonutowo Me Fia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 12/8 axa 28-30

Mía Xɔlɔ̃ Nyuitɔ Kekeake Le Gbɔgbɔmenutoa Me

BIBLIA ƒo nu tso amesiwo le gbɔgbɔmenutoa me ŋu nyuie eme kɔ. Yehowa Mawue nye gãtɔ kekeake le dziƒo. Yesu Kristoe kplɔ Yehowa ɖo le ŋusẽ kple gãnyenye me. Mawudɔla siwo wɔa nuteƒe na Mawu la nye dɔtsɔlawo na Mawu kple eƒe ame siwo le anyigba dzi. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tsia tre ɖe Mawu ŋu eye woblea amegbetɔwo. Kukuawo le alɔ̃ dɔm le ku me vaseɖe esime Mawu nafɔ wo ɖe tsitre.

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Di be Míasubɔ Yewo

Esi kukuawo megale agbe o ta la, viɖe aɖeke manɔ wo subɔsubɔ me o. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe aʋatsonyawo koe kakana ne wole vɔwo sam na kukuawo.

Ðe Mawu ƒe dɔlawo di be míasubɔ yewoa? Gbeɖe! Mawudɔla wɔnuteƒewo tsɔa kafukafu na Mawu eye wodea dzi ƒo na amegbetɔwo be woawo hã nawɔ nenema. Zi eve sɔŋ apostolo Yohanes di be yeade ta agu na mawudɔlawo gake woka mo nɛ be: “Kpɔ ɖa, megawɔe o . . . de ta agu na Mawu ko!”—Nyaɖeɖefia 19:10; 22:8, 9.

Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo di be woasubɔ yewo ahakafu yewo, gake mawudɔla wɔnuteƒewo ya medii o. Esia dze esime Satana te Yesu kpɔ esime Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi. Biblia ka nya ta be: “Abosam [gakplɔ Yesu] heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi, eye [wòɖe] xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae; eye wògblɔ nɛ bena: Matsɔ nusiawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.”—Mateo 4:8, 9.

Yesu ɖo eŋu be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.’” (Mateo 4:10) Yesu nya Yehowa ƒe Sea eye egbe be yemada le edzi o.—Mose V, 6:13.

Togbɔ be Satana mete ŋu na Yesu de ta agu nɛ o hã la, ekpɔ dzidzedze le ame bubuwo gome. Nyateƒee, ame ʋee aɖewo koe ɖonɛ koŋ subɔa Satana. Gake Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tsɔa amefuflu, amebeble, aʋatsokaka, kple vɔvɔ̃ he ame geɖe ɖa tso Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa gbɔ ale be apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Amesiwo dea ta agu le mɔ siwo mesɔ kple Mawu ƒe Nya o nu la, Satana ŋue wodea bubui, menye Yehowa o. Biblia xlɔ̃ nu be: “Nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o.”—Korintotɔwo I, 10:20.

Yehowa Tɔe Nye Tadedeagu

Mawu ɖeka ko wòle be míasubɔ. Yehowa gblɔ na Mose be: “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o. Megawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye.”—Mose II, 20:3-5.

Togbɔ be Yehowa ƒe gãnyenye dzi ŋɔ hã la, woate ŋu ate ɖe eŋu. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Apostolo Paulo ŋlɔ be: “[Mawu] mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Eye apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Dzideƒo, si le mía si le [Yehowa gbɔ] la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí. Eye ne míenyae bena, eɖoa to mí le nusianu, si ke míebia me la, ekema míenyae bena, míexɔa nusiwo míebia tso egbɔ.”—Yohanes I, 5:14, 15.

De dzesii be Yohanes ŋlɔe bena Yehowa aɖo míaƒe biabiawo ŋu ne míebiae “le eƒe lɔlɔ̃nu.” Be míanya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, ele be míasrɔ̃ nusi Biblia fia. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò nàse Biblia gɔme.

Ne èle nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, wò sidzedze le amesiwo le gbɔgbɔmenutome ŋu adzi ɖe edzi. Sidzedze sia ɖea ame le aʋatsodzixɔse, nufiafia, kple kɔnu siwo Satana tsɔ na vɔvɔ̃ léa amewo eye wòɖea aboyo wo la me. Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ afia wò alesi nàɖo ŋu ɖe eŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na gbesiagbe ƒe agbemekuxiwo alo aɖu wo dzi. Àte ŋu azu Mawu xɔlɔ̃. Eye Mawu anye ‘sitsoƒe kple ŋusẽ na wò, xɔnametɔ le xaxawo me.’—Psalmo 46:2.

Woaɖe Ŋusẽ Vɔ̃ɖiwo Ða

Mègake ɖii gbeɖe be gbɔgbɔ me ŋusẽ nyuiwo aɖu gbɔgbɔ me ŋusẽ vɔ̃wo dzi o. Wowɔ aʋa aɖe le gbɔgbɔmenutoa me xoxo eye wonyã Satana kple eƒe zɔhɛ vɔ̃wo le dziƒo. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be: “Aʋa dzɔ le dziƒo: Mixael [Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre] kple eƒe dɔlawo yi aʋa wɔ ge kple ʋɔ driba la. Eye ʋɔ driba kple eƒe dɔlawo wɔ aʋa la, eye womeɖu dzi o, eye womegakpɔ woƒe teƒe hã le dziƒo o. Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.”—Nyaɖeɖefia 12:7-9.

Nukae do tso aʋa ma me? Nyatakakaa yi edzi be: “Eyata dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple amesiwo nɔ wo me la! Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Dziƒotɔwo akpɔ dzidzɔ elabena Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo megale afima aɖe fu na wo o. Gake enyanyã le dziƒo he fukpekpe geɖe kple kuxi gãwo va anyigbadzitɔwo dzi. Fukpekpe ƒe ɣeyiɣi ma mee míele fifia.—Timoteo II, 3:1-5.

Etsɔ si Me Vɔ̃ Manɔ O

Gake Biblia na mɔkpɔkpɔ hã mí. Eka ɖe edzi na mí be “vovoɣi vi aɖe” koe susɔ na Abosam ne woaxɔ ŋusẽ le esi. Ne ema dzɔ la, Yehowa ahe yayra wɔnukuwo vɛ na amesiwo katã le anyigba dzi siwo di be yewoadze xɔlɔ̃e la. De ŋugble le ŋugbe siwo wòdo ɖe etsɔme ŋu ƒe ʋee aɖewo ŋu kpɔ:

“Bli ado kpekpe le anyigba dzi kple towo tame.”—Psalmo 72:16.

“Nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o.”—Yesaya 65:22, 23.

“Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

“Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 35:5, 6.

“Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

“Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

Yehowa, Mawu vavã la, ɖeka koe ate ŋu ana ŋugbedodo gã siawo nava eme. Naneke maxe mɔ na eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ o. “Naneke mesẽ na Mawu o.”—Luka 1:37.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Ne èdze xɔlɔ̃ Mawu ko la, akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ agbemekuxiwo gbɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe