Kpekpeɖeŋu Nana Dɔnɔdzikpɔla La—Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu Awɔe
“MÍA kple Lawrie míeɖe mía nɔewo ƒe 55 sɔŋ enye sia—eteƒe didi—eye ƒe mawo vivi ŋutɔ! Ðe wòanya wɔ be makpɔ edzi le aƒeme la, anye ne mewɔe. Gake nye lãme va nɔ gbegblẽm. Mlɔeba la, eva hiã be makplɔe yi dɔnɔdzikpɔƒee. Nya sia gbɔgblɔ sesẽna nam ŋutɔ. Melɔ̃e eye medea bubu eŋu vevie, mesrãnɛ kpɔ edziedzi alesi mate ŋui. Ema koe nye ŋusẽ aɖe mɔ nam mawɔ.”—Anna, nyɔnu si xɔ ƒe 78 eye wòkpɔ srɔ̃a si ŋu Alzheimer-dɔléle le dzi ƒe 10 kple edzivɔ eye wògakpɔ wo vinyɔnu si ŋu Down-dɔléle le dzi ƒe 40 sɔŋ.a
Menye Anna ɖeka dzi koe nya sia dzɔ ɖo o. Numekuku aɖe si wowɔ le Britania-nyigbawo dzi ɖee fia be “le ƒe aɖewo xɔlawo dome (amesiwo le ƒe 40-awo kple 50-awo me) la, nyɔnu ɖeka le eve ɖesiaɖe me kpɔa dɔnɔ dzi.” Abe alesi míedzro eme va yi ene la, nuteɖeamedzi kple kuxi siwo dɔnɔdzikpɔlawo doa goe ate ŋu adze ɣeaɖewoɣi be ewu tsɔtsɔ na wo.
Ðk. Fredrick Sherman si le Amerika Ame Tsitsiwo Ŋuti Nusrɔ̃ha me la gblɔ be: “Meka ɖe edzi be dɔnɔdzikpɔlawo dometɔ 50 le alafa me ya teti léa blanui le dzikpɔkpɔdɔa ƒe ƒe gbãtɔ me.” Le ame tsitsiwo abe Anna ene gome la, woa ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple lãmegbegblẽ ate ŋu ana nuwo nagasesẽ na wo wu.
Be míakpe ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ŋu woatsɔ woƒe agbawo la, ehiã be míanya woƒe nuhiahiãwo. Nuhiahiã kawoe, eye aleke míakpɔ wo gbɔe?
Ehiã be Dɔnɔdzikpɔlawo Nagblɔe
Nyɔnu aɖe si na kpekpeɖeŋu le exɔlɔ̃ aɖe si nɔ kukum dzi kpɔkpɔ me la gblɔ be: “Ehiã be magblɔe ne makpɔ gbɔdzɔe.” Abe alesi wòdze le nyati si do ŋgɔ me ene la, kuxiwo tsɔtsɔ nɔa bɔbɔe eye wo gbɔ nya kpɔna wu ne wote ŋu gblɔe na xɔlɔ̃ nugɔmesela aɖe. Dɔnɔdzikpɔla geɖe siwo gblɔ be nɔnɔmea do agba na yewo la kpɔe be nuƒoƒo tso eŋu na wosea yewoƒe seselelãmewo gɔme eye agba dona le yewo dzi vie.
Jeanny gblɔ le ɣeyiɣi si me wònɔ srɔ̃a dzi kpɔm ŋu be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ esi xɔ̃nyewo kpɔe dze sii be mí ame evea siaa míehiã dzideƒo.” Egblɔ be amesiwo kpɔa dɔnɔwo dzi hiã dzideƒo, kple ɣeaɖewoɣi amesi ase nu gɔme ahafa akɔ na wo. Hjalmar si na kpekpeɖeŋu le srɔ̃a nɔvi si dze dɔ dzi kpɔkpɔ me la lɔ̃ ɖe edzi be: “Mehiã amesi magblɔ nye vɔvɔ̃wo kple kuxiwo na eye wòase nye seselelãmewo gɔme.” Hjalmar gagblɔ le exɔlɔ̃ vevi aɖe ŋu be: “Mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne mesrãe kpɔ, ne gaƒoƒo afãe gɔ̃ hã. Eɖoa to sea nye nyawo katã. Etsɔ ɖe le eme nam ŋutɔ. Nye dzi dzea eme le ema megbe.”
Dɔnɔdzikpɔlawo ate ŋu akpɔ dzideƒo geɖe tso nugɔmesela si ase nya na wo gbɔ. Biblia ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.” (Yakobo 1:19) Nyatakaka aɖe si le The Journals of Gerontology fia be “zi geɖe la, nyanya be kpekpeɖeŋu li ɖeɖe dzaa naa gbɔdzɔe geɖe ame.”
Gake le nya sese na wo kple kpekpeɖeŋu nana wo megbe la, nu bubu kawo hãe dɔnɔdzikpɔlawo hiã?
Kpekpeɖeŋu Ŋutɔŋutɔ Nana
Ðk. Ernest Rosenbaum gblɔ be: “Lɔlɔ̃ ɖeɖefia kple dzideƒoname le mɔ sia mɔ nu ɖea vi na dɔnɔa kple ƒomea.” Gbã la, àte ŋu aɖe “lɔlɔ̃ kple dzideƒoname” ma afia ne èsrã wo kpɔ, ne èƒo ka na wo, alo ne èŋlɔ nya kpui aɖe na wo (àte ŋu atsɔ seƒoƒo alo nunana bubu aɖewo akpe ɖe eŋu).
Sue gblɔ le kpekpeɖeŋu si wona eƒe ƒomea esime Hodgkin-dɔlélea nɔ fofoa wum ŋu be: “Ne xɔlɔ̃wo va srã mí kpɔ kpuie la, efaa akɔ na mí ŋutɔ.” Eyi edzi be: “Ne amewo ƒo ka la, xɔ̃nyeawo dometɔ ɖekae ɖoa eŋu eye wònyãa mí katã ƒe nuwo heɖoa wo dzi.”
Woate ŋu awɔ nane koŋ le kpekpeɖeŋu si woana dɔnɔdzikpɔlawo me, eye ele be woawɔe. Elsa gblɔ be: “Edea dzinye ŋutɔ ne xɔ̃nyewo na kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔm. Womegblɔna ko be: ‘Ne nane li mawɔ la, nàgblɔe nam sea’ o. Ke boŋ wogblɔna be: ‘Meyina asiƒleƒe. Nukae maƒle vɛ na wo?’ ‘Mate ŋu adzra wò abɔa me ɖoa?’ ‘Mate ŋu ava nɔ dɔnɔa gbɔ axlẽ nu nɛ.’ Nu bubu si hã míekpɔ be enyo enye be míewɔ ɖoɖo be ne ɖeɖi te xɔ̃nye dɔnɔ la ŋu alo wòle alɔ̃ dɔm la, ke vavalawo naŋlɔ woƒe nyawo ɖe agbalẽ dzi ada ɖi. Ema na mí katã míekpɔ dzidzɔ geɖe.”
Ne èbe yeawɔ dɔ tɔxɛ aɖe na amea la, ate ŋu anye aƒemedɔ ɖesiaɖe faa. Rose ɖe eme be: “Abaɖoɖo, dɔnɔa ƒe lɛtawo ŋɔŋlɔ, amesiwo va dɔnɔa gbɔ xɔxɔ, atikewo xɔxɔ, ɖamekɔklɔ kple ɖawɔwɔ, kpakple agbawo kɔklɔ nye kpekpeɖeŋu siwo dzea ŋunye.” Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã ate ŋu ava nɔ nu ɖam ɖekaɖeka atsɔ akpe ɖe dɔnɔdzikpɔla la ŋu.
Ne asɔ la, anyo hã be woawɔ dɔ suesue aɖewo le dɔnɔa dzi kpɔkpɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ahiã be woakpe ɖe dɔnɔdzikpɔla la ŋu ana nuɖuɖu dɔnɔa alo ale tsi nɛ.
Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo tsɔ ɖe le eme ate ŋu akpe ɖe ame ŋu nyuie ne dɔlélea dze egɔme teti, gake ne eteƒe didi ɖe? Esi mía ŋutɔwo ƒe dɔwɔnawo mana vovo nanɔ mía ŋu o ta la, míate ŋu aŋlɔ dɔ geɖe siwo—anɔ agbɔ sɔm ɖe edzi—le dɔnɔdzikpɔlawo dzi be bɔbɔe. Aleke wòawɔ nublanui enye si ne kpekpeɖeŋu si wohiã vevie la megale vavam o!
Ne edzɔ alea la, anyo be dɔnɔdzikpɔla la nayɔ ƒometakpekpe ne woagblɔ alesi woakpɔ dɔnɔa dzii. Enya wɔna zi geɖe be nàbia xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo di be yewoana kpekpeɖeŋu la ne woakpe ɖe ŋuwò. Nu mae Sue kple eƒe ƒomea wɔ. Egblɔ be: “Ne míehiã kpekpeɖeŋu la, míeɖoa ŋku amesiwo gblɔ be yewoakpe ɖe mía ŋu dzi eye míeƒoa ka na wo. Míekpɔe be míate ŋu abia be woakpe ɖe mía ŋu.”
Mina Woagbɔ Ðe Eme Vie
Agbalẽ si nye The 36-Hour Day gblɔ be: “Ele vevie ŋutɔŋutɔ na wò [dɔnɔdzikpɔla la] kple wò [dɔnɔa]—be miaɖo ɣeyiɣi edziedzi ‘adzudzɔ’ le amesi dze dɔ vevie dzi kpɔkpɔ ŋkeke bliboa me. . . . Gbɔɖeme xɔxɔ le [dɔnɔa] dzi kpɔkpɔ me nye nu vevitɔwo dometɔ ɖeka si nàte ŋu awɔ ale be nàyi edzi akpɔ amea dzi.” Ðe dɔnɔdzikpɔlawo lɔ̃ ɖe nya sia dzia?
Maria si na kpekpeɖeŋu le exɔlɔ̃ si dɔdzẽ nɔ wuwum dzi kpɔkpɔ me la ɖo eŋu be: “Nyateƒe ŋutɔŋutɔ wònye. Ɣeaɖewoɣi la, ehiã be ‘magbɔ ɖe eme’ ne ame bubu nava kpɔ edzi vie.” Joan si kpɔ srɔ̃a si dzi Alzheimer-dɔléle dze dzi la wɔ ɖeka kplii. Egblɔ be: “Míaƒe nuhiahiã vevitɔwo dometɔ ɖekae nye be míagbɔ ɖe eme ɣeaɖewoɣi.”
Gake aleke woawɔ agbɔ ɖe eme esi dɔ gbogbo ma le wo dzi? Jennifer si na kpekpeɖeŋu le dzila tsitsiawo dzi kpɔkpɔ me la gblɔ nusi na gbɔdzɔe be: “Ƒomea xɔlɔ̃ aɖe va kplɔa danye yia eɖokui gbɔe ŋkeke ɖeka bene míagbɔ ɖe eme sẽ.”
Ne asɔ la, àte ŋu akplɔ dɔnɔa dzoe vie bene dɔnɔdzikpɔla la nagbɔ ɖe eme sẽ. Joan gblɔ be: “Mekpɔa gbɔdzɔe ŋutɔ ne ame aɖe va kplɔ srɔ̃nye dzoe ale be mate ŋu akpɔ gbɔgbɔ ɣeaɖewoɣi.” Le mɔ bubu nu la, àte ŋu anɔ dɔnɔa gbɔ le eƒeme ɣeyiɣi aɖe. Kae nàwɔ o, wɔe be amesi le dɔnɔa dzi kpɔm nàte ŋu aɖi ɖe eme nyuie.
Gake nènɔ susu me na wò be menɔa bɔbɔe na dɔnɔdzikpɔlawo ɣesiaɣi be woagbɔ ɖe eme o. Ðewohĩ ate ɖe wo dzi be yewo dzo le yewoƒe lɔlɔ̃tɔa gbɔ. Hjalmar ʋu eme be: “Dzodzo le dɔnɔa gbɔ aɖaɖe modzaka alo agbɔ ɖe eme menya wɔna o. Mesena le ɖokuinye me be ele be manɔ egbɔ ɣeawokatãɣi.” Gake ne nɔvia srɔ̃ megahiã kpekpeɖeŋu aɖeke o eye wòdzo ɖagbɔ ɖe eme la, eƒe dzi dzea eme geɖe. Ame bubuwo wɔa ɖoɖo be woakpɔ yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo dzi le ame tsitsiwo dzikpɔƒe gaƒoƒo ʋee aɖewo.
Dɔlélewo Katã Nu Ayi
Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃tɔ si dze dɔ vevie dzi kpɔkpɔ nye agba gã aɖe. Gake lɔlɔ̃tɔ dzi kpɔkpɔ ate ŋu avivi eye dzidzɔ anɔ eme. Numekulawo kple dɔnɔdzikpɔlawo gblɔ be ena ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dome nɔa kplikplikpli wu. Dɔnɔgbɔnɔlawo srɔ̃a amenyenye kple aɖaŋu yeyewo godoo. Ame geɖe kpɔa gbɔgbɔ me viɖewo hã.
Vevietɔ wu la, Biblia ɖee fia be Yehowa kple Via Yesu Kristoe nye amedzikpɔla siwo kpɔa nublanui wu. Biblia me nyagblɔɖi na kakaɖedzi mí be dɔlélewo katã, fukpekpe, kple ku ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eteƒe madidi o Amegbetɔwɔla dɔmenyotɔ la ana agbe mavɔ anyigbadzinɔla dzɔdzɔewo le xexe yeye nyui si me dzidzɔkpɔkpɔ anɔ me—afisi “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:4.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]
Ne èɖe dzi ɖi la, dɔnɔa hã aɖe dzi ɖi
[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]
Xɔlɔ̃ nyuiwo ƒe kpekpeɖeŋu ado ŋusẽ wò be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽtɔwo ke hã me
[Aɖaka si le axa 12]
Dɔnɔdzikpɔkpɔ Ate Ŋu Avivi
ÐEWOHĨ ame aɖewo abia be: ‘Avivia? Aleke wɔ?’ Taflatse se nya siwo dɔnɔdzikpɔlawo gblɔ na Nyɔ! ɖa:
“Wò dɔwɔnawo kple nudidiwo gbegblẽ ɖi mefia be màkpɔ dzidzɔ tututu o. ‘Dzidzɔ le nana me wu xɔxɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 20:35) Amesi nèlɔ̃ dzi kpɔkpɔ ate ŋu avivi ŋutɔ.”—Joan.
“Edzɔ dzi nam be mekpe ɖe nɔvinyenyɔnu kple nɔvinye srɔ̃ ŋu le hiahiã ŋutɔŋutɔ me—eye womaɖo eteƒe nam o. Ena mía dome nɔ kplikplikpli. Mele mɔ kpɔm be mava zã nuteƒekpɔkpɔ sia gbaɖegbe atsɔ akpe ɖe ame bubu si le nɔnɔme sia me ŋu.”—Hjalmar.
“Megblɔ na xɔ̃nye Betty si dze dɔ la enuenu be nusi mexɔ sɔ gbɔ sã wu esi mena. Mesrɔ̃ veveseɖeamenu kple dzigbɔɖi. Mesrɔ̃e be anya wɔ be kakaɖedzi nanɔ ame si le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake hã me.”—Elsa.
“Meva sẽ ŋu wu. Meva kpɔ alesi ŋuɖoɖo ɖe Yehowa Mawu ŋu gbesiagbe be wòakpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ le bliboe wu.”—Jeanny.
[Aɖaka si le axa 13]
Ne Èsrã Dɔnɔgbɔnɔla aɖe Kpɔ La
• Se nya siwo wòagblɔ veveseɖeamenutɔe
• Kafui vevie
• Na kpekpeɖeŋu tɔxɛ aɖee
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Ƒle asi na dɔnɔdzikpɔlawo alo ɖa nu na wo nàtsɔ akpe asi ɖe wo ŋui, alo kpe ɖe wo ŋu le dɔnɔa dzi kpɔkpɔ me