Biblia ƒe Nukpɔsusu
Ðe Wòle be Ðeviwo Natia Subɔsubɔha na Wo Ðokuia?
DZILAWO wɔa tiatiawo na wo vi tso edziɣi vaseɖe eƒe ƒewuiwo me. Gake dzila nyanu nya ɣeyiɣi si me wòaɖe mɔ ɖe nanewo ŋu, ne ebu nusi adze ɖevia ŋu le ɣesiɣi wòhiã me.
Gake tiatiawɔblɔɖe alesinu woana ɖevi la ate ŋu anye kuxi na dzilawo. Togbɔ be ele eme be ɖeviwo ate ŋu awɔ tiatia nyuiwo eye wo ɖokuisinɔnɔ naɖe vi na wo ase ɖe afi aɖe hã la, enye nyateƒe hã be woate ŋu awɔ tiatia gbegblẽ siwo akplɔ wo ade afɔku me.—Fiawo II, 2:23-25; Efesotɔwo 6:1-3.
Le kpɔɖeŋu me, ɖeviwo atia nuɖuɖu si me nunyiame mele o wu esi me nunyiame le zi geɖe. Nukatae? Elabena esi wonye ɖeviwo ta la, womate ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo le wo ɖokuisi o. Ðe nunya anɔ eme be dzilawo naɖe mɔ na wo viwo be woawɔ nusi wolɔ̃ faa le nya sia me, kple susu be woava tia nuɖuɖu si me nunyiame le gbeɖeka? Ao. Ke boŋ ele na dzilawo be woabu wo viwo ƒe etsɔme nyonyo ŋu awɔ tiatia na ɖeviawo.
Eyata esɔ be dzilawo wɔa tiatia na wo viwo le nuɖuɖu, awudodo, dzadzraɖo, kple agbenyuinɔnɔ gome. Ke le mawusubɔsubɔ gome ya ɖe? Ðe wòle be dzilawo nawɔ tiatia ma hã?
Tiatia La
Ame aɖewo agblɔ be mele be dzilawo nazi woƒe mawusubɔsubɔ dzixɔsewo ɖe wo viwo dzi o. Le nyateƒe me ƒe 160 kple edzivɔ enye esia la, ame aɖewo siwo be yewonye Kristotɔwo la do susua ɖa be “mele be woafia mawusubɔsubɔ ɖeviwo o, ne menye nenema o la, woava trɔ woƒe susu ɖe xɔse ɖeka aɖe koŋ ŋu, ke ele be woaɖe asi le wo ŋu boŋ vaseɖe esime tiatiawɔwɔ ŋutete su wo si, eye wodi be yewoawɔ tiatia.”
Gake nukpɔsusu sia mesɔ kple Biblia tɔ o. Biblia te gbe ɖe alesi wòle vevie be woaƒã mawusubɔsubɔ dzixɔsewo ɖe ɖeviwo me tso wo dziɣi la dzi. Lododowo 22:6 gblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”
Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ɖevi” la ku ɖe vidzĩ va ɖo ƒewuiwo me ŋu. Ðk. Joseph M. Hunt si le Illinois Yunivɛsiti, U.S.A., gblɔ le nusɔsrɔ̃ tso ɖevime ƒe vevienyenye ŋu be: “Agbenɔƒe ene alo atɔ̃ gbãtɔwo mee ɖevi tsina le kabakaba eye wote ŋu ɖɔnɛ ɖo le wu. . . . Ðewohĩ [eƒe] ŋutete veviwo ƒe alafa memamã 20 lia sua esi hafi wòxɔa ƒe ɖeka, ɖewohĩ eƒe afã sua esi hafi wòxɔa ƒe ene.” Ðeko nya sia gaɖo kpe Biblia ƒe aɖaŋu si tso gbɔgbɔ me dzi be ele vevie be dzilawo nafia nunyamɔ wo vi ne edze agbe gɔme teti ko, eye be woahee le Mawu ƒe mɔwo dzi.—Mose V, 11:18-21.
Eɖe dzesi ƒã be Ŋɔŋlɔawo gblɔ na dzila siwo vɔ̃a Mawu be woaƒã Yehowa vɔvɔ̃ ɖe wo viwo me. Mose V, 6:5-7 gblɔ be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” Alesi wonyrea dɔwɔnu aɖe, abe le nunyrekpe dzi ene ƒe susue le Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “ku . . . ɖe to me” la me. Esia madze edzi ne wotee le kpea dzi zi ɖeka zi eve aɖe ko o, ke boŋ ele be woagbɔ dzi ɖi atee enuenu. The New English Bible ɖe Hebrigbe me dɔwɔnya la gɔme be “gbugbɔ gblɔe.” Eme kɔ be “nya kuku ɖe to me” fia be woana nu natsi susu me ɖikaa.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 27:17.
Eyata ele be dzila Kristotɔ vavãwo nabu woƒe agbanɔamedzi si nye be woafia woƒe mawusubɔsubɔ dzixɔsewo wo viwo la dɔ vevii. Manyo be woaɖe asi le agbanɔamedzi sia ŋu aɖe mɔ na wo viwo be woawɔ tiatia na wo ɖokui o. Wo ‘vi suewo’ kpɔkplɔ yi kpekpewo hã le eme. Dzilawo ate ŋu anɔ wo gbɔ le afima eye woakpe ɖe wo ŋu be woanya gbɔgbɔ me viɖe si ƒome si wɔ ɖeka ate ŋu akpɔ ne woléa to ɖe Ŋɔŋlɔawo me numedzodzrowo ŋu kple ne wokpɔ gome le wo me.—Mose V, 31:12, 13; Yesaya 48:17-19; Timoteo II, 1:5; 3:15.
Dzila ƒe Agba La
Gbɔgblɔ na ɖevi be neɖu nuɖuɖu aɖe elabena nunyiame le eme la ɖeɖeko mefia be nua avivi ɖevia nu o. Eyata dzila dzeaɖaŋu nya alesi wòawɔe be nuɖuɖu vevi siawo nadzro ame alesi dze ale be woavivi ɖevia nu. Eye ele be wòaɖa nua ale be ɖevia ƒe dɔgbo nate ŋu atui hã.
Nenema ke ɖevi ate ŋu agbe mawusubɔsubɔ mɔfiame gbã, eye dzila ate ŋu akpɔe be emedzodzro kplii mele vi ɖem o. Gake mɔfiame si Biblia na la me kɔ—ele be dzilawo nawɔ wo tɔ sinu ahe wo viwo tso vidzĩme. Eyata dzila siwo dze aɖaŋu la bua ɖevia ƒe nugɔmesese ŋutete ŋu hafi naa mawusubɔsubɔ mɔfiamewo be woanya se, to egbɔgblɔ le mɔ si awɔe be wòadzro ɖevia nu me.
Dzila lɔlɔ̃tɔwo tsia dzi vevie ɖe agba si nye be woana agbemenuhiahiãwo wo viwo la ŋu, eye zi geɖe la, ame aɖeke menya nusi hiã ɖevia wu edzilawo o. Esia tae Biblia tsɔ agbanɔamedzi vevitɔ si nye ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuwo nana de asi na dzilawo ɖo—vevietɔ vifofoa. (Efesotɔwo 6:4) Eyata mele be dzilawo nagblẽ woƒe agbanɔamedzi ɖi adi be yewoada agba la ɖe ame bubu dzi o. Togbɔ be woalɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu hã la, kpekpeɖeŋu koe wòanye, mele be wòaxɔ ɖe subɔsubɔ ƒe hehe si dzila ana teƒe o.—Timoteo I, 5:8.
Ne eɖo afi aɖe le agbe me eye mawusubɔsubɔ dzixɔse aɖewo li la, amesiame atia esiwo dzi wòadi be yeawɔ ɖo. Ne dzila Kristotɔwo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi na mawusubɔsubɔ mɔfiamewo wo viwo tso ɖevime eye ne wozã ɣeyiɣi sia tsɔ fia wo be woanɔ te ɖe gɔmeɖose siwo me susu le dzi abu nu ŋu la, anɔ eme godoo be tiatia si wo viwo ava wɔ ne wotsi la anye nyuitɔ.—Kronika II, 34:1, 2; Lododowo 2:1-9.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 24]
The Doré Bible Illustrations/Dover Publications, Inc.