Woʋli Yehowa Ðasefowo Ta Le Greece
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA GBƆ
ORTHODƆKS nunɔla si le Crete kɔƒe si nye Gazi me gblɔ le eƒe mawunya aɖe me be: “Yehowa Ðasefowo va tu akpata ɖe keke míaƒe kɔƒe me afisia. Mikpe ɖe ŋunye míaɖe wo ɖa.” Gbeɖeka fiẽ le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, wogbã Fiaɖuƒe Akpata la ƒe fesrewo eye ame aɖewo siwo womenya o la da tu wòlɔ akpata la. Ewɔe be mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋuti nya gafɔ ɖe te le Greece.
Nudzɔdzɔ siawo ʋã afima Ðasefo ene, Kyriakos Baxevanis, Vassilis Hatzakis, Kostas Makridakis, kple Titos Manoussakis be wotsɔ nya la yi na Dumegã si kpɔa Sukudede Kple Mawusubɔsubɔnyawo gbɔ be wòana mɔɖegbalẽ yewo hena mawusubɔsubɔ kpekpewo wɔwɔ. Wonɔ mɔ kpɔm be mɔɖegbalẽa ana kpovitɔwo nakpɔ yewo ta. Gake nu ma wɔwɔ manɔ bɔbɔe o.
Nunɔla la ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe ŋkutsakpovitɔwo ƒe dɔwɔƒegã si le Heraklion tsɔ na wonya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le eƒe nutome la ŋu eye wòbia be woade se ɖe wo nu kple be woaxe mɔ ɖe woƒe kpekpewo wɔwɔ nu. Ewɔe be kpovitɔwo va ku nu me eye wobia gbe amewo. Mlɔeba la, amesamala tsɔ hlɔ̃donya ɖe Ðasefoawo ŋu, eye wotsɔ nya la yi ʋɔnui.
Le October 6, 1987, dzi la, Heraklion ƒe Hlɔ̃donyawo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe tso afia na ame ene si wosama la be wotɔ dzɔ, eye wògblɔ be “womewɔ nusiwo ta wosama wo ɖo la o, elabena subɔsubɔha me tɔwo kpɔ mɔ akpe ta . . . , mehiã be woaxɔ mɔɖegbalẽ aɖeke o.” Gake ŋkeke eve megbe la, amesamala la bia be woagbugbɔ nya la adrɔ̃, eye wogatsɔ nya la yi ʋɔnudrɔ̃ƒe si kɔkɔ wu. Le February 15, 1990, dzi la, ʋɔnudrɔ̃ƒe sia tso nya me be woade Ðasefo siawo mɔ̃ ɣleti eve eye wòdo tohefe si ade $100 na wo. Esia megbe la, amesiawo siwo wosama la tsɔ nya la yi Greece ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ.
Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa te fli ɖe nya si wobe woagbugbɔ adrɔ̃ la me le March 19, 1991 dzi, eye wòda asi ɖe fɔ si wobu wo la dzi. Ƒe eve kple edzivɔ megbe esi woɖe gbeƒã Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa ƒe nyametsotsoa le September 20, 1993 dzi la, kpovitɔwo va tu Fiaɖuƒe Akpata la. Kpovitɔwo ƒe ɖaseɖigbalẽ ɖee fia be Crete ƒe Orthodɔks Sɔlemeha lae nɔ megbe na wɔna sia.
Nusia dzɔ alea le esi se aɖewo siwo wode le ƒe 1938 me kple susu be woatsɔ aɖo asi mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi la ganɔ dɔ wɔm le Greece kokoko ta. Ele sea me be ne ame aɖe di be yeaɖo tadeaguƒe aɖe la, ele be wòaxɔ mɔɖegbalẽ tso Sukudede Kple Mawusubɔsubɔnyawo Gbɔkpɔƒea kple wo gbɔ Orthodɔks Sɔlemeha ƒe bisiɔp hã gbɔ hafi. Se xoxo siawo ɖe fu geɖe na Yehowa Ðasefowo ƒe gbogbo aɖe.
Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe, Kple Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo
Esi Ðasefo ene siawo kpɔ be Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa da asi ɖe fɔ si wobu yewo dzi la, woŋlɔ kpekpeɖeŋubiagbalẽ ɖo ɖe Europa ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Gbɔkpɔha si le Strasbourg, France, le August 7, 1991, dzi. Nyagbugbɔgadrɔ̃bialaawo gblɔ be fɔ si wobu yewo la tsi tre ɖe Europa ƒe Sewo me Nyati 9 lia ŋu, esi ɖe mɔ ɖe tamesusu, dzitsinya, kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe, kple gome si le ame si be eya ɖeɖe nade ta agu alo wòabɔ ha kple ame bubuwo kple be wòawɔe le dutoƒo alo le eɖokuisi la ŋu.
Le May 25, 1995 dzi la, ame 25 siwo le Nyagbɔkpɔha la me la katã tsɔ nusɔsɔe tso nya me be Greece da Europa ƒe Sewo me Nyati 9 lia dzi le nya sia me. Nya si wogblɔe nye be, fɔbubua mesɔ ɖe gɔmesese si le mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu la nu o eye mehiã le demokrasi dukɔ me o. Nyametsotso sia si ku ɖe ʋɔnunya la ƒe dzɔdzɔe alo madzɔmadzɔ nyenye ŋu la gblɔ be: “Ƒuƒoƒo si ƒe mawusubɔsubɔ kɔnuwo kple nuwɔnawo wonya nyuie le afisiafi eye woɖe mɔ ɖe eŋu le Europa-dukɔ geɖe me la me tɔwoe nyagbugbɔgadrɔ̃bialaawo . . . nye.” Mlɔeba la, Nyagbɔkpɔha la tsɔ nya la de asi na Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea.
Womate Ŋu Axe Mɔ Na Yehowa Ðasefowo O
Woɖoe be woadrɔ̃ nya la le May 20, 1996 dzi. Ame 200 kple edzivɔe va ʋɔnudrɔ̃ƒea, eye amesiawo dometɔ aɖewo nye afima yunivɛsitiviwo kple nufialagãwo, kpakple Yehowa Ðasefo geɖe siwo tso Greece, Germany, Belgium, kple France.
Aƒetɔ Phédon Vegleris, si nye nufialagã si xɔ dzudzɔ le dɔ me le Athens ƒe Yunivɛsiti, amesi ganye Ðasefoawo ƒe senyala la gblɔ be menye Europa ƒe Sewo dzi koe ɖoɖo si dzi dumegãwo zɔ ɖo kple nyametsotso si wowɔ la da le o, ke woda Greece ƒe Dukplɔse hã dzi. “Eyata dukɔ ƒe se kple eŋudɔwɔwɔ ŋue Ʋɔnudrɔ̃ƒea le ŋku lém ɖo.”
Dukɔ ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe me tɔe Greece dziɖuɖua ƒe senyala nye, amesi le esi teƒe be wòaƒo nu tso ʋɔnunya la me nyawo ŋu la, akpa si Orthodɔks Sɔlemeha la le le Greece, kadodo kplikplikpli si le wo kple Dukplɔlawo kpakple dumeviawo dome, kple alesi wobe ehiã be wòaɖo asi subɔsubɔha bubuwo dzi boŋ ŋue wòƒo nu tsoe. Egblɔ kpee hã be tso ƒe 1960 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme te ŋu le dzidzim ɖe edzi ale gbegbe. Efia ko be wote ŋu ɖu Orthodɔks-ha la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia dzi bɔbɔe!
Wode Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Dzi
September 26 lia dzie woatso nya me. Amewo tsi dzodzodzoe, vevietɔ Yehowa Ðasefowo. Nyametsotso si Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe Zimenɔla Aƒetɔ Rudolf Bernhardt xlẽ fiae nye be: Ʋɔnudrɔ̃ƒea, si me ʋɔnudrɔ̃la asieke nɔ la tsɔ nusɔsɔe lɔ̃ ɖe edzi be Greece da Europa ƒe Sewo me Nyati 9 lia dzi. Wotso afia be woaxe ga si ade $17,000 na nyagbugbɔgadrɔ̃bialaawo bene woatsɔ axe woƒe nugblẽfewoe. Vevietɔ wu la, nya vevi geɖe le nyametsotsoa me si de mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi.
Ʋɔnudrɔ̃ƒea de dzesii be Greecetɔwo ƒe sea ɖe mɔ be “dunyaheŋusẽwo, dudzikpɔlawo kple sɔlemeha nunɔlawo nado kplamatse na mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe le nu geɖe me.” Egblɔ kpee be Dziɖuɖua ɖe wòzã ɖoɖo si bia be woaxɔ mɔɖegbalẽ kple susu be “wòatsɔ ade se sesẽwo ɖe subɔsubɔha aɖewo siwo dzi woawo meda asi ɖo o, vevietɔ Yehowa Ðasefowo, ƒe subɔsubɔdzixɔsewo dziwɔwɔ nu, alo axe mɔ na wo koŋ.” Dukɔwo dome ʋɔnudrɔ̃ƒe sia klo nu le ŋutasesẽmɔnu siwo ŋudɔ Orthodɔks-ha la wɔ ƒe geɖe enye sia la dzi.
Ʋɔnudrɔ̃ƒea te gbe ɖe edzi be “le mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ƒe gome si ŋu Seawo ɖe mɔ ɖo nu la, womeɖe mɔ na Dziɖuɖua be eya natso nya me be mawusubɔsubɔdzixɔse aɖe alo mɔ si nu woaɖe dzixɔse mawo afia le la nyo loo alo menyo o.” Egblɔ hã be “Yehowa Ðasefowo hã le ‘subɔsubɔha si wonya’ siwo ŋu Greecetɔwo ƒe se ɖe mɔ le la dome . . . Dziɖuɖua kura gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe nya sia dzi.”
Menye Fefenyae O
Le ŋkeke ʋee siwo kplɔe ɖo me la, Greecetɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ veviwo dometɔ akpa gãtɔ ƒo nu tso ʋɔnunya sia ŋu. Le September 29, 1996, dzi la, Kwasiɖagbe ƒe Kathimerini gblɔ be: “Zi alesi Greece Dziɖuɖua dze agbagba be yeaŋe aɖaba aƒu nya la dzi atsɔe be ‘fefenyae’ la, zi nenemae wònye nyateƒe be Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Strasbourg la ‘ƒo tome’ na wo, enye nu ŋutɔŋutɔ si dukɔ geɖe ŋlɔ da ɖi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gaɖo ŋku Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi ƒe Seawo me Nyati 9 lia dzi na Greece, eye wotsɔ nusɔsɔe bu fɔ Greece sewo.”
Athens ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, Ethnos, ŋlɔ le September 28, 1996, dzi be Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea “bu fɔ Greece, eye wòɖe gbe nɛ be wòaxe nugblẽfewo na eƒe dumevi siwo dzi dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖo le woƒe Yehowa Ðasefo nyenye ta.”
Wobia gbe nyagbugbɔgadrɔ̃bialaawo ƒe senyala ɖeka, Aƒetɔ Panos Bitsaxis, le radio dzi wɔna aɖe me wògblɔ be: “Ƒe 1996 mee míele, si nye ƒe alafa 21 lia ƒe agbo nu, eye edze ƒã be mele be dudzikpɔlawo nade vovototo amewo me, aɖe fu na ame, alo axe mɔ na ame le mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ƒe gomenɔamesi vevi la zazã me o. . . . Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖee esia nye na dziɖuɖua be wòagbugbɔ alé ŋku ɖe eƒe ɖoɖowo ŋu eye wòadzudzɔ vovototodedeameme sia si me susu mele o, si ŋu viɖe aɖeke mele le egbe ŋkeke kple azã me o.”
Nya si me wotso le Manoussakis Kple Etɔwo Kpakple Greece Domenya la me la na mɔkpɔkpɔ va li be Greece Dziɖuɖua ana eƒe sewo nasɔ ɖe Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa nu, ale be mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nasu Yehowa Ðasefo siwo le Greece la si bene dudzikpɔlawo, kpovitɔwo, alo sɔlemehawo nagado kplamatsɛ na wo o. Gakpe ɖe eŋu la, esiae nye zi evelia si Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Greece ʋɔnudrɔ̃lawo le nya siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu me.a
Wonya nyuie le afisiafi be Yehowa Ðasefowo ɖoa to “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” le nusianu si metsi tre ɖe Mawu ƒe Nya ŋu o la me. (Romatɔwo 13:1, 7) Womenye mɔxenu na nuwo ƒe ɖoɖonunɔnɔ le dukɔ me le mɔ aɖeke nu o. Ke boŋ woƒe agbalẽwo kple dutoƒo subɔsubɔdɔ dea dzi ƒo na amesiame be wòanye dumevi sedziwɔla eye wòanɔ ŋutifafagbe. Wonye subɔsubɔha dzɔdzɔe si woɖo le ɖoɖo nyui nu, eye emenɔlawo kpea asi ɖe woƒe nutometɔwo ƒe dedienɔnɔ ŋu. Woƒe tameɖoɖo kplikpaa le Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti dzidzenu kɔkɔwo dzi wɔwɔ me kple woƒe lɔlɔ̃ na wo havi si woɖena fiana vevietɔ to woƒe Biblia ƒe hehenanadɔ si wowɔna me la le vi nyuiwo ɖem le dukɔ 200 kple edzivɔ siwo me wole la me.
Míele mɔ kpɔm be nya si me Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso la ana mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe geɖe wu nasu Yehowa Ðasefowo kple subɔsubɔha sue bubu ɖesiaɖe si le Greece la si.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nya gbãtɔ si me wotso le ƒe 1993 me lae nye Kokkinakis Kple Greece Domenya.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, September 1, 1993, axa 27.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Fiaɖuƒe Akpata si kpovitɔwo tu le September 20, 1993 dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Europa Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe, Strasbourg
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ðasefo siwo ŋu nya la ku ɖo: T. Manoussakis, V. Hatzakis, K. Makridakis, K. Baxevanis