Sɔhɛwo Biana Be . . .
Anyrawɔwɔ Nukae Gblẽ le Eŋu?
‘Kpɔ ɖa wòe! Fefem ko mele. Nukae gblẽ le ema ŋu? Evɔ Ron dze na nu ma gɔ̃ hã ɖe.’
ÐEWOHĨ ètri hesesẽ wu hatiwòwo. Alo anye be wò susu ɖa, ènya alɔmeɖeɖe, eye èwɔa akpasesẽnu. Eɖanye kae o, edze abe meka wò ne èdo vɔvɔ̃ na ame, èɖe alɔme le ame ŋu, alo èna be woko ame aɖe o ene.
Togbɔ be fuɖeɖe na amewo awɔe be xɔ̃wòwo nako nu hã la, menye fefenyae o. Le nyateƒe me la, numekulawo va le ekpɔm be anyrawɔwɔ gblẽa nu le amesi ŋu wowɔe le ŋu wu alesi wosusui. Numekuku aɖe si wowɔ le United States ƒe sɔhɛ sukuviwo ŋu fia be “ame 90 le alafa me si ŋu wowɔ anyra le la gblɔ be egblẽ nu le yewo ŋu—womegadzea agbagba le dodokpɔ me o, wogatsi dzimaɖi ɖe edzi, xɔlɔ̃wo vɔ le wo ŋu alo womegadea ha tututu o.” Le Japan la, ƒe-13-vi aɖe “ŋlɔ agbalẽ legbee aɖe si fia be wowɔ anyra le eŋu ƒe etɔ̃ sɔŋ eye wòde ka ve emegbe.”a
Nuka koŋue nana ame zua anyrawɔla? Eye ne wò ŋutɔ hã èwɔa nu nenema la, aleke nàwɔ atrɔ?
Nukae Nye Anyra?
Biblia ƒo nu tso anyrawɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Noa Ŋɔli me Tɔɖɔɖɔa ŋu. Woyɔ wo be Nefilimwo—nya si gɔmee nye “amesiwo tua asi ame bubuwo ƒua anyi.” Le woƒe ŋɔdzidoname ŋɔli la, “nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.”—Mose I, 6:4, 11.
Gake menye ɖe nàtu kɔ ame alo aɖo asi ame hafi anye anyrawɔla o. Amesiame si sẽa ŋuta alo wɔa nusi mesɔ o ɖe ame bubuwo—vevietɔ ame beliwo alo wɔnamanɔŋutɔwo—ŋu la nye anyrawɔla. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 4:1.) Anyrawɔlawo dina be yewoaklẽ ŋku ado ame, ado vɔvɔ̃ na ame, kple be yewoaɖu ame dzi. Gake wo dometɔ akpa gãtɔ metua kɔ ame o, ke boŋ woƒe nue wozãna. Le nyateƒe me la, vevesesedodoname ye nye gbɔɖiame sia ƒomevi si bɔ. Eyata ate ŋu anye ame dzudzu, alɔmeɖeɖe, fewuɖuɖu, kple megbeŋkɔ yɔyɔ na ame.
Gake ɣeaɖewoɣi la, wote ŋu wɔa anyra le ame ŋu le aye me hã. Bu nusi dzɔ ɖe Lisa dzi ŋu kpɔ.b Eya kple nyɔnuvi aɖewoe nɔ teƒe ɖeka tsi. Gake nɔnɔmewo va trɔ esime wòxɔ ƒe 15. Lisa va dze tugbe ŋutɔ eye amewo va lɔ̃ eƒe nya. Egblɔ be: “Xɔ̃nyewo megayɔam ne wole nu wɔm o eye wogblɔa nya vɔ̃wo ɖe ŋunye le megbenye—alo ne meli gɔ̃ hã.” Wokaka alakpanyawo le eŋu bene woatsɔ aɖe bubu le eŋu. Ẽ, ŋuʋaʋã wɔe be wotsɔ vevemasemaseɖeamenu kple ŋutasesẽ wɔ anyra le eŋu.
Anyrawɔla Zuzu
Zi geɖe la, aƒe si me wonyi ame le nana wowɔa akpasesẽnu. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Scott gblɔ be: “Akpasesẽnuwɔlae nye fofonye, eyata nye hã mewɔa akpasesẽnu.” Aƒe si me nɔnɔ sesẽe Aaron hã tso. Egblɔ be: “Mekpɔe be amewo nya alesi míaƒe ƒomea le—be eto vovo—eye nyemedina be amewo nafa nam o.” Eyata ne Aaron le kamedefefe wɔm la, ele be wòaɖu dzi godoo. Gake dziɖuɖu ɖeɖe mesu nɛ o. Ele be wòado vlo etɔ hoʋlilawo—alé wo dzi ɖuɖu ŋutinya ɖe nu.
Dzila Mawuvɔ̃lawoe nyi Brent ya. Gake egblɔ be: “Medoa nukokoe amewo, gake ɣeaɖewoɣi la, nyemenya be ele be madzudzɔ o, eye medea abi amewo ƒe seselelãmewo ŋu.” Brent ƒe didi be yeado nukokoe amewo ale be woalɔ̃ yeƒe nya la wɔe be megabua ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu o.—Lododowo 12:18.
Edze abe television kpɔa ŋusẽ ɖe sɔhɛ bubuwo dzi ene. Hlɔ̃dodofefewo kafua ‘ame sesẽwo’ eye ewɔe wòdze abe ɖe nublanuikpɔkpɔ mefia ŋutsunyenye o ene. Alɔmeɖenyawo gbɔgblɔ bɔ ɖe fefe nyanyɛwo me fũ. Nyadzɔdzɔwo ƒoa nu tso kɔdada kple nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ siwo yia edzi le kamedefefewo me ŋu zi geɖe. Mía xɔlɔ̃wo hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui la dzi. Ne anyrawɔlawoe mía hatiwo nye la, ele bɔbɔe be míawɔ nu abe woawo ke ene bene woagaɖe fu na mía ŋutɔwo hã o.
Nɔnɔme ka mee nèɖale o, ne èwɔa anyra la, menye amesiwo kpea fu le asiwò me koe nèwɔa nuvevii o.
Emetsonuwo le Agbemeŋkekewo Katã Me
Magazine si nye Psychology Today ka nya ta be: “Anyrawɔwɔ ate ŋu adze egɔme tso ɖevime, gake eyia edzi vaseɖe tsitsime.” Numekuku aɖe si wota ɖe The Dallas Morning News me fia be “kaka ŋutsuvi siwo le klass evelia me siwo wokpɔ be wonye anyrawɔlawo dometɔ 65 le alafa me naxɔ ƒe 24 la, wobu fɔ wo le ʋɔnu ɖe nuvlowɔwɔ ta.”
Nyateƒe, menye anyrawɔlawo katãe zua nuvlowɔlawo ya o. Gake ne ezu numãme na wò be mètsɔa ɖeke le nuvevi si nèwɔa ame bubuwo me o la, ate ŋu aɖe fu na wò vevie ne èva tsi. Ne ele ŋuwò nètsɔ ɖe srɔ̃e la, ate ŋu ana srɔ̃wo kple viwòwo naxa nu vevie. Esi wònye dɔtɔwo lɔ̃na xɔa amesiwo nya amedomenɔnɔ ta la, ate ŋu ana màkpɔ dɔ awɔ o. Woate ŋu agbe mɔnukpɔkpɔ aɖewo tsɔtsɔ na wò le Kristotɔwo ƒe hamea me le etsɔme gɔ̃ hã. Brent gblɔ be: “Madi be madze azu hamemegã gbaɖegbe, gake fofonye kpe ɖe ŋunye mede dzesii be ne amewo susui be maɖe alɔme le yewo ŋu la, womatsɔ woƒe kuxiwo ava gbɔnyee o.”—Tito 1:7.
Alesi Woawɔ Atrɔ
Menye ɣesiaɣie míete ŋu kpɔa mía ŋutɔwo míaƒe vodadawo dzea sii bɔbɔe o. Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be ame aɖe ate ŋu ‘awɔ vi na eɖokui akpa ale be makpɔ eƒe dzidada adze sii o, eye wòalé fui.’ (Psalmo 36:3) Eyata àte ŋu abia tso dziwòla, xɔlɔ̃ ŋuɖoɖeŋua, alo Kristotɔ bibi aɖe si be wòagblɔ nusi wòde dzesii la na ye. Ate ŋu adzɔ be nyateƒea ate ɖe dziwò, gake ɖeko wòakpe ɖe ŋuwò be nànya tɔtrɔ siwo wòle be nàwɔ. (Lododowo 20:30) Aaron gblɔ be: “Mekpɔ be toɖoɖoe nye nu vevitɔ kekeake si kpe ɖe ŋunye. Amesiwo toa nyateƒea nam gblɔa afisi meda vo le la nam. Menye nya si medi be mase ye wònyena ɣesiaɣi o, gake nusi tututu hiãm wònye.”
Ðe wòfia be ele be nàtrɔ wò amenyenye katã? Ao, ɖewohĩ ɖeko wòanye be nàɖɔ wò tamesusu kple agbenɔnɔ ƒe akpa aɖewo ɖo. (Korintotɔwo II, 13:11) Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ vaseɖe fifia la, èbua ɖokuiwò be yee nye gã wu, le wò atsudzɔdzɔ, ŋusẽ, alo wò susu ɖaɖɛ ta. Gake Biblia de dzi ƒo na mí be “[mía] dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu.” (Filipitɔwo 2:3) Nyae be nɔnɔme nyoameŋuwo le ame bubuwo si—aleke kee woƒe lolome le alo ŋusẽ ka kee le wo ŋu o—siwo mele asiwò o.
Ðewohĩ ahiã hã be nàɖe asi le akpasesẽnuwɔwɔ alo aƒetɔɖuɖu ƒe nɔnɔme ŋu. Dze agbagba be ‘màgakpɔ nusi nye wò ŋutɔ tɔ ko dzi o, ke boŋ nàkpɔ nusi nye ame bubuwo tɔ hã dzi.’ (Filipitɔwo 2:4) Ne ehiã be nàɖe wò susu agblɔ la, gblɔe ale be màdzu ame, aɖe alɔme, alo ado nu ɖe ame gbɔ o.—Efesotɔwo 4:31.
Ne edzro wò nèdi be yeawɔ anyra la, ɖo ŋku edzi be Mawu ɖe wòtsrɔ̃ Nefilim anyrawɔlawo va yi. (Mose I, 6:4-7; 7:11, 12, 22) Ƒe alafa geɖe megbe, le nyagblɔɖila Xezekiel ŋɔli la, Mawu gblɔ be amesiwo “mimi” wɔnamanɔŋutɔwo eye ‘wotu dzo’ wo la, ƒe nu medze ye ŋu o. (Xezekiel 34:21) Nyanya be Yehowa lé fu anyrawɔwɔ la nye nu sẽŋu si ana nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã!
Ekpena ɖe ame ŋu hã ne wodea ŋugble le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu le gbedodoɖa me. Se Xɔasitɔ gblɔ be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Ne ewɔ na wò be yeado vɔvɔ̃ na ame aɖe la, bia ɖokuiwò se be: ‘Ðe medina be woamimim, woado vɔvɔ̃m, alo ado vlom mahã? Ke nukatae mawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu nenema?’ Biblia de se na mí be ‘míakɔ dɔme ɖe mía nɔewo ŋu, eye míaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu.’ (Efesotɔwo 4:32) Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo le go sia me. Togbɔ be enye gã na amegbetɔ bubuwo katã hã la, ekɔ dɔme ɖe ame ŋu, ese veve ɖe ame nu, eye wòde bubu amesiame ŋu. (Mateo 11:28-30) Wò hã dze agbagba nàwɔ nenema ke ne mia kple amesi le beli wu wò miedo go—alo ne edo dziku na wò gɔ̃ hã.
Gake ne alesi wowɔa nu ɖe ŋuwò le aƒemee do dziku na wò be nèwɔa akpasesẽnu ya ɖe? Le go aɖewo me la, dzikudodo ma asɔ. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:7.) Ke hã Biblia gblɔ na mí be woxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe Hiob be: “Dɔmedzoe megaflu wò nàyi fewu ɖu ge o . . . Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie! Megatrɔ ɖe yakanu ŋu o.” (Hiob 36:18, 21) Ne wodo vlo wò gɔ̃ hã la, mèkpɔ mɔ ado vlo ame bubuwo o. Nusi anyo wu be nàwɔ enye be nàdze agbagba mia kple dziwòlawo miaƒo nu tso eŋu. Ne wowɔa nu masɔmasɔ ɖe ŋuwò vevie la, ɖewohĩ ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu ahiã bene woagawɔ nuvevi bubuwo wò akpee o.
Tɔtrɔwɔwɔ manɔ bɔbɔe o, gake anya wɔ. Brent gblɔ be: “Medoa gbe ɖa tso nya sia ŋu gbesiagbe kloe, eye Yehowa kpe ɖe ŋunye mewɔ ɖɔɖɔɖo nyui aɖewo.” Ne wò hã èle ɖɔɖɔɖo wɔm le alesi nèwɔa nu ɖe amewo ŋui ŋu la, àkpɔe godoo be amewo alɔ̃ ye wu. Ðo ŋku edzi be amewo ate ŋu avɔ̃ na anyrawɔlawo, gake ame aɖeke melɔ̃ woƒe nya ŋutɔŋutɔ o.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nusi me wodzro le alesi amesiwo ŋu wowɔa anyra le la ate ŋu aƒo asa na fuɖenamewoe le “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukae Mawɔ le Suku Anyrawɔlawo Ŋu?,” si le míaƒe August 8, 1989, ƒe Eŋlisigbe me tata me.
b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]
“Anyrawɔwɔ ate ŋu adze egɔme tso ɖevime, gake eyia edzi vaseɖe tsitsime”
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Anyrawɔwɔ ƒomevi aɖee alɔmeɖeɖe nye