INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 5/8 axa 3
  • Amewuwu Le Mawu Ƒe Ŋkɔ me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amewuwu Le Mawu Ƒe Ŋkɔ me
  • Nyɔ!—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Blema Israel-viwo Wɔ Aʋa Geɖe, Nu Ka Tae Míawo Míewɔa Aʋa O?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ale Si Mawu Bu Aʋawɔwɔe Le Blema
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Subɔsubɔha Ka Dzie Mawu Da Asi Ðo?
    Nyɔ!—1997
  • Nya Kae Nàgblɔ na Moslemtɔ?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 5/8 axa 3

Amewuwu Le Mawu Ƒe Ŋkɔ me

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE FRANCE GBƆ

“Míewua Ame Eye Míanɔ Amewuwu Dzi Le Mawu Ƒe Ŋkɔ me”

TANYA ma tee International Herald Tribune gblɔ le be: “Nɔnɔme vɔ̃ɖi si le amewo me wotsɔna wua wo nɔewoe le Mawu ƒe ŋkɔ me xɔ aƒe ɖe ƒe alafa sia, si amesiwo kpɔa mɔ be nuwo ava nyo lɔ̃a bubu be eʋu ŋku, la me abe alesi wònɔ le ƒe alafa siwo do ŋgɔ nɛ me ene.”

Nuŋlɔla la gblɔ subɔsubɔhawo ƒe amewuwu le ƒe alafa siwo do ŋgɔ me ƒe kpɔɖeŋuwo. Azɔ esi wònɔ nu ƒom tso ame gbogbo siwo wowu le ƒe alafa 20 lia me ŋu la, eƒo eta be: “Nusi kpɔm míele la nye mɔmaɖemaɖeɖenuŋu gblẽnu si nɔ anyi le blema dziyiyi dziŋɔ aɖe. Wokpɔtɔ tsɔ mawusubɔsubɔ wɔ motsyɔnui hena dunyahehe me ŋutasẽnuwo wɔwɔ kple ame bubuwo denyigba dzi ɖuɖu.”

Ame aɖewo dzea agbagba ʋlia nya be subɔsubɔhawo ƒe aʋa siwo wowɔna egbea la sɔ esi wogblɔna be Mawu da asi ɖe blema Israel-viwo ƒe Kanaanitɔwo wuwu dzi. Gake esia menye nusi dzi amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la nanɔ te ɖo awɔ aʋa egbea o. Nukatae? Elabena Mawue de se na Israel-viwo tẽ be woahe yeƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔewo ava gbɔgbɔ vɔ̃ subɔlawo, amesiwo ƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nyɔŋu kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe, la dzi.—Mose V, 7:1-5; Kronika II, 28:3.

Nusi nye kpeɖodzi be aʋa siwo blema Israel wɔ menye aʋa tsɛ siwo wowɔna o lae nye alesi Mawu na dukɔa ɖu aʋa dzi nukutɔe zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, wobia tso blema Israel-viwo si gbeɖeka be woazã lãdzowo, zewo, kple akakatiwo—nusiwo menye aʋawɔnuwo kura o! Ɣebubuɣi la, wona hadzilawo tɔ ɖe Israel-ʋakɔ si kpe aʋa kple asrafo gbogbo aɖewo siwo tso dukɔ geɖe me va wo dzi dze ge, la ŋgɔ.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:17-22; Kronika II, 20:10-26.

Gawu la, ɣeaɖewoɣi ne Israel-viwo ƒo wo ɖokui ɖe aʋa siwo Mawu megblɔ be woawɔ o la wɔwɔ me la, meyrana wo o eye woɖua wo dzi. (Mose V, 28:15, 25; Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:11-14; Samuel I, 4:1-3, 10, 11) Eyata womate ŋu anɔ te ɖe Israel-viwo ƒe aʋawɔwɔwo dzi agblɔ be aʋa siwo wowɔna le Kristodukɔa me la sɔ o.

Le mawusubɔsubɔ ta Hindutɔwo wɔ aʋa kple Moslemtɔwo kple Sikhwo; Shiite Moslemtɔwo wɔ aʋa kple Sunni Moslemtɔwo; eye le Sri Lanka la, Buddhatɔwo kple Hindutɔwo wu wo nɔewo.

Amewuwu le Mawu ƒe ŋkɔ me ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye aʋa siwo dzɔ le France le ƒe alafa 16 lia me. Nudzɔdzɔ aɖewo siwo me wokɔ ʋu ɖi le wu ɖesiaɖe le Roma Katoliko kple Protestant hawo ƒe ŋutinya me le Europa la le aʋawɔwɔ siawo ƒe ŋutinya me. Na míalé ŋku ɖe aʋa siawo ŋu akpɔ nusi míate ŋu asrɔ̃ tso wo me ɖa.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

U.S. Army photo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe