Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukae Gblẽ le Gadidi Ŋu?
“GAE nye nu vevitɔ kekeake le xexeame nyateƒe.” Nenemae Britaintɔ fefeŋlɔla George Bernard Shaw gblɔ. Èlɔ̃ ɖe eƒe nyaa dzia? Ðewohĩ èsena le ɖokuiwò me abe ƒe 17 vi si ŋkɔe nye Tanya la ene, amesi gblɔ be: “Nyemedi be mazu kesinɔtɔ o, gake ga nanɔ asinye alesi dze ko.” Sɔhɛ si ŋkɔe nye Avian hã kpɔe be menye gae nye nu vevitɔ kekeake le xexeame o, ke be enye nusi kpena ɖe ame ŋu wokpɔa nanewo. Egblɔ be: “Nye nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ, abe nudodowo kple ʋuɖoga ene bia ga.”
Ènya be Biblia gblɔ nya ma tɔgbea? Egblɔe le Nyagblɔla 7:12 be “ga . . . doa vɔvɔli.” Wogblɔ be “amegbetɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe futɔ gã aɖee” ahedada nye. Eye ne ga le asiwò nyuie la, ate ŋu akpɔ tawò—vaseɖe afi aɖe ya teti—tso kuxi siwo ahedada hena vɛ zi geɖe la me. Ate ŋu aɖe nusiwo afɔku kpatawo agblẽ le ŋuwò dzi akpɔtɔ. Sɔhɛ si ŋkɔe nye Phyllis gblɔ be: “Biblia gblɔ be ‘azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.’ Míate ŋu anya ɣeyiɣi si me míaɖo nɔnɔme sesẽwo me gbeɖe o, eyata ehiã be míadzra ga ɖo.” (Nyagblɔla 9:11) Eye togbɔ be adze abe ga le vevie na wò fifia ene hã la, ɖewohĩ ava wɔ akpa vevi aɖe na wò le wò etsɔme.
“Amewo ƒe Ŋutilãmenudidi Vivivo”
Gake togbɔ be dzitsitsi ɖe ga si asu kpɔkpɔ ŋu sɔ eye wònyo le go aɖewo me hã la, ga va xɔ sɔhɛ aɖewo ƒe susu katã kloe. Esi wobia gbe sɔhɛ 160,000 kple edzivɔ be, “Nukae adzɔ dzi na wò wu le agbe me?” la, wo dometɔ 22 le alafa me gblɔ be, “Be mazu kesinɔtɔ.”
Mewɔ nuku o be nusi Newsweek magazine yɔ be “amewo ƒe ŋutilãmenudidi vivivo” si bɔ ɖe xexeame katã ye doa gadidi vevie ɖe ŋgɔ. Martin si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Media ŋutilãmenuwo ŋutɔ eye medina be adzɔnu xɔŋkɔwo nanɔ asinye. Mexɔe se vevie be fe si nàxe ƒe nue nàkpɔ. Eyata mezãa ga geɖe ɖe nusiwo dim mele ŋu.” Menye Martin koe nye sɔhɛ si ‘zãa ga geɖe’ o. U.S.News & World Report ka nya ta be: “Le ƒe si va yi me la, sɔhɛ siwo xɔ ƒe 12 vaseɖe 19 [le United States] ƒle nu wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe, eye wozã dɔlar biliɔn 109 le nuƒeƒle me, si nye dzidziɖedzi 38 le alafa me ɖe ƒe 1990 me tɔ dzi.”
Gake afikae sɔhɛwo kpɔa ga tsonɛ tsɔ ƒlea nudodo yeyewo, compact disc, kple kɔmpiuta-mɔ̃ mawo katã? U.S.News & World Report gblɔ be: “Ɣeyiɣi kpui ƒe dɔ le sɔhɛ siwo xɔ ƒe 16 vaseɖe 19 ƒe afã katã si wowɔna.” Ne sɔhɛ da sɔ le dɔ si wòwɔna le kpakpã le suku megbe me la, ate ŋu aɖe vi, si ƒe ɖee nye be afia agbanɔamedzi tsɔtsɔ eyama. Gake edze ƒã be sɔhɛ aɖewo wɔa nu wògbɔa eme le go sia me. Newsweek magazine gblɔ be: “Susuŋutinunyalawo kple nufialawo kpɔa alesi nu tena ɖe sukuvi [dɔwɔlawo] dzii. Womekpɔa vovo ɖe dɔ si wode wo si le suku be woawɔ le aƒeme ŋu o, eye nufialawo kpɔnɛ ɣesiaɣi be sukuvi siwo ŋu ɖeɖi te siwo nɔa agbagba dzem be yewoanɔ ŋu la ƒe dodokpɔdzesidewo ɖiɖina nublanuitɔe zi geɖe.”
Togbɔ be ele nenema hã la, ƒã hafi sɔhɛwo lɔ̃na ɖea asi le woƒe gakpɔmɔnuwo ŋu. Sɔhɛ si ŋkɔe nye Vanessa gblɔ be: “Sukudede le vevie, gake nenema ke nye ga hã. Ga menɔa sukudɔ si woawɔ le aƒeme me o.” Aleke gbegbee gakpɔkpɔ le vevie na wòe? Ðe ekpɔkpɔ fũ nye wò taɖodzinu vevitɔ le agbe mea?
‘Didi be Woazu Kesinɔtɔ’
Biblia ɖo biabia siawo tututu ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.
Edze ƒã be Paulo nya nusi ŋu wònɔ nu ƒom tsoe. Enɔ subɔsubɔhakplɔla siwo woyɔ be “farisitɔwo,” amesiwo Biblia gblɔ be wonye “galɔ̃lawo” la dome hafi va zu Kristotɔ. (Luka 16:14) Togbɔ be ele nenema hã la, apostoloa megblɔ be menyo be woadi ga o. Ke boŋ exlɔ̃ nu amesiwo “dina be, yewoazu kesinɔtɔwo” alo abe alesi gɔmeɖeɖe bubu gblɔe ene la, amesiwo “tsɔa woƒe dzi ɖoa kesinɔnuwo kpɔkpɔ ŋu.” (Phillips) Gake nukae gblẽ le nu ma ŋu nenema gbegbe?
Paulo ɖe eme be amesiawo ‘gena ɖe tetekpɔ kple mɔ̃tetre me.’ Lododowo 28:20 gblɔ nya sia tɔgbe esi wògblɔ be: “Amesi tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, womagbe tohehe nɛ o.” Esi sɔhɛ aɖewo bu be ga mesɔ gbɔ ɖe yewo si o ta la, wofia fi.
Enye nyateƒe be fififi mevaa susu me na sɔhɛ akpa gãtɔ ya o. Gake ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo ƒoa wo ɖokui ɖe nuwɔna aɖewo siwo hã nye afɔku nenema ke la me. Christianity Today ka nya ta be: “Eŋutinunyala aɖewo xɔe se be tsatsadada vivivo va zu nusi mãa sɔhɛwo kabakaba wu.” Le United States nuto aɖe me la, “ƒewuiviwo dometɔ 90 le alafa me ƒlea lototikiti siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo na wo o hafi woɖoa suku kɔkɔ ƒe ƒe mamlɛ me.” Sɔhɛ aɖewo toa mɔ siwo dzi afɔku le wu gɔ̃ hã dzi. Matthew si xɔ ƒe 16 la gblɔ be: “Dɔ nyuiwo kpɔkpɔ sesẽ. Eyata nanewo ƒe asitsatsa kple nudzadzra mee mekpɔa nye ga akpa gãtɔ tsonɛ. . . . [Tsã la,] medzraa [atike vɔ̃ɖiwo] ɣeaɖewoɣi.”
‘Tsɔtsrɔ̃ me Yiyi’
Nyateƒe wònye be ga ƒe amesinɔnɔ naa ame kpɔnɛ be yevo. Gake abe alesi Paulo ɖe emee ene la, ga yome nɔnɔ ate ŋu awɔ ame kluvi na “movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me” mlɔeba. Ẽ, ne galɔlɔ̃ xɔ aƒe ɖe mewò ko la, ate ŋu ana ŋubiabiã, ŋuʋaʋã vɔ̃ɖi, kple dzodzro gbegblẽ bubuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò. (Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 3:5.) Nyati aɖe si le Teen magazine me gblɔ be sɔhɛ bubuwo ƒe ʋuwo kple nudodowo te ŋu biãa ŋu na ƒewuivi aɖewo ale gbegbe be “wotɔtɔna.” Nyatia gblɔ kpe ɖe eŋu be, ɣeaɖewoɣi la, ŋuʋaʋã sia “nu sẽna va zua fuléle ame ɖokui, eye ƒewuivia megate ŋu bua nu bubu aɖeke ŋu wu nusi mele esi o ko ŋu bubu.”
Eyata de dzesii be menye ɖe kesinɔnuwo didi ate ŋu ana ame ‘nage ɖe tetekpɔ me’ ko o ke ate ŋu ahe ame ‘ade gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me’ hã. Biblia me nyawo me ɖela Albert Barnes gblɔ be: “Ele abe ʋu ƒe gbagbã ene, esime tɔdziʋu kple nusiwo katã le eme nyrɔna zi ɖeka. Nusianu tsrɔ̃na keŋkeŋ. Dzidzɔkpɔkpɔ, nyuiwɔwɔ, ŋkɔ nyui, kple agbea dome gblẽna keŋkeŋ.”—Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 1:19.
Eyata esɔ be Paulo gblɔ be “nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃” si xɔa susu katã na ame. Ena ame geɖe “[tra] mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.” Le kpɔɖeŋu me, bu sɔhɛ aɖe si míayɔ be Rory ŋu kpɔ. Edze tsatsadada gɔme esime wòxɔ ƒe 12. Eɖo ŋku edzi be: “Enye mɔ si dzi metona kpɔa ga dɔ aɖeke mawɔmawɔe.” Eteƒe medidi o enyi fe dɔlar alafa geɖe eye megabua xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, kple sukudɔ ɖe naneke me o. Egblɔ be: “Mete kpɔ be madzudzɔ,” gake edo kpo nu zi geɖe. Eyi edzi ‘tsɔ nuxaxa geɖe nɔ eɖokui ŋɔm flofloflo’ vaseɖe esime wòdi kpekpeɖeŋu esime wòxɔ ƒe 19. Eyata menye nume vivim nuŋlɔla Douglas Kennedy nɔ le eƒe agbalẽ si nye Chasing Mammon me esime wòyɔ ga yome nɔnɔ be enye “nusi gblẽa nu le susu ŋu” o.
Alesi Nàda Asɔ
Eyata aɖaŋu si Salomo ɖo la sɔ fifia abe alesi wòsɔ le ƒe alafa geɖe siwo va yi me ene be: “Meganɔ kutri kum, be nakpɔ ho o; dzudzɔ wò tameɖoɖo sia! Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.” (Lododowo 23:4, 5) Ɣeyiɣi kpui aɖe koe ŋutilã me kesinɔnuwo nɔa anyi, eyata enye bometsitsi be nàna kesinɔnuwo yometiti nanye wò agbe me taɖodzinu vevitɔ. Kristotɔ sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Maureen gblɔ be: “Nyemedi be manyrɔ ɖokuinye ɖe ŋutilãmetaɖodzinuwo minyãminyã me fũ o.” Egblɔ be: “Menya nyuie be ne meƒo ɖokuinye ɖe gadidi me la, agblẽ nu le nye gbɔgbɔmemenyenye ŋu.”
Enye nyateƒe be nu vevi aɖee ga nye. Eye ne èkpɔ ga si asu la, ana nàte ŋu akpɔ wò ŋutɔ wò nuhiahiãwo gbɔ—eye àte ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu le ŋutilã me gome ɣeaɖewoɣi. (Efesotɔwo 4:28) Srɔ̃ alesi nàdo vevie dɔwɔwɔ ale be nàte ŋu akpɔ ga to anukwareɖiɖimɔ nu. Azɔ hã srɔ̃ alesi nàdzra ga ɖo, nàwɔ gaŋutiɖoɖo, eye nàzã wò ga le nunya me. Gake mègana ga nazu wò nu vevitɔ le agbe me gbeɖe o. Dze agbagba nàna nukpɔsusu si da sɔ si amesi ŋlɔ Lododowo 30:8 ɖe gblɔ la nanɔ asiwò, amesi do gbe ɖa be: “Megana ahedada kple hotsuim o.” Ne ètsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo ŋgɔgbe la, kesinɔnu nyuitɔ kekeake ate ŋu asu asiwò. Lododowo 10:22 gblɔ be, “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.”
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Sɔhɛ geɖe dia ga ale be woate ŋu asɔ ta kple wo hatiwo