Kpekpeɖeŋu na Afɔvee
“NYE afɔwo le wu ye ge lo!” Edze ƒã be ami wònye woɖe ɖe nya ma. Gake afɔvee nye ŋkubiãnya le United States ale gbegbe be ate ŋu awɔe be afɔdɔdala akpe geɖe nanɔ woƒe dɔwɔɖui dzi.
Esi Ðk. Michael Coughlin si nye ƒugɔglɔ̃dzɔla gbugbɔ lé ŋku ɖe afɔkokodɔ 2,000 siwo wòwɔ le ƒe 14 me ŋu la, ede dzesi nu dovoɖiname aɖe. Egblɔ be: “Ewɔ moyaa nam ŋutɔ be nyɔnuwoe mewɔ dɔ siawo katã kloe na.” Nukata afɔdɔwo lɔ̃a nyɔnuwo koŋ ŋu nɔnɔ wu?
Afɔkpa si Sɔ, esi Le Tsia Dzi, Kple Afɔ
Numekuku si wowɔ le nyɔnu 356 ŋu fia be wo dometɔ 9 kloe le 10 me doa afɔkpa siwo, le mamã dedie nu la, wole sue kura wu woƒe afɔ! Kuxia ƒe akpa ɖe tso alesi wowɔa nyɔnuwo ƒe afɔkpawoe gbɔ. Francesca Thompson si nye ƒugɔglɔ̃dzɔla gblɔ be: “Afɔkpawɔlawo megazãa gafɔe si wɔa dɔ ƒokpli eve be wònana afɔkpodzi gbɔ nɔna sue eye afɔbaya nɔƒe kekena o.”a
Eyata nyɔnu geɖe kpɔe be ne yewole afɔkpawo dom kpɔ la, ne afɔdɔnu sɔ yewo nyuie la, ke afɔkpodzia gbɔ ya gblona; ke ne afɔkpodzia gbɔ hã nyo la, ekema afɔdɔnu hã miãna. Nyɔnu bubuwo tiaa esi ƒe afɔkpodzi gbɔ sɔ na wo gake eƒe afɔdɔnu miã, elabena ne afɔkpodzia gbɔ keke la afɔkpa anɔ ɖeɖem ne wole zɔzɔm.
Edze abe afɔ tatra ɖe afɔkpa si ƒe nugbɔ miã me la menyo kura o ene. Evɔ afɔkpawɔlawo gawɔa afɔkpa ƒe zɔ wòkɔkɔna ɖe edzi. Togbɔ be wobui be zɔ kɔkɔ ye le tsia dzi hã la, ewɔnɛ be agba bliboa va nɔa afɔbidɛwo te, eye etutua afɔa dona ɖe afɔkpaa ƒe nugbɔ si miã akpa xoxo me. Ðk. David Garrett si nye afɔdɔdala gblɔ be: “Afɔkpa zɔ kɔkɔ aɖeke meli woagblɔ be enyo na lãmesẽ o.” Ame aɖewo gblɔ be vivivi la, afɔkpa si ƒe zɔ kɔkɔ la ava gblẽ edola ƒe afɔwo, afɔkɔewo, sobowo, klowo, kple dzime. Woate ŋu ana afɔ ƒe ŋusẽkawo kple ƒuxlɔ̃ewo nava nɔ kpuie, si na wònɔa bɔbɔe be vevietɔ duƒulawo xɔa abi vevie.
Nyɔnu ƒe afɔ mete ŋu trɔna ɖe fu siwo wòkpena ŋu o. Le nyateƒe me ne ƒewo va le yiyim la, afɔbaya gakekena ɖe edzi—ne wotsi ɖo nyɔnu me gɔ̃ hã. Gake afɔkpodzi ya mekekena o. Ðk. Thompson gblɔ be: “Ƒu ɖeka koe le afɔkpodzi me, eye alesi wònɔ sue esime woxɔ ƒe 14 la, nenemae wòganɔna ne wotsi xɔ ƒe 84 hã.” Esiatae wògasesẽna na nyɔnu be wòakpɔ afɔkpa si asɔe tso afɔkpodzi va ɖo afɔbidɛ nu.
Nuƒeƒleɖaŋuwo
Esi nyɔnuwo ƒe afɔkpawo ƒe lolome kple wɔwɔme va zu kuxi na wo ta la, aleke woawɔ axe mɔ ɖe afɔvee nu? Woate ŋu akpɔ egbɔ tso afɔkpadzraƒe. Aɖaŋu siwo eŋutinunyala aɖewo ɖoe nye esiwo gbɔna:
● Yi afɔkpaƒleƒe le ɣetrɔ me, esime wò afɔwo ho vie.
● Do afɔ evea siaa kpɔ—menye ɖeka ko o.
● Kpɔ egbɔ be afɔkpodzia gbɔ sɔ ye nyuie eye be afɔkpaa ƒe nugbɔ ƒe didime, kekeme, kple kɔkɔme nyo.
● Nyae be anyigbakuntru titri ate ŋu anɔ fiasea me, si awɔe be afɔkpa si mesɔ wò o awɔ na wò le afima be ɖe wònyo ene.
● Mègaƒle afɔkpa siwo wotsɔ ayi sesẽ kpatsa alo ayi tsakatsaka wɔe o. Ne èle zɔzɔm la, ayi mawo tɔgbe me mehena abe ayi bɔbɔe alo esi dzi le kedzekedze ene o.
● Ne èƒle afɔkpa siwo ƒe zɔ kɔkɔ la, dze agbagba nàtsɔ ayi aɖo ɖe eme be eme nabɔbɔ. Tee kpɔ be màgado zɔ kɔkɔwo ɣeawokatãɣi o, ke nàdo esiwo le kpuie le ŋkekea me katã ɣeaɖewoɣi.
Tsɔ kpe ɖe aɖaŋu siwo le etame ŋu la, ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be ele be nàvo le afɔkpa me nyuie le eƒleɣi. Wò afɔ mava sɔ eme ɣeaɖekeɣi abe alesi ame geɖe susunɛ ene o. Ðk. Coughlin xlɔ̃ nu be: “Mègana nudzrala la nable nuwò gbeɖegbeɖe be afɔkpa si le afɔ vem na wò la ava ka ɖe eme ne wò afɔ va sɔ eme o. Wò afɔ koe ava xɔ abi.”
Ke ne afɔkpa siwo ƒe nugbɔ miã eye woƒe afɔkpodzigbɔ gblo alo esiwo ƒe nugbɔ gblo eye woƒe afɔkpodzigbɔ miã ye nyo ŋuwò ya ɖe? Ðk. Annu Goel si nye afɔdɔdala gblɔ be nàbu nusi anya ɖɔ ɖo kaba wu la ŋu. Egblɔ be: “Nusia wɔwɔ ƒe mɔnu evee li. Gbã la, àte ŋu aƒle afɔkpa siwo ƒe nugbɔ keke ale be nàde nuwo eme be wòalé afɔkpodzi na wò nyuie. . . . Mɔnu eveliae nye be nàƒle afɔkpa si ƒe afɔkpodzigbɔ sɔ wò nyuie eye nàna woagblo eƒe nugbɔ me na wò. Gake zi geɖe la, esia nya wɔna ne ayi ye wotsɔ wɔ afɔkpaawoe.”
Esi wobu akɔnta be nyɔnu geɖe zɔa azɔ̃li wòdea kilometa 15 gbesiagbe ta la, anyo be woalé ŋku ɖe woƒe afɔkpawo ŋu. Abe alesi American Health magazine gblɔe ene la, “ne ède bubu geɖe afɔ ŋu—vevietɔ ne èdoa afɔkpa si sɔ wò—la, àte ŋu axe mɔ na afɔdɔ geɖe.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a “Gafɔe” nye nane si wowɔ ɖe afɔ ƒe nɔnɔme nu si ŋu wowɔa afɔkpa ɖo.
[Aɖaka si le axa 28]
Afɔdɔ Ene Siwo Bɔ
Degblefetsuŋukɔ. Degblefetsuŋukɔ nye kɔ si tona ɖe degblefetsu ƒe kpeƒe. Ne menye nusi wodzɔ kplii o la, degblefetsuŋukɔ ate ŋu atso afɔkpa mamiɛ alo esi ƒe zɔ kɔkɔ dodo gbɔ. Dzoxɔxɔ alo tsikpe tsɔtsɔ ɖoe ate ŋu ana vevea nu nafa vie, gake ehiã be woakoe hafi ate ŋu aɖe kɔa ɖa keŋkeŋ.
Agblɔfɔkui. Afɔkpa siwo nana afɔbaya miãna kpikpikpi la te ŋu nana afɔbidɛwo glɔ̃na yia anyime. Ðewohĩ ɖeko woakoe hafi ate ŋu adzɔe.
Afɔbidɛtokɔ. Afɔkpa siwo le lɛɛ akpa siwo miãa afɔkuiawo eye wolilia afɔkpa me lae nana afɔbidɛwo toa kɔ ɣeaɖewoɣi. Egbɔkpɔkpɔ le aƒeme ate ŋu ana gbɔdzɔe vie, gake zi geɖe ahiã be woako afɔkui tokɔ siwo lilia afɔkpa me bene woaɖo woƒe nɔnɔ.
Akpadede. Ayi titriwo dea akpa ɖe afɔ xa ale be womegasea veve ne afɔa le afɔkpa me lilim o. Afɔ dede tsi veve si me wode dze ƒomevi si nye Epsom salts me ate ŋu ana wòabɔbɔ. Gake mègate kpɔ be yeakpae ɖa o, elabena ate ŋu ade dɔ afɔa ŋu.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]
The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck