Wò Lãmesẽ Ta Kpɔkpɔ ƒe Mɔnu Ade
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ
NYATAKAKA si tso Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ (WHO) gbɔ ɖee fia be amesiwo le dukɔ madeŋgɔwo me ƒe akpa 25 le alafa me mete ŋu kpɔa tsi nyui o. Wo me mamã 66 le alafa me—si nye ame biliɔn 2.5 ya teti—ƒe nɔƒewo mele dzadzɛ o. Esia he dɔléle kple ku vɛ na wo dometɔ geɖe.
Esesẽna be woana ame ɖokui gbɔ nanɔ dzadzɛ le nɔnɔme siawo tɔgbe me. Ke hã ne èna gbɔwò nɔa dzadzɛ ɣesiaɣi la, akpɔ tawò tso dɔléle geɖe si me. Afɔɖeɖe ade aɖewoe nye si siwo nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea ta tso dɔlékui siwo ate ŋu age ɖe mewò eye woana wò lãme nagblẽ la si me.
1. Tsɔ adzalẽ kple tsi klɔ wò asiwo ne èwɔ afɔdzi ŋudɔ vɔ kple do ŋgɔ na asi kaka nuɖuɖu ŋu.
Mɔ vevi aɖe si dzi nàto axe mɔ ɖe dɔléle nue nye be nàkpɔ egbɔ be adzalẽ kple tsi li ɣesiaɣi be wò ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nate ŋu aklɔ asi. Adzalẽ kple tsi te ŋu ɖea dɔlékuiwo ɖa le asi ŋu—dɔlékui siwo ate ŋu age ɖe nuɖuɖu alo wò nu me hafi. Esi ɖeviwo lɔ̃a asi dede nu me ta la, ele vevie be nàklɔ woƒe asiwo edziedzi, vevietɔ hafi nàna nuɖuɖu wo.
Ele vevie ŋutɔ be nàtsɔ adzalẽ aklɔ wò asiwò ne ède afɔdzi vɔ, hafi nàka asi nuɖuɖu ŋu, eye ne ètutu meƒi me na ɖevi si de afɔdzi vɔ teti ko.
2. Zã afɔdzido.
Be míaxe mɔ ɖe dɔlékuiwo ƒe kaka nu la, ele vevie be míade afɔdzi ɖe afisi sɔ. Dɔlékui siwo le amegbetɔ ƒe afɔdzi me gbɔe dɔléle geɖe tsona, vevietɔ mĩtsinyenye me. Dɔlékui siawo ate ŋu age ɖe tsinono alo nuɖuɖu me, woanɔ míaƒe asiwo ŋu, alo woanɔ nuɖanuwo kple afisi míeɖaa nu le alo míeɖoa kplɔ̃ ɖo. Ne edzɔ nenema la, amewo ate ŋu ami dɔlékui siawo eye woadze dɔ.
Nusi akpe ɖe ŋuwò be esia nagadzɔ o enye be nàde afɔdzi ɖe afɔdzido me. Ele be mialɔ lãmĩwo ɖa tso aƒewo me kple le tsikuƒewo. Ðewohĩ awɔ nuku na wò be nànya be afɔku le afɔdzi si vidzĩwo kple ɖevi suewo dena ŋu wu ame tsitsiwo tɔ. Eyata ele be woafia ɖevi suewo gɔ̃ hã be woade afɔdzi ɖe afɔdzido me. Ne ɖeviwo de afɔdzi ɖe teƒe aɖe la, ele be woalɔe enumake akɔ ɖe afɔdzidoa me alo woaɖii ɖe tome.
Ele be woana afɔdzidowo nanɔ dzadzɛ eye woatsyɔ nu wo dzi.
3. Miwɔ tsi nyui ŋudɔ.
Ƒome siwo si tsi nyui geɖe si tsoa pɔmpi me le la me tɔwo medzea dɔ kabakaba abe esiwo si mele o ene o. Amesiwo mekpɔa pɔmpi me tsi o ate ŋu akpɔ woƒe lãmesẽ ta ne wotsyɔ nu woƒe vudowo dzi eye ne woɖe tsi ƒoɖiwo ɖa tso tsi nyui si wonona, wolena, alo wotsɔ klɔa nu mee gbɔ. Ele vevie hã be miagana lãwo nanɔ tsatsam le aƒea me o eye womegate ɖe tsinono ŋu o.
Mɔ bubu si dzi miato akpɔ mia ɖokui ta tso dɔléle si mee nye be miana tɔkpowo, kawo, kple tsikunu kpakple nusiwo me miekunɛ ɖo nanɔ dzadzɛ alesi miate ŋui. Le kpɔɖeŋu me, anyo wu be miatsɔ tɔkpo aku ɖe nu ŋu le yame tsɔ wu be miaɖe asi le eŋu ɖe anyigba.
Ele be miana tsinono si le aƒeme nanɔ dzadzɛ, wòanɔ tsigo si nu wotu nu ɖo me. Mizã tsikunu alo kplu dzadzɛ tsɔ ku tsi tso go ma me. Migaɖe mɔ amewo nade asi tsinonoa me alo akpe tsigoa ɖe nu o.
4. Ne menye pɔmpi si le dedie mee tsia tso o la, ke miɖae.
Zi geɖe la, pɔmpi mee tsinono nyuitɔ kekeake tsona. Anɔ eme godoo be dɔlékuiwo le tsi si wokpɔna tsoa teƒe bubu me, togbɔ be adze tsi dzadzɛ hã.
Ne woɖa tsi la, ewua dɔlékuiwo. Eyata ne mieku tsi tso tsixaxawo, tɔsisiwo, alo tsi dzraɖoƒewo la, anyo ŋutɔ be miaɖae eye miana wòafa hafi mianoe. Tsinono si me dɔlékuiwo mele o hiã, vevietɔ na vidzĩwo kple ɖevi suewo, elabena womete ŋu nɔa te ɖe dɔlékuiwo nu abe ame tsitsiwo ene o.
Ne manya wɔ be nàɖa tsinono o la, ke dee aŋego alo atukpa si me woate ŋu akpɔ nu toe si nu nutunu le me. Azɔ tsɔ goa da ɖe ŋdɔ nu ŋkeke eve hafi azã tsia.
5. Na wò nuɖuɖu nanɔ dzadzɛ.
Ele be miaklɔ nuɖuɖu si womaɖa hafi aɖu o la nyuie. Ele be woaɖa nu bubuwo woabi nyuie, vevietɔ lã kple aƒemexewo.
Anyo wu be miaɖu nu le eɖaɖa vɔ megbe teti; esia awɔe be maya o. Ne ele be miatsɔ nuɖuɖu ada ɖi wòawu gaƒoƒo atɔ̃ la, ke ele be miana wòanɔ dzodzoe alo miadee nufamɔ̃ me. Miɖoe dzo dzi wòaxɔ dzo nyuie hafi miaɖui.
Zi geɖe la, dɔlékuiwo nɔa lã mumu ŋu, eyata ele be miana wòagaka nuɖuɖu si woɖa xoxo ŋu o. Ne miewɔ dɔ tso lã mumu ŋu vɔ la, miklɔ nusiwo miezã kple dzodoƒea ƒe akpa ɖesiaɖe si wòhlẽ ɖo.
Ele be nusiwo dzi wotrɔa asi le nuɖuɖu ŋu le dzi nanɔ dzadzɛ ɣesiaɣi. Ele be miatsyɔ nu nuɖuɖu dzi eye nudzodzoewo, alegeliwo, afiwo, kple lã bubuwo nagate ɖe wo ŋu o.
6. Mitɔ dzo aƒemegbeɖuɖɔwo alo miɖi wo ɖe tome.
Nudzodzoe siwo kakaa dɔlékuiwo lɔ̃a azi ɖɔɖɔ ɖe nuɖuɖu ƒe gbeɖuɖɔwo me. Eyata mele be miakɔ aƒemegbeɖuɖɔwo ɖe anyigba o. Ele be miaɖii ɖe tome gbesiagbe, miatɔ dzoe, alo miagblẽ edome to mɔ bubu aɖe dzi.
Ne èwɔ mɔfiame siawo ŋudɔ la, àte ŋu awɔ akpa aɖe le wò ŋutɔ kple wò ƒomea ta kpɔkpɔ tso mĩtsinyenye, mĩŋɔŋɔ kple xeɖeɖe, asrã sesẽ, vɔkluiwo, nuɖuɖu me dɔlekui, kple dɔléle bubu geɖe si me.
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Etsoƒe: Facts for Life si United Nations Children’s Fund, United Nations Scientific, Educational, and Cultural Organization, kple WHO wowɔ ɖeka ta.